Anyigba—Nukata Wowɔe?
Nyabiabia aɖe li si ŋu wòle be nàbu: Wɔla nyanu si si tameɖoɖo le na anyigba kple amegbetɔ siwo le edzi ye wɔ míaƒe anyigba dzeani siaa? Ŋuɖoɖo si me kɔ kpɔkpɔ na nya ma akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi míaƒe anyigba la ƒe etsɔme anɔ.
DZƆDZƆMEŊUTINUNYALA geɖe siwo srɔ̃ nu yi ŋgɔ tso xexeame godoo kple míaƒe anyigba ŋu la kpɔ kpeɖodzi siwo fia be wo Wɔla li, be Mawue wɔ wo. De ŋugble tso wo dometɔ ɖeka ko ƒe nyawo ŋu kpɔ:
Nufialagã Paul Davies ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Mind of God (Mawu ƒe Susu) me be: “Xexeme si le ɖoɖo blibo nu, si me nuwo wɔa dɔ aduadu kple wo nɔewo le, eye emenuwo li ke hede nu wo nɔewo me la ƒe anyinɔnɔ bia be se kple ɖoɖo tɔxɛwo nanɔ anyi.”
Le nuƒoƒo tso “nudogoɖenunu” aɖewo siwo ɣletiviŋununyalawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyala bubuwo de dzesii ŋu vɔ megbe la, Nufialagã Davies gblɔ kpee be: “Ne míede ŋugble le nusiawo katã ŋu la, wonaa kakaɖedzi wɔdɔɖeamedzi mí be agbe abe alesi míenyae ene la nɔ te ɖe se si kplɔa dzɔdzɔmeŋusẽwo nu, kpakple ɖe nusiwo dze abe nudzɔlewoɖokuisiwo ene le agbɔsɔsɔme si dzɔdzɔme tia na nu vovovoawo, ŋusẽ si wɔa dɔ ɖe wo dzi ƒe sesẽme kple esiawo tɔgbe la nu. . . . Esɔ gbɔ be míagblɔ be ne ɖe míate ŋu awɔ nusi Mawu wɔ, eye míatro mɔ̃ŋutinu aɖewo atsɔ atia xexlẽme siawo ƒe agbɔsɔsɔmee alesi dze mía ŋu la, míakpɔ be nusianu si woɖo ɖi si míatro la ana be womagate ŋu anɔ xexeame o. Le ɖewo gome la, edze abe ɖe wòle be woatrɔ asi le nuawo totro ŋu ale gbegbe be woasɔ pɛpɛpɛ hafi agbe nanya nɔ le xexeame ene. . . . Nyateƒe si wònye be tɔtrɔ suetɔwo kekeake ana míagade dzesi nuwo le xexeame o la nye nusi ŋu wòle be míabu vevie.”
Nusi wòfia na ame geɖee nye be Wɔla aɖe si si tameɖoɖo le ye wɔ míaƒe anyigba la kple xexeame ƒe akpa susɔeawo katã. Ne nenemae la, ke ele be míaku nusitae wòwɔ anyigba la me. Ehiã be míanya nusi nye eƒe tameɖoɖo ɖe anyigba la hã ŋu, ne míate ŋui. Le go sia me la, míekpɔa nu trama aɖe. Togbɔ be mawudzimaxɔse bɔ hã la, ewɔ nuku be ame gbogbo aɖewo gaxɔe se be Wɔla nyanu aɖe li. Kristodukɔa ƒe sɔlemeha akpa gãtɔ gblɔna ko be eyae nye Mawu ŋusẽkatãtɔ kple míaƒe xexeame Wɔla la. Gake ƒã hafi subɔsubɔha siawo dometɔ aɖe atsɔ dzideƒo kple kakaɖedzi aƒo nu tso tame si Mawu ɖo ɖe anyigba la ƒe etsɔme ŋu la ŋuti.
Nya Kae Biblia Gblɔ?
Susu le eme be míatrɔ ɖe nyatakakatsoƒe si dzi woda asi ɖo le afisiafi be etso Wɔla la gbɔ ŋu. Nyatakakatsoƒe mae nye Biblia. Nya bɔbɔe siwo me kɔ ale gbegbe si wògblɔ tso anyigba ƒe etsɔme ŋu la dometɔ ɖeka dze le Nyagblɔla 1:4. Afima xlẽ be: “Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.” Biblia gblɔ nusita Yehowa Mawu wɔ anyigba la eme kɔ ƒã. Egafia hã be edae ɖe afisi sɔ nɛ tututu le xexeame be wòanɔ afisi sɔ na míaƒe ɣea be nugbagbewo nate ŋu anɔ agbe le edzi. Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbɔgbɔ ʋã blema nyagblɔɖila Yesaya wòŋlɔ be: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, eya amesi nye Mawu, eya amesi mè anyigba, eye wòwɔe; eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi: Nyee nye Mawu, ɖeke mekpe ɖe ŋunye o.”—Yesaya 45:18.
Gake esi amegbetɔ to mɔnu siwo dzi wòato atsrɔ̃ agbe ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi ya ɖe? Mawu tso eƒe nunya si ɖeke mesɔ kple o me gblɔ be yeade nu nyawo me hafi ameƒomea nate ŋu atsrɔ̃ agbe ƒomevi ɖesiaɖe ɖa le míaƒe anyigba la dzi. Se ŋugbedodo dedziƒoname sia le Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ si nye Nyaɖeɖefia me ɖa: “Dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be nàtsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Yehowa ɖe tameɖoɖo si koŋ tae wòwɔ anyigba, esi dzinudzidela aɖe yɔ be enye dzonu xɔasi, la fia mí. Eɖoe be wòanye xexeame katã ƒe paradiso si me amesiame—ŋutsuwo kple nyɔnuwo—anɔ dziɖeɖitɔe le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. Mawu wɔ ɖoɖo be vivivi la, yeana ame eve gbãtɔwo ƒe dzidzimeviwo nayɔ anyigba bliboa dzi. Yehowa wɔ anyigba la ƒe akpa sue aɖe paradisoe na atsu kple asi gbãtɔwo ƒe vivisese kple dzidzɔkpɔkpɔ. Ne amegbetɔƒomea le dzidzim le ƒe alafawo me la, Eden-bɔa anɔ kekem ɖe enu ʋeʋeʋe vaseɖe esime Mose I, 1:28 nava eme: “Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.”
Ne míekpɔ nɔnɔme wɔnublanui si me anyigba kple edzinɔlawo le fifia la, ɖe wòfia be tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu le gɔmedzedzea me tsi akpo dzia? Alo ɖe wòtrɔ eƒe tameɖoɖoa be le ameƒomea ƒe aglãdzedzea ta yeaɖe asi le anyigba la ŋu wòagblẽ keŋkeŋ ne yeagbugbɔ nusianu awɔa? Ao, míate ŋu aka ɖe edzi be menye nu eve siawo dometɔ aɖekee wòɖo be yeawɔ o. Biblia gblɔ na mí be nusianu si Yehowa ɖo la ava eme godoo, eye be amegbetɔ alo nuɖiɖeame aɖeke mate ŋu agblẽ eme o. Eka ɖe edzi na mí be: “Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”—Yesaya 55:11.
Wodo Kplamatse Mawu ƒe Tameɖoɖo, Gake Metrɔ O
Esi Adam kple Xawa gbe nuteƒewɔwɔ eye wonyã wo le Eden-bɔa me la, edze kɔte be tame si Mawu ɖo be yeana anyigba nazu paradiso la ava me woawo manɔmee. Gake ɣemaɣi tututue Yehowa ɖee fia be woƒe dzidzimeviwo dometɔ aɖewo ana yeƒe tameɖoɖo gbãtɔ ma nava eme. Axɔ ɣeyiɣi ya, axɔ ƒe alafawo kura gɔ̃ hã, gake womegblɔ naneke si fia ɣeyiɣi didime si anye ne eyae wòaxɔ hafi tameɖoɖo ma nava eme ne ɖe Adam kple Xawa siaa gakpɔtɔ nye ame deblibowo gɔ̃ hã o. Nya lae nye be le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu—si anye ƒe akpe ɖeka kple nu vi aɖe tso fifia—megbe la, Paradiso ƒe nɔnɔme siwo nɔ Eden la akeke ɖe enu aɖo anyigba la katã si dzi ame eve gbãtɔawo ƒe dzidzimevi siwo nye ŋutifafame siwo dzi le dzɔdzɔm la ayɔ la dzi. Le nyateƒe me, esia anye Yehowa si nye Tameɖola si medoa kpo nu o la taʋiʋli mavɔ!
Ekema nyagblɔɖi dodzidzɔname siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ tso gbaɖegbe ʋĩ la ava me. Ŋɔŋlɔwo abe Yesaya 11:6-9 ene ava eme le ŋutikɔkɔe gã me: “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãklẽ atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo. Nyinɔ kple sisiblisinɔ woaɖu gbe, eye wo viwo atsyɔ akɔ ɖe afi ɖeka. Dzata aɖu gbe abe nyi ene. Ðevi nono afe le ƒli ƒe do nu, eye ɖevi, si ɖi no la, aƒo asi ɖe dakpui ƒe do me. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba blibo la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”
Lãmegbegblẽ kple dɔlémafɔewo azu gbaɖegbenyawo eye nenema ke nye ku ŋutɔ hã. Ðe nane me agate ŋu akɔ wu nya siawo siwo gɔmesese bɔbɔ alea si woŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ mamlɛa mea? “Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Ẽ, dzi ate ŋu aɖo mía ƒo—míaƒe Anyigba dzeani la anɔ anyi ɖaa. Neva eme na wò be nàtsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia kple eƒe anyigba gbegblẽ nuwɔnawo ƒe nuwuwu me. Mawu ƒe xexe yeye si me kɔ la tu aƒe ŋutɔ. Eye woanyɔ lɔlɔ̃tɔ geɖe tso ame kukuwo dome le nukunu si nye tsitretsitsi la me. (Yohanes 5:28, 29) Nyateƒee, míaƒe anyigba la anɔ anyi ɖaa, eye míate ŋu anɔ edzi ase vivi le edzi.