Nusita Wosẽa Ŋuta
WODZI vidzĩ aɖe si ƒe ɣeyiɣi mede o, si xɔ kwasiɖa 27 ko le Denver, Colorado, le U.S.A. Esi wònɔ dɔnɔkɔdzi ɣleti etɔ̃ megbe la, etsi agbe eye wogbugbɔe yi na edzilawo le aƒeme. Gake wogatsɔ vidzĩa va kɔdzi le kwasiɖa etɔ̃ megbe. Nukae dzɔ? Exɔ abi gã aɖe ɖe ahɔhɔ̃ me esi fofoa ʋuʋui sesĩe. Fofoa mete ŋu nɔ vidzĩa ƒe avifafa kabakaba nu o. Ŋutsuvi sue sia va zu ŋkuagbãtɔ kple nuwɔametɔ. Egbetikewɔmɔnuwo te ŋu xɔ nɛ tso dzikatsoameƒonya si ku ɖe eƒe dzidzi ŋu me gake mete ŋu xɔ nɛ tso fofoa ƒe ŋutasesẽ me o.
Wosẽa ŋuta le ɖevi gbogbo aɖewo ŋu, wɔa funyafunya wo, alo wua wo le teƒe si wosẽa ŋuta le wu le anyigba dzi—aƒeme! Wobui be ɖevi siwo ade 5,000 kuna ƒe sia ƒe le wo dzilawo si me le United States ɖeɖe dzaa! Eye menye ɖeviwo dzi koe wòdzɔna ɖo o. World Health magazine gblɔ be “ŋutasesẽ le ame srɔ̃ ŋue nye nusi le nu gblẽm le nyɔnu siwo megbɔ vidzidzi me o ŋu wu” le United States. Ke le dukɔ bubuwo hã me ɖe? “Ne womã nyɔnuwo me ɖe akpa etɔ̃ la, akpa ɖeka va ɖo agbɔsɔsɔ si wu woƒe afã siwo wobia gbee [le dukɔ madeŋgɔwo me] ka nya ta be yewo srɔ̃wo ƒoa yewo.” Nyateƒee, ŋutasesẽ le nu gblẽm, vevietɔ le aƒeme.
Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu geɖe dina be yewoatsɔ ŋutasesẽ akpɔ yewo dome masɔmasɔwo gbɔe. Le dukɔ aɖewo me la, dzilawo kple nufialawo sẽa ŋuta le ɖeviwo ŋu tsɔ ɖena woƒe dziku fianae. Anyranuwɔlawo wɔa fu ame beliwo le dzidzɔdodo na wo ɖokuiwo ko ta, wosẽa ŋuta le wo ŋu. Nukatae amewo va le ŋuta sẽm alea?
Nusita Amewo Zua Ŋutasẽlawo
Ame aɖewo gblɔna be ɖe amegbetɔ dzɔ kple ŋutasesẽ. Amewo ƒe ŋutasẽnuvlowɔwɔ ɖiɖi vie le United States, gake edzi ɖe edzi le sɔhɛwo ya gome. Eye vividodo ɖe ŋutasesẽ ŋu dzi ɖe edzi. Afima ƒe television dɔwɔƒe gã etɔ̃ siwo li dzi woƒe nuvlowɔwɔ ŋutinyawo ɖeɖefia ɖe edzi zi gbɔ zi eve kple amewuwu ɖeɖefia zi gbɔ zi etɔ̃. Nyateƒee, wokpɔa ga geɖe tsoa nuvlowɔwɔ ɖeɖefia me! Tagbɔdɔléleŋutinunyala Karl Menninger gblɔ be: “Menye ɖeko míeŋe aɖaba ƒu ŋutasẽnuwɔnawo dzi ko o, míetanɛ ɖe míaƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe ŋgɔgbe hã. Míaƒe television dzi wɔnawo ƒe akpa etɔ̃lia alo akpa enelia zãnɛ tsɔ doa dzidzɔ na ɖeviwo. Menye aɖaba koe míeŋe ƒu edzi o! Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, míedoa vivi ɖe eŋu.”
Nu yeye aɖewo siwo wosrɔ̃ le dzɔdzɔmeŋutinunya me fia be ewɔ abe ame ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ kple nuto si me wole siaa te ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe ame ƒe nuvlowɔwɔ dzi ene. Ðk. Markus J. Kruesi si le Illinois Yunivɛsiti ƒe Sɔhɛwo Ŋuti Numekuƒe gblɔ be: “Nya ta si ƒom mí katã míeva le ye nye be le nyateƒe me, nuto manyomanyo si me ɖevi geɖe le la na be nuvlowɔwɔ le dzidzim ɖe edzi. Le nyateƒe me, nutoa me nudzɔdzɔwo le tɔtrɔ hem va amewo ƒe ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ me, si wɔnɛ be amewo tsona ko wɔa nu eŋumabumabui.” Agbalẽ si nye Inside the Brain (Le Ahɔhɔ̃ la Me) gblɔ be, Nuwo abe “ƒomewo ƒe gbagbã, dzilaɖekɛƒomewo ƒe dzidziɖedzi, ahedada si nu gbea tsotso, kple atikevɔ̃ɖizazã atraɖii ate ŋu atrɔ ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ ɖe adãnuwɔwɔ ŋu—esi nye nusi wosusu tsã be mate ŋu adzɔ o.”
Wogblɔ hã le tɔtrɔ si vana ahɔhɔ̃a me ŋu be, eɖiɖia serotonin si nye ahɔhɔ̃metsi aɖe si léa adãnuwɔwɔ nu le ame me. Numekukuwo ɖee fia be aha sesẽwo ate ŋu aɖe serotonin ƒe agbɔsɔsɔme si le ahɔhɔ̃ me dzi akpɔtɔ, si nye dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi aɖe le alesi wogblɔna xoxoxo be kadodo le ŋutasẽnuwɔwɔ kple ahamumu dome ŋu.
Alesi ŋutasẽnuwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi egbea gatso nu bubu aɖe hã gbɔ. Biblia, si nye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le, kɔ to dzi na mí be: “Nya esia bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, . . . amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzoo, . . . Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!” (Timoteo II, 3:1-5) Nyateƒee, ŋutasẽnuwɔwɔ si kpɔm míele egbea nye nya si Biblia gblɔ ɖi le “ŋkeke mamlɛawo” ŋu ƒe emevava.
Nu bubu aɖe hã gana nuwo vɔ̃ɖi ɖe edzi le míaƒe ɣeyiɣia me. Biblia gblɔ be: “Baba na anyigba kple atsiaƒu; elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Wonyã Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso dziƒo eye fifia wole woƒe dziku katã ɖem ɖe ameƒomea ŋu. Esi Abosam ye nye “yameŋusẽ ƒe fia” ta la, etsɔa aɖaŋuvɔ̃ zãa “gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me” la be ŋutasẽnuwɔwɔ le aƒe xɔm ɖe anyigba la dzi.—Efesotɔwo 2:2.
Ke aleke míawɔ anɔ te ɖe ŋutasẽnuwɔwɔ ƒe ‘ya’ si xɔ aƒe ɖe xexeame egbea nui? Eye aleke míawɔ akpɔ masɔmasɔwo gbɔ ŋutasẽnumawɔmawɔe?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
Wosẽa ŋuta le ɖevi gbogbo aɖewo ŋu, wɔa funyafunya wo, alo wua wo le teƒe si wosẽa ŋuta le wu le anyigba dzi—aƒeme!