INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/1 axa 13-18
  • Yi Edzi Nàwɔ Wò Ŋutɔ Wò Xɔxɔdɔ!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yi Edzi Nàwɔ Wò Ŋutɔ Wò Xɔxɔdɔ!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Xɔtudɔ’ si Míewɔna le Mía Ðokui Me
  • Yuda Fiawo—Wowɔ Tiatia na Wo Ðokui
  • Yehowa Ka Ðe Dziwò!
  • Ede Bubu Mía Ŋu Esi Wòna Ablɔɖe Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Eku Ðe Yehowa Ŋu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Wɔ Tiatia Nyuiwo Le Wò Sɔhɛme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Aleke Gbegbee Nèlɔ̃ Mawu Ƒe Nya Lae?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/1 axa 13-18

Yi Edzi Nàwɔ Wò Ŋutɔ Wò Xɔxɔdɔ!

“Nye lɔlɔ̃tɔwo, . . . mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la.”—FILIPITƆWO 2:12.

1, 2. Nukpɔsusu siwo bɔ kawoe na ame geɖe susu be naneke meli yewoate ŋu awɔ le alesi yewoƒe agbe ava nɔ ŋu o?

“NENEMAE wodzi wòea?” Biabia mae dze gbadzaa le magazine xɔŋkɔ aɖe ƒe akpa dzi nyitsɔ laa. Nya siwo wogblɔ le tanya ma tee nye: “Wò amenyenye, seselelãme, kple agbe me ƒe tiatiawo gɔ̃ hã. Numekuku yeyewo fia be ɖe nènyi woƒe akpa gãtɔ dome.” Nya mawo ate ŋu ana ame aɖewo nasusu be yewomekpɔ ŋusẽ boo aɖeke ɖe yewo ŋutɔ ƒe agbe dzi o.

2 Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be le mɔ aɖe nu la, yewo dzilawo ƒe hehe manyomanyo alo yewoƒe nufialawo ƒe nu nyui mafiamafiae zu fiƒode si tae yewomele dzidzɔ kpɔm le agbe me o. Ewɔna na wo be yewomagbe yewo dzilawo ƒe vodadawo wɔwɔ o, be woƒe seselelãme vloetɔwo ava nɔ yewo si, be yewomava wɔ nuteƒe na Yehowa o—kpuie ko la, be yewoawɔ tiatia gbegblẽwo. Nu mae Biblia fiaa? Le nyateƒe me, mawusubɔla aɖewo li siwo hea nya be Biblia fia nu ma tɔgbe, si nye nuɖoɖiname ƒe nufiafia. Le dzixɔse sia nu la, Mawu ɖo nusianu si adzɔ le wò agbe me ɖi xoxo.

3. Nya dedziƒoname kae le Biblia me si fia be míate ŋu awɔ nane le míaƒe etsɔme ŋu?

3 Nya ɖeka ko gblɔm nukpɔsusu vovovo siawo katã le: Tiatiawɔwɔblɔɖe aɖeke mele asiwò o, eye wɔna aɖeke mele ŋuwò ɖe nusiwo ava dzɔ ɖe dziwò ŋu o. Ðe menye dziɖeleameƒonya aɖee nye ma oa, eye ɖeko dziɖeleameƒo gagblẽ nyaa ɖe edzi kura. Lododowo 24:10 (NW) gblɔ be: “Ðe dzi ɖe le ƒowò le xaxaɣia? Ekema ŋusẽ boo manɔ ŋuwò o.” Gake edea dzi ƒo be míanya be ele Biblia me be míate ŋu ‘adze agbagba ɖe míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu.’ (Filipitɔwo 2:12) Aleke míawɔ aka ɖe Ŋɔŋlɔawo me nufiafia nyui sia dzi vevie?

‘Xɔtudɔ’ si Míewɔna le Mía Ðokui Me

4. Togbɔ be Korintotɔwo I, 3:10-15 gblɔ be míatsɔ nusiwo dzo mate ŋu abi o atu xɔe hã la, nukae mefia o?

4 De ŋugble le Paulo ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ le Korintotɔwo I, 3:10-15 ŋu kpɔ. Eƒo nu tso Kristotɔwo ƒe xɔtudɔ ŋu le afima, eye gɔmeɖose si le eƒe kpɔɖeŋua me ate ŋu aku ɖe subɔsubɔdɔ si míewɔna le mía ɖokui me kple le gbeadzi ŋu. Ðe wòle fiafiam be ne nusrɔ̃vi ava tia mlɔeba be yeasubɔ Yehowa eye wòayi esubɔsubɔ dzi ɖaa la, enye amesiwo fia nui hena hehee koŋ ƒe agbaa? Ao. Alesi wòle vevie be nufiala la nawɔ etɔ sinua le tutuɖodɔa me dzie Paulo nɔ gbe tem ɖo. Gake abe alesi míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, mele gbɔgblɔm be tiatia aɖeke mele nusrɔ̃via si wòawɔ le nya la me o. Nyateƒee, Paulo ƒe kpɔɖeŋua ku ɖe dɔ si míewɔna le amewo me ŋu, meku ɖe mía ɖokuiwo tutuɖo ŋu o. Nenemae wòdzee elabena Paulo gblɔ be xɔ si wotu ɖewoɖewoe la bi dzo gake etula ŋutɔ ya tsi agbe. Gake ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ ma ke ɖe dɔ si míewɔna le mía ɖokui me ŋu.

5. Ŋɔŋlɔ kawoe fia be ele be Kristotɔwo nawɔ ‘xɔtudɔ’ aɖe le wo ɖokui me?

5 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Yuda 20, 21 ŋu kpɔ: “Ke, mi lɔlɔ̃tɔwo la, mitu mia ɖokui ɖe miaƒe xɔse kɔkɔe, si ƒo wo katã ta la dzi, eye mido gbe ɖa le [gbɔgbɔ, NW] kɔkɔe la me, eye midzra mia ɖokui ɖo le Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me.” Helagbe me nya si Paulo zã na “xɔtutu” le Korintotɔwo I, ta 3 kee Yuda zã le afisia, gake edze abe nya si gblɔm wòle fia be míatu mía ɖokuiwo ɖe míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyi dzi ene. Esi Luka nɔ Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòwɔ be ŋutsu aɖe tu eƒe xɔ ɖe kpe gbadza dzi ŋlɔm la, ezã Helagbe me nya ma ke si wozãna na “gɔmeɖoanyi” si Paulo zã le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Kristotɔwo ƒe xɔtutu me ŋu. (Luka 6:48, 49) Gakpe ɖe eŋu la, Paulo wɔ kpɔɖeŋu si fia be ye hati Kristotɔwo nali ke ɖe “gɔmeɖoanyi” dzi esime wònɔ nu xlɔ̃m wo be woawɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Ẽ, Mawu ƒe Nya fia mí be míawɔ ‘xɔtudɔ’ le mía ɖokui me.—Efesotɔwo 3:15-19; Kolosetɔwo 1:23; 2:7.

6. (a) Wɔ kpɔɖeŋu si fia be ame aɖewoe kpea asi ɖe ame ɖekaɖeka ɖesiaɖe ŋu hafi wòzua Kristotɔ nusrɔ̃la. (b) Agba kae le nusrɔ̃la ɖekaɖeka ɖesiaɖe dzi?

6 Ame ɖeka ƒe dɔe Kristotɔ tutuɖo nyea? Wò ya tsɔe ko be èdi be yeatu xɔ. Èyi xɔtuɖaŋunyala gbɔ be wòata xɔa na ye. Togbɔ be èɖoe be ye ŋutɔ yeawɔ dɔa ƒe akpa gãtɔ hã la, èhaya xɔtudɔwɔla be wòakpe ɖe ye ŋu ahaɖo aɖaŋu na ye le mɔnu nyuitɔwo ŋu. Ne eɖo gɔmeɖoanyia wòsesẽ, wòkpe ɖe ŋuwò nèse xɔa ƒe nɔnɔmetata gɔme, wògblɔ xɔtunu nyuitɔ siwo nàƒle na wò, eye wòfia nu geɖe le xɔtutu gɔ̃ hã ŋu wò la, wò ŋutɔ àkpɔe be ewɔ dɔ nyui. Gake nukae adzɔ ne èŋe aɖaba ƒu eƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi, heva ƒle xɔtunu maɖinuwo alo esiwo menyo o, eye mètu xɔa abe alesi xɔtuɖaŋunyala la tae ene o? Ne xɔa mu dze anyi la, màte ŋu abu fɔ xɔtudɔwɔla la alo xɔtuɖaŋunyala la kura o! Nenema ke ame geɖewoe kpea asi ɖe ame tutuɖo ŋu hafi wòzua Kristotɔ nusrɔ̃la. Yehowae nye xɔtuɖaŋunyala gãtɔ. Enɔa megbe na Kristotɔ nuteƒewɔla si nye ‘Mawu ƒe hadɔwɔla’ si fiaa nu nusrɔ̃via eye wòtunɛ ɖo la. (Korintotɔwo I, 3:9) Ke hã nusrɔ̃via hã wɔa akpa aɖe. Le nusianu megbe la, agbe si wòava nɔ kpɔ eya ŋutɔ ŋkume. (Romatɔwo 14:12) Ne wòdzroe be Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo nanɔ ye si la, ele be wòadze agbagba be woasu ye si, eye wòatu wo ɖo ɖe eɖokui me.—Petro II, 1:5-8.

7. Nya sesẽ kawoe dzea ŋgɔ Kristotɔ aɖewo, eye nukae ate ŋu afa akɔ na wo?

7 Ke ɖe wòfia be nusiwo ƒe dome míenyi, nuto si me míele, kple míaƒe nufialawo ƒe agbagbadzedze mewɔa akpa aɖeke oa? Menye nenema kura o. Edze le Mawu ƒe Nya me be nusiawo hiã eye wokpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. Míedzɔ kple nuvɔ̃ kple nɔnɔme manyomanyo geɖe eye asesẽ be míaɖu wo dzi. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12; 7:21-23) Dzilawo ƒe hehenana kple nɔnɔme si le aƒeme ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã ɖe ɖeviwo dzi—akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi. (Lododowo 22:6; Kolosetɔwo 3:21) Yesu bu fɔ Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ɖe ŋusẽ gbegblẽ si woƒe nufiafia kpɔ ɖe amewo dzi ta. (Mateo 23:13, 15) Nu mawo tɔgbe le ŋusẽ kpɔm ɖe mí katã dzi egbea. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔme sesẽ siwo me Mawu ƒe amewo dometɔ aɖewo to le ɖevime wɔe be nuwo menɔa bɔbɔe na wo o. Ehiã be míakpɔ nublanui na amesiawo eye míase veve ɖe wo nu. Eye woate ŋu akpɔ akɔfafa le Biblia ƒe nya me be womeƒo fi de wo be woawɔ vodada siwo wo dzilawo wɔ alo agbe nuteƒewɔwɔ o. Kpɔ alesi nusia ƒe kpɔɖeŋu dze le blema Yuda-fia aɖewo gomee ɖa

Yuda Fiawo—Wowɔ Tiatia na Wo Ðokui

8. Kpɔɖeŋu gbegblẽ kae Yotam fofo ɖo nɛ, gake tiatia kae eya wɔ?

8 Ƒe 16 koe Uziya xɔ esime wòzu Yuda-fia eye eɖu fia ƒe 52 sɔŋ. Le eƒe dziɖuɣia ƒe akpa gãtɔ me la, “ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Amazya wɔ pɛpɛpɛ ene.” (Fiawo II, 15:3) Yehowa yrae wòɖu aʋa geɖe dzi nukutɔe. Gake nublanuitɔe la, dzidzedzekpɔkpɔ na Uziya va do eɖokui ɖe edzi. Eva zu dadala eye wòdze aglã ɖe Yehowa ŋu to dzudzɔ ʋeʋĩ dodo le vɔsamlekpui dzi le gbedoxɔ me, evɔ nunɔlawo ƒe dɔe wònye hafi. Wogbe nya na Uziya gake edo dɔmedzoe. Emegbe wodo ŋukpee—wona anyi ƒo ɖe eŋu eye wòhiã be wòanɔ aga le eƒe agbeŋkeke mamlɛwo me. (Kronika II, 26:16-23) Aleke via Yotam wɔ nu ɖe nusiawo katã ŋu? Ðekakpui sia fofo ƒe nɔnɔme ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi ale be wòatsi tre ɖe Yehowa ƒe ɖɔɖɔɖoa ŋu hafi. Dukɔa me tɔwo akpa gãtɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzi elabena wonɔ mawusubɔsubɔnu gbegblẽwo wɔm. (Fiawo II, 15:4) Gake Yotam wɔ tiatia na eɖokui. “Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu.”—Kronika II, 27:2.

9. Kpɔɖeŋu nyui kawoe Axaz ate ŋu asrɔ̃ hafi, gake aleke eƒe agbenɔnɔ va nɔ?

9 Yotam ɖu dzi ƒe 16, eye ewɔ nuteƒe na Yehowa le ɣeyiɣi mawo katã me. Eyata enye fofo nuteƒewɔla si nye kpɔɖeŋu nyui na via Axaz. Eye ame nyui bubuwo li Axaz ate ŋu asrɔ̃. Etɔ nyo be enɔ agbe le ɣeyiɣi si me nyagblɔɖila wɔnuteƒe siwo nye Yesaya, Hosea, kple Mixa wonɔ nya gblɔm ɖi kple ŋkubiã le dukɔa me. Gake ewɔ tiatia gbegblẽ. “Mewɔ nusi dze Yehowa ŋu abe [tɔgbuia] Dawid ene o.” Ewɔ Baal ƒe legbawo eye wòde ta agu na wo eye wòtɔ dzo eya ŋutɔ viŋutsu aɖewo tsɔ sa vɔe na trɔ̃wo. Togbɔ be ame nyuiwo li wòasrɔ̃ hã la, meva nye fia kple Yehowa subɔla nyui aɖeke kura o.—Kronika II, 28:1-4.

10. Vifofo ka ƒomevie Axaz nye, gake tiatia kae via Xizkiya wɔ?

10 Ne míebu nuwo ŋu le subɔsubɔ dzadzɛtɔ nu la, ke vifofo aɖeke mevloe de Axaz nu o. Gake via Xizkiya mate ŋu atia fofo na eɖokui o! Anye Xizkiya ŋutɔ nɔviwoe nye ɖekakpui siwo Axaz wu tsɔ sa vɔ na Baal. Ðe nɔnɔme vlo sia si me Xizkiya dzɔ ɖo zu fiƒode nɛ be wòagbe nuteƒe wɔwɔ na Yehowa le eƒe agbe mea? Ao, ke boŋ Xizkiya va nye Yuda fia gã ʋeeawo dometɔ ɖeka—enye nuteƒewɔla, nunyala, kple lɔlɔ̃tɔ. “Yehowa nɔ kplii.” (Fiawo II, 18:3-7) Le nyateƒe me míate ŋu axɔe ase be esime Xizkiya kpɔtɔ nye ɖekakpui ye gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Psalmo 119 lia. Ne nenemae la, ke ele bɔbɔe be míakpɔ nusita wòŋlɔ nya siawo be: “Nye luʋɔ tsi alɔ̃madɔmadɔ le nuxaxa ta.” (Psalmo 119:28, NW) Togbɔ be Xizkiya do go kuxi sesẽwo hã la, ena Yehowa ƒe Nya fia mɔe le eƒe agbe me. Psalmo 119:105 gblɔ be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” Ẽ, Xizkiya wɔ tiatia na eɖokui—ewɔ tiatia nyuitɔ.

11. (a) Togbɔ be Manase fofo ɖo kpɔɖeŋu nyui hã la, aleke gbegbee eƒe aglãdzedze ɖe Yehowa ŋu gbɔ emee? (b) Tiatia kae Manase wɔ le eƒe tsitsime, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nya sia me?

11 Gake ewɔ mo yaa ŋutɔ be Yuda-fia nyuitɔwo dometɔ ɖeka mee vɔ̃ɖitɔwo kekeake dometɔ ɖeka dzɔ tso. Xizkiya ƒe vi Manase na trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ de dzi, eye wòna ŋutasesẽ kaka ɖi eteƒe mekɔ o. Nuŋlɔɖia gblɔ be “Yehowa ƒo nu kple Manase kple eƒe dukɔ la,” eye anye nyagblɔɖilawo dzie wòto. (Kronika II, 33:10) Yudatɔwo tua xo be nusi Manase wɔe nye be ena wodze Yesaya kple laxalaxa. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 11:37.) Nyateƒe alo alakpae wòɖanye o, nya lae nye be Manase gbe mawumenuxlɔ̃ame sese. Le nyateƒe me etɔ dzo viaŋutsu aɖewo tsɔ wo sa vɔe, abe alesi tɔgbuia Axaz wɔ ene. Gake esi ŋutsu vɔ̃ɖi sia do go dodokpɔ sesẽwo le eƒe tsitsime la, etrɔ dzime eye wòtrɔ eƒe nɔnɔme. (Kronika II, 33:1-6, 11-20) Eƒe kpɔɖeŋua fia mí be mefia kokoko be amesi wɔ tiatia vɔ̃ɖitɔ kekeake mate ŋu ado le eme o. Ate ŋu atrɔ.

12. Aleke tiatia siwo Amon kple Yosiya wowɔ le Yehowa subɔsubɔ gome to vovo na wo nɔewoe?

12 Ðe wòle be Manase ƒe vi Amon nasrɔ̃ nu tso fofoa ƒe dzimetɔtrɔ me hafi. Gake ewɔ tiatia gbegblẽwo. Amon ‘na vodada sɔ gbɔ ɖe edzi’ ŋutɔŋutɔ vaseɖe esime eteviwo wui. Via Yosiya ƒe nɔnɔme to vovo wòde dzi ƒo. Edze ƒã be Yosiya ya lɔ̃ srɔ̃ nu tso nusi dzɔ ɖe tɔgbuia dzi me. Ƒe enyi dzaa koe wòxɔ esime wòdze fiaɖuɖu gɔme. Esime wòxɔ ƒe 16 pɛ ko la, edze Yehowa didi gɔme eye emegbe eva nye fia nuteƒewɔla si nye kpɔɖeŋu. (Kronika II, 33:20–34:5) Ewɔ tiatia—tiatia nyuitɔ.

13. (a) Nukae míesrɔ̃ tso Yuda-fia siwo ƒe ŋutinya me míedzro gbɔ? (b) Aleke gbegbee dzilawo ƒe hehenana le veviee?

13 Yuda-fia adre siwo ƒe ŋutinya me míedzro kpuie la fia nu vevi aɖe mí. Le go aɖewo me la, fia vɔ̃ɖitɔwo ƒe viwo va nye vi nyuitɔwo kekeake eye, le mɔ bubu nu la, fia nyuiwo ƒe viwo va nye vi vɔ̃ɖitɔwo. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 2:18-21.) Nya sia mefia be dzilawo ƒe hehenana mele vevie o. Le nyateƒe me dzila siwo hea wo viwo ɖe mɔ si Yehowa fia nu la le mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ kekeake nam wo viwo be woava nye Yehowa subɔla wɔnuteƒewo. (Mose V, 6:6, 7) Ke hã togbɔ be dzila wɔnuteƒewo dzea agbagba nyui ɖesiaɖe hã la, ɖevi aɖewo va toa mɔ gbegblẽtɔa dzi. Ðevi bubuwo hã tianɛ be yewoalɔ̃ Yehowa ahasubɔe, togbɔ be wo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu vloe hã. Yehowa yraa wo agbe dzea edzi na wo. Ɣeaɖewoɣi ɖe nèdea ŋugble le alesi nuwo ava nɔ na wòe ŋua? Ekema bu Yehowa ŋutɔ ƒe kakaɖedzinya siwo fia be àte ŋu awɔ tiatia nyuitɔ ŋu kpɔ!

Yehowa Ka Ðe Dziwò!

14. Aleke míewɔ nya be Yehowa sea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gɔme?

14 Yehowa kpɔa nusianu. Lododowo 15:3 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” Fia Dawid gblɔ le Yehowa ŋu be: “Esi menye ʋukɔe la, wò ŋkuwo kpɔm, eye woŋlɔ ŋkeke, siwo katã ava emegbe, siwo dometɔ aɖeke meli haɖe o la, ɖe wò agbalẽ me.” (Psalmo 139:16) Eyata Yehowa nya nɔnɔme gbegblẽ siwo nèle avu wɔm kplii—nenye ɖe nènyi woƒe dome loo alo nu bubu siwo metso gbɔwò o ye na wova le asiwò hã la, enya. Enya ŋusẽ si gbegbe nusiawo kpɔ ɖe dziwò. Enya wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo wu alesi wò ŋutɔ nènya woe gɔ̃ hã. Eye ekpɔa nublanui. Mebiana tso mía si be míawɔ nusi wu míaƒe ŋutete gbeɖe o.—Psalmo 103:13, 14.

15. (a) Nusiwo afa akɔ na amesiwo amewo ɖoe koŋ wɔ nuvevii dometɔ ɖeka ɖe? (b) Agba kae Yehowa gblẽ ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe dzi wònye bubudede mía ŋu?

15 Gake Yehowa mebua mí be wɔna aɖeke mele mía ŋu ɖe nɔnɔmeawo ŋu o. Ne míeto nɔnɔme gbegblẽwo me va yi la, kakaɖedzi si wònye be Yehowa lé fu amedomegblẽnu mawo katã siwo wobua wɔ ɖe mía ŋu la faa akɔ na mí. (Psalmo 11:5; Romatɔwo 12:19) Gake ne emegbe mía ŋutɔwo míeɖoe koŋ wɔ nusiwo menyo o la, ɖe wòakpɔ mía ta be míagaxɔ eŋu fetu oa? Gbeɖe. Eƒe Nya gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Yehowa de bubu eƒe nuwɔwɔ nyanu ɖesiaɖe ŋu gblẽ agba la ɖe eya ŋutɔ si me be wòawɔ nu nyui ahasubɔ ye. Ðeko wòsɔ kple nya si Mose gblɔ na Israel-dukɔa be: “Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe.” (Mose V, 30:19) Yehowa ka ɖe edzi be míawo hã míate ŋu awɔ tiatia nyuitɔ. Aleke míewɔ nya?

16. Aleke míawɔ akpɔ dzidzedze le ‘agbagbadzedze ɖe mía ŋutɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu’ me?

16 Se nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɖa: “Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, . . . mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wɔ mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la . . . Elabena Mawu enye amesi wɔa didi kple nuwɔwɔ siaa le mia me le eƒe ŋudzedze la ŋuti.” (Filipitɔwo 2:12, 13) Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘wɔ dɔ’ la fia dɔ aɖe wɔwɔ awu enu. Eyata womeɖoe ɖi na mía dometɔ aɖeke be míado kpo nu alo ana ta o. Yehowa Mawu anya ka ɖe edzi be míate ŋu awu dɔ si yede mía si nu—dɔ si míawɔ akpɔ ɖeɖe—anye ne mana woaŋlɔ nya mawo o. Gake aleke míawɔ akpɔ dzidzedzee? Mele mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ne ɖe ŋusẽ agbɔsɔsɔme si hiã le mía ŋu eye míate ŋu awɔe le mía ɖokui si la, anye ne mahiã be woagblɔ be míatsɔ “vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya” awɔe o. Ke boŋ Yehowa ‘wɔa dɔ le mía me,’ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ le míaƒe susu kple dzi me, eye wòkpena ɖe mía ŋu be ‘didia nanyɔ ɖe mía me eye míawɔ nu’ hã. Esi wòkpena ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe alea ta la, ɖe susu aɖe li si ta wòle be míagbe tiatia nyuiwo wɔwɔ le agbe me ahanɔ agbe ɖe wo nua? Kura o!—Luka 11:13.

17. Tɔtrɔ kawoe míate ŋu awɔ le mía ɖokui me, eye aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míawɔ woe?

17 Ðewohĩ mɔxenu aɖewo li siwo dzi wòle be míaɖu—ate ŋu anye agbebaɖanɔnɔ tso ɖevime kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ana susu totrowo nanɔ mía si. Gake Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu wo dzi! Abe alesi Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto ene la, ŋusẽ le Mawu ƒe Nya ŋu be wòatrɔ ‘nusiwo ƒo ke ɖe to sesĩe’ gɔ̃ hã abu anyi. (Korintotɔwo II, 10:4) Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ le míaƒe agbe me kura. Eƒe Nya de dzi ƒo na mí be ‘míaɖe amenyenye xoxoa ɖa’ eye ‘míado amenyenye yeye si wowɔ le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nu.’ (Efesotɔwo 4:22-24) Ðe Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siawo nyateƒea? Ate ŋui vavã! Mawu ƒe gbɔgbɔa na míetsea kuwo—wonye nɔnɔme nyui xɔasi siwo mí katã míadi be woasu mía si. Lɔlɔ̃e nye wo dometɔ gbãtɔ.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

18. Tiatia kae amegbetɔ tamebula ɖesiaɖe ate ŋu awɔ, eye tameɖoɖo kae wòle be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ?

18 Nyateƒe vevi aɖe si naa ablɔɖe amee nye sia. Seɖoƒe meli na Yehowa Mawu ƒe amelɔlɔ̃ o, eye eƒe nɔnɔme nue wowɔ mí ɖo. (Mose I, 1:26; Yohanes I, 4:8) Eyata mía ŋutɔwo míate ŋu atiae be míalɔ̃ Yehowa. Eye lɔlɔ̃ ma—menye agbe si míenɔ va yi, menye gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo va su mía si, menye nuvlowɔwɔ ƒe dzodzro si ƒe dome míenyi o—ye aʋu etsɔme ƒe mɔ na mí. Lɔlɔ̃ na Yehowa Mawue hiã Adam kple Xawa bene woate ŋu awɔ nuteƒe le Eden hafi. Lɔlɔ̃ siae hiã mía dometɔ ɖesiaɖe bene míate ŋu atso Harmagedon ahato dodokpɔ mamlɛa me le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu. (Nyaɖeɖefia 7:14; 20:5, 7-10) Nɔnɔme ka ke mee míeɖale o, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atu lɔlɔ̃ sia ɖo. (Mateo 22:37; Korintotɔwo I, 13:13) Mina míaɖoe kplikpaa be míalɔ̃ Yehowa eye míana lɔlɔ̃ sia nadzi ɖe edzi tso mavɔ me yi mavɔ me.

Nukae Nye Wò Susu?

◻ Nukpɔsusu siwo bɔ kawoe tsi tre ɖe nu nyui si Biblia fia ku ɖe ame ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi ŋu?

◻ Xɔtudɔ kae wòle na Kristotɔ ɖesiaɖe be wòawɔ le eɖokui me?

◻ Aleke Yuda-fiawo ƒe kpɔɖeŋuwo ɖee fia be amesiamee wɔa tiatia na eɖokui?

◻ Aleke Yehowa ka ɖe edzi na mí be nɔnɔme gbegblẽ ka kee ƒo xlã mí o, míate ŋu awɔ tiatia nyuitɔwo le agbe me?

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nusiwo ƒe dome nènyie afia alesi wò etsɔme anɔa?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Togbɔ be Fia Yosiya fofo ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽ hã la, eya tiae be yeasubɔ Mawu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe