INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 6/1 axa 28-31
  • Wolém Ðe Te Meto Dodokpɔ Dziŋɔwo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wolém Ðe Te Meto Dodokpɔ Dziŋɔwo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wodzim Yudatɔe
  • Dodokpɔawo ƒe Gɔmedzedze
  • Nye Dodokpɔ Sesẽtɔ
  • Gbɔdzɔe ƒe Ɣeyiɣi
  • Agbetsitsi le Auschwitz
  • Agbetsitsi le Gakpɔ Bubuwo Me
  • Asiɖeɖe le Ŋunye Kple Agbenɔnɔ Emegbe
  • Kaka Ðe Mawu Dzi Lém Ðe Te
    Nyɔ!—2002
  • Le Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋu Me La, Míedo Dzi Le Ŋutasẽdziɖuɖuwo Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nuteƒewɔwɔ Ðaa—Eyae Nye Nusi Le Vevie Nam Wu
    Nyɔ!—2000
  • Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 6/1 axa 28-31

Wolém Ðe Te Meto Dodokpɔ Dziŋɔwo Me

ABE ALESI EVA JOSEFSSON GBLƆE ENE

Mí ame ʋee aɖewo míeƒo ƒu ɖe Újpest-nuto si le Budapest, Hungary me, hena kpekpe kpui aɖe hafi ayi Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa gbe. Ƒe 1939 mee, esi wòsusɔ vie Xexemeʋa II nadze egɔme, eye woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Hungary. Woléa amesiwo fiaa Biblia le gaglãgbe le ɣeyiɣi mawo me la zi geɖe.

ESI wònye zi gbãtɔe nye ema mawɔ dɔ sia ta la, metsi dzodzodzoe eye dzi menɔ ƒonye o. Nɔviŋutsu Kristotɔ tsitsi aɖe trɔ ɖe ŋunye gblɔ be: “Éva, mehiã be nàvɔ̃ kura o. Yehowa subɔsubɔe nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si asu amegbetɔ si.” Ameŋubunya mawo siwo doa ŋusẽ ame la lém ɖe te meto dodokpɔ dziŋɔwo me.

Wodzim Yudatɔe

Nyee nye vi tsitsitɔ le Yuda-ƒome si me vi atɔ̃ le la me. Yuda-subɔsubɔ medze eme na Dada o, eyata eva nɔ ŋku lém ɖe subɔsubɔha bubuwo ŋu. Aleae wòwɔ va do go Yuda-nyɔnu bubu si nye Erzsébeth Slézinger, amesi hã nɔ Biblia me nyateƒea dim. Erzsébeth na Dada va dze si Yehowa Ðasefowo, eye ewɔe be nye hã meva tsɔ ɖe le Biblia ƒe nufiafiawo me vevie. Eteƒe medidi hafi medze nusiwo mesrɔ̃ la gbɔgblɔ na ame bubuwo gɔme o.

Esi mexɔ ƒe 18 le ƒe 1941 ƒe dzomeŋɔli la, mexɔ nyɔnyrɔ le Danube Tɔsisi me tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzii. Ɣemaɣi mee Dada hã xɔ nyɔnyrɔ, gake Papa ya menɔ Kristotɔwo ƒe ha yeye si ŋu míeke ɖo me o. Le nye nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe kpuie la, meɖoe be mawɔ mɔɖeɖedɔa, si fia be, mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Ehiã be maƒle gasɔ, eyata meva dze dɔwɔwɔ gɔme le avɔlɔ̃ƒe gã aɖe ƒe nudokpɔƒe.

Dodokpɔawo ƒe Gɔmedzedze

Nazitɔwo va xɔ Hungary, ale be Germanytɔwoe va nɔ avɔlɔ̃ƒe si mewɔa dɔ le la nu. Gbeɖeka woyɔ dɔwɔlawo katã be woava ƒo ƒu ɖe dɔnunɔlawo ŋkume aka atam be yewode Nazitɔwo dzi. Wogblɔ na mí be nusi adzɔ ɖe amesiwo asẽ to dzi la mabɔbɔ kura o. Esi wogblɔ na mí le nua wɔƒe be míakafu Hitler la, mede bubu wo ŋu henɔ tsitre gake nyemewɔ afɔɖeɖe si wobia la o. Woyɔm va ɔfis gbemagbe tsɔ nye fetu nam, eye wonyãm. Esi dɔwɔɖui nɔ vevem ta la, mebu tame le nusi ava dzɔ ɖe ɖoɖo si mewɔ be mawɔ mɔɖeɖedɔa ŋu. Gake mekpɔ dɔ bubu le ŋufɔke, esi ƒe fetu nyo wu gɔ̃ hã.

Fifia mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Hati mɔɖela geɖe nɔ asinye, eye wo dometɔ mamlɛtɔe nye Juliska Asztalos. Esi agbalẽ aɖeke menɔ mía si míana o ta la, Biblia koe míezãna. Ne míeke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu la, míetrɔna yia wo gbɔ eye míeɣea agbalẽ na wo.

Ehiã be enuenu la, mía kple Juliska míaɖɔ li anyigbamamã si me míenɔ dɔ wɔm le. Ehiã nenema elabena ne nunɔla si le afima nya se be míegbɔna ‘eƒe alẽwo’ gbɔ ko la, eɖea gbeƒãe le sɔleme be ne Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ la, ele be woaka ta na ye alo na kpovitɔwo. Ne amelɔ̃la aɖewo gblɔ nya ma na mí ko la, ke míeʋu yi anyigbamamã bubu me.

Gbeɖeka mía kple Juliska míeyi ŋutsuvi sue aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ. Míewɔ ɖoɖo be míagatrɔ ayi aɣe agbalẽ nɛ wòaxlẽ. Gake esi míetrɔ yi la, kpovitɔwo nɔ afima, eye wolé mí hekplɔ yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe le Dunavecse. Wotsɔ ŋutsuvia ɖo mɔ̃ eye wolé mí. Esi míeva ɖo kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea la, míekpɔ nunɔla aɖe le afima eye míedze sii be eya hã ƒe asi le eme.

Nye Dodokpɔ Sesẽtɔ

Woko ta nam kolikoli le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea, eye wòle be manɔ tsitre amama le kpovitɔ siwo ade wuieve ŋkume. Wote nye nu me se di be yewoanya amesi nye mía ŋgɔnɔla le Hungary. Meɖe eme na wo be ŋgɔnɔla aɖeke mele mía si wu Yesu Kristo o. Emegbe wotsɔ woƒe kpowo ƒom nyamanyama, gake nyemede nɔvinye Kristotɔwo asi o.

Emegbe wobla nye afɔ evea ƒo ƒu eye wokɔ nye asiwo ɖe dzi gbɔ nye ta ŋu hebla wo ƒo ƒui. Azɔ wodɔ gbɔnye sesẽe ɖekaɖeka, negbe kpovitɔawo dometɔ ɖeka koe mewɔe o. Woblam sesĩe ale gbegbe be kateƒeawo ganɔ nye alɔnu ƒe etɔ̃ megbe. Wode abi ŋunye ale gbegbe be wodam ɖe xɔgɔmexɔ me kwasiɖa eve vaseɖe esime nye abi siwo lolo wu la ku vie.

Gbɔdzɔe ƒe Ɣeyiɣi

Emegbe wokplɔm yi gaxɔ aɖe si nɔ Nagykanizsa me, afisi Yehowa Ðasefo geɖe nɔ. Togbɔ be wode mí gaxɔ me hã la, míekpɔ dzidzɔ vie le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me. Míewɔa míaƒe kpekpewo katã le adza me, eye míewɔa nu abe hame ene. Mɔnukpɔkpɔ geɖe hã sua mía si míeɖia vomeɖase. Gaxɔ sia mee medo go Olga Slézinger, amesi nye Erzsébeth Slézinger si gblɔ Biblia ƒe nyateƒea na mía kple danye nɔvinyɔnu le.

Va ɖo ƒe 1944 me la, Nazitɔ siwo nɔ Hungary ɖoe be yewoabu mo na Yudatɔ siwo nɔ Hungary, abe alesi wowɔ ɖoɖo nɔ wo wum le teƒe bubu siwo wova xɔ la ene. Wova kplɔ mía kple Olga gbeɖeka. Wode mí keteke si tsɔa nyiwo me, eye esi míekpe fu zɔ mɔ to Czechoslovakia vɔ la, míeva ɖo míaƒe dzeƒe le Poland ƒe anyiehe—Auschwitz fuwɔamegakpɔ si me woɖonɛ wua amewo le.

Agbetsitsi le Auschwitz

Meɖea dzi ɖi ne mía kple Olga míeli. Ete ŋu doa nukokoe ame ne nɔnɔmewo sesẽ gɔ̃ hã. Esi míeva ɖo Auschwitz la, míedo ɖe Ðk. Mengele vloe si amesiame nya la ŋkume, eye eyae kpɔa egbɔ be wotia ame beli siwo mate ŋu awɔ dɔ o la le ame sesẽawo dome. Woɖoa ame beliawo ɖe aɖiyaxɔwo me. Esi wòɖo mía dzi la, Mengele bia Olga be, “Ƒe nenie nèxɔ?”

Etsɔ dzideƒo kple nukomo ɖo eŋu be, “ƒe 20.” Le nyateƒe me la, ƒe ma teƒe evee wòxɔ. Gake ɖeko Mengele ko nu eye wòna wòyi ɖusime ale wòtsi agbe.

Wotɔa dzesi aɖe ɖe Auschwitz gamenɔlawo katã ƒe gamenɔwu ŋu—Dawid ƒe Ɣletivi nɔ Yudatɔwo ŋu, eye dzogoe etɔ̃ ƒe avɔ kakɛ dzẽ nɔ Yehowa Ðasefowo ŋu. Esi wodi be yewoatɔ Dawid ƒe Ɣletivi ɖe míaƒe awu ŋu la, míegblɔ na wo be Yehowa Ðasefowoe míenye eye míedi dzogoe etɔ̃ ƒe avɔ kakɛ dzẽ la. Menye Yuda-vidzidzi siwo míenye lae nɔ ŋu kpem na mí o, ke koŋ Yehowa Ðasefowoe míenye azɔ̃ tae. Wotu afɔkpo mí heƒo mí kple susu be woazii ɖe mía dzi míaxɔ Yudatɔwo ƒe dzesi la. Gake míegbe gbidii vaseɖe esime wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe míenye.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva do go ƒenye Elvira, amesi meɖe ƒe etɔ̃ ɖi na. Wokplɔ míaƒe ƒome bliboa yi Auschwitz. Mía kple Elvira ko dzie woda asi ɖo be míesesẽ awɔ dɔ. Papa, Dada, kple mía nɔvi etɔ̃ bubuwo ku le aɖiyaxɔwo me. Elvira menye Ðasefo ɣemaɣi o, eye menye teƒe ɖekae míenɔ le gakpɔa me hã o. Etsi agbe heʋu yi United States va zu Ðasefo le Pittsburgh, Pennsylvania, eye wòku le afima le ƒe 1973 me.

Agbetsitsi le Gakpɔ Bubuwo Me

Germanytɔwo ɖoe le ƒe 1944/45 me be yewoaʋu dzo le Auschwitz, elabena Russiatɔwo te tu wo vɔ. Eyata woɖe mí yi Bergen-Belsen si le Germany ƒe dziehe gome. Esi míeva ɖo teti la, woɖo mía kple Olga ɖe Braunschweig. Wobia tso mía si le afisia be míakpe asi ɖe eŋu woalɔ ɖuɖɔ siwo tsi anyi le asrafo siwo Wɔ Ðeka ƒe tudada vɔ megbe. Mía kple Olga míelé nyaa kpɔ. Esi míenya nenye be dɔ sia wɔwɔ ada le míaƒe akpaɖekedzimademade dzi o ta la, mí ame evea siaa míegbe ewɔwɔ.

Míaƒe nyametsotsoa he tɔtɔ vɛ. Woƒo mí kple atam siwo wotsɔ ayi wɔe eye wokplɔ mí yi tudamelawo gbɔe. Wona aɖabaƒoƒo ɖeka mí be míagbugbɔ tame abu, eye be ne míetrɔ susu o la, woada tu mí. Míegblɔ na wo be ɣeyiɣi aɖeke mehiã mí míabu tame o elabena míetso nya me xoxo. Gake esi gakpɔa dzikpɔla menɔ anyi o eye eya koe kpɔ mɔ aɖe gbe be woawu ame ta la, ele be woahe mía wuwu ɖe megbe.

Vaseɖe esime wòava la, wona míetsi tre ɖe gakpɔa ƒe gbadzaƒe ŋkeke bliboa. Wona asrafo eve siwo bla akpa heɖɔlia wo nɔewo gaƒoƒo eve ɖesiaɖe la, dzɔ mía ŋu. Womena nuɖuɖu mí o, eye fafa lé mí ale gbegbe, elabena February mee. Wowɔ fu mí alea kwasiɖa ɖeka, gake dzikpɔla la medo mo ɖa o. Eyata wode mí agbatsɔʋu aɖe megbe, eye ewɔ nuku na mí be míegatrɔ yi Bergen-Belsen.

Mía kple Olga ƒe lãme gblẽ ɣemaɣi. Ða vɔ le ta nam eye ŋudza sesẽ aɖe dze dzinye. Mekpea fu vevie hafi te ŋu wɔa dɔ sue aɖe. Amadetsi sue aɖe kple abolo kakɛ si wonaa mí gbesiagbe la mesuna o. Gake ehiã be míawɔ dɔ elabena wowua amesiwo mete ŋu wɔa dɔ o la. Germany-nɔvinyɔnu siwo wɔa dɔ kplim le dzodoƒea kpena ɖe ŋunye be megbɔna ɖe eme vie. Ne dzɔla siwo va tsaa mía dzi gbɔna la, nɔvinyɔnuawo gblɔnɛ nam ale be metsia tre ɖe dɔwɔkplɔ̃a ŋu awɔ abe ɖe mebiã ŋku ɖe dɔ ŋu ene.

Gbeɖeka ŋusẽ menɔ Olga ŋu wòayi dɔme o, eye míegakpɔe tso ekema dzi azɔ o. Xɔlɔ̃ kple zɔhɛ kalẽtɔ, amesi kpe ɖe ŋunye vevie le ɣleti sesẽ siwo míetsɔ nɔ gakpɔwo me la bu nam. Esi wònye Aƒetɔ Yesu Kristo yomedzela si wosi ami na ta la, anya xɔ eƒe dziƒo teƒeɖoɖoa enumake.—Nyaɖeɖefia 14:13.

Asiɖeɖe le Ŋunye Kple Agbenɔnɔ Emegbe

Esi aʋa ke le May 1945 me eye ablɔɖe va la, ŋusẽ vɔ le ŋunye ale gbegbe be nyemete ŋu tso aseye be woŋe mía dzizilawo ƒe kɔkutia mlɔeba o; eye nyemete ŋu ge ɖe ʋu siwo tsɔ ablɔɖemeawo yina dukɔ siwo lɔ̃ be yewoaxɔ wo me hã o. Metsi kɔ aɖe dzi ɣleti etɔ̃ sɔŋ be ŋusẽ nagaɖo ŋunye. Emegbe wokplɔm yi Sweden, afisi va zu nɔƒe yeye nam. Medo afɔ na nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo enumake, eye megage ɖe gbeadzisubɔsubɔdɔ xɔasia me le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Le ƒe 1949 me la, meɖe Lennart Josefsson, amesi wɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔ ƒe geɖe. Wode eya hã gaxɔ me kpɔ le Xexemeʋa II wɔɣi le esi wòku ɖe eƒe xɔse ŋu ta. Míetsɔ mɔɖeɖedɔa dze agbe gɔmee le September 1, 1949 dzi, eye woɖo mí ɖe du si nye Borås me be míawɔ dɔ. Le ƒe gbãtɔ siwo míetsɔ nɔ afima me la, míesrɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔ ewo kwasiɖa ɖesiaɖe. Enye dzidzɔ na mí be míekpɔ eteƒe hame ɖeka si nɔ Borås la zu etɔ̃ le ƒe asieke me, eye atɔ̃e li fifia.

Nyemegate ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa didi o elabena le ƒe 1950 me la, vinyɔnuvi va nɔ mía si, eye viŋutsuvi kplɔe ɖo le ƒe eve megbe. Eyata mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔname su asinye be mefia nyateƒe xɔasi si nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ Hungarytɔ la fiam esime mexɔ ƒe 16 la vinyewo, si nye: “Yehowa subɔsubɔe nye mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake si asu amegbetɔ si.”

Ne metrɔ bu nye agbenɔnɔ ŋu la, mekpɔe be mekpɔ nya si nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ esi wònɔ ŋku ɖom Hiob ƒe dzidodo dzi na mí ƒe nyateƒenyenye dze sii, be: “Aƒetɔ la yɔ fũ kple dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ.” (Yakobo 5:11) Togbɔ be nye hã mekpe dodokpɔ dziŋɔwo ƒe fu hã la, woyram ale gbegbe kple vi eve kpakple wo srɔ̃wo, kple mamayɔvi ade—amesiawo katã nye Yehowa subɔlawo. Gakpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ me viwo kple mamayɔviwo sɔ gbɔ ɖe asinye kpaŋkpaŋ, eye wo dometɔ aɖewo nye mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔlawo. Fifia nye mɔkpɔkpɔ si lolo wue nye be mado go lɔlɔ̃tɔ siwo le alɔ̃ dɔm le ku me la ake eye makpla asi kɔ na wo ne wofɔ tso woƒe ŋkuɖodzi yɔdowo me.—Yohanes 5:28, 29.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Le gbeadzi le Sweden le Xexemeʋa II megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mía kple atsunye

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe