Mesrɔ̃ Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu
ABE ALESI JÁN KORPA-ONDO GBLƆE ENE
Ƒe 1942 mee, eye Hungary-srafowo nɔ ŋunye dzɔm le teƒe si gogo Kursk, le Russia. Míenye Dukɔ Siwo Bla Nu henɔ aʋa wɔm kple Russiatɔwo le Xexemeʋa II me la ƒe gamenɔlawo. Woɖe yɔdo nam, eye wona aɖabaƒoƒo ewom be matsɔ atso nya me be made asi agbalẽ aɖe si gblɔ be nyemaganye Yehowa Ðasefo o la te alo magbe. Hafi magblɔ nusi dzɔ emegbe la na mi la, mina magblɔ alesi mewɔ va do ɖe afima na mi.
WODZIM le ƒe 1904 me ɖe Zahor-kɔƒedu sue aɖe si le Slovakia ƒe ɣedzeƒe fifia la me. Le Xexemeʋa I megbe la, Zahor va le Czechoslovakia-dukɔ si woɖo yeyee la me. Aƒe siwo ade 200 kple sɔlemeha eve, ɖeka nye Greece Katolikoha eye evelia nye Kalvin-ha, ye le míaƒe kɔƒea me.
Togbɔ be medea Kalvintɔwo ƒe sɔleme hã la, menɔa agbe si ŋu agbenyuinɔnɔse aɖeke mele o. Ŋutsu aɖe si ƒe aƒeme medidi tso gbɔnye fũ o ya to vovo sã. Gbeɖeka, edze dzeɖoɖo aɖe gɔme kplim eye wòɣe Biblia nam. Emae nye zi gbãtɔ si melé agbalẽ ma kple asi kpɔ. Ɣemaɣi lɔƒo, le ƒe 1926 me, meɖe Barbora eye eteƒe medidi hafi míedzi vi eve siwo nye Barbora kple Ján o.
Medze Biblia la xexlẽ gɔme, gake nu geɖe li si gɔme nyemese o. Eyata meyi míaƒe osɔfo gbɔ be wòakpe ɖe ŋunye. Egblɔ be “Agbalẽnyalawo ɖeɖeko ƒe agbalẽe Biblia nye, mègadze agbagba gɔ̃ hã be yease egɔme o.” Emegbe ekpem be míada spa.
Ema megbe la, meyi ɖe ŋutsu si ɣe Biblia nam la gbɔ. Enye Biblia Nusrɔ̃vi, ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Edzɔ dzi nɛ be yeakpe ɖe ŋunye, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, meva nɔ nu geɖe gɔme sem. Medzudzɔ ahatsunono eye medze agbenyuinɔnɔ gɔme; medze Yehowa ŋutinya gbɔgblɔ na amewo kura gɔ̃ hã. Biblia me nyateƒea li ke le Zahor le ƒe 1920 ƒeawo ƒe gɔmedzedze, eye eteƒe medidi o woɖo Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si me dzo le ɖe afima.
Gake subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu sẽŋuwo nɔ anyi. Afima nunɔla na ƒonyemetɔ akpa gãtɔ tsi tre ɖe ŋunye, be mele tsu kum. Gake tameɖoɖo va nɔ nye agbe ŋu, eye metso nya me kplikpaa be masubɔ Yehowa, nyateƒe Mawu la. Eyata le ƒe 1930 me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.
Dodokpɔ Sesẽwo ƒe Gɔmedzedze
Le ƒe 1938 me la, míaƒe nutoa va nɔ Hungary, si de Germany dzi le Xexemeʋa II me la te. Ɣemaɣi la Ðasefo siwo ade 50 ye nɔ míaƒe kɔƒe si me tɔwo mede akpe ɖeka o la me. Míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi togbɔ be esia wɔwɔ de míaƒe agbe kple ablɔɖe afɔku me hã.
Le 1940 me la, wozi dzinye be manɔ Hungary-srafowo me. Aleke mawɔ? Mexlẽ Biblia me nyagblɔɖi siwo fia be amewo atrɔ woƒe aʋawɔnuwo wòazu ŋutifafadɔwɔnuwo, eye menya be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Mawu aɖe aʋawɔwɔwo katã ɖa le anyigba dzi. (Psalmo 46:10; Yesaya 2:4) Esia ta melé fu aʋawɔwɔ, eye meɖoe be nyemanye asrafo o, eɖanye nukae adzɔ o.
Wodem gaxɔ me dzinu 14 le Pécs, Hungary. Ðasefo atɔ̃ bubu hã nɔ gaxɔ ma ke me, eye edzɔ dzi na mí be míete ŋu dea ha kple mía nɔewo. Gake ɣeaɖeɣi la, wodem ameɖekɛgaxɔ me hede kɔsɔkɔsɔ afɔ nam. Ne míegbe be míawɔ dɔ siwo do ƒome kple asikpekpe ɖe aʋawɔwɔ ŋu o la, woƒoa mí. Gakpe ɖe eŋu la, wozia mía dzi be míatsi tre adzɔ kã ŋkeke bliboa katã, negbe gaƒoƒo eve le ŋdɔ me ko woɖe le eme. Fuwɔame sia yi edzi dzinu geɖe. Gake dzi dzɔ mí elabena dzitsinya nyui nɔ mía si le mía Mawu gbɔ.
Tanana ƒe Nya La
Gbeɖeka Katoliko nunɔla 15 nɔ ha me va be yewoadze agbagba able mía nu be ele vevie be míage ɖe asrafodɔa me atsɔ akpe asi ɖe aʋa la ŋui. Le dzeɖoɖoa me la, míegblɔ be: “Ne miate ŋu afia mí le Biblia la me be luʋɔ mekuna o eye be míayi dziƒo ne míeku le aʋa la me la, ekema míazu asrafowo.” Gake womete ŋu fiae mí o eye womedi be míagayi dzeɖoɖoa dzi o.
Le ƒe 1941 me la, nye gaxɔmenɔɣi la wu enu eye menɔ mɔ kpɔm be magawɔ ɖeka kple nye ƒomea. Le esia teƒe la, wode kɔsɔkɔsɔm kplɔm yi ɖe asrafowo nɔƒe le Sárospatak le Hungary. Esi míeɖo la, wona mɔnukpɔkpɔm be woaɖe asi le ŋunye. Wogblɔ nam be, “Nusi ko nàwɔ enye be nàde asi ŋugbedodo sia te be ne yetrɔ yi aƒe la, yeaxe pengö 200.”
Mebia wo be, “Nukatae wòle be maxe fe? Nukae miebe yewoatsɔ gaa awɔe?”
Wogblɔ nam be, “Ne èxee la, àxɔ ɖaseɖigbalẽ si afia be wò lãmesẽ maɖe mɔ na wò be nàzu asrafo o.”
Esia wɔwɔ nye nyametsotso sesẽ aɖe nam. Wowɔ funyafunyam wu ƒe ɖeka; menɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm. Fifia ne melɔ̃ be maxe nane la, woaɖe asi le ŋunye. Megblɔ be “Mabu eŋu.”
Nyametsotso kae mawɔ? Srɔ̃ kple viwo le asinye siwo ŋu wòle be mabu. Le ɣeyiɣi ma me la, mexɔ lɛta aɖe si me dzideƒonyawo nɔ tso nɔvi Kristotɔ aɖe gbɔ. Eyɔ nya tso Hebritɔwo 10:38, afisi apostolo Paulo yɔ Yehowa ƒe nya siawo le be: “‘Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.’” Ɣeyiɣi kpui aɖe le esia megbe la, Hungary-srafomegã eve siwo le asrafowo nɔƒea ƒo nu kplim, ɖeka gblɔ be: “Mènya alesi gbegbe míedea bubu ŋuwòe le Biblia me gɔmeɖosewo me léle ɖe asi sesĩe ta o! Mègana ta o!”
Eƒe ŋufɔke la, meyi ɖe amesiwo be ne maxe pengö 200 yewoaɖe asi le ŋunye la gbɔ gblɔ na wo be: “Esi wònye be Yehowa Mawu ɖe mɔ wodem gaxɔ me la, akpɔ egbɔ hã be woaɖe asi le ŋunye. Nyemaƒle asiɖeɖe le ŋunye o.” Eyata wotso afia be woadem game ƒe ewo. Gake menye agbagba siwo wodze be woana mana ta la ƒe seƒee nye ma o. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be woatsɔ akem ne melɔ̃ be manɔ asrafowo me dzinu eve ko, eye nyematsɔ aʋawɔnu aɖeke gɔ̃ hã o! Nyemeda asi ɖe ema hã dzi o, eye wodem gaxɔa me.
Yometitia Dzi Ðe Edzi
Wogagbugbɔm yi Pécs-gaxɔa mee. Fifia ya fuwɔamea nu sẽ ɖe edzi ale gbegbe. Wobla nye asi eveawo ɖe megbe nam tsɔ tsi ɖe ya me wòade gaƒoƒo eve. Ena be nye abɔgbaƒuwo ɖɔ li. Funyafunyawɔame sia yi edzi wu dzinu ade. Yehowa koe mada akpe na be nyemena ta o.
Le ƒe 1942 me la, wokplɔ mía dometɔ aɖewo—amesiwo wode game ɖe dunyahehe ta, Yudatɔwo, kple Yehowa Ðasefo 26—yi ɖe dugã si nye Kursk si le nuto si Germany-srafowo xɔ la me. Wotsɔ mí de asi na Germanytɔwo, eye wode dɔ asi na gamenɔlawo be woanɔ nuɖuɖu, aʋawɔnuwo, kple nudodowo tsɔm anɔ yiyim na asrafowo le aʋagbeadzi. Mí Ðasefoawo míegbe dɔa wɔwɔ elabena etsi tre ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade la ŋuti. Esia na be wogbugbɔ mí yi na Hungarytɔwo.
Mlɔeba, wode mí gaxɔ si le afima me le Kursk. Woƒoa mí kple aŋekpo zi etɔ̃ gbesiagbe ŋkeke geɖe. Woƒo tome nam medze anyi. Esime wonɔ ƒoyem la, mesusui be ‘Kuku menye nu sesẽ aɖeke o.’ Nye lãme katã dze ti, eyata nyemese seselelãme aɖeke o. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ womena nuɖuɖu aɖeke mí o. Emegbe wokplɔ mí yi ʋɔnudrɔ̃ƒee, eye wotso kufia na ame ade. Esi wowu wo la, esusɔ mí ame 20.
Xɔse ƒe dodokpɔ siwo me meto le Kursk le ŋkeke mawo me le ƒe 1942 ƒe October mee nye sesẽtɔwo kekeake siwo me meto kpɔ. Nya siwo Fia Yosafat gblɔ esime eƒe amewo ɖo nɔnɔme sesẽ si ŋu womate ŋu awɔ naneke le o me la sɔ ɖe míaƒe seselelãmewo nu nyuie. Egblɔ be: “Ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu ɖe ameha gbogbo sia, si ho ɖe mía ŋu la ŋuti o. Míenya nuka wɔ ge míala o, negbe ŋuwò ko míaƒe ŋku le.”—Kronika II, 20:12.
Wokplɔ mí ame 20 la doe be míaɖe yɔdo siwo me woaɖi mí katã ɖo, eye Hungary-srafo 18 nɔ mía ŋu dzɔm. Esi míeɖee vɔ la, wogblɔ na mí be wona aɖabaƒoƒo ewo mí be míatsɔ ade asi agbalẽ aɖe si me nyawo ƒe akpa aɖee nye sia la te: “Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiawo mesɔ o. Nyemaga xɔ edzi ase alo anɔ megbe nɛ o. Maʋli denyigba Hungary ta . . . Metsɔ asi si dem mele agbalẽ sia te la le kpe ɖom edzi be mage ɖe Roma Katolikoha me.”
Esi aɖabaƒoƒo ewo la de la, woɖe gbe be: “Mitrɔ ɖe ɖusime! Mizɔ yi yɔdoawo gbɔ!” Emegbe woɖe gbe be: “Gamenɔla gbãtɔ kple etɔ̃lia nege ɖe doa me!” Wogana aɖabaƒoƒo ewo bubu ame eve siawo be woatso nya me le asidede agbalẽa te ŋu. Asrafoawo dometɔ ɖeka ɖe kuku na wo be: “Migbe nu le miaƒe xɔsea gbɔ ne miado go le yɔdoa me!” Ame aɖeke meke nu o. Emegbe ko asrafowo ƒe amegã la da tu wo ame evea.
Asrafo ɖeka bia asrafowo ƒe amegã la be, “Ke ame susɔewo ya ɖe?”
Eɖo ŋu be, “Mibla wo. Míagawɔ funyafunya wo sẽ ada tu wo etsɔ ŋdi ga ade.”
Vɔvɔ̃ ɖom enumake, menye ɖe esi maku ta o, ke boŋ be nyemava te ŋu anɔ te ɖe funyafunyawɔamea nu o ana ta. Eyata mezɔ yi ŋgɔ gblɔ be: “Aƒetɔ, agɔ si mía nɔvi siwo nèda tui fifi laa dze ke míawo hã míedze. Nukatae màda tu míawo hã o.”
Gake womedae o. Wobla míaƒe asi ɖe megbe na mí. Emegbe wotsi mí ɖe ya me. Ne míeku ƒenyi la, wokɔa tsi ɖe mía dzi. Míese veve helĩhelĩ ŋutɔ elabena míaƒe ŋutilã ƒe kpekpe na be míaƒe abɔgba ɖɔ li. Funyafunyawɔame sia yi edzi abe gaƒoƒo etɔ̃ ene. Emegbe woɖe gbe enumake be womegada tu Yehowa Ðasefo aɖeke azɔ o.
Ɣedzeƒegome Yiyi—Kple Sisi
Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, wokplɔ mí le hatsotsowo me míezɔ ŋkeke ʋee aɖewo seɖe esi míeɖo Don Tɔsisi to. Amesiwo le mía nu la gblɔ na mí be womagagbugbɔ mí agbɔe agbagbee o. Le ŋkeke me la, woɖoa dɔ maɖeviwo na mí míanɔ do ɖem aganɔ exem. Le fiẽsiwo la, wonaa ablɔɖe vi aɖe mí be míaɖi tsa.
Esi melé ŋku ɖe nɔnɔmea ŋu la, mɔnukpɔkpɔ eve koe li. Mía ku ɖe afima loo, alo asi le Germanytɔwo gbɔ atsɔ mía ɖokui aɖade asi na Russiatɔwo. Mí ame etɔ̃ koe tso nya me be míadze agbagba asi atso Don Tɔsisia si zu tsikpe la. Le December 12, 1942, dzi la, míedo gbe ɖa na Yehowa eye míedze mɔ. Míeɖo Russiatɔwo gbɔ eye enumake la, wode mí gamenɔlawo ƒe asaɖa si me tɔwo ade 35,000 la me. Kaka adame naɖo la, gamenɔlawo abe 2,300 ene koe gakpɔtɔ le agbe. Ame mamlɛawo ku le dɔwuame ta.
Ablɔɖexɔxɔ Gake Afɔku Bubuwo Gakplɔe Ðo
Metsi agbe le aʋaŋɔli ƒe akpa susɔea me le dzinu geɖe megbe hekpe ɖe dzinu geɖe siwo menye Russiatɔwo ƒe gameme le aʋaa megbe la ŋu. Mlɔeba, le November 1945 me la, megbɔ va aƒe le Zahor. Nuwo gblẽ le míaƒe agblea me, eyata ele be magbugbɔ nusianu gɔme adze. Srɔ̃nye kple vinyewo nɔ agblea dem esime aʋa nɔ edzi yim, gake le October 1944 me, esime Russiatɔwo te tu wo la, woʋu yi ɖe ɣedzeƒegome. Wofi nusianu si nɔ mía si.
Vɔ̃ɖitɔ wu enye be, esi megbɔ va aƒe la, srɔ̃nye dze dɔ vevie. Le February 1946 me la, etrɔ megbe. Ƒe 38 koe wòxɔ. Ɣeyiɣi kpui koe míetsɔ kpɔ dzidzɔe esi míegava li ɖekae le dometsotso si wu ƒe atɔ̃ siwo me fukpekpe geɖe nɔ me la megbe.
Mekpɔ akɔfafa le nye gbɔgbɔmenɔviwo dome, eye medea kpekpeawo hekpɔa gome le aƒeme yi aƒeme dɔa me. Le ƒe 1947 me la, mete ŋu kpɔ ga do tsɔ zɔ mɔ si ƒe didime anɔ kilometa 400 tsɔ yi nutome gã takpekpee le Brno. Mexɔ akɔfaname kple dzideƒonya geɖewo tso nɔvinye Kristotɔwo siwo dome Nathan H. Knorr, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi hã nɔ la gbɔ.
Ablɔɖe si míekpɔ le aʋaa megbe la menɔ anyi didi o. Le ƒe 1948 me la, Kɔmiunisttɔwo dze mía tete ɖe anyi gɔme. Wolé nɔvi siwo nɔ ŋgɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa le Czechoslovakia le ƒe 1952 me, eye wotsɔ hameawo dzikpɔkpɔ de asi nam. Le ƒe 1954 me la, wolé nye hã eye wodem game ƒe ene. Le Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta, wode vinyeŋutsuvi Ján kple via Juraj hã gaxɔ me. Menɔ Pankrác dukɔa ƒe gaxɔ si le Prague la me ƒe eve. Le 1956 me la, wokpɔ nublanui na gamenɔla geɖewo, eye woɖe asi le ŋunye.
Ablɔɖe Mlɔeba!
Mlɔeba la, Czechoslovakia do le Kɔmiunisttɔwo te, eye wode Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa agbalẽ me le setɔwo gbɔ. Eyata míevo akpe ta ɖekae ahaɖe gbeƒã le gaglãgbe. Ɣemaɣi la, Ðasefo siwo de alafa ɖeka kloe ye nɔ Zahor, si fia be dua me tɔ 1 le 10 ɖesiaɖe me kloe nye Ðasefo. Míetu Fiaɖuƒe Akpata dzeani aɖe ɖe Zahor si me ame 200 ate ŋu anɔ le ƒe ʋee siwo va yi me.
Ŋusẽ megale ŋunye tututu o, eyata nɔviwo kuam yia Fiaɖuƒe Akpata mee. Afima nɔnɔ dzɔa dzi nam eye dzi dzɔam ɖe nyaŋuɖoɖo ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be mekpɔ nye ƒomea ƒe dzidzime etɔ̃ teƒenɔlawo, siwo me tɔgbuiyɔvi geɖewo le la be wole Yehowa subɔm. Wo dometɔ ɖeka nye Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla le Czechoslovakia vaseɖe esime eƒe ƒomegbanɔamedziwo wɔe be megate ŋu yi edzi o.
Meda akpe na Yehowa le ŋusẽ si wòdom le nye dodokpɔ gbogboawo ƒe ɣeyiɣi me la ta. Nana be nye susu nanɔ eyama dzi—‘abe ɖe mele amesi womekpɔna o la kpɔm ene’—ye lém ɖe te. (Hebritɔwo 11:27) Ẽ, mekpɔe be eƒe ameɖesi sesẽ la nɔ dzinye. Esia tae fifia kura gɔ̃ hã medzea agbagba be made hamea ƒe kpekpewo eye makpɔ gome le gbeƒãɖeɖe eƒe ŋkɔ la me le dutoƒosubɔsubɔdɔa me alesi mate ŋui.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Fiaɖuƒe Akpata si le Zahor
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Mekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònye nam be maɖo nya ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ me ŋu