Yerusalem Si Ƒe Ŋkɔ Sɔ Nɛ
“[Mitso] aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem hena aseyetsotso.”—YESAYA 65:18.
1. Aleke Ezra se le eɖokui me ɖe Mawu ƒe du tiatia la ŋu?
ESI Yuda-nunɔla Ezra nye Mawu ƒe Nya srɔ̃la veviedola ta la, akpa si Yerusalem wɔ tsã le Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa me la dze eŋu ale gbegbe. (Mose V, 12:5; Ezra 7:27) Lɔlɔ̃ si le eme na Mawu ƒe dua dze le Biblia ƒe akpa si gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ me—siwo nye Kronika ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Evelia kpakple Ezra. Ne womã zi 800 siwo katã ŋkɔ Yerusalem dze le Biblia bliboa me ɖe akpa ene me la, míakpɔ eƒe akpa ɖeka kloe le ŋutinyagbalẽ siawo me.
2. Gɔmesese kae le nusi ŋkɔ Yerusalem fia ŋu le nyagbɔɖi me?
2 Le Hebrigbe si me woŋlɔ Biblia ɖo me la, míate ŋu akpɔe be Hebrigbe si ƒomevi woyɔna be eve ƒokpli nuŋɔŋlɔ nue woŋlɔ “Yerusalem” ɖo. Zi geɖe wozãa eve ƒokpli nuŋɔŋlɔa na nusiwo le eveve, abe ŋku, to, asi, kple afɔ ene. Le eve ƒokplitɔ sia nu la, míate ŋu ase ŋkɔ Yerusalem gɔme be ele ŋutifafa si me Mawu ƒe amewo anɔ le gɔmesese eve nu la gblɔm ɖi—gbɔgbɔmetɔ kple ŋutilãmetɔ. Ŋɔŋlɔawo mena míenya nenye be Ezra se egɔme bliboe alea loo alo mesee alea o. Gake nunɔla sia wɔ etɔ sinua be ŋutifafa nanɔ Yudatɔwo kple Mawu dome. Eye edze agbagba vavã be gɔmesese si le Yerusalem ƒe ŋkɔa ŋu nasɔ ɖe eŋu, si nye “Ŋutifafa Teƒe Eve me Nɔnɔ [alo, ƒe Gɔmeɖoanyi].”—Ezra 7:6.
3. Ƒe nenie va yi hafi míegava se Ezra ƒe dɔwɔwɔwo ŋu nya, eye dɔ kae míeva kpɔe wòle wɔwɔm?
3 Biblia megblɔ afisi Ezra nɔ le ƒe 12 siwo va yi tso eƒe Yerusalem vava kple Nexemya ƒe dua me vava dome o. Alesi dukɔa yi to le gbɔgbɔ mee fia be ɖewohĩ Ezra menɔ anyi o. Ke hã míekpɔ be Ezra gava nye nunɔla wɔnuteƒe le Yerusalem esime woɖo dua ƒe gliwo vɔ teti ko.
Takpegbe Wɔnuku Aɖe
4. Nukae ɖe dzesi le Israel-viwo ƒe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ ŋu?
4 Wowu Yerusalem ƒe gliawo ɖoɖo nu ɖe game dzi tututu na ŋkekenyuiɖuɣleti vevi Tishri, si nye ɣleti adrelia le Israel-viwo ƒe subɔsubɔ ɣletigbalẽ dzi, la ƒe ŋkekenyuiɖuɖu. Tishri ƒe ŋkeke gbãtɔ nye dzinudzedzi yeye ƒe azã tɔxɛ si woyɔna be Kpẽkugbe Ŋkekenyui. Nunɔlawo kua kpẽ gbemagbe ne wole vɔwo sam na Yehowa. (Mose IV, 10:10; 29:1) Ŋkeke sia dzraa Israel-viwo ɖo na ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkeke si woɖuna le Tishri 10 lia dzi kpakple na aseyetsotso ƒe Avaɖoɖoŋkekenyui si woɖuna tso ɣleti ma ke ƒe ŋkeke 15 lia va ɖo 21 lia dzi.
5. (a) Aleke Ezra kple Nexemya wɔ “dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ” ŋudɔ nyuie? (b) Nukatae Israel-viwo wó avi?
5 Le “dzinu adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi” la, “dukɔ blibo la” ƒo ƒu, eye anye be Nexemya kple Ezra ye de dzi ƒo na wo be woaƒo ƒu. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kpakple “amesiame, si ate ŋu ase [nu gɔme]” nɔ eme. Eyata ɖeviwo hã nɔ afima eye woke to nyuie esime Ezra tsi tre ɖe kɔkɔƒe aɖe nɔ Sea xlẽm “tso ŋdi kanya, vaseɖe esime ɣe ɖo ta.” (Nexemya 8:1-4) Enuenu le dometsotso aɖewo me la, Lewi-viwo ɖea nu me na dukɔa bene woase nusi xlẽm wole gɔme. Nusia na Israel-viawo wó avi esi wokpɔ alesi gbegbe woawo kpakple wo fofowo te ɖa xaa tso Mawu ƒe Sea dzi wɔwɔ gbɔe.—Nexemya 8:5-9.
6, 7. Nukae Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso alesi Nexemya tsi Yudatɔwo ƒe avifafa nui me?
6 Gake menye avifaɣie nye esia o. Ŋkekenyui ɖugbe ye, eye ɖeko dukɔa gbugbɔ ɖo Yerusalem ƒe gliawo vɔ teti koe nye ema. Eyata Nexemya kpe ɖe wo ŋu be woaɖɔ woƒe susu ɖo esi wògblɔ be: “Miyi, ne miaɖu aminu, eye miano aha vivi, eye miɖo ɖe [ɖe] amesiwo si ɖeke mele o la, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ na mía Aƒetɔ la, migaxa nu o; elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋue nye miaƒe [mɔ] sesẽ.” Wosee, eye “dukɔ blibo la yi be, yewoaɖaɖu nu ano nu, eye woana nu amewo, eye woatu aglo gã; elabena wose nya, si wogblɔ na wo la gɔme.”—Nexemya 8:10-12.
7 Mawu ƒe ame siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ŋutinya sia me. Ele be amesiwo si dɔdasi ƒe mɔnukpɔkpɔ suna le kpekpewo kple takpekpewo me nalé nusiwo míegblɔ va yi ɖe susu me. Tsɔ kpe ɖe mokaka si hiãna ɣeaɖewoɣi ŋu la, wɔna siawo wɔɣi nyea ɣeyiɣi siwo me wotea gbe ɖe viɖe kple yayra siwo tsoa wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi me la dzi. Wokafua Mawu ƒe amewo ɖe dɔ nyui siwo wowɔna ta eye wodea dzi ƒo na wo be woado dzi. Ele be woatsɔ dzidzɔ adzo le kpekpe siawo me le nufiame tuameɖo siwo woxɔ tso Mawu ƒe Nya la me ta.—Hebritɔwo 10:24, 25.
Dzidzɔtakpekpe Bubu
8, 9. Takpekpe tɔxɛ kae wowɔ le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke eveagbe, eye nukae do tso eme na Mawu ƒe amewo?
8 Le ɣleti tɔxɛ ma ƒe ŋkeke evelia dzi la, “dukɔ blibo la, nunɔlawo kple Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe amegãwo va kpe ta ɖe agbalẽfiala Ezra gbɔ, be yewoase se la me nyawo gɔme.” (Nexemya 8:13) Ezra dze akpɔ kpekpe sia dzi, elabena “[etsɔ] eƒe dzi ɖo Yehowa ƒe se la me dzodzro ŋu, ne wòawɔ edzi, eye wòafia ɖoɖowo kple kɔnuwo le Israel.” (Ezra 7:10) Ðikeke mele eme o be wote gbe ɖe nusiwo me wòhiã le be Mawu ƒe amewo natrɔ nɔnɔme wòasɔ ɖe Se ƒe nubabla nu tututu dzi le kpekpe sia me. Nusi ŋu wotsi dzi ɖoe nye alesi wòhiã be woawɔ dzadzraɖo nyuiwo ɖe Agbadɔŋkekenyui si nɔ ŋgɔ la ɖuɖu ŋu.
9 Woɖu kwasiɖa ɖeka ŋkekenyui sia le mɔ nyuitɔ nu, ale be dukɔ bliboa nɔ agbadɔ siwo wotsɔ atilɔwo kple ati vovovo ƒe aŋgbawo wɔe me. Ameawo tu agbadɔawo ɖe woƒe xɔwo tame ƒe gbadzaƒewo, ɖe woƒe xɔxɔnuwo, ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnuwo, kpakple ɖe Yerusalem-blɔwo dzi. (Nexemya 8:15, 16) Mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si wònye be woaƒo dukɔa nu ƒu axlẽ Mawu ƒe Se la afia wo! (Tsɔe sɔ kple Mose V, 31:10-13.) Woxlẽnɛ na wo gbesiagbe, ‘tso ŋkekenyuia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ dzi,’ si wɔe be Mawu ƒe amewo kpɔ “dzidzɔ gã ŋutɔ.”—Nexemya 8:17, 18.
Mele Be Míagblẽ Mawu ƒe Aƒe Ði O
10. Nukatae wowɔ kpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖo ɖe ɣleti adrelia ƒe ŋkeke 24 lia dzi?
10 Ɣeyiɣi kple teƒe siwo sɔ li woaɖɔ vodada gãwo ɖo le Mawu ƒe amewo dome. Anɔ eme be esi Ezra kple Nexemya kpɔ nusia dze sii ta la, wowɔ ɖoɖo be Tishri ɣletia ƒe ŋkeke 24 lia nanye nutsidɔgbe. Wogaxlẽ Mawu ƒe Sea, eye dukɔa ʋu woƒe nuvɔ̃wo me. Emegbe Lewi-viwo dzro alesi Mawu kpɔ nublanui na eƒe dukɔ dzego la me, wogblɔ Yehowa kafukafunya nyui aɖewo, eye ‘wobla nu ɖikaa’ si te woƒe amegãwo, Lewi-viwo, kple nunɔlawo de asii.—Nexemya 9:1–10:1.
11. ‘Nubabla ɖikaa’ kae Yudatɔwo tsɔ ɖo wo ɖokui dzi?
11 Dukɔ bliboa ka atam be yewoawɔ ɖe ‘nubabla ɖikaa’ si wode agbalẽ me la dzi. Wogblɔ be “yewoazɔ ɖe Mawu [vavã la] ƒe se” nu. Eye wolɔ̃ be yewomaɖe srɔ̃ tso “anyigba dzi dukɔwo” dome o. (Nexemya 10:29-31) Gakpe ɖe eŋu la, Yudatɔawo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoaɖu Sabat la, yewoadzɔ ga ƒe sia ƒe atsɔ ado alɔ tadedeagu vavãtɔ, yewoafɔ nake hena vɔsamlekpuia dzi vɔwo sasa, be yewoatsɔ yewoƒe nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo ana woatsɔ asa vɔe, eye be yewoatsɔ yewoƒe agblemenuwo ƒe gbãtɔwo ava gbedoxɔa ƒe nuɖuxɔwo me. Edze ƒã be woɖoe kplikpaa be ‘yewomagblẽ yewoƒe Mawu ƒe aƒe ɖi o.’—Nexemya 10:33-40.
12. Nukae wòbia egbea be woagagblẽ Mawu ƒe aƒe ɖi o?
12 Egbea ele be Yehowa ƒe amewo nakpɔ nyuie be woagagblẽ mɔnukpɔkpɔ si le wo si be ‘woatsɔ subɔsubɔ kɔkɔe’ ana le Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu ɖi o. (Nyaɖeɖefia 7:15) Nusia wɔwɔ bia be woanɔ gbe dom ɖa tso dzi blibo me enuenu be Yehowa ƒe tadedeagu nanɔ zɔ ɖem. Agbenɔnɔ ɖe gbedodoɖa siawo nu bia be woadzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu ahakpɔ gome le wo me, woakpɔ gome le ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia me, kple be woatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔwo gbɔ akpe ɖe wo ŋu, eye ne wòanya wɔ la, woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple wo. Ame geɖe siwo medi be yewoagblẽ Mawu ƒe aƒe ɖi o la dzɔa ga tsɔ doa alɔ gbeƒãɖeɖedɔa eye be woatsɔ alé be na afisiwo wowɔa tadedeagu vavãtɔ le. Míate ŋu akpe asi ɖe takpeƒe siwo hiã kpata tutu hã ŋu eye míakpɔ egbɔ be wole dzadzɛ hele ɖoɖo nu. Mɔ vevi aɖe si dzi míate ŋu ato aɖe lɔlɔ̃ afia Mawu ƒe gbɔgbɔmeƒeae nye be míadze agbagba ana ŋutifafa nanɔ haxɔsetɔwo dome eye míakpe ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa ŋu.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Hebritɔwo 13:15, 16.
Gliŋukɔkɔ Aseyetsotsotɔe
13. Ŋkubiãnya ka gbɔe wòle be woakpɔ hafi woakɔ Yerusalem ƒe gliawo ŋu, eye kpɔɖeŋu nyui kae ame geɖe ɖo ɖi?
13 ‘Nubabla ɖikaa’ si te wode asii le Nexemya ŋɔli la dzra Mawu ƒe blemadukɔa ɖo ɖe Yerusalem gliawo ŋukɔgbe ŋu. Gake ŋkubiãnya aɖe ganɔ anyi si gbɔ wòle be woakpɔ. Esi gli gã kple agbo 12 ƒo xlã Yerusalem azɔ ta la, ele be dua me tɔwo nasɔ gbɔ ɖe edzi. Togbɔ be Israel-vi aɖewo nɔ eme hã la, “du la nyadri, eye wòlolo, ke amesiwo le eme la, mesɔ gbɔ o.” (Nexemya 7:4) Be woakpɔ kuxi sia gbɔ la, dukɔa “dzidze nu be, ame ɖekaɖeka natso ame ewoewo dome ava nɔ du kɔkɔe Yerusalem me.” Alesi amewo tso ɖe wɔna sia ŋu kple dzi faa la ʋã dukɔa be “[woyra] ŋutsu, siwo katã lɔ̃ faa be, yewoanɔ Yerusalem.” (Nexemya 11:1, 2) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si wònye na mawusubɔla vavãtɔ siwo ƒe nɔnɔme ɖe mɔ na wo be woaʋu ayi teƒe siwo Kristotɔ bibiwo ƒe kpekpeɖeŋu hiã le wu egbea!
14. Nukae dzɔ le Yerusalem ƒe gliawo ŋukɔgbe?
14 Wodze dzadzraɖo veviwo gɔme na ŋkeke gã si dzi woakɔ Yerusalem ƒe gliawo ŋu. Woyɔ haƒolawo kple hadzilawo tso Yuda-du bubu siwo gaƒo xlãe me va ƒo ƒu. Woɖo wo ɖe akpedahadziha gã eve me, eye amehawo akplɔ ha ɖesiaɖe ɖo. (Nexemya 12:27-31, 36, 38) Hadzihaawo kple wo yomedzelawo dze mɔ tso glia ƒe teƒe si le adzɔge boo tso gbedoxɔa gbɔ, anye tso Balimegboa nue, eye hadziha ɖeka to miame eye ɖeka to ɖusime vaseɖe esime wova do go le Mawu ƒe aƒea gbɔ. “Wosa vɔ geɖe gbemagbe, eye wokpɔ dzidzɔ, elabena Mawu do dzidzɔ gã na wo; nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose Yerusalem ƒe dzidzɔ la ŋkɔ le didiƒe ke.”—Nexemya 12:43.
15. Nukata Yerusalem gliawo ŋukɔkɔ menye nusi ta woakpɔ dzidzɔ ɖo tegbee o?
15 Biblia megblɔ ŋkeke si dzi woɖu aseyetsozã sia o. Ðikeke mele eme o be ne menye Yerusalem gbugbɔtso taƒoƒoe wònye o la, ke enye nudzɔdzɔ vevi aɖe. Nyateƒee, xɔtudɔ geɖe ganɔ anyi woawɔ le dua me. Eteƒe medidi o, gbɔgbɔmetenɔnɔ si nɔ Yerusalem me nɔlawo si la va bu. Le kpɔɖeŋu me, esi Nexemya gava dua me zi evelia la, ekpɔ be woganɔ Mawu ƒe aƒe la gblẽm ɖi eye Israel-viwo ganɔ nyɔnu trɔ̃subɔlawo ɖem. (Nexemya 13:6-11, 15, 23) Nyagblɔɖila Maleaxi ƒe nuŋlɔɖiwo ɖi ɖase le nɔnɔme vlo siawo ŋu. (Maleaxi 1:6-8; 2:11; 3:8) Eyata Yerusalem ƒe gliawo ŋukɔkɔ meva nye nusi ŋu wotso aseye le tegbee o.
Nusi Ŋu Woakpɔ Dzidzɔ Ðo Tegbee
16. Nudzɔdzɔ mamlɛ kawoe Mawu ƒe amewo le mɔ kpɔm na?
16 Egbea Yehowa ƒe amewo le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu aɖu eƒe futɔwo katã dzi. ‘Babilon Gã’—si nye kpɔɖeŋudu si me mawusubɔsubɔ ƒomevi vovovo le—lae woatsrɔ̃ gbã. (Nyaɖeɖefia 18:2, 8) Alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃e anye xaxa gã si gbɔna ƒe nudzɔdzɔ gbãtɔ. (Mateo 24:21, 22) Nu bubu aɖe gale mía ŋgɔ si nye nudzɔdzɔ vevi vavã—eyae nye Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋugbetɔ ame 144,000 siwo nye “Yerusalem Yeye” me tɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 19:7; 21:2) Míenya ɣeyiɣi si tututu dziƒosrɔ̃ɖeɖe ma awu enu o, gake anye dzidzɔnya vavã.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, August 15, 1990, [Eʋegbe tɔ, Vol. 111. No. 16], axa 30-1.
17. Nukae míenya tso Yerusalem Yeyea nu wuwu ŋu?
17 Míenya nyuie be esusɔ vie ko Yerusalem Yeyea nasɔ gbe. (Mateo 24:3, 7-14; Nyaɖeɖefia 12:12) Mado kpo nu gbeɖe abe anyigba dzi Yerusalem ene o. Aleae wòle elabena emetɔwo katã nye Yesu Kristo yomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, wodo wo kpɔ, eye wodza wo ŋu. Ne wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ nuteƒe vaseɖe ku me ko la, ke aɖee afia be yenye nuteƒewɔla tegbetegbe na Yehowa Mawu, Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la. Gɔmesese vevi aɖe le nya ma ŋu na ameƒomea me tɔ mamlɛawo—kukuawo kple agbagbeawo siaa!
18. Nukatae wòle be ‘míakpɔ dzidzɔ ahatso aseye tegbee’?
18 Bu nusi adzɔ ne Yerusalem Yeye la trɔ susu ɖe amegbetɔ siwo ɖe Yesu ƒe tafevɔsa la dzixɔxɔse fia ŋuti ŋu kpɔ. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ ayi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:2-4) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu azã dukplɔɖoɖo sia akɔ ameƒomea ŋu woazu ame deblibowo. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Susu nyui siawo tae amesiawo ‘akpɔ dzidzɔ ahatso aseye tegbee ɖe nusi wɔm Mawu le fifia ŋu’ ɖo!—Yesaya 65:18.
19. Gbɔgbɔmeparadiso ka mee woƒo Kristotɔwo nu ƒu ɖo?
19 Gake mehiã be amesiwo trɔ dzime la nalala vaseɖe ɣemaɣi hafi Mawu nakpe ɖe wo ŋu o. Le ƒe 1919 me la, Yehowa dze egɔme nɔ ame 144,000 ƒe ame susɔeawo nu ƒom ƒu ɖe gbɔgbɔmeparadiso me, afisi Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo—abe lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple ŋutifafa ene—xɔ aƒe ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbɔgbɔmeparadiso sia ƒe nu ɖedzesi aɖee nye emenɔla amesiaminawo ƒe xɔse, amesiawo le ku wɔnukuwo tsem le Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui si wole ŋgɔ le gbeƒã ɖemee le anyigba katã dzi la me. (Mateo 21:43; 24:14) Ewɔe be woɖe mɔ ‘alẽ bubu’ siwo ade miliɔn ade, amesiwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la hã ge ɖe gbɔgbɔmeparadisoa me eye wole dɔ tseku wɔm. (Yohanes 10:16) Wodze na nusia elabena wonɔ te ɖe Yehowa Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse dzi tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa. Woƒe hadede kple amesiwo ava nye Yerusalem Yeyea me tɔwo la nye yayra vavã. Eyata Yehowa to eƒe nuwɔwɔ kple Kristotɔ amesiaminawo dzi ɖo “anyigba yeye” gɔme anyi sesĩe—wonye amegbetɔ siwo vɔ̃a Mawu ƒe ƒuƒoƒo si anyi Dziƒofiaɖuƒea ƒe nuto si nye anyigba la dome.—Yesaya 65:17; Petro II, 3:13.
20. Aleke Yerusalem Yeyea awɔ eƒe ŋkɔa nasɔ nɛ?
20 Eteƒe madidi o, Yehowa ƒe amewo ase vivi na ŋutifafa ƒe nɔnɔme si le woƒe gbɔgbɔmeparadisoa me fifia la le paradiso ŋutɔŋutɔ me le anyigba dzi. Nu ma adzɔ ne Yerusalem Yeyea ɖi tso dziƒo be yeayra ameƒomea. Mawu ƒe amewo ase vivi na ŋutifafa ƒe nɔnɔme si ŋugbe wodo le Yesaya 65:21-25 la le mɔ eve nu. Amesiamina siwo gbɔna woƒe nɔƒewo xɔ ge le dziƒo Yerusalem Yeyea me kpakple ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo nye Yehowa subɔla siwo wɔ ɖeka le gbɔgbɔmeparadisoa me hele vivi sem na ŋutifafa si Mawu nana la fifia. Ne ‘wova le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba katã dzi abe alesi wole ewɔm le dziƒo ene la,’ ekema ŋutifafa ma axɔ aƒe ɖe Paradiso ŋutɔŋutɔa me. (Mateo 6:10) Ẽ, Mawu ƒe dziƒodu kɔkɔe la ƒe ŋkɔ Yerusalem, si nye ‘Ŋutifafa Eve Ƒokpli ƒe Gɔmeɖoanyi’ sesẽ la asɔ nɛ. Anɔ anyi anye dzesi tegbetegbe be Yehowa Mawu, Ewɔla Gãtɔ, kple Yesu Kristo, eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ si nye Fia la dze na kafukafu.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nukae wote ŋu wɔ esime Nexemya ƒo dukɔa nu ƒu ɖe Yerusalem?
◻ Nukae wòle na blema Yudatɔwo be woawɔ bene woagagblẽ Mawu ƒe aƒe ɖi o, eye nukae wobia tso mía si be míawɔ?
◻ Akpa ka wɔm “Yerusalem” le hena dzidzɔ kple ŋutifafa mavɔ ƒe vava?
[Anyigbatata si le axa 23]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
YERUSALEM ƑE AGBOAWO
Xexlẽdzesiawo nye teƒeawo ƒe kɔkɔme si le egbegbe ƒe meta me
TƆMELÃGBO
DU XOXO LA ƑE AGBO
EFRAYIM-GBO
DZOGOEDZIGBO
Gli Gbadza
Ablɔ Me
BALIMEGBO
DU EVELIA
Dziehegli Xoxoa
DAVID ƑE DU
AÐUKPOGBO
Hinom Balia
Mɔ́
ALẼGBO
DZƆLAWO ƑE AGBO
Gbedoxɔ Nutoa
ŊKULÉÐEŊUGBO
SƆGBO
OFEL
Ablɔ Me
TSIGBO
Gihon-tsidzɔƒe
VUDOGBO
Fia Ƒe Abɔ
En-Rogel
Tyropoeon (Titina) Bali
Kidron-tɔʋu
740
730
730
750
770
770
750
730
710
690
670
620
640
660
680
700
720
740
730
710
690
670
Afisi anye eyae Yerusalem ƒe gliawo se ɖo esime wotsrɔ̃ dua kple esime Nexemya xɔ ŋgɔ wogbugbɔ glia ɖo