Aleke Nàwɔ Akpɔ Viwòwo Ta?
ESI Wernera de suku si le woƒe nutoa me ƒe geɖe do vɔ la, wo kple sukuvi siwo ade 3,000 yi suku kɔkɔ le São Paulo, Brazil. Emae nye zi gbãtɔ si wòkpɔ ehati sukuviwo nɔ atikevɔ̃ɖi dzram nɔ ezãm hã. Esi wònye ame kpui me ta la, etɔ sukuvi siwo le ŋgɔ nɛ va nɔ exɔxɔ ɖe wo dome kɔnu ɖigbɔ siwo me afɔku le wɔm nɛ.
Kuxiwo nɔ Werner nɔvinyɔnu sue Eva hã ŋu. Esi wòdi be yeawɔ yeƒe ŋutete ɖesiaɖe ta la, esrɔ̃ nu ale gbegbe be nu ti kɔ nɛ eye wòtɔtɔ le susu me. Abe ƒewuivi bubuwo ene la, Werner kple Eva hiã ŋutilã me kple seselelãme takpɔkpɔ. Kpekpeɖeŋu ka ƒomevie viwòwo hiã? Aleke nàwɔ adzra wo ɖo ɖe woƒe tsitsi ŋu? Le nyateƒe me, etsɔme ka ƒomevi dim nèle na viwòwo?
Menye Ŋutilãmenuhiahiãwo Koe Hiã Wo O
Tɔ sẽ nàbu kuxi siwo dzilawo doa goe le wo viwo takpɔkpɔ me egbea ŋu kpɔ. Le ƒomegbenɔnɔ ƒe gbegblẽ kple ahedada ƒe dzidziɖedzi le dukɔ geɖe me ta la, dzidzim ɖe edzi koe ɖevi siwo tsia ablɔdzi le. Ðeviwo tamakpɔmakpɔ tso amebalawo si mee naa ɖeviwo ŋutɔ wɔa dɔ tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii. Atikevɔ̃ɖizazã hã le nu gblẽm le ɖevi geɖewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Brazil-vi ƒewuivi aɖe zu atikevɔ̃ɖizãla la, ŋutifafa bu le woƒe aƒeme. Tsɔ kpe ɖe seselelãme ƒe vevesese si wònye na dzilawo ŋu la, wotsoa hloloe be yewoakpɔ ga atsɔ ada dɔ nɛ, eye atikevɔ̃ɖidzrala siwo mekpɔa nublanui na ame o vaa wo ƒeme va nɔa fe lĩmee.
Gake togbɔ be agbemenuteɖeamedziwo le dzilawo dzi hã la, wo dometɔ geɖe le agbagba dzem kpem, menye le nuɖuɖu, awu, alo nɔƒe ko didi na wo me o, ke le wo takpɔkpɔ tso ŋutasesẽnuwɔwɔ, atikevɔ̃ɖizazã, kple kuxi bubuwo hã me. Woƒe agbagbadzedze sia dze kafukafu ale gbegbe, gake ɖe eya ɖeɖe sɔ gbɔa? Ke wo takpɔkpɔ tso seselelãme kple gbɔgbɔ me nugblẽnuwo me hã ɖe? Ame geɖe nya be vinyinyi nyuitɔ bia be woalé ŋku ɖe amesiwo yewo viwo tiana be yewoadze xɔ̃e kple woƒe modzakaɖeɖe hã ŋu. Gake aleke dzilawo awɔ be womade se ɖe nusianu nu na wo viwo alo awɔ vi na wo o? Míele kpewòm be nàbu ŋuɖoɖo siwo le nyati si kplɔe ɖo me ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ŋkɔ siwo míeyɔ le nyati sia me la menye ameawo ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ o.