INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 7/1 axa 30-31
  • Samariatɔ Aɖe Nye Havi Nyui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Samariatɔ Aɖe Nye Havi Nyui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Samariatɔ si ƒe Dɔme Trɔna
  • Nusɔsrɔ̃ si Le Eme na Mí
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Havi Nyui Abe “Samariatɔ Havilɔ̃la” Ene?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Samariatɔ Havilɔ̃la Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Samariatɔ Aɖe Ðee Fia Be Yenye Havi Nyui
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Dɔmenyowɔwɔ Ŋuti Nufiame Aɖe
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 7/1 axa 30-31

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Samariatɔ Aɖe Nye Havi Nyui

LE YESU ŋɔli la, fuléle si dze gaglã nɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔwo dome. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wova de se gɔ̃ hã le Yudatɔwo ƒe Mishnah la me be mele be Israel-nyɔnu nakpe ɖe amesi menye Yudatɔ o ŋu le vidzidzi me o, le esi wòanye kpekpeɖeŋu nana be woagadzi Trɔ̃subɔla bubu ɖe xexeame ta.—Abodah Zarah 2:1.

Ƒomedodo kplikplikpli nɔ Samariatɔwo kple Yudatɔwo dome le subɔsubɔ kple dzɔdzɔme siaa gome wu Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo. Ke hã womebua wo ɖe wo ɖokui dome o. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Yudatɔwo kple Samaria-tɔwo menyina o.” (Yohanes 4:9) Le nyateƒe me wofia le Talmud la me be “abolo kakɛ si Samariatɔ ana la nye numakɔmakɔ wu ha ƒe lã.” Yudatɔ aɖewo zãa nya “Samariatɔ” gɔ̃ hã tsɔ ɖea ŋunyɔame kple vlodoame fiana.—Yohanes 8:48.

Le susu sia ta la, nufiame ŋutɔe Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na Yuda-senyala aɖe la nye. Ŋutsua te ɖe Yesu ŋu bia be: “Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?” Le eŋuɖoɖo me la, Yesu he eƒe susu yi Mose ƒe Se si fia be ‘nàlɔ̃ Yehowa kple wò dzi, luʋɔ, ŋusẽ, kple tamesusu blibo,’ kple ‘nàlɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene’ la dzi. Emegbe senyala la bia Yesu be: “Amekae nye hanyevi mahã?” (Luka 10:25-29; Mose III, 19:18; Mose V, 6:5) Le Farisitɔwo ƒe nya nu la, nya “havi” fia amesi wɔna ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi ko—edze ƒã be mefia Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo alo Samariatɔwo o. Ne ɖe senyala numekula sia susu be Yesu ade nukpɔsusu sia dzi la, ke eƒe nu aku kpuie.

Samariatɔ si ƒe Dɔme Trɔna

Yesu do lo aɖe tsɔ ɖo ŋutsua ƒe biabia ŋui.a Egblɔ be: “Ame aɖe tso Yerusalem heyina Yerixo.” Mɔ si tso Yerusalem yi Yerixo ƒe didime anɔ kilometa 23. Mɔ si le du eve siawo dome xa gobagoba eye agakpewo do nu ɖe mɔa me, ale be wònɔa bɔbɔe na fiafiwo be woabe, adze ame dzi, ahasi adzo. Eva dzɔ be mɔzɔla si le Yesu ƒe lododoa me “[va dze] adzodalawo si me, eye woɖe eƒe awu le eŋu, eye esi wode abi eŋu la, wodzo hegblẽe ɖi wòku afã kple afã.”—Luka 10:30.

Yesu yi edzi be: “Ke eva ve me bena, mawununɔla aɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi. Nenema ke Lewitɔ aɖe hã, esi wòva ɖo teƒe la, eye wòkpɔe la, eto eŋu heyi.” (Luka 10:31, 32) Nunɔlawo kple Lewitɔwoe nye Sea fialawo—si me havilɔlɔ̃sea hã le. (Mose III, 10:8-11; Mose V, 33:1, 10) Nyateƒe wònye be woawo kurae wòle be woakpe ɖe mɔzɔla xɔabia ŋu hafi.

Yesu yi edzi be: “Ke Samariatɔ aɖe le mɔ zɔm va ɖo afisi wòle.” Samariatɔa yɔyɔ anya na senyala la nadi nya geɖe be yease. Ðe Yesu ade wo detɔwo ƒe nukpɔsusu gbegblẽa dzia? Esi Samariatɔa boŋ ke ɖe mɔzɔla si dze afɔku ŋu la, “eƒe dɔme trɔ ɖe eŋu.” Yesu gblɔ be: “Eye esi wòva egbɔ la, etsɔ ami kple wein hekɔ ɖe eƒe abiawo me, eye wòbla wo, eye esi wòtsɔe ɖo ye ŋutɔ ƒe lã dzi la, ekplɔe yi amedzrodzeƒe, eye wòkpɔ edzi.b Eye esi ŋu [ke] la, etsɔ denario eve na aƒeatɔ, eye wògblɔ bena: Kpɔ edzi, eye nusi ke nagagblẽ ɖe edzi la, nye la le nye tɔtrɔgbɔ me la maɖo eteƒe na wò.”—Luka 10:33-35.

Azɔ Yesu bia amesi bia gbee la be: “Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?” Senyala la nya ŋuɖoɖoa, gake ewɔ abe gbɔgblɔ be “Samariatɔ lae” sesẽ nɛ ene. Ke boŋ, ɖeko wògblɔ be: “Amesi kpɔ nublanui nɛ lae.” Azɔ Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi, eye nawɔ nenema ke.”—Luka 10:36, 37.

Nusɔsrɔ̃ si Le Eme na Mí

Ðe amesi va bia nya Yesu la biae kple susu be “yeatso afia na [ye] ɖokui.” (Luka 10:29) Ðewohĩ esusu be Yesu akafu ye ɖe alesi yetsɔa kutrikuku léa Mose ƒe Sea me ɖe asi ta. Gake ele be ɖokuiŋudzela sia nasrɔ̃ Biblia ƒe lododo sia ƒe nyateƒea be: “Ŋutsu ƒe mɔwo katã dzɔ le eŋku me; ke Yehowa ye daa dziwo kpɔna.”—Lododowo 21:2.

Yesu ƒe lododoa fia be amesi wɔa nu dzɔdzɔe ŋutɔŋutɔ la mewɔa Mawu ƒe sewo dzi ko o ke esrɔ̃a eƒe nɔnɔmewo hã. (Efesotɔwo 5:1) Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ na mí be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o.” (Dɔwɔwɔwo 10:34) Ðe míesrɔ̃a Mawu le go sia mea? Yesu ƒe lododo ʋãmea fia be ele be míaƒe havilɔlɔ̃ nagbɔ dukɔ, dekɔnu, kple subɔsubɔ ƒe mamãwo ŋu. Le nyateƒe me la, wogblɔ na Kristotɔwo be ‘woawɔ nu nyui na amesiame’—menye na míaƒe hatiwo, amesiwo ƒe ŋutigbalẽ sɔ kple mía tɔ, alo míaƒe dukɔ me tɔwo ko o eye menye na haxɔsetɔwo ɖeɖeko o.—Galatiatɔwo 6:10.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ la, woɖoa kpekpeɖeŋununanawo ɖe haxɔsetɔwo kple amesiwo menye Ðasefowo o siaa.c Gakpe ɖe eŋu la, ƒuƒoƒo bliboa zãa gaƒoƒo biliɔn ɖeka kple edzivɔ tsɔ kpena ɖe amewo ŋu ƒe sia ƒe be Biblia me sidzedze si nyo wu nasu wo si. Wodzea agbagba be yewoatsɔ Fiaɖuƒe gbedasia ayi na amesiame, elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:4; Dɔwɔwɔwo 10:35.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Zi geɖe lododo nyea nya kpakpa kpui aɖe si me wote ŋu fɔa agbenyuinɔse alo gbɔgbɔmenyateƒe aɖe le.

b Edze ƒã be menye dzeƒe koe Yesu ŋɔli ƒe amedzrodzeƒewo nyena o ke wonaa nuɖuɖu henaa kpekpeɖeŋu bubuwo hã. Anye dzeƒe siawo ƒomevie nɔ susu me na Yesu, elabena Helagbe me nya si wozã le afisia to vovo na esi wozã na “amedzrodzeƒe” le Luka 2:7.

c Àkpɔ kpɔɖeŋuwo le Gbetakpɔxɔ, December 1, 1996, axa 3-8, kple January 15, 1998, axa 3-7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe