Mekpɔ Nane Si Xɔ Asi Wu Sika
ABE ALESI CHARLES MYLTON GBLƆE ENE
Gbeɖeka Papa gblɔ be: “Mina míaɖo Charlie ɖe Amerika afisi wogbea ga le ati dzi. Akpɔ nane aɖo ɖe míawo hãe!”
ALEAE amewo susui be sikae wotsɔ do mɔwoe le Amerika. Agbenɔnɔ menɔ bɔbɔe na amewo kura le Europa ƒe ɣedzeƒe ɣemaɣi o. Agble sue aɖe nɔ dzinyelawo si wonɔ nyi kple koklo ʋee aɖewo nyim le edzi. Elektrik kaɖi alo pɔmpi menɔ mía ƒeme o. Gake womenɔ ame aɖeke hã si le mía gbɔ o.
Wodzim le Hoszowczyk le January 1, 1893, dzi, ƒe 106 kloe enye sia. Mía dedua nɔ Galicia, si nye Austria kple Hungary fiaɖuƒea ƒe nuto aɖe me ɣemaɣi. Fifia Hoszowczyk va le Poland ƒe ɣedzeƒe eye wo kple Slovak kpakple Ukraine dome medidi o. Vuvɔ wɔna le afima ŋutɔ eye sno hã dzana ŋutɔ. Esi mexɔ abe ƒe adre ene la, mezɔa kilometa afã yi ɖaɖea do ɖe tɔʋu si trɔ zu sno la me kple fia hekua tsi le eme. Metsɔnɛ vaa aƒemee eye Dada tsɔ ɖaa nui, gatsɔ klɔa nuwoe hã. Enyãa nu le tɔʋua me le snokpe gãwo dzi.
Suku aɖeke menɔ Hoszowczyk o gake medze agbagba srɔ̃ Polandgbe, Russiagbe, Slovakiagbe, kple Ukrainegbe dodo. Wonyi mí le Greece Orthodɔks Ha me, eye menye misasubɔvi. Gake togbɔ be menye ɖevi sue hã la, dzi kuam ɖe nunɔlawo ŋu elabena wogblɔna na mí be mígaɖu lã le Fiɖagbewo o evɔ woawo ŋutɔ ya ɖunɛ.
Mía xɔlɔ̃ aɖewo gbɔ tso United States tsɔ ga gbɔe va dzra woƒe aƒewo ɖo eye woƒle agbledemɔ̃wo hã. Esiae ʋã Papa wògblɔ be yeakpem ɖe aƒelika aɖewo siwo gale ɖoɖo wɔm be yewoagayi Amerika ŋu ne mayi kple wo. Ƒe 1907 mee nye ma le nye ƒe 14 xɔxɔ me.
Tsaglãlatsatsa le Amerika
Kasia mekpɔ ɖokuinye le meli me, eye le kwasiɖa eve me la, míetso Atlantik-ƒua. Ele be dɔlar 20 nanɔ asiwò hafi nàkpɔ mɔ ayi ɣemaɣi eye ne mèkpɔe o la, woagbugbɔ wò ɖo ɖe mia de. Klosalogaku dɔlar 20 nɔ asinye ale menɔ ame miliɔn nane siwo to Ellis-ƒukpo dzi va to New York hege ɖe Amerika la dome. Gake ga menɔ atiwo dzi wogbena o eye menye sikae wotsɔ do lɔrimɔawoe o. Le nyateƒe me la, lɔrimɔ geɖe nɔ anyi si womedo kura o!
Míeɖo keteke yi Johnstown, Pennsylvania. Mía kple amesiwo le zɔzɔm la de afima kpɔ eyata wonya amedzrodzeƒe aɖe si mate ŋu adze. Nye susue nye be madi daanye tsitsia si nɔ Jerome, Pennsylvania, si meva se emegbe be anye kilometa 25 koe tso mía dome. Be magblɔ be Jerome la, Yarome koe menɔ eyɔmee, elabena le mía degbe me woyɔa “J” be “Y.” Ame aɖeke mese Yarome kpɔ o, ale metsi yame, nyemese Eŋlisigbea boo aɖeke o eye ga hã vɔ le asinye.
Menɔa dɔ dim ŋdi sia ŋdi. Le dɔdzikpɔƒea la, ame eve alo etɔ̃ koe woxɔna le ame gbogbo siwo ɖo fli ɖe gota la dome. Eyata metrɔna yia amedzrodzeƒea gbesiagbe eye metsɔa agbalẽ aɖewo nɔa Eŋlisigbea srɔ̃mee le ɖokuinye si. Mekpɔa dɔ aɖewo vlavo wɔna ɣeaɖewoɣi, gake yiyim koe ɣletiawo nɔ eye ga vɔ le asinye kloe.
Gododo Ƒonyemetɔwo
Gbeɖeka meto amedzrodzeƒe aɖe si te ɖe ketekedzeƒea ŋu si me wodzraa nuɖuɖu hã le va yina. Nuɖuɖuawo ʋẽ ɖem lilili! Yevubolo si me wode lãe, lã tɔtɔewo, kple nu bubu aɖewo le nudzraƒea femaxee ne èdze beer kplu gã ɖeka si ƒe asi nye cent atɔ̃. Togbɔ be nyemetsi ɖo afisi se ɖe mɔ be woadze aha sesẽ ano o hã la, nye nu wɔ nublanui na nudzrala la eye wòdzrae nam.
Esi menɔ nua ɖum la, ŋutsu aɖewo va gblɔ nam be: “No nua kabakaba! Jerome ketekea gbɔna.”
Mebia be: “Ðe miebe Yaromea?
Ŋutsuawo gblɔ be: “Ao, Jerome.” Ɣemaɣie mese afisi daanyea nɔ. Le nyateƒe me la, mekpɔ ŋutsu aɖe le nudzraƒea si gblɔ be xɔ etɔ̃ koe tso ye kpakplii dome! Ale mexe ketekeɖofe eye meva ke ɖe daanyea ŋu mlɔeba.
Aƒe nɔ daanye kple srɔ̃a si wohaya na akakulawo; eye meva nɔ wo gbɔ. Wodi dɔ nam be mawɔ si nye mɔ̃ si hea tsi doa go le akadoa me la ŋu dzɔdzɔ. Ɣesiaɣi si mɔ̃a dzudzɔ dɔwɔwɔ la, ele be mana mɔ̃dzraɖola la nanya. Woxea cent 15 nam gbesiagbe. Emegbe meva wɔ dɔ le ketekemɔa dzi, le anyikpemeƒe, eye meva nye nugblẽfexeha aɖe ƒe dɔwɔvi kura gɔ̃ hã. Emegbe meʋu yi Pittsburgh, afisi fonye Steve nɔ. Míewɔ dɔ le gakpotuƒe le afima. Nyemete ŋu kpɔ ga si de ɖuɖu nam heɖo ɖe ɖe aƒe kpɔ o.
Nye Ƒomea Kple Kunu Aɖe
Gbeɖeka esi mezɔ yina dɔme la, mekpɔ ɖetugbi aɖe si nye gbɔvi le tsitre ɖe aƒe si me wònɔ dɔ wɔm le la ƒe ŋgɔ. Megblɔ ɖe tame be ‘nyɔnuvi sia dze tugbe lo.’ Le kwasiɖa etɔ̃ megbe la, mía kple Helen míeɖe mía nɔewo le ƒe 1917 me. Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, míedzi vi ade, gake ɖeka ku le eƒe vidzĩme.
Le ƒe 1918 me Pittsburgh Ketekedɔwɔƒea xɔm be maku keteke na yewo. Teƒe aɖe si woɖoa kɔfi le dzrana te ɖe keteketɔɖoƒea ŋu si nàte ŋu adze kɔfi le ano. Greece-ŋutsu eve siwo tɔe nye kɔfidzraƒea metsɔ ɖeke le eme ne ège ɖe eme eye mèƒle naneke o hã, ne woanya ɖe gbeƒã na wò tso Biblia me ko evɔ. Megblɔna be: “Ðe miele gbɔgblɔm be alakpa damee xexeame katã le eye miawo koe le nyateƒea gblɔma?”
Wogblɔna be: “Enyo, kpɔe le Biblia me ɖa!” Gake womete ŋu na mese naneke gɔme ɣemaɣi o.
Nublanuitɔe le ƒe 1928 me la, nye lɔlɔ̃tɔ Helen dze dɔ. Be asi nasu ɖeviawo dzi la, mekplɔ wo yi be woava nɔ daanye kple srɔ̃a gbɔ le Jerome. Fifia woƒle agble aɖe. Meyina ɖasrãa ɖeviawo kpɔna edziedzi eye menaa ga hena woƒe nuɖuɖu dzinu ɖesiaɖe. Meɖoa nudodowo hã ɖe wo. Nublanuitɔe Helen ƒe dɔlélea va sẽ ɖe dzi eye wòku le August 27 lia dzi le ƒe 1930 me.
Metsi akogo hezu nublanuitɔ. Esi meyi nunɔlaa gbɔ be míawɔ ɖoɖo ɖe kua ŋu la, egblɔ nam be: “Mèganye ha sia me tɔ o. Ƒe ɖeka kple edzivɔ enye sia mèxe wò adzɔwo o.”
Meɖe eme nɛ be ɣeyiɣi didi aɖee nye sia srɔ̃nye nɔ dɔ lém, gake ne mekpɔ ga sue aɖe la metsɔnɛ na vinyewo be woadzɔ ne woyi sɔleme le Jerome. Gake ɖe medo ga dɔlar 50 tsɔ xe adzɔ siwo tsi ŋunye hafi nunɔlaa lɔ̃ be yeaɖi amea. Nunɔlaa gagblɔ be maxe dɔlar 15 bubu ne yeawɔ Misa na Helen le afisi woadae ɖo le nɔvia ƒeme be xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo nava kpɔe susɔea hafi woaɖii. Nyemete ŋu kpɔ dɔlar 15 la na nunɔlaa o, gake elɔ̃ be yeawɔ Misa la ne dzinua ku woxe fe nam la, mava xee na ye.
Esi woxe fe nam hã mezã gaa tsɔ ƒle ɖeviawo ƒe sukuwu kple afɔkpa na wo. Anye kwasiɖa eve megbe la, nunɔlaa ɖo nye ketekea. Egblɔ be: “Mèxe dɔlar 15 ma nam kpɔ o lo.” Esi wòɖo afisi yim wònɔ eye wòɖi la, edo ŋɔdzi nam be “meyina nyaa gblɔ ge na wò dɔtɔ ale be wòaɖe ga le wò fetu me atsɔ axe fea nam.”
Esi míekpã le dɔme la, meyi míaƒe dɔdzikpɔla gbɔ ɖagblɔ nusi dzɔ nɛ. Togbɔ be Katolikotɔe wònye hã la, egblɔ be: “Ne nunɔla ma ɖe afɔ va afisia la, magblɔ nye susu nɛ!” Nya ma na medze tamebubu gɔme be, ‘Míaƒe ga ko dimee nunɔlawo le, gake womefiaa naneke mí le Biblia me o.’
Nyateƒea Sɔsrɔ̃
Ɣebubuɣi si megayi Greecetɔ eveawo ƒe kɔfiɖodzraƒea la, míeɖo dze tso nusi dzɔ ɖe dzinye ŋu. Esia na be medze nusɔsrɔ̃ gɔme kple Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi. Menɔa anyi zã blibo xlẽa Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo. Meva kpɔe be Helen menɔ fu kpem le ŋutiklɔdzo me abe alesi nunɔla la gblɔe ene o, ke boŋ enɔ alɔ̃ dɔm le ku me. (Hiob 14:13, 14; Yohanes 11:11-14) Meva kpɔ nane si xɔ asi sasasã wu sika vavã—eyae nye nyateƒea!
Le kwasiɖa aɖewo megbe le kpekpe gbãtɔ si mede kple Biblia Nusrɔ̃viwo le Garden Theatre le Pittsburgh me la, medo asi ɖe dzi gblɔ be: “Mesrɔ̃ nu geɖe le Biblia me zã sia wu esi mesrɔ̃ ƒe siwo katã medea sɔleme.” Emegbe esi wobia be amekae di be yeayi gbeadzi ŋufɔke hã la, nye asi gayi dzi ake.
Emegbe le October 4, 1931, dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Meva te ŋu haya xɔ eye mekplɔ ɖeviawo va gbɔnye hedi gbɔvi aɖe be wòakpɔ wo dzi. Togbɔ be ƒomegba nɔ dzinye hã la, mekpɔ gome le dɔ tɔxɛ aɖe si woyɔna be kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ me, si wɔwɔ me mezã tso gaƒoƒo 50 va ɖo 60 dzinu ɖesiaɖe tsɔ ƒo nu tso Biblia ŋu na amewo tso January 1932 va ɖo June 1933 me.
Ɣemaɣi lɔƒo la, mekpɔ ɖetugbi dzetugbe aɖe si ɣesiaɣi kloe ɖoa nye ketekea yia dɔme heɖonɛ gbɔna. Mía kplii ƒe ŋkume doa go le ketekea ƒe ahuhɔ̃e si me mekpɔa megbe le la me. Nenemae mía kple Mary míedo goe. Míezɔ ʋee eye le August 1936 me míeɖe mía nɔewo.
Le nye tsitsi ɖe dɔa me ta la, le ƒe 1949 me woɖe mɔ nam be matia dɔmedeɣi si dze ŋunye esi kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa si woyɔna be mɔɖeɖedɔa. Vinyenyɔnu ɖevitɔ Jean dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ƒe 1945 me, ale mía kplii míewɔe. Emegbe Jean va do go Sam Friend si nɔ dɔ wɔm le Betel, Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York.a Woɖe wo nɔewo le ƒe 1952 me. Meyi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi le Pittsburgh, eye mewɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe, eye ɣeaɖeɣi la mewɔe kple ƒome 14 kwasiɖa ɖesiaɖe. Mexɔ dzudzɔ tso nye ketekekukudɔa me le ƒe 1958 me. Ema megbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ megasesẽ nam o elabena nyemegawɔa ŋutilãmedɔ gaƒoƒo enyi gbesiagbe o.
Le ƒe 1983 me la, Mary va dze dɔ. Medze agbagba kpɔ edzi abe alesi eya hã kpɔ dzinye nyuie ƒe 50 kloe nye ma ene. Mlɔeba etrɔ megbe le September 14, 1986, dzi.
Afisi Wodzim Ðo Didi
Le ƒe 1989 me la, Jean kple Sam kplɔm yi takpekpewo le Poland. Míede afisi menɔ tsi hã. Esi Russiatɔwo va ɖu xexeame ƒe akpa ma dzi ta, wotrɔ duawo ƒe ŋkɔwo eye wonyã amewo ɖo ɖe dukɔ bubuwo me. Woɖo nɔvinyeŋutsu ɖeka ɖe Istanbul, daanye ɖeka yi Russia, eyata amesiwo míebia menya mía de ŋkɔ o.
Kasia mekpɔ to aɖewo le adzɔge siwo ɖi to siwo menya. Esi míenɔ tetem ɖe wo ŋu la, mekpɔ dzesi bubu siwo le teƒea dze sii—siwo nye togbɛ aɖe, gakpo aɖe si nɔ mɔa me, sɔlemexɔ aɖe, tɔsisi aɖe ƒe dzisasrã. Kasia nukutɔe la, míekpɔ mɔfiadzesi aɖe si dzi woŋlɔ “Hoszowczyk” ɖo! Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ la, Kɔmiunisttɔwo megakpɔ ŋusẽ ɖe afima dzi o, eye wogbugbɔ yɔ ŋkɔ xoxo siwo woyɔna na duawo la na wo.
Míaƒe aƒea meganɔ anyi o, gake kpo si dzi míeɖaa nu le le xexe ya nɔ anyi, eƒe akpa aɖe ɖi ɖe tome. Emegbe mefia asi ati gã aɖe hegblɔ be: “Mikpɔ ati ma ɖa. Nyee doe hafi dzo yi Amerika. Mikpɔ alesi wòtsi va loloe ɖa!” Emegbe míeyi ameɖibɔ me be míadi ƒometɔwo ƒe ŋkɔwo gake míekpɔ ɖeke o.
Nyateƒea Ðoɖo Nɔƒe Gbãtɔ
Esi Jean srɔ̃ ku le ƒe 1993 me la, ebiam be medi be yeadzo le Betel ava kpɔ dzinye hã. Megblɔ nɛ be nu vloetɔ kekeake wòawɔe nye ema, eye nenema ke ganye nye seselelãme fifia hã. Menɔ ɖokuinye si vaseɖe nye ƒe 102 xɔxɔ me hafi wòva hiã be woakɔm ayi ametsitsiwo dzikpɔƒe. Mekpɔtɔ nye hamemegã kokoko le Bellevue Hamea me le Pittsburgh, eye nɔviwo va kɔam yia kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpata me le Kwasiɖagbewo. Togbɔ be nyemegate ŋu wɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o hã la, mekpɔtɔ gale mɔɖela siwo si lãmesẽ mele o la dome.
Mekpɔ gome le hehenasuku tɔxɛ siwo ƒe ɖoɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wɔ na dzikpɔlawo le ƒe siwo va yi me la me. Le ƒe si va yi ƒe December me la, mede Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ Suku si ƒe ɖoɖo wowɔ na hamemegãwo la ƒe akpa aɖewo. Eye le ƒe sia ƒe April 11 lia dzi la, Jean kplɔm yi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia si nye azã si ɖuƒe yiyi vivia nunye ƒe sia ƒe tso keke ƒe 1931 me ke la ɖuƒee.
Amesiwo mesrɔ̃ Biblia kplii dometɔ aɖewo nye hamemegãwo fifia, bubuwo nye dutanyanyuigblɔlawo le Anyiehe Amerika, ɖewo xɔ tɔgbuiyɔviwo eye wo kpakple wo viwo le Mawu subɔm. Nye ŋutɔ vinyewo dometɔ etɔ̃—Mary Jane, John, kple Jean—kpakple wo viwo ƒe viwo dometɔ geɖe le Yehowa Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Nye gbedodoɖae nye be vinyenyɔnu susɔea kple nye tɔgbuiyɔvi kple tɔgbuitɔgbuiyɔvi susɔeawo hã ava subɔe.
Fifia esi mexɔ ƒe 105 la, megadea dzi ƒo na amesiame be wòasrɔ̃ Biblia eye wòagblɔ nusiwo wòsrɔ̃ la na ame bubuwo. Ẽ, mexɔe se be ne ènɔ Yehowa ŋu kplikplikpli la, mado ŋukpe wò akpɔ o. Ekema wò hã àva kpɔ nane si xɔ asi wu sika si gblẽna—si nye nyateƒea si wɔnɛ be ƒomedodo xɔasi nɔa mía kple Yehowa Mawu, Agbenala la dome.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Sam Friend ŋutinya dze le August 1, 1986, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 22-6 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Esime menɔ keteke kum
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Ame tsitsiwo dzikpɔƒe, afisi mele fifia
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
Mɔfiadzesi si míekpɔ le ƒe 1989 me