Nukatae Kakaɖeamedzi Megabɔ O?
‘ÐE NÀTE ŋu aka ɖe amesiame ko dzi ŋutɔŋutɔ le egbe ŋkekeawo mea?’ Ðewohĩ èsee kpɔ be ame aɖe si ƒo dzi ɖe le bia nya sia. Alo ɖewohĩ wò ŋutɔ èbia nya ma esime nètsi dzimaɖi le nusi dzɔ ɖe dziwò le agbe me ta.
Ðikeke manɔmee la, amewo megaka ɖe habɔbɔwo kple ame bubuwo dzi o le xexeame katã. Zi geɖe la, kakaɖedzimanɔamesi sia le eteƒe. Ðe amewo kpɔa mɔ ŋutɔŋutɔ be dunyahela akpa gãtɔ nawɔ ŋugbe siwo katã wodo esime wonɔ didim be woada akɔ na yewo la dzia? Wokpɔe le numekuku aɖe si wowɔ le sukuvi 1,000 ŋu le Germany le ƒe 1990 me be esi wo dometɔ 16.5 le alafa me ka ɖe edzi be dunyahelawo ate ŋu akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ la, ɖikeke sẽŋu nɔ xexlẽme ma ƒe teƒe eve ya me. Eye wo dometɔ akpa gãtɔ gblɔ be yewomeka ɖe dunyahelawo dzi be woate ŋu akpɔ kuxiwo gbɔ o eye yewomeka ɖe edzi be woalɔ̃ akpɔ wo gbɔ o.
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Stuttgarter Nachrichten fa konyi be: “Nu gbãtɔ si ŋu dunyahela gbogbotɔ tsi dzi ɖoe nye woawo ŋutɔ ƒe viɖewo, eyome hafi ɖewohĩ wogatsia dzi ɖe amesiwo daa akɔ na wo la ŋu.” Dukɔ bubuwo me tɔwo hã lɔ̃ ɖe edzi. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The European gblɔ le dukɔ aɖe ŋu be: “Sɔhɛwo tɔ dzɔ be womeka ɖe dunyahelawo dzi o eye nenema ke woƒe ame tsitsiwo hã meka ɖe wo dzi o.” Egblɔ be ‘akɔdalaawo daa akɔ ɖea dunyahehawo le zi dzi enuenu.’ Nyadzɔdzɔgbalẽa gagblɔ be: “Amesiame si ava nɔ [afima] sɔhɛwo dome akpɔe enumake be kakaɖedzi megale wo si o eye be wosee le wo ɖokui me be yewotsi asi.” Evɔ ne amehawo megaka ɖe demokrasidziɖuɖu aɖe dzi o la, wɔna boo meganɔa eŋu o. Dukplɔla John F. Kennedy si ɖu United States dzi kpɔ gblɔ be: “Ne amehawo ka ɖe dziɖuɖu dzi ko hafi wòkpɔa dzidzedze.”
Alesi ganyawo trɔ gbo eye gakpɔkpɔ kaba ƒe mɔnuwo me gblẽ la wɔe be amewo he ɖe megbe ale be womegakana ɖe xexeame ƒe ganyawo dzi o. Esi xexeame adzɔhawo ƒe dɔwɔgawo ƒe home trɔ nyamanyama le October 1997 me la, nyadzɔdzɔmagazine aɖe ƒo nu tso “makamakaɖeamedzi si tɔgbe mebɔ o si me susu menɔna ɣeaɖewoɣi o” kple “makamakaɖeamedzi ƒe nɔnɔme si va le ame geɖe si nɔm” ŋu. Egblɔ hã be “kakaɖeamedzi bu le [Asia dukɔ aɖe me] ale gbegbe be edze abe . . . dziɖuɖua ƒe anyinɔnɔ ɖo afɔku me ene.” Egblɔ nusi dze ƒã tsɔ ƒo eta be: “Dukɔwo ƒe gaŋutiɖoɖowo nɔ te ɖe amewo ƒe kakaɖedzi dzi.”
Subɔsubɔhawo hã megale nu wɔm be woaka ɖe wo dzi o. Germany ƒe subɔsubɔgbalẽ si nye Christ in der Gegenwart gblɔ nublanuitɔe be: “Kakaɖedzi si le amehawo si na Sɔlemeha la kpɔtɔ le to yim.” Le ƒe 1986 kple 1992 dome la, Germanytɔ siwo ka ɖe sɔlemeha la dzi vevie, alo ka ɖe edzi va ɖo afi aɖe ƒe xexlẽme ɖiɖi tso 40 va ɖo 33 le alafa me. Le nyateƒe me eɖiɖi va 20 le alafa me le Ɣedzeƒe Germany si nɔ anyi tsã. Le go bubu me la, amesiwo meka ɖe sɔlemeha la dzi tututu o alo meka ɖe edzi kura o la dzi ɖe edzi tso 56 va ɖo 66 le alafa me le tsã Ɣetoɖoƒe Germany eye eɖo alafa memamã 71 le tsã Ɣedzeƒe Germany.
Menye dunyahehawo, gaŋutiɖoɖowo, kple subɔsubɔhawo—siwo nye ameƒomea ƒe sɔti etɔ̃awo—dzi koe womegaka ɖo o. Senyawo gbɔ kpɔkpɔ hã nye kpɔɖeŋu bubu. Gbagbãƒe siwo le hlɔ̃dodosewo ŋu, alesi womete ŋu le sea ŋudɔ wɔm le dzɔdzɔenyenye me o, kple ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nyametsotso siwo me mekɔ o na wòsesẽ ŋutɔ na amewo be woaka ɖe ame dzi. Le Time magazine ƒe nya nu la, “alesi wote ŋu ɖea asi le adzoblasuwo ŋu wogaɖoa gbɔdome enuenu le segbɔkpɔɖoɖo si li me ta la wɔe be kakaɖedzi aɖeke megale dumeviwo kple kpovitɔwo me kura o.” Le alesi wotsoa kpovitɔwo nu ɖe nufitifitiwɔwɔ kple anyrawɔwɔ ta la, amewo megakana ɖe kpovitɔwo gɔ̃ hã dzi o.
Le dukɔwo dome dunyahenyawo gome la, ŋutifafawɔwɔ ƒe takpekpewo ƒe mɔtatsitsi kpakple aʋamawɔmawɔ ƒe sewo dzi dada katã fia be kakaɖeamedzi meli o. Bill Richardson si nye United States ƒe amedɔdɔ le Dukɔ Ƒoƒua me tɔ asi nusi koŋ tae ŋutifafa mete ŋu le Titina Ɣedzeƒe vam o dzi gblɔ be: “Kakaɖeamedzie meli o.”
Azɔ hã le ame ɖekaɖekawo dome la, ame geɖe megaka ɖe ƒometɔ kpamkpamwo kple xɔlɔ̃ veviwo dzi o, evɔ amesiawo tututu ŋue amewo trɔna ɖo be woase nu gɔme na yewo ahafa akɔ na yewo ne wodo go kuxiwo. Ðeko wòsɔ kple nusi Hebri-nyagblɔɖila Mixa gblɔ be: “Migaxɔ miaƒe zɔhɛ dzi se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la gbɔ.”—Mixa 7:5.
Ɣeyiɣiawo ƒe Dzesi
Wobe nyitsɔ laa la, Germany ƒe susuŋutinunyala Arthur Fischer gblɔ be: “Kaka ɖe dukɔ ƒe nyonyo kple ame ŋutɔ ƒe etsɔme dzi yi to ale gbegbe be ekpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔna ɖesiaɖe dzi. Sɔhɛwo megaka ɖe edzi be dukɔ ƒe habɔbɔwo ate ŋu akpe ɖe yewo ŋu o. Womegaka ɖe naneke dzi o, eɖanye dunyahehawo, subɔsubɔhawo, alo habɔbɔ bubu ɖesiaɖe ye o.” Mewɔ nuku o be hadomegbenɔnɔŋutinunyala Ulrich Beck ƒo nu tso “ɖikeke ƒe nɔnɔme” si va le amewo me ɖe tatɔwo, habɔbɔwo, kple ame bibiwo ŋu la ŋuti.
Le nɔnɔme sia ƒomevi me la, amewo ɖea wo ɖokui ɖe aga, wogbea tanyenye ɖesiaɖe, eye wolɔ̃a agbenɔnɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe dzidzenuwo nu hetsoa nya me ame bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖo alo mɔfiafia maxɔmaxɔe. Ne ame aɖewo le nu wɔm kple amesiwo dzi wokpɔ be yewomagate ŋu aka ɖo o la, wova nɔa nazã bum akpa, eye kura gɔ̃ hã wowɔa nu ameŋumabumabui. Nuwɔwɔ alea wɔnɛ be nɔnɔme manyomanyo aɖe va xɔa aƒe ɖi, abe alesi Biblia gblɔe ene be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, nugɔmemaselawo, amegɔmezɔlawo, ɖokuidzimaɖulawo, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo, amesiwo lɔ̃a modzakaɖeɖe wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le gake wodo vlo eƒe ŋusẽ.” (Timoteo II, 3:1-5, NW; Lododowo 18:1) Nyateƒee, alesi kakaɖeamedzi megabɔ egbea o la nye ɣeyiɣiawo ƒe dzesi, enye “ŋkeke mamlɛawo” ƒe dzesi.
Agbe manya nɔ tututu le vivisese blibo me le xexe si me kakaɖeamedzi megabɔ le o, eye amesiwo ɖi esiwo ŋu nya wogblɔ le etame le agbɔ sɔm ɖe edzi me o. Gake ɖe wòsɔ be míasusu be nuwo ava trɔa? Ðe alesi kakaɖeamedzi megabɔ egbea o nu ava yia? Ne ava yi la, ke alekee eye ɣekaɣie?