Yerusalem—Ðe ‘Wòƒo Nusiwo Doa Dzidzɔ Na Wò Wu Taa’?
“Nye aɖe nalé ɖe aŋɔme, . . . nenye be, Yerusalem meƒo nye dzidzɔwo ta o!”—PSALMO 137:6.
1. Nɔnɔme kae nɔ Yudatɔ aboyome geɖe si ɖe Mawu ƒe du tiatia la ŋu?
ƑE BLAADRE kloe va yi tso esime Yudatɔ aboyomenɔla gbãtɔwo gbɔ va Yerusalem le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Wogbugbɔ tu Mawu ƒe gbedoxɔa, gake dua gakpɔtɔ nye dugbagbã kokoko. Va ɖo ɣemaɣi la, dzidzime yeye aɖe tsi ɖe aboyo me. Ðikeke mele eme o be wo dometɔ geɖe ƒe seselelãme ɖi hakpala la tɔ, amesi dzi ha be: “Yerusalem, ne meŋlɔ wò be la, ekema nye nuɖusi netu!” (Psalmo 137:4b) Menye ɖeko wo dometɔ aɖewo ɖo ŋku Yerusalem dzi ko evɔ o; woɖee fia to woƒe nuwɔna me be ‘eƒo nusiwo doa dzidzɔ na yewo wu ta.’—Psalmo 137:6.
2. Amekae nye Ezra, eye aleke woyrae?
2 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nunɔla Ezra ŋu kpɔ. Hafi wòagbɔ ava wo denyigba dzi gɔ̃ hã la, etsɔ kutrikuku wɔ nusiwo ade tadedeagu vavãtɔ le Yerusalem dzi. (Ezra 7:6, 10) Woyra Ezra geɖe ɖe eta. Yehowa Mawu ʋã Persia-fia ƒe dzi be wòna mɔnukpɔkpɔ Ezra be wònɔ ŋgɔ na aboyomewo ƒe ƒuƒoƒo bubu si trɔ yina Yerusalem. Gakpe ɖe eŋu la, fia la dzɔ sika kple klosalo gbogbo aɖewo na wo “be [woatsɔ aɖo] atsyɔ̃ na Yehowa ƒe xɔ.”—Ezra 7:21-27.
3. Aleke Nexemya ɖee fiae be Yerusalem ŋue yetsi dzi ɖo wu?
3 Anɔ ƒe 12 megbe la, Yudatɔ bubu aɖe hã ɖe afɔ vevi aɖe—eyae nye Nexemya. Enɔ subɔsubɔm le Persia-fiaƒe me le Susa. Enye Fia Artaxsasta ƒe ahakula, si nye dɔ si ŋu bubu le, gake menye nu mae ‘doa dzidzɔ na Nexemya wu’ o. Ke boŋ edzroe vevie be yeayi Yerusalem agbugbɔe atso. Nexemya do gbe ɖa le nya sia ŋu ɣleti geɖe, eye Yehowa Mawu yrae ɖe eta. Esi Persia-fia la se nusi nɔ fu ɖem na Nexemya la, eɖe asrafowo kpe ɖe eŋu eye wòna mɔɖegbalẽwoe be wòagbugbɔ Yerusalem atso.—Nexemya 1:1–2:9.
4. Aleke míaɖee afiae be tadedeagu na Yehowae ƒo nu bubu ɖesiaɖe si doa dzidzɔ na mí la ta?
4 Ðikekemanɔmee la, Ezra, Nexemya, kple Yudatɔ geɖe siwo wɔ dɔ kple wo la ɖo kpe edzi be tadedeagu si wotsɔna naa Yehowa le Yerusalem la le vevie wu nusianu—be ‘eƒo nusiwo doa dzidzɔ na yewo wu ta,’ si fia be eƒo nu bubu ɖesiaɖe si ana dzi nadzɔ wo ta. Aleke gbegbe amesiawo nye dzideƒotsoƒe na amesiwo katã bua Yehowa, eƒe tadedeagu, kple eƒe habɔbɔ si gbɔgbɔ fiaa mɔe be eƒo nusianu tae nye si! Nenemae wòle le gowòmea? Ðe nèɖenɛ fiana to dzidodo le mawumedɔ siwo nèwɔna me be nusi doa dzidzɔ na wò wue nye mɔnukpɔkpɔ si le asiwò be mia kple amesiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa miele ta dem agu nɛa? (Petro II, 3:11) Bene míagakpɔ dzideƒo geɖe hena tadedeagu la, mina míadzro nu nyui siwo do tso Ezra ƒe mɔzɔzɔ yi Yerusalem me akpɔ.
Yayrawo Kple Agbanɔamedziwo
5. Yayra gbogbo kawoe Yuda-nɔlawo kpɔ le Ezra ŋɔli?
5 Aboyome siwo ade 6,000 siwo dze Ezra yome wotrɔ gbɔ la tsɔ sika kple klosalo siwo wodzɔ na wo ɖe asi vɛ hena Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu dɔwo wɔwɔ. Ne míabui ɖe nuwo ƒe asi dzi fifia la, wo katã ade dɔlar miliɔn 35. Ade sika kple klosalo si aboyome gbãtɔwo te ŋu tsɔ vɛ ƒe teƒe adre. Aleke gbegbe Yerusalem kple Yuda nɔlawo ada akpe na Yehowae nye si be amesiawo ava wɔ dɔ kple yewo eye wogana ŋutilãmenuwo kpe ɖe eŋu! Gake agbanɔamedziwo hã kpe ɖe yayra gbogbo siwo tso Mawu gbɔ ŋu.—Luka 12:48.
6. Nukae Ezra va kpɔ dze sii le wo denyigba dzi, eye aleke wòwɔ nui?
6 Eteƒe medidi o Ezra va kpɔe be Yudatɔ geɖe, hekpe ɖe nunɔlawo kple ame tsitsi aɖewo ŋu, da le Mawu ƒe Se dzi va ɖe nyɔnu trɔ̃subɔlawo. (Mose V, 7:3, 4) Esɔ be exa nu vevie ɖe Mawu ƒe Se ƒe nubabla sia dzidada ta. “Esi mese nya siawo la, medze nye awuwo kple nye awu ʋlaya, . . . eye mebɔbɔ nɔ anyi de kɔ to.” (Ezra 9:3) Emegbe Ezra do gbe ɖa gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa le Israel-vi siwo tsi dzi la ŋkume. Ezra gbugbɔ dzro alesi Israel-viwo gbe toɖoɖo va yi kple nusi Mawu gblɔ be adzɔ ɖe wo dzi ne woɖe trɔ̃subɔla siwo le anyigbaa dzi la me amesiame se. Eƒo eta be: “Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ: elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpɔ ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.”—Ezra 9:14, 15.
7. (a) Kpɔɖeŋu nyui kae Ezra ɖo le nugbegblẽwɔwɔ gbɔ kpɔkpɔ me? (b) Aleke agɔdzelawo wɔ nui le Ezra ŋɔli?
7 Ezra zã nyagbɔgblɔ si nye ‘mí.’ Ẽ, eyɔ eɖokui de eme, togbɔ be eya medze agɔ ma o hã. Ezra ƒe nuxaxa vevie kple gbe si wòdo ɖa ɖokuibɔbɔtɔe la de dzi gbɔ na ameawo eye wòʋã wo ɖe dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ wɔwɔ ŋu. Wolɔ̃ faa be yewoawɔ nu sesẽ aɖe atsɔ akpɔ egbɔe—amesiwo katã da le Mawu ƒe Sea dzi la aɖo dutanyɔnuawo ɖe wo de, eye vi siwo wodzi hã ayi kple wo. Ezra lɔ̃ ɖe afɔɖeɖe sia dzi eye ede dzi ƒo na agɔdzelaawo be woawɔ ɖe edzi. Le ŋusẽ si Persia-fia na Ezra nu la, ekpɔ mɔ awu sedzidalawo katã alo anyã wo le Yerusalem kple Yuda. (Ezra 7:12, 26) Gake edze abe mehiã be wòawɔ nu ma o ene. “Dukɔ blibo la” gblɔ be: “Alesi nègblɔ la, nenema míawɔ!” Gakpe ɖe eŋu la, woʋu nuvɔ̃ me be: “Míaƒe dzidadawo sɔ gbɔ le nya sia me.” (Ezra 10:11-13) Woŋlɔ ŋutsu 111 ƒe ŋkɔwo ɖe Ezra ta 10 be wowɔ ɖe nyametsotsoa dzi henyã wo srɔ̃ dutanyɔnuawo kple vi siwo wodzi la ɖo ɖe aƒe.
8. Nukatae dutasrɔ̃wo nyanyã ɖo ɖe wo de si nye nu sesẽ la nye viɖenu na ameƒomea katã?
8 Menye Israel-viwo koe afɔɖeɖe sia ɖe vi na o ke eɖe vi na ameƒomea me tɔwo katã hã. Nenye ɖe womewɔ naneke tsɔ kpɔ egbɔ o la, anye ne Israel-viwo tsaka kple dukɔ siwo ƒo xlã wo. Ne edzɔ alea la, anye ne ƒome si me Dzidzimevi si Ŋugbe Wodo adzɔ tso bene wòanye yayra na ameƒomea katã la atɔtɔ. (Mose I, 3:15; 22:18) Anye ne asesẽ be woade dzesi Dzidzimevi si Ŋugbe Wodo la be enye Fia Dawid si tso Yuda-toa me ƒe dzidzimevi. Anye ƒe 12 megbe la, wogatso ɖe nya vevi sia ŋu esime “Israel-ƒome la ɖe eɖokui ɖa tso amedzroviwo katã dome.”—Nexemya 9:1, 2; 10:30, 31.
9. Aɖaŋu nyui kae Biblia ɖo na Kristotɔ siwo si srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo le?
9 Nukae Yehowa subɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso ŋutinya sia me? Kristotɔwo megale Se ƒe nubabla la te o. (Korintotɔwo II, 3:14) Ke boŋ “Kristo ƒe se la” dzie wowɔna ɖo. (Galatiatɔwo 6:2) Eyata ne srɔ̃ dzimaxɔsetɔ le Kristotɔ aɖe si la, awɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, si nye be: “Ne nyɔnu, si mexɔ se o la, le nɔvi aɖe si, eye wòdze nyɔnua ŋu bena, yeanɔ egbɔ la, negagbee o.” (Korintotɔwo I, 7:12) Gakpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo da agba ɖe Kristotɔ siwo si srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo le dzi be woadze agbagba ana woƒe srɔ̃ɖeɖea me nanyo. (Petro I, 3:1, 2) Zi geɖe la, yayra si dona tsoa wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi mee nye be srɔ̃ dzimaxɔsetɔa ƒe dzi va trɔna ɖe tadedeagu vavãtɔa ŋu. Wo dometɔ aɖewo va zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ wɔnuteƒewo gɔ̃ hã.—Korintotɔwo I, 7:16.
10. Nukae Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Israel-ŋutsu 111 siwo nyã wo srɔ̃ dutanyɔnuwo ɖo ɖe aƒe la gbɔ?
10 Ke hã Israel-vi siwo nyã wo srɔ̃ dutanyɔnuwo ɖo ɖe aƒe ƒe nya la nye nufiame nyui aɖe na Kristotɔ trewo. Mele be amesiawo nava nɔ gbe ɖom ɖi kple nyɔnu alo ŋutsu si nye dzimaxɔsetɔ o. Asaƒoƒo na hadede sia asesẽ, eye anye vevesese gɔ̃ hã, gake eyae nye afɔɖeɖe nyuitɔ kekeake si ana Mawu nakpɔtɔ anɔ ame yram. Wode se na Kristotɔwo be: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ [ɖe] dzimaxɔsetɔwo ti o!” (Korintotɔwo II, 6:14) Kristotɔ ɖesiaɖe si nye tre nawɔ ɖoɖo be yeaɖe haxɔsetɔ akuakua.—Korintotɔwo I, 7:39.
11. Abe Israel-ŋutsuawo ene la, aleke woado mí akpɔ anya nusi doa dzidzɔ na mí wu?
11 Kristotɔwo wɔ asitɔtrɔwo le mɔ bubu geɖewo hã nu esi woɖo afɔ afɔta na wo be nusi wɔm wole mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o. (Galatiatɔwo 6:1) Enuenu la, magazine sia gblɔa agbenɔnɔ siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o si ana womagadze na Mawu ƒe habɔbɔa me nɔnɔ o. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1973 me la, Yehowa ƒe amewo va se egɔme kɔte be atikevɔ̃ɖizazã kple atamazazã nye nuvɔ̃ gãwo. Bene míanɔ agbe ɖe mawusubɔlawo tɔ nu la, ele be “míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Ame geɖe wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi; wolɔ̃ faa be yewoase veve gbãtɔ siwo tsoa asiɖeɖe le eŋu me bene yewoakpɔtɔ anɔ Mawu ƒe ame dzadzɛwo dome. Azɔ hã wona Ŋɔŋlɔawo me mɔfiafia siwo me kɔ le gbɔdɔdɔ, awudodo, dzadzraɖo, kple le dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe, kpakple haƒoƒo ƒe tiatia nyui wɔwɔ ŋu. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose ka ke dzie woɖo ŋkui na mí o, mina míanɔ klalo be ‘woaɖɔ mí ɖo,’ abe Israel-ŋutsu 111 la ene. (Korintotɔwo II, 13:11) Esia afia be tadedeagu na Yehowa le ɖekawɔwɔ me kple eƒe ame kɔkɔewo ‘ƒo nusiwo doa dzidzɔ na mí wu ta.’
12. Nukae dzɔ le ƒe 455 D.M.Ŋ. me?
12 Esi Biblia gblɔ dutasrɔ̃wo ƒe nya vɔ la, megagblɔ nusi dzɔ le Yerusalem le ƒe 12 siwo kplɔe ɖo me na mí o. Ðikeke mele eme o be dzi gaku dukɔ siwo ƒo xlã Israel la ɖe edzi le esi wotso srɔ̃ɖeɖe geɖe me ta. Aʋakɔ aɖe kpe ɖe Nexemya ŋu wova ɖo Yerusalem le ƒe 455 D.M.Ŋ. me. Woɖoe Yuda dzikpɔlae eye exɔ agbalẽwo tso Persia-fia gbɔ siwo na ŋusẽe be wòagbugbɔ dua atso.—Nexemya 2:9, 10; 5:14.
Dukɔ Ŋubiãla Siwo Ƒo Xlã Wo ƒe Tsitretsiɖeŋu
13. Nɔnɔme kae Yudatɔwo ƒe nutoa me tɔ alakpamawusubɔlawo ɖe fia, eye aleke Nexemya wɔ nui?
13 Alakpamawusubɔla siwo ƒo xlã wo la tsi tre ɖe nusi Nexemya gbɔ va wɔwɔ ge ŋu. Woƒe kplɔlawo klẽ ŋku de wo bia be: “Ðe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?” Nexemya ɖe Yehowa dzixɔse fia eye wòɖo eŋu be: “Dziƒo Mawu la ana wòadze edzi na mí, eye mí, eƒe dɔlawo, míatso aɖo wo; ke miawo la gome kple nya kpakple ŋkɔ aɖeke mele mia si le Yerusalem o.” (Nexemya 2:19, 20) Esime wodze gliawo ɖoɖo gɔme la, futɔ siawo ke ɖe alɔme le wo ŋu be: ‘Nuka wɔm Yudatɔ beli siawo le? Ðe woagbɔ agbe kpewo atso anyiglãgowo mea? Ne abei de edzi la, amu woƒe kpegli la godoo.’ Le esi teƒe be Nexemya naɖo nya siawo ŋu na wo la, edo gbe ɖa be: “Oo mía Mawu, se alesi wodo vlo mí! Na woƒe fewuɖuɖu nava woƒe ta dzi.” (Nexemya 3:34-36) Nexemya ɖo ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui sia enuenu!—Nexemya 6:14; 13:14.
14, 15. (a) Aleke Nexemya kpɔ ŋɔdzi si futɔwo do be yewoadze wo dzi gbɔe? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo wɔ te ŋu yi woƒe gbɔgbɔmexɔtudɔa dzi le tsitretsiɖeŋu sesẽwo me hã?
14 Egbea Yehowa Ðasefowo hã ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bene yewoate ŋu awɔ yewoƒe gbeƒãɖeɖedɔ vevi la. Tsitretsiɖeŋulawo ɖea alɔme le wo ŋu kple susu be yewoatɔ te dɔa. Ɣeaɖewoɣi ame ɖekaɖeka aɖewo siwo tsɔ ɖe le Fiaɖuƒe gbedasia me naa ta le esi womate ŋu anɔ te ɖe fewuɖuɖua nu o ta. Ne tsitretsiɖeŋulawo ƒe fewuɖuɖua medze edzi na wo o la, dzi te ŋu kua wo wotsɔa adãnuwɔwɔ doa vɔvɔ̃ na amee. Nusia tɔgbe teƒee Yerusalem gliɖolawo kpɔ. Gake Nexemya mevɔ̃ na wo o. Ke boŋ ebla akpa na gliɖolaawo ɖe futɔwo ƒe amedzidzedze ŋu eye wòdo ŋusẽ woƒe xɔse gblɔ be: “Migavɔ̃ wo o; miɖo ŋku Aƒetɔ gã dziŋɔ la dzi, eye miwɔ aʋa ɖe mia nɔviwo, miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo, mia srɔ̃wo kple miaƒe aƒewo ta!”—Nexemya 4:7, 8.
15 Abe alesi wònɔ le Nexemya ŋɔli ene la, wobla akpa na Yehowa Ðasefowo nyuie bene woayi woƒe gbɔgbɔmexɔtudɔa dzi togbɔ be wotsia tre ɖe wo ŋu hã. “Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la naa gbɔgbɔmenuɖuɖu si tua xɔse ɖo, si kpena ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be wotsea ku le afisi woxe mɔ ɖe dɔa nu le gɔ̃ hã. (Mateo 24:45) Ewɔe be Yehowa yi edzi le eƒe amewo yram wole dzidzim ɖe edzi le xexeame godoo.—Yesaya 60:22.
Woawo Ŋutɔ Dome Kuxiwo
16. Kuxi kawoe nɔ dua me si di be yeatsi dzo le Yerusalem gliɖolawo me?
16 Esi Yerusalem gliawo ɖoɖo nɔ afɔ tsɔm eye glia nɔ kɔkɔm ɖe edzi la, dɔa wɔwɔ va nɔ sesẽm ɖe edzi. Ɣemaɣie wova de dzesi kuxi aɖe si di be yeatsi dzo le gliɖola siwo nɔ hloloe tsom me. Le nuɖuɖu ƒe veve ta la, eva nɔ sesẽm na Yudatɔ aɖewo be woakpɔ nuɖuɖu na woƒe ƒomewo agaxe adzɔ na Persia-dziɖuɖua. Yudatɔ siwo si alɔme nɔ doa nuɖuɖu kple ga na wo. Eva hiã be Israel-vi siwo ɖo ko wu la natsɔ woƒe anyigbawo kple wo viwo ade awɔbae kple susu be yewoava xe deme ɖe gaa dzi emegbe evɔ nusia tsi tre ɖe Mawu ƒe Se ŋu. (Mose II, 22:25; Mose III, 25:35-37; Nexemya 3:38; 4:4; 5:1-5) Azɔ fetɔawo nɔ kakam be yewoaxɔ woƒe anyigbawo le wo si akpɔ egbɔ be wodzra wo viwo kluviwoe. Amemalɔ̃malɔ̃ kple ŋutilãmenudidi ƒe nɔnɔme sia ku dzi na Nexemya helĩhelĩ. Eɖe afɔ kaba ale be Yehowa nayi edzi ayra ɖe Yerusalem gliawo ɖoɖo dzi.
17. Nukae Nexemya wɔ bene Yehowa nakpɔtɔ anɔ yayram ɖe xɔtudɔa dzi, eye nukae do tso eme?
17 Nexemya ƒo ‘ameha gã’ aɖe nu ƒu, eye wòɖe eme na Israel-vi kesinɔtɔwo kɔte be nusi wowɔ la medze Yehowa ŋu o. Emegbe eɖe kuku na agɔdzelaawo, siwo dome nunɔla aɖewo hã nɔ, be woagbugbɔ deme siwo katã woxɔ eye be woagbugbɔ anyigba siwo woxɔ madzemadzee le amesiwo si ga menɔ woaxe demea o si la ana wo. Agɔdzelaawo wɔ nusi dze kafukafu, wogblɔ be: “Míagbugbɔ wo ana, eye míabia naneke tso wo si o; míawɔ, abe alesi nègblɔ ene!” Menye nu koe wotsɔ gblɔe o, elabena Biblia gblɔ be “dukɔ la wɔ [Nexemya ƒe nya] dzi.” Eye dukɔ hahoo la kafu Yehowa.—Nexemya 5:7-13.
18. Yehowa Ðasefowo ƒe nɔnɔme kae wonya nyuie?
18 Ke míaƒe egbeŋkekeawo ya ɖe? Le ametafatafa teƒe la, wonya Yehowa Ðasefowo le teƒe geɖe be wonyoa dɔme na haxɔsetɔwo kple ame bubu siwo dzi nya vɔ̃e dzɔ ɖo. Ewɔe be wogblɔ ŋudzedzekpɔkpɔnya geɖe wònye kafukafu na Yehowa, abe alesi wònɔ le Nexemya ŋɔli ene. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, eva hiã na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aɖo aɖaŋu le dɔwɔnyawo ŋu kple le alesi wòhiã be woatsri ametafatafa ŋukeklẽtɔe ŋu. Ebɔ le dukɔ aɖewo me be woxɔa nyɔnutabianu xɔasiwo, gake Biblia xlɔ̃ nu si me kɔ ƒã be ŋuklẽlawo kple ametafalawo manyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o. (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Alesi Kristotɔ akpa gãtɔ lɔ̃ wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la na míeɖoa ŋku alesi Yudatɔ mawo kpɔe be yewo nɔvi dahewo baba nye nu vɔ̃ɖi la dzi.
Wowu Yerusalem Gliawo Ðoɖo Nu
19, 20. (a) Dɔ kae Yerusalem gliawo nu wuwu wɔ ɖe alakpamawusubɔla siwo tsi tre ɖe wo ŋu dzi? (b) Aʋadziɖuɖu kawo teƒe Yehowa Ðasefowo kpɔ le dukɔ geɖe me?
19 Togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu vevie hã la, ŋkeke 52 ye wotsɔ ɖo Yerusalem gliawo wu enu. Ŋusẽ kae nusia kpɔ ɖe tsitretsiɖeŋulaawo dzi? Nexemya gblɔ be: “Esime míaƒe futɔwo katã see la, vɔvɔ̃ ɖo dukɔ, siwo katã ƒo xlã mí godoo va kpe la, eye dzi ɖe le wo ƒo, eye wodze sii bena, mía Mawu gbɔ dɔ sia tso wowɔ.”—Nexemya 6:16.
20 Egbea futɔwo gale tsitre tsim ɖe Mawu ƒe dɔ ŋu le mɔ vovovo nu kple le teƒe vovovowo. Gake ame miliɔn geɖe va kpɔ alesi tsitretsitsi ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu nye dagbadagba ɖe yamee. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le agbagba siwo wodze va yi be woatɔ te gbeƒãɖeɖedɔa le Nazitɔwo ƒe Germany, Ɣedzeƒe Europa, kple Afrika-dukɔ geɖe me ŋu kpɔ. Agbagbadzedze mawo katã zu yaka, eye fifia ame geɖe va lɔ̃ ɖe edzi be ‘Mawu gbɔe míaƒe dɔa tso míele wɔwɔm.’ Aleke gbegbe wònye teƒeɖoɖo gã na nuteƒewɔla siwo wɔ dɔa ƒe geɖe eye wona Yehowa ƒe tadedeagu ‘ƒo nusiwo doa dzidzɔ na wo wu ta’ le dukɔ mawo mee nye si!
21. Nudzɔdzɔ vevi kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
21 Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu vevi siwo dzɔ va de asi na esime wotsɔ aseyetsotso kɔ Yerusalem ƒe gli siwo wogbugbɔ ɖo ŋuti la me. Azɔ hã míalé ŋku ɖe alesi du vevitɔ aɖe nu wuwu si aɖe vi na ameƒomea katã la tu aƒee ŋu.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke Ezra kple ame bubuwo kpɔ dzidzɔ ɖe Yerusalem ŋui?
◻ Vodada kawoe Ezra kple Nexemya kpe ɖe Yudatɔwo ŋu woɖɔ ɖo?
◻ Nukae nèsrɔ̃ le Ezra kple Nexemya ƒe ŋutinya me?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Yerusalem ŋue Nexemya tsi dzi ɖo wu, ke menye eƒe bubudɔ si wɔm wònɔ le Susa o
[Nɔnɔmetatawo si le axa 16, 17]
Abe Nexemya ene la, ehiã be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe mɔfiafia kple ŋusẽdodo bene míate ŋu ayi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔ si le vevie wu nusianu dzi