INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 6/15 axa 3-5
  • Ðe Anyigba la Atsrɔ̃ Godooa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Anyigba la Atsrɔ̃ Godooa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ʋɔnudrɔ̃gbe” la Ðɔɖɔ Tsitotsito
  • Amegbetɔ ƒe Bemalémalé Ðɔɖɔɖo
  • Anya Wɔ
  • Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Míaƒe Anyigba Beli La—Aleke Etsɔme Anɔ Nɛ?
    Nyɔ!—1996
  • Ðe Dziƒonutomefɔku aɖe Atsrɔ̃ Míaƒe Xexeamea?
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 6/15 axa 3-5

Ðe Anyigba la Atsrɔ̃ Godooa?

ƑE ALAFA 20 lia ƒe nuwuwu le aƒe tum, eye esusɔ vie ko ƒe alafa 21 lia nadze egɔme. Esia ta ame geɖe siwo ɖewohĩ anye ne womatsɔ ɖeke le tsɔtsrɔ̃ ŋuti nyagblɔɖiwo me hafi o la dina be yewoanya ne nudzɔdzɔ aɖe si aʋuʋu xexeame la tu aƒe.

Ðewohĩ àkpɔe be wota nyadzɔdzɔgbalẽ kple magazine me nyati aɖewo le nya sia ŋu—wota agbalẽ blibowo kura gɔ̃ hã tso nyati sia ŋu. Ðeko míalala akpɔ nusiwo adzɔ le ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze ɖa. Ame aɖewo gblɔna be ƒe ƒe tɔtrɔ koe ƒe si awu enu míage ɖe ƒe 2000 lia me nye (alo aɖabaƒoƒo ɖeka ƒe tɔtrɔ koe, tso ƒe 2000 yi ƒe 2001) eye mafia nu tɔxɛ aɖeke ƒe dzɔdzɔ o. Nusi ŋu ame geɖe tsi dzi ɖo wue nye nusi ava dzɔ ɖe míaƒe ɣletinyigba la dzi le etsɔme ʋĩ.

Nyagblɔɖi aɖe si ŋu wole nu ƒom le edziedzi le ŋkeke siawo mee nye be ɣeaɖeɣi—le ɣeyiɣi kpui aɖe alo ɣeyiɣi didi aɖe megbe—míaƒe Anyigba la atsrɔ̃ godoo. De ŋugble le nyagblɔɖi doŋɔdziname mawo dometɔ ʋee aɖewo ko ŋu kpɔ.

Agbalẽŋlɔla kple xexemenunyala John Leslie gblɔ mɔ etɔ̃ siwo dzi wòate ŋu adzɔ le be amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ nu natso le anyigba dzi la le eƒe agbalẽ si nye The End of the World—The Science and Ethics of Human Extinction, (Xexeame ƒe Nuwuwu—Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Amegbetɔ Tsɔtsrɔ̃ɖa Ŋuti Nufiafia) si wota gbã le 1996 me la me. Ebia gbã be: “Ðe nukliaʋa si atsrɔ̃ nusianu ɖa la, afia amegbetɔƒomea ƒe nuwuwua?” Egblɔ yi edzi be: “Nusi wòle bɔbɔe wu be ate ŋu adzɔ . . . ye nye tsɔtsrɔ̃ si tso keklẽ gblẽnu siwo tso aɖinuwo ƒe keklẽ me gbɔ: kansa dɔlélewo, amegbetɔ ƒe dɔlélenutsiŋusẽ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ si awɔe be dɔxɔleameŋuwo nabɔ, alo woadzi vidzĩ geɖewo nuwɔametɔwoe. Nugbagbevi siwo ƒe anyinɔnɔ hiã vevie na nuwo ƒe dziyiyi le nutoa me hã ate ŋu aku.” Nu etɔ̃lia si Aƒetɔ Leslie gblɔ be ate ŋu adzɔe nye be ɣletivitoasike aɖe alo ɣletinyigba suesuewo dometɔ aɖe ate ŋu ava lɔ anyigba la ɖe enu: “Ɣletivitoasike kple ɣletinyigba suesue siwo ƒe toƒewo va de nu anyigba ƒe toƒe me ale gbegbe be woate ŋu alɔ Anyigba la gbeɖeka la hã li, eye edze abe wo ame akpe eve ye li ene, eye woƒe lolome tso wo toga ɖeka yi wo toga kemɛa nye kilometa 1 va ɖo 10. Esiwo lolo wu emawo ƒe xexlẽme aɖe si le ʋee wu hã li (xexlẽme si míeyɔ la nye nususugblɔkpɔ ko) eye bubu aɖewo gali siwo le sue wu eye woawo gasɔ gbɔ wu kura.”

“Ʋɔnudrɔ̃gbe” la Ðɔɖɔ Tsitotsito

Alo de ŋugble le dzɔdzɔmeŋutinunyala bubu si nye Paul Davies, amesi nye nufialagã le Adelaide Yunivɛsiti, Australia, la ƒe nyawo ŋu kpɔ. Washington Times yɔe be “dzɔdzɔmeŋutinunya ŋlɔla nyuitɔ kekeake si woate ŋu akpɔ le Atlantik ƒe go eveawo katã dzi.” Le ƒe 1994 me la, eŋlɔ agbalẽ si nye The Last Three Minutes (Aɖabaƒoƒo Etɔ̃ Mamlɛawo) si woyɔ be enye “ʋɔnudrɔ̃gbegbalẽwo katã dada.” Agbalẽ sia ƒe ta gbãtɔ ƒe tanyae nye “Ʋɔnudrɔ̃gbe,” eye egblɔ nusiwo wòsusu be adzɔ ne ɣletivitoasike aɖe va lɔ míaƒe Anyigba la. Xlẽ eƒe nuɖɔɖɔ si ana ame ƒe ŋutifu naɖo to la ƒe akpa aɖe kpɔ:

“Ŋusẽ si ade anyigbaʋuʋu akpe ewo ƒe nugbegblẽ la ʋuʋu anyigba la. Ya ʋuduʋudu si ƒo to anyigba la dzi mu xɔwo katã eye wòtu nusianu si le eƒe mɔ me la memie. Afisi wòalɔ anyigba le si nye sɔsɔeƒe tsã la aŋe ɖe eme dzekpodzeʋee azu to siwo kɔ kilometa gbogbo aɖe, esi atrɔ anyigbatumenuwo akɔ ɖi to dzoto si ƒe nu akeke ade kilometa 150 la me. . . . Ʋuʋudedi gbogbo aɖe si axɔ yame la axe ɣea ŋkume le anyigba bliboa dzi. Ɣletivitoasike siwo nɔa dzo sim ganɔa tsitsim ye ava xɔ ɖe ɣe ƒe keklẽ teƒe fifia, eye woƒe keklẽ si nu sẽ la amè anyigba si le wo te, eye nusiwo ya alɔ ɖe nu la anɔ yiyim le yame.”

Nufialagã Davies yi dzi tsɔ nudzɔdzɔ sia si eya ŋutɔ bu le susu me ɖo ɣletivitoasike si woyɔna be Swift-Tuttle si ŋu nya wogblɔ ɖi be ava lɔ anyigba la ŋu. Exlɔ̃ nu kpee be togbɔ be ɖewohĩ nu ma madzɔ kpuie o hã la, le yeƒe susu nu la, “Swift-Tuttle alo nu ma tɔgbe aɖe gbɔna Anyigba la lɔ ge gbeɖeka.” Nusita wògblɔe aleae nye be wosusui be nusiwo ƒe lolome tso woƒe toga ɖeka yi kemɛa nye kilometa afã la dometɔ 10,000 alo esi wu nenema la va gena ɖe Anyigba la ƒe xlãƒoƒemɔ me.

Èxɔe se be etsɔme si ɖi vɔvɔ̃ nenema la ava nyateƒea? Ewɔ nuku be ame gbogbo aɖewo xɔe se. Gake wodea dzi ƒo na wo ɖokui be menye yewoƒe agbenɔɣie wòadzɔ o tsɔ ɖenɛ ɖa le susu me. Evɔ nukata kura wòle be Anyigba la natsrɔ̃—eɖanye kpuie alo ƒe akpewo megbe tso fifia o? Enye nyateƒe be menye anyigba la ŋutɔe le fu ɖem na edzinɔla siwo nye amegbetɔwo loo alo lãwo o. Ðe menye amegbetɔ ŋutɔ gbɔe ƒe alafa 20 lia me kuxiawo ƒe akpa gãtɔ, si me alesi wòate ŋu adzɔe be ‘woagblẽ anyigba la’ keŋkeŋ hã le, la tso oa?—Nyaɖeɖefia 11:18.

Amegbetɔ ƒe Bemalémalé Ðɔɖɔɖo

Ke alesi wòate ŋu adzɔ bɔbɔe be amegbetɔ ŋutɔ nagblẽ anyigba la keŋkeŋ to eƒe bemalémalé nɛ kple ŋukeklẽ dzi ɖe? Ðikeke aɖeke mele eme o be wogblẽ anyigba la ƒe akpa aɖewo xoxo esi woƒo eƒe avewo akpa, wogblẽ eƒe yamenutome, eye woƒo ɖi eƒe tsiwo. Agbalẽŋlɔla Barbara Ward kple René Dubos ƒo nu tso esia ŋu nyuie ƒe 25 enye esia le woƒe agbalẽ si nye Only One Earth (Anyigba Ðeka Koe) me be: “Le nyateƒe me la, nu etɔ̃ siwo dze gaglã be woƒo ɖii siwo ŋu wòle be míalé ŋku ɖo—ya, tsi, kple anyigba—la, woawoe nye nu vevi etɔ̃ siwo na be agbe te ŋu le míaƒe ɣletinyigba la dzi.” Eye ɖe nuwo ka ɖe eme tso ɣemaɣia?

Ne míele ŋugble dem le alesi amegbetɔ ate ŋu agblẽ anyigba alo atsrɔ̃e ŋu to eƒe nuŋumabumabu nyui me ŋu la, míate ŋu alé dzi ɖe ƒo ne míebu ŋutete wɔnuku si le Anyigba la ŋu be wòagbugbɔ eɖokui aɖɔ ɖo ahazu yeye la ŋu. Esi René Dubos nɔ nu ƒom tso gbugbɔgaɖɔɖo ƒe ŋutete wɔnuku sia ŋu la, egblɔ dzideƒonya siawo le agbalẽ bubu si nye The Resilience of Ecosystems (Nugbagbewo Kple Wo Nɔƒe ƒe Wo Ðokui Ðɔɖɔɖo) me be:

“Ame geɖe vɔ̃na be etsi megbe akpa hafi wova le nusiwo gblẽ le nugbagbewo kple wo nɔƒewo ŋu gblɔm na mí elabena womate ŋu agawɔ naneke le nugbagbewo kple wo nɔƒe siwo wogblẽ xoxo la ƒe akpa gã aɖe ŋu o. Le nye susu nu la, vɔvɔ̃ sia mesɔ o elabena ŋutete gbogbo aɖe le nugbagbewo kple wo nɔƒe ŋu be woaɖɔ wo ɖokui ɖo tso nusiwo wogblẽ le wo ŋu vevie la me.

“Ðokuidzadzraɖoŋutete vovovo le nugbagbewo kple wo nɔƒe ŋu. . . . Wonaa nugbagbewo kple wo nɔƒe te ŋu dona tso nusiwo wogblẽ le wo ŋu la me vivivi gaɖoa woƒe nɔnɔ.”

Anya Wɔ

Esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe le ƒe siawo mee nye London ƒe Thames-tɔsisi xɔŋkɔ la me ƒe kɔkɔ vivivi. Agbalẽ si nye The Thames Transformed si Jeffery Harrison kple Peter Grant woŋlɔ la gblɔ nu nyui siwo woate ŋu awɔ ne amewo kpe asi ɖe nusi aɖe vi na amesiame wɔwɔ ŋu. Britain-du si nye Edinburgh ƒe Dziɖula ŋlɔ ɖe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me be: “Dɔ gã aɖe si wokpɔ dzidzedze na, si ƒe ŋutinya wòsɔ be woaŋlɔ togbɔ be ade dzi ƒo na ame aɖewo be woatsɔe be nuwo takpɔkpɔ ƒe kuxi la melolo abe alesi wona yewobui o hã lae nye si mlɔeba. . . . Dzi ate ŋu aɖo wo katã ƒo le nusi wote ŋu wɔ le Thames la ŋu ta. Dzidzɔnya lae nye be woate ŋu awɔe eye woaɖo woƒe taɖodzinuwo hã gbɔ.”

Harrison kple Grant ŋlɔ tso nusi wote ŋu wɔ le ƒe 50 siwo va yi me la ŋu dzidzɔtɔe ɖe agbalẽa ƒe ta si ƒe tanyae nye “Dzadzraɖodɔ Gã La” me be: “Esiae nye zi gbãtɔ le xexeame si wodzra tɔsisi si me woƒo ɖi ale gbegbe si me wokɔ mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo ƒe nu gbegblẽwo ɖo la be tɔdzixewo kple tɔmelãwo nagadzi ɖe eme fũ. Alesi tɔtrɔ sia tsɔe, le nane si wɔ abe ɖe womagate ŋu awɔ naneke le eŋu o ene me, la nye dzideƒo na lãwo takpɔla siwo ƒo dzi ɖe le ale gbegbe la gɔ̃ hã.”

Emegbe woƒo nu tso tɔtrɔa ŋu be: “Gbegblẽm ɖe edzi koe tɔsisia nɔ le ƒeawo me eye ɖewohĩ nusi va gblẽ nu le eŋu mlɔea ye nye le Xexemeʋa Evelia me esime wogblẽ nu le tsigbegblẽtoƒe gã siwo le gota kple esiwo to tome ŋu alo wogblẽ wo dome kura. Nu te Thames-tɔsisia ŋu kura le ƒe 1940 kple 1950 ƒe ƒeawo me. Vovototo aɖeke megava nɔ tɔsisia kple tsi ƒaƒãwo dome o, tsia ƒe ŋkume nyɔ yibɔɔ, ya meganɔ eme emelãwo nagbɔ o, eye le dzomeŋɔli ɣletiwo me la, Thames la ƒe ʋeʋẽ dea adzɔge ke. . . . Lã gbogbo siwo nɔ eme tsã la si, negbe nipaɣe ʋee aɖewo koe susɔ le esi woawo te ŋu gbɔa ya tso gota ta. Xevi siwo bɔ ɖe London kple Woolwich domee dzi ɖe kpɔtɔ kura wòsusɔ gbekpakpaxe ʋee aɖewo ko, eye nusi na woawo gasusɔe nye nuku siwo nɔa hehlẽm ɖe tɔdziʋudzeƒeawo ke menye esi wokpɔ nusi nye woƒe nuɖuɖu ŋutɔŋutɔ tae o. . . . Amekae axɔ alesi nu bliboa katã trɔ la dzi ase ɣemaɣi? Le ƒe ewo me la, tɔsisia ƒe teƒe mawo si xeviwo vɔ le atrɔ azu tɔdzixe vovovo nɔƒe, sitsoƒe, si me xevi siwo ade 10,000 sɔŋ ava eye tɔtoxe 12,000 hã nanɔ.”

Gake alesi xexeame ƒe akpa sue aɖe te ŋu trɔ koe nye sia. Ke hã míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu sia me. Efia be mele be míabui be amegbetɔ ƒe bemalémalénanu, ŋukeklẽ, kple nuŋumabumabu nana míatsɔe be nuwo gbɔ dzadzraɖo me yi le Anyigba la ŋu o. Hehenana si sɔ kple amewo katã ƒe agbagbadzedze ɖekae hena ameƒomea katã ƒe nyonyo ate ŋu agbɔ agbe nugbagbewo kple wo nɔƒe siwo gblẽ, eƒe yamenutome, kple anyigba eɖanye aleke ke wogblẽe hã o. Ke tsɔtsrɔ̃ si ate ŋu atso yamenutome ƒe dzɔdzɔmeŋusẽwo, abe ɣletivitoasikewo alo ɣletinyigba suesuewo ƒe xlãƒoƒo gbɔ hã ɖe?

Àkpɔ nyabiabia ɖefuname sia ƒe ŋuɖoɖo dodzidzɔname le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

Hehenana kple amewo ƒe agbagbadzedze ɖekae ate ŋu awɔe be anyigba la naɖɔ ɖo le eɖokui si eɖanye aleke gbegbe wògblẽe o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe