INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 10/15 axa 8-9
  • Ðe Woyɔ Fia Salomo ƒe Kesinɔnuwo Wògbɔ Emea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Woyɔ Fia Salomo ƒe Kesinɔnuwo Wògbɔ Emea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Sika Eŋuti Nya Ɣaɣla La
    Nyɔ!—1998
  • Di Nu Si Nyo Wu Sika
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Fia Aɖe Si Si Kesinɔnu Kple Nunya Nɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 10/15 axa 8-9

Ðe Woyɔ Fia Salomo ƒe Kesinɔnuwo Wògbɔ Emea?

“Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade.”—Fiawo I, 10:14.

MAWUNYAKPUKPUI ma fia be Fia Salomo kpɔ sika tɔn 25 kple edzivɔ le ƒe ɖeka ko me! Esia ƒe asi anɔ $240,000,000 egbea. Ede sika si woku le xexeame katã le ƒe 1800 me teƒe eve kloe. Ðe esia ate ŋu adzɔa? Nukae blematomenukuku ƒe ɖaseɖiɖi ɖe fia? Eɖee fia be míate ŋu axɔ Biblia ƒe nuŋlɔɖi le Salomo ƒe kesinɔnuwo ŋu dzi ase nyateƒe. Biblical Archaeology Review gblɔ be:

◻ Egipte-fia Thutmose III (ƒe akpe evelia D.M.Ŋ.) tsɔ sikanu siwo ade tɔn 13.5 yi ɖe Amon-Ra ƒe gbedoxɔ me le Karnak—eye nunana la ƒe akpa aɖe koe esia nye.

◻ Ele Egiptetɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo me be Fia Osorkon I (ƒe akpe gbãtɔ D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze) tsɔ nunana siwo ade sika kple klosalo tɔn 383 kloe yi na mawuawo.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, agbalẽ babla si nye Classical Greece si le Great Ages of Man ƒe agbalẽawo dome ka nya ta be:

◻ Wokua sika tɔn 37 kple edzivɔ na Fia Philip II (ƒe 359-336 D.M.Ŋ.) ƒe sia ƒe le Pangaeum-sikakuƒe si le Thrace.

◻ Esime Philip ƒe vi Alexander Gãtɔ (ƒe 336-323 D.M.Ŋ.) xɔ Susa si nye Persia-fiaɖuƒea ƒe fiadu la, wokpɔ kesinɔnu siwo wu sika tɔn 1,000 le afima.—The Encyclopædia Britannica.

Eyata Fia Salomo ƒe kesinɔnu si Biblia gblɔ la menye nusi womekpɔ kpɔ o. Ðo ŋku edzi hã be Salomo “ɖo kpo ɖe anyigba dzi fiawo katã dzi le kesinɔnu kple nunya gome” ɣemaɣi.—Fiawo I, 10:23.

Aleke Salomo zã eƒe kesinɔnuwoe? Wotsɔ “sika nyuitɔ” fa ɖe eƒe fiazikpui ŋu, “sika” wotsɔ wɔ eƒe nunonuwoe, eye akpoxɔnu gã 200 kple akpoxɔnu ɖagbi 300 siwo wowɔ kple “sika, si woƒo” nɔ esi. (Fiawo I, 10:16-21) Ƒo ye katã ta la, wozã Salomo ƒe sika ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la ŋu. Sika kple klosalo wotsɔ wɔ akaɖitiwo kple gbedoxɔa me nu kɔkɔewoe, abe gaflowo, trewo, kpluwo, kple agbawo ene. Wofa sika ɖe kerubi siwo kɔkɔ meta 4.5 siwo le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la kple dzudzɔdovɔsamlekpui la ŋu, kpakple xɔ bliboa katã me gɔ̃ hã.—Fiawo I, 6:20-22; 7:48-50; Kronika I, 28:17.

Ke gbedoxɔ si me wofa sika ɖo ya ɖe? Enyo be míade dzesii be sika zazã le mɔ sia nu menye nu yeye le blematɔwo dome kura o. Biblical Archaeology Review de dzesii be Egipte-fia Amenophis III “tu gbedoxɔ ɖe Thebes tsɔ de bubu mawu gã Amun ŋu eye ‘wofa sika ɖe eme katã, wotsɔ klosalo ɖo atsyɔ̃ na anyigba, [eye] eƒe ʋɔtruwo ŋu nye sika kple klosalo si wotsaka’”—sika kple klosalo siaa ƒe tsakatsaka. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Asur-fia Esar-haddon (ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ.) fa sika ɖe Ashur ƒe vɔsaxɔ ƒe ʋɔtruwo kple gliwo ŋu. Babilon-fia Nabonido (ƒe alafa adelia D.M.Ŋ.) ŋlɔ le Sin ƒe gbedoxɔ si nɔ Harran ŋu be: “Mefa sika kple klosalo ɖe eƒe gliwo ŋu, eye mena wole dzo dam abe ɣe ene.”

Eyata ŋutinyamenuŋlɔɖiwo ɖee fia be Biblia ƒe nuŋlɔɖi le Fia Salomo ƒe kesinɔnuwo ŋu megbɔ eme o.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe