INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 5/15 axa 3
  • Fia Aɖe Si Si Kesinɔnu Kple Nunya Nɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Aɖe Si Si Kesinɔnu Kple Nunya Nɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Kesinɔnuwo Ate Ŋu Ana Dzi Nadzɔ Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðe Woyɔ Fia Salomo ƒe Kesinɔnuwo Wògbɔ Emea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Wònye Kpɔɖeŋu Nyui Nàsrɔ̃a, Alo Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋue?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nudzedziname Vavãtɔ le Mawu ƒe Xexe Yeyea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 5/15 axa 3

Fia Aɖe Si Si Kesinɔnu Kple Nunya Nɔ

Èsusu be kesinɔnu ana dzi nadzɔ wòa? Dzi madzɔ wò ne ame aɖe na ga gbogbo aɖe wò oa? Ðewohĩ dzi adzɔ wò. Anye be àdi mɔ siwo dzi nàzãe atoe.

ENYE nyateƒe be nu geɖewo li si woatsɔ ga aƒle si awɔe be agbe nabɔbɔ ahavivi wu. Ga agate ŋu anye ‘ametakpɔnu’ le kuxi siwo womele mɔ kpɔm na o, abe dɔléle alo dɔmakpɔwɔe ene, me hã.—Nyagblɔla 7:12.

Gake ƒomedodo kae le ga kple dzidzɔkpɔkpɔ dome? Ðe nèbunɛ abe alesi ame geɖewo susunɛ ene be kesinɔnue naa wokpɔa dzidzɔa? Nyabiabia siawo ŋuɖoɖo asesẽ elabena ele bɔbɔe be woada ga ƒe home alo axlẽe, gake womate ŋu ada dzidzɔkpɔkpɔ ya akpɔ alo axlẽe o. Màte ŋu ada dzidzɔkpɔkpɔ ɖe nudanu dzi adae kpɔ o.

Gakpe ɖe eŋu hã la, edze abe ɖe dzi dzɔa gatɔ aɖewo, gake bubuwo ya ƒe agbe wɔ nublanui ene. Nenemae wòle le hiãtɔwo hã gome. Ke hã ame akpa gãtɔ—amesiwo nye kesinɔtɔwo xoxo kura gɔ̃ hã—bunɛ be ne yewokpɔ ga geɖe kpee la, dzi adzɔ yewo.

Ame aɖe si ŋlɔ nu tso nya mawo tɔgbe ŋue nye blema Israel Fia Salomo. Kesinɔtɔ gã siwo nɔ anyigba dzi kpɔ la dometɔ ɖekae wònye. Àte ŋu axlẽ alesi woƒo nu tso eƒe kesinɔnu gbogboawo ŋui le Biblia ƒe agbalẽ si nye Fiawo ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe ta ewolia me. Le kpɔɖeŋu me, de dzesii be kpukpui 14 lia gblɔ be: “Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade.” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Agbɔsɔsɔme ma de tɔn 25. Sika gbogbo ma ƒe home awu United States dɔlar 200,000,000, egbea!

Gake menye kesinɔtɔ koe Salomo nye o; Mawu tsɔ nunya hã yrae. Biblia gblɔ be: “Salomo ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome. Eye xexeame katã di Salomo ƒe ŋku me, be yeakpɔ, eye yease eƒe nunya, si Mawu de dzi me nɛ la.” (Fiawo I, 10:23, 24) Esi wònye be Salomo ƒe nuŋɔŋlɔwo nye Biblia ƒe nuŋlɔɖi ƒe akpa aɖe ta la, míawo hã míate ŋu akpɔ viɖe tso eƒe nunya me. Mina míakpɔ nusi wòagblɔ le ƒomedodo si le kesinɔnuwo kple dzidzɔkpɔkpɔ dome ŋu ɖa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Reproduced from Die Heilige Schrift - Übersetzt von Dr. Joseph Franz von Allioli. Druck und Verlag von Eduard Hallberger, Stuttgart

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe