Te Ðe Mawu Ŋu
Ede Bubu Mía Ŋu Esi Wòna Ablɔɖe Mí
DZILAWOE wòle be woaɖo kpɔɖeŋu ɖi na wo viwo. Ne dzilawo he wo viwo nyuie la, ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woava tu nɔnɔme nyuiwo ɖo, eye woawɔ tiatia nyuiwo le agbe me. Gake nublanuitɔe la, dzila geɖe meɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na wo viwo o. Ðe wòfia be ɖevi siawo mate ŋu ava zu ame ɖɔʋuwo oa? Míate ŋu aɖo nyabiase sia ŋu ne míebu nya sia ŋu: Yehowa Mawu de bubu mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu esi wòna ablɔɖe mí be míawo ŋutɔwo míatia nu si míawɔ. Bu Xizkiya ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ, abe ale si wòdze le 2 Fiawo 18:1-7 ene.
Xizkiya nye “Yuda fia Axaz ƒe vi.” (Kpukpui 1) Axaz na eteviwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Fia vɔ̃ɖi sia subɔ Baal hetsɔ amewo sa vɔ nɛ. Ena wowu Xizkiya nɔvi ɖeka ya teti. Axaz na wotu gbedoxɔa ƒe ʋɔtruwo, “eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem.” Eto esia me ‘do dziku na Yehowa.’ (2 Kronika 28:3, 24, 25) Edze ƒãa be Xizkiya fofo vɔ̃ ɖi ŋutɔ. Ðe esia fia be Xizkiya hã awɔ nu abe fofoa ene godooa?
Esi Xizkiya zu fia ɖe fofoa Axaz teƒe ko la, eɖee fia be ye fofo ƒe kpɔɖeŋu manyomanyo la magblẽ nu le ye ŋu o. Xizkiya ‘wɔ nu si dze Yehowa ŋu.’ (Kpukpui 3) Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye ‘etɔgbi aɖeke menɔ Yuda fiawo dome o.’ (Kpukpui 5) Ðekakpui ko fia sia nye ɣemaɣi, gake le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me ko la, egbugbɔ tadedeagu vavãtɔ ɖo anyi, si na woɖe teƒe kɔkɔ siwo wodea ta agu na trɔ̃wo le la ɖa. Wogaʋu gbedoxɔa, eye wogate Yehowa subɔsubɔ. (Kpukpui 4; 2 Kronika 29:1-3, 27-31) “Eku ɖe Yehowa ŋu, . . . Eye Yehowa nɔ kplii.”—Kpukpui 6, 7.
Nu kae kpe ɖe Xizkiya ŋu be mesrɔ̃ fofoa ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa o? Ðe wòanye be dadaa Abiya si ŋu míenya nu boo aɖeke tso o lae kpe ɖe eŋua? Alo Yesaya, si nye nyagblɔɖila hafi wova dzi Xizkiya la, ƒe agbenɔnɔ nyui lae fiavi sia srɔ̃a?a Biblia megblɔe na mí o. Aleke kee wòɖale o, míenya be Xizkiya tiae be yeƒe agbenɔnɔ nato vovo na ye fofo tɔ sãa.
Xizkiya ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na ame siwo katã wo dzilawo mehe nyuie le ɖevime o. Míate ŋu awɔ naneke le nu siwo dzɔ va yi la ŋu o; míate ŋu atrɔ nu siwo me míeto va yi la o. Gake esia mefia be naneke meli míate ŋu awɔ gbeɖe o. Míate ŋu atiae be míawɔ nanewo fifia, siwo ana míakpɔ dzidzɔ le etsɔ me. Míawo hã míate ŋu atiae be míasubɔ Mawu vavã Yehowa abe Xizkiya ene. Ne míewɔ esia la, míaƒe dzi adze eme fifia, eye míava kpɔ agbe mavɔ le xexe yeye si Mawu awɔ la me. (2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ðe mele be míada akpe na Mawu lɔ̃ame si de bubu mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu alea hena nu vevi sia gbegbe mí, be míawo ŋutɔwo míatia nu si míawɔ la oa?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Yesaya gblɔ nya ɖi le ƒe 778 D.M.Ŋ. lɔƒo va se ɖe 732 D.M.Ŋ. megbe. Xizkiya zu fia le ƒe 745 D.M.Ŋ. me, esi wòxɔ ƒe 25.