INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 7/8 axa 4-7
  • Nusiwo Xea Mɔ Na Kadodo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusiwo Xea Mɔ Na Kadodo
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Dekɔnu Kpɔa Ŋusẽ ɖe Amesi Ƒomevi Míenye Dzii
  • ‘Alesi Míawo Míewɔnɛ Ye Nyo Wu’
  • Míaƒe Nukpɔsusu si Míakeke Ðe Enu
  • Mɔxenuwo Ðeɖeɖa Ahatu Kadodo Ðo
    Nyɔ!—1996
  • Dekɔnuwo Kple Kristotɔwo ƒe Gɔmeɖosewo—Ðe Wosɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Dukɔ Bubu me Tɔwo—Aleke Nàte Ŋu Akpe Ðe Wo Ŋui?
    Nyɔ!—1992
  • Xexeame Godoo Nye Kɔƒe Ðeka Gake Memamã Gakpɔtɔ Li
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 7/8 axa 4-7

Nusiwo Xea Mɔ Na Kadodo

ROBERT nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla si le Sierra Leone, Ɣetoɖoƒe Afrika. Gbeɖeka esi wòva ɖo dukɔa me eteƒe medidi o la, enɔ zɔzɔm le mɔ aɖe to eye wòkpɔ be dua me viwo nɔ aƒa dom be “Yevu! Yevu!” Robert si nye Amerikatɔ ameyibɔ la tsa ŋku be yeakpɔ yevua, gake ame bubu aɖeke meganɔ afima o. Ɣemaɣi hafi wònya be ye tae ɖeviawo nɔ ɣli dom ɖo!

Susu vɔ̃ aɖeke menɔ aƒadodo ma me o. Ðeko ɖeviawo nɔ alesi wode dzesii be Robert nye ameƒomevi si to vovo na yewo la gblɔm fia. Wosusu be Robert yɔyɔ be enye yevue nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi yewoate ŋu ato aɖe vovototo ma gblɔ.

Alesi Dekɔnu Kpɔa Ŋusẽ ɖe Amesi Ƒomevi Míenye Dzii

ROBERT nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dutanyanyuigblɔla si le Sierra Leone, Ɣetoɖoƒe Afrika. Gbeɖeka esi wòva ɖo dukɔa me eteƒe medidi o la, enɔ zɔzɔm le mɔ aɖe to eye wòkpɔ be dua me viwo nɔ aƒa dom be “Yevu! Yevu!” Robert si nye Amerikatɔ ameyibɔ la tsa ŋku be yeakpɔ yevua, gake ame bubu aɖeke meganɔ afima o. Ɣemaɣi hafi wònya be ye tae ɖeviawo nɔ ɣli dom ɖo!

Susu vɔ̃ aɖeke menɔ aƒadodo ma me o. Ðeko ɖeviawo nɔ alesi wode dzesii be Robert nye ameƒomevi si to vovo na yewo la gblɔm fia. Wosusu be Robert yɔyɔ be enye yevue nye mɔ nyuitɔ kekeake si dzi yewoate ŋu ato aɖe vovototo ma gblɔ.

Alesi Dekɔnu Kpɔa Ŋusẽ ɖe Amesi Ƒomevi Míenye Dzii

Woɖe dekɔnu gɔme gbadzaa be enye “nukpɔsusu aɖewo siwo dzi amewo da asi ɖo, . . . kɔnu, dzixɔse, kple nunya siwo ɖea dzesi le ame aɖewo ƒe agbenɔnɔ me.” To nufiafia mí tẽ me la, míesrɔ̃a gɔmeɖose geɖe tso dekɔnu me, gake geɖe zua numame na mí le manyamanya me gɔ̃ hã. Numekula aɖe agblɔ be: “Tso [ɖevi] dziɣi ke la, dekɔnu si me wodzii ɖo kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe nunya kple nuwɔna dzi. Kaka wòadze nuƒoƒo gɔme la, ezu ɖevi si wɔa nu ɖe eƒe dekɔnu nu, eye kaka wòatsi ava nɔ gome kpɔm le wo detɔwo ƒe dɔwɔnawo me la, woƒe numamewo nyea eƒe numamewo, woƒe dzixɔsewo nyea eƒe dzixɔsewo, nusiwo dzi womeda asi ɖo la nyea esiwo dzi meda asi ɖo o.”

Dekɔnuwo naa agbenɔnɔ nɔa bɔbɔe na mí le go geɖe me. Esi míenye ɖeviwo la, míesrɔ̃ alesi míawɔ nu wòadze mía dzilawo ŋu kabakaba. Ne míenya nusiwo dzi mía detɔwo da asi ɖo kple esiwo dzi womeda asi ɖo o la, ekpena ɖe mía ŋu míetsoa nya me le alesi míawɔ nu, nusi míado, kple alesi míawɔ nu ɖe amewo ŋui.

Gake amesi ƒomevi mía dometɔ ɖesiaɖe nye la menɔ te ɖe dekɔnu si wotsɔ nyi míi ɖeɖeko dzi o. Amewo to vovo le dekɔnu ɖesiaɖe me tɔwo dome. Domenyiŋusẽ, míaƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me, kple nu bubu geɖe hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe amenyenye dzi. Ke hã la, nukpɔsusu si nɔa mía si ɖe amegbetɔ bubuwo ŋu nɔa te ɖe dekɔnu dzi.

Le kpɔɖeŋu me, menye gbe si míegblɔna ɖeɖeko dzie míaƒe dekɔnu kpɔa ŋusẽ ɖo o ke alesi míegblɔnɛ hã. Le Titina Ɣedzeƒe ƒe akpa aɖewo la, amewo dea asixɔxɔ alesi woate ŋu azã nya geɖe atsɔ aƒo nu aɖaŋutɔe to nyagbugbɔgblɔ kple kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo zazã me ŋu. To vovo na ema la, Ɣedzeƒeʋĩ dukɔ aɖewo me tɔwo meƒoa nu fũ o. Japantɔwo ƒe lododo aɖe ɖe nukpɔsusu sia fia be: “Wò nue awu wò.”

Míaƒe dekɔnu kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua gamee dzi. Le Switzerland la, ne woɖo gbe ɖi eye nètsi megbe aɖabaƒoƒo ewo la, wokpɔ mɔ be nàdo taflatse. Le dukɔ bubuwo me la, àte ŋu atsi megbe gaƒoƒo ɖeka alo eve eye ƒã hafi woakpɔ mɔ be nàdo taflatse. Míaƒe dekɔnuwo fiaa agbemedzidzenuwo mi. De ŋugble le alesi nàse le ɖokuiwò me ne ame aɖe gblɔ na wò be: “Èle lãme kpɔm ŋutɔ. Èle lolom vavã!” Ne Afrika nuto aɖe si me wodea asixɔxɔ lolo ŋu le ye wonyi wò le la, anɔ eme be nyagbɔgblɔ ma avivi nuwò. Gake ne Ɣetoɖoƒe-dukɔ aɖe mee wonyi wò le, afisi wodea bubu ame tralɛwo ŋu le vevie la, nya ma si wogblɔ faa ave dɔme na wò.

‘Alesi Míawo Míewɔnɛ Ye Nyo Wu’

Nusi na amesiwo tso nuto vovovowo me mete ŋu dea ha kple wo nɔewo o enye be afisiafitɔwo susunɛ be yewoƒe dekɔnu nyo wu. Mía dometɔ akpa gãtɔ susuna na be míaƒe dzixɔsewo, gɔmeɖosewo, kɔnuwo, dzadzraɖo, kple nukpɔsusu le nyonyo ŋue nye nyuitɔ, esɔ, eye wòde ŋgɔ wu bubu ɖesiaɖe. Míaƒe nutometɔwo ƒe agbemedzidzenuwo dzi hãe míenɔa te ɖo tso nya me le dekɔnu bubuwo ŋu. Woyɔa tamesusu ma be amedekɔnudzidede. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Míate ŋu agblɔ be amedekɔnudzidede . . . le xexeame katã kloe. Xexeame ƒe dekɔnuwo katã kloe me tɔwo bua alesi wowɔa nui be ede ŋgɔ wu wo havi siwo te ɖe wo ŋu kplikplikpli gɔ̃ hã tɔ.”

Ƒe alafa eve enye si va yi la, Eŋlisi dumegã aɖe gblɔ nya la tẽ be: “[Le nusi] teƒe kpɔm mele nu la, amedzrowo dzo movi.” Agbalẽ si me nyayɔyɔ siawo dze le ƒe nuŋɔŋlɔmetola ŋlɔ be: “[Esia] nye seselelãme si bɔ ɖe xexeame katã kloe si wogblɔ kpɔ.”

Nuwɔna siwo ɖea dzimagbɔɖi na dekɔnu bubu me tɔwo fiana la bɔ. Togbɔ be Germaniatɔ ŋutinyaŋlɔla aɖee ŋlɔ nya si gbɔna le ƒe 1930-awo me hã la, wobunɛ zi geɖe ɖe Nazitɔwo ƒe ŋgɔnɔla Hermann Göring ŋu: “Ne mese nya dekɔnu ko la, medoa asi ɖe nye tu gbɔ.”

Amedekɔnudzidede ƒe nukpɔsusu sesẽwo ate ŋu ahe vovototo dede ame dome vɛ, esi hã ate ŋu ahe fuléle kple aʋawɔwɔ vɛ. Richard Goldstone nye Dukɔwo Dome Hlɔ̃nuwɔnawo ƒe Nyadrɔ̃ƒea ƒe amesamala si le hlɔ̃ siwo wodo le aʋa siwo wowɔ le Rwanda kple Yugoslavia si nɔ anyi tsã me kum. Eƒo nu le anyra siwo wowɔ le aʋa eveawo me ŋu be: “Nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ le afisiafi. Dukɔ vovovo eve enye si, woƒe dekɔnuwo kple ŋutinyawo to vovo, gake ame havi [le] ŋutasẽnu ɖeka ƒomevi wɔm ɖe ehavi ŋu. Gbevovovodolawo alo subɔsubɔhawo dome ʋawɔwɔ anyratɔe sia ƒomevi nye vovototo dede ame nɔewo dome si wona wòdzi ɖe edzi zu ŋutasẽnuwɔna. Wobu fukpelawo be wonye ame ɖigbɔwo alo be gbɔgbɔ vɔ̃ le wo me. Ne edzɔ alea ko la, enana amewo ɖea asi le agbenyuinɔnɔ ŋuti se siwo ate ŋu axe mɔ na wo le dzɔdzɔme nu be woagawɔ nu dziŋɔ mawo o hafi la ŋu.”

Míaƒe Nukpɔsusu si Míakeke Ðe Enu

Zi geɖe la, amesiwo míedzea xɔlɔ̃e nyea amesiwo le abe míawo ke ene, amesiwo ƒe nuwɔnawo kple agbemedzidzenuwo sɔ kple mía tɔ. Míekana ɖe wo dzi eye míesea nu gɔme na wo. Míeɖea dzi ɖi ne míele woƒe ha me. Ne míebu ame aɖe ƒe nuwɔna be eto vo alo mesɔ o la, ɖewohĩ mía xɔlɔ̃wo awɔ ɖeka kple mí elabena alesi míebua nazãe ŋuti susue le mía xɔlɔ̃wo hã me.

Ke, vi kae wòaɖe na mí ne míede ha kple ame bubu siwo to vovo na mí le dekɔnu si wotsɔ nyiwoe ta? Viɖea ɖekae nye be kadodo nyui akpe ɖe mía ŋu míase susu siwo ta amewo bua tame hewɔa nu abe alesi wole ewɔmee ene la gɔme. Kunle si nye Ɣetoɖoƒe Afrikatɔ gblɔ be: “Womeɖe mɔ kura na ɖevi geɖe le Afrika be woanɔ nu ƒom le nuɖuɣi o. Gake le Europa-dukɔ aɖewo me la, woɖea mɔ be woaɖo dze le nuɖuɣi. Nukae adzɔ ne Europatɔ le nu ɖum kple Afrikatɔ? Awɔ nuku na Europatɔa abu tame be nukata Afrikatɔa zi ɖoɖoe abe ŋugble dem wòle le eƒe nuɖuɖu ŋu ene hã!” Edze ƒã be le nɔnɔme mawo me la, ame nɔewo ƒe dekɔnu si wotsɔ nyii gɔmesese awɔ geɖe aɖe nazãbubu le hame tɔwo ŋu ɖa.

Esi míeva le si dzem dekɔnu bubu me tɔwo la, menye alesi míese amewo gɔme ɖeɖekoe míaɖɔ ɖo o ke boŋ míase mía ŋutɔwo mía ɖokui gɔme hã ɖe edzi. Amegbetɔŋutinunyala aɖe ŋlɔ be: “Nu mamlɛtɔ si ŋu amesi le ƒu gɔme ake ɖoe nye tsi. Ne afɔku aɖe dzɔ eye wòva do ɖe gota eye wòke ɖe ya ŋu ko hafi wòanya be ya li. . . . Hafi woate ŋu anya alesi ame ŋute ƒe nutomewo le ŋutɔŋutɔ la, . . . ebia be woabu nu ŋu alakpamanɔmee, eye menya wɔna o.” Gake ne míeva nya nu tsi dekɔnu bubu me tɔwo ŋu ko la, míeva le abe ƒugɔmenɔla si va ke ɖe ya ŋu ene; míeva dzea si dekɔnu ƒe “tsi” si me míele. Agbalẽŋlɔla Thomas Abercrombie gblɔ nya la nyuie ale: “Amesi ame bubuwo ƒe dekɔnu medo dzidzɔ na o la, mate ŋu anya mɔxenu siwo le eya ŋutɔ tɔ me gbeɖe o.”

Kpuie ko la, ne míekeke míaƒe nukpɔsusu ɖe enu la, alesi míase dekɔnu bubuwo gɔmee la atu míaƒe agbe ɖo, ale be míase mía ɖokui kple ame bubuwo gɔme wu. Togbɔ be dekɔnu si wotsɔ nyi domee kple amedekɔnudzidede ƒe nukpɔsusu ate ŋu axe mɔ na kadodo hã la, mele be wòanɔ nenema hafi o. Míate ŋu aɖe mɔxenu mawo ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe