Wowɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu
Woɖo Hiob ƒe Nuteƒewɔwɔ Teƒe Nɛ
HIOB nye amesi ame ƒe nu wɔa nublanui na, enye ahosiwo, tsyɔ̃eviwo, kpakple ame dahewo taʋlila. (Hiob 29:12-17; 31:16-21) Ke dzɔgbevɔ̃e va dzɔ ɖe edzi kpata eye wòbu eƒe kesinɔnuwo, viawo ku, eye wòdze dɔ vɔ̃ɖi aɖe. Nublanuitɔe la, esi nya dzɔ ɖe ame nyui sia si nye amesiwo dzi nu te ɖo ƒe xɔnametɔ dzi la, ame aɖeke mekpe ɖe eya ŋu o. Srɔ̃a ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ nɛ be ‘wòaƒo fi ade Mawu ne wòaku!’ Eye “exɔlɔ̃” siwo nye Elifaz, Bildad, kple Zofar mefa akɔ aɖeke nɛ o. Ðe wosi ahama na Hiob boŋ be nuvɔ̃e wòwɔ eye eyata fu si kpem wòle la dze nɛ.—Hiob 2:9; 4:7, 8; 8:5, 6; 11:13-15.
Togbɔ be Hiob kpe fu ale gbegbe hã la, elé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Le esia ta Yehowa va kpɔ nublanui na Hiob mlɔeba eye wòyrae. Alesi wòwɔ nuteƒee ƒe ŋutinya na kakaɖedzi Mawu subɔla siwo katã léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi be woaɖo eteƒe na woawo hã le ɣeyiɣi si sɔ me.
Eŋukɔkɔ Kple Eɖoɖote Ake
Gbã, Yehowa ka ŋkume na Elifaz, Bildad, kple Zofar. Egblɔ na Elifaz, si edze abe eyae nye tsitsia be: “Nye dɔmedzoe bi ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu, elabena mieƒo nu nyui aɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o. Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta.” (Hiob 42:7, 8) Bu nusi nusia wɔwɔ fia ŋu kpɔ!
Yehowa bia tso Elifaz, Bildad, kple Zofar si be woasa vɔ gã aɖe, ɖewohĩ be yeana woakpɔ alesi nuvɔ̃ si wowɔ la loloe. Le nyateƒe me la, wonyae alo womenyae o, wogblɔ busunya ɖe Mawu ŋu esi wogblɔ be ‘mexɔa esubɔlawo dzi sena o’ eye be Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ alo nuteƒemawɔmawɔ mele vevie nɛ o. Elifaz ya gblɔ gɔ̃ hã be ɖeko Hiob le abe agbagblaʋui ene le Mawu ŋkume! (Hiob 4:18, 19; 22:2, 3) Eyata mewɔ nuku o be Yehowa gblɔ be: “Mieƒo nu nyui aɖeke le ŋunye . . . o”!
Gake mese ɖe afima o. Elifaz, Bildad, kple Zofar wɔ nuvɔ̃ ɖe Hiob ŋutɔ hã ŋu esi wogblɔ nɛ be eya ŋutɔ ƒe nuwɔnawoe na wòle fua kpem. Woƒe nutsotso dzodzroawo kple vevemasemaseɖeamenu la do nuxaxa na Hiob wòlé blanui, wògblɔ be: “Ɣekaɣi mianɔ nuxaxa dom na nye luʋɔ, eye miatsɔ nyawo agbãm nyanyanya ase ɖo?” (Hiob 10:1; 19:2) Kpɔ alesi ŋu akpe ŋutsu etɔ̃ siawo azɔ esi wòle be woawo boŋ ƒe nuvɔ̃vɔsa nayi na Hiob ɖa!
Gake mele be Hiob nakpɔ dzidzɔ ɖe ŋukpe si woɖu ta o. Le nyateƒe me, Yehowa bia be wòado gbe ɖa ɖe amesiwo bu fɔe la ta. Hiob wɔe abe alesi wogblɔ nɛ ene tututu, eye woyrae ɖe nusia wɔwɔ ta. Gbã la, Yehowa da dɔ vɔ̃ɖi si wòdze la nɛ. Emegbe Hiob nɔviŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo kple amesiwo nye eƒe ame nyanyɛwo tsã va fa akɔ nɛ, “eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.”a Tsɔ kpe ɖe eŋu la, “alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ [Hiob si].”b Eye edze ƒã be Hiob srɔ̃ gava wɔ ɖeka kplii. Esi ɣeyiɣiawo nɔ yiyim la, woyra Hiob wòdzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃ eye wònɔ agbe kpɔ eƒe tɔgbuiyɔviwo ƒe dzidzimevi ene sɔŋ.—Hiob 42:10-17.
Nufiame Siwo Le Eme na Mí
Hiob ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu subɔla siwo li egbea. Enye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe,” amesi wònye dada na Yehowa be wòayɔ be “nye dɔla.” (Hiob 1:8; 42:7, 8) Gake esia mefia be Hiob de blibo o. Le eƒe fukpekpeawo dometɔ aɖe me la, ebui vodadatɔe be Mawu gbɔe yeƒe dzɔgbevɔ̃ea tso. Ehe nya ɖe alesi Mawu wɔa nu ɖe amegbetɔ ŋui gɔ̃ hã ŋu. (Hiob 27:2; 30:20, 21) Eye ekafu eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe esi wòakafu Mawu tɔ teƒe. (Hiob 32:2) Gake Hiob gbe be yemagbe nu le Wɔla la gbɔ o, eye esi Mawu ɖɔe ɖo la, exɔe ɖokuibɔbɔtɔe. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o, . . . megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.”—Hiob 42:3, 6.
Ne míele fu kpem la, míawo hã míate ŋu asusu nusi mesɔ o, alo agblɔ nya alo awɔ nu dadawo. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:7.) Gake ne míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu de to la, míadze aglã ɖe eŋu alo wòave mí le esi wòɖe mɔ míele fu kpem ta o. Míalé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi boŋ si ana míava xɔ yayra gbogbo mlɔeba. Hakpala la gblɔ le Yehowa ŋu be: ‘Àwɔ nu le nuteƒewɔwɔ me ɖe nuteƒewɔla ŋu.’—Psalmo 18:26.
Hafi Yehowa nana Hiob ƒe lãme nasẽ la, ebia tso esi be wòado gbe ɖa ɖe amesiwo dze agɔ le edzi ta. Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na mí! Yehowa bia be míatsɔ ake amesiwo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu hafi woatsɔ mía ŋutɔwo míaƒe nuvɔ̃wo ake mí. (Mateo 6:12; Efesotɔwo 4:32) Ne míegbe be míatsɔ ake ame bubuwo o esime wòsɔ be míatsɔ ake wo hafi la, ɖe wòasɔ be míakpɔ mɔ be Yehowa nakpɔ nublanui na mía?—Mateo 18:21-35.
Mí katã míetoa fukpekpewo me ɣeaɖewoɣi. (Timoteo II, 3:12) Gake abe Hiob ene la, míate ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Ne míewɔe alea la, míaxɔ teƒeɖoɖo geɖe. Yakobo ŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, míeyɔa amesiwo doa dzi keŋ la be yayratɔwo. Miese Hiob ƒe dzidodo, eye miekpɔ [teƒeɖoɖo si Yehowa na emegbe la bena Yehowa] yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.”—Yakobo 5:11.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Womenya ga home si “kesita” (Hebrigbe, qesi·tahʹ) nye o. Gake le Yakob ŋɔli la, wotsɔ “kesita alafa ɖeka” ƒle anyigba gã aɖee. (Yosua 24:32) Eyata “kesita ɖekaɖeka” si amesiame si va srãnɛ kpɔ nanɛ la anye ga home gbogbo aɖe.
b Anye be tedziawo ƒe dzidzi tae woɖe ŋkɔ na wo be wonye tedzinɔwo ɖo.