Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta
Ame aɖe si Nye Tsitretsiɖeŋula Tsã Va Srɔ̃ Nyateƒea
WOKA dukɔmeviʋa si wowɔ le Liberia ŋu nya gbogbo aɖe ta le nyadzɔdzɔwo me. Wowu ame akpe geɖe eye ame gbogbo aɖewo ka hlẽ. Le nɔnɔme sesẽ siawo katã me hã la, dzianukwaretɔwo yi edzi le nyateƒea xɔm, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ɖee fiae ene.
Luther Sɔlemeha mee wonyi James le tso keke eƒe ƒe ewo xɔɣi ke. Esi James va zu sɔlemeha aɖe ƒe nyadzɔdzɔgbalẽmetola la, ezã eƒe ɖoƒe tsɔ ŋlɔ nu tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Evɔ le nyateƒe me la, medo go wo dometɔ aɖeke kpɔ o.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, James va ɖe asi le sɔlemeha la ƒe nyadzɔdzɔgbalẽmetodɔa ŋu eye wòva tu amedzrodzeƒe. Gbeɖeka esi wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe amedzroxɔƒe si le eƒe amedzrodzeƒea la, nɔvinyɔnu eve siwo do awu ɖe nɔnɔme nyui me la va egbɔ. Esi wòkpɔ alesi wodzra ɖo nyuie la, ena woge ɖe eme. Gake esi woɖe susu si ta wova me nɛ la, egblɔ be, “vovo mele ŋunye na dzeɖoɖo o.” Ðasefoawo do magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwɔwɔ ɖe egbɔ eye wòlɔ̃ kple susu be yeana woadzo le ye gbɔ ko. Exɔ magazineawo ɣleti 12 sɔŋ, gake ɖeko wòtsɔa wo dea aŋekotoku aɖe me eye meɖea agbalẽkotoku si me wode woe gɔ̃ hã le wo ŋu o.
Wonɔ dukɔmeviʋa sesẽ aɖe wɔm, eyata James lɔ ga gbogbo aɖe kple nu veviwo de kotoku me be ne kaka amedzidzedze ƒe dzesi aɖe nya dze ko la, ne yeasi. Gbeɖeka ŋdikanya bɔmb aɖe wó le eƒe xɔmegbeʋɔtru gbɔ, eye vɔvɔ̃ ɖoe wòku asi kotokua me si dzo. James va ge ɖe dukɔmevi sisila akpe geɖe dome, eye ele be wòato agbamekaƒe vovovowo. Wodaa adzo dukɔmevi maɖifɔwo eye wowua wo enuenu le afima dzodzro.
Wobia nya ɖeka eve aɖewo James le agbamekaƒe gbãtɔ, eye emegbe wogblɔ nɛ be wòaʋu eƒe kotokua. Esi wòʋui la, ekpɔ eƒe kotokua me gakpɔe ake; ɖeko wòtsi yaa. Dzidzi ƒoe esi wòkpɔ be menye kotoku si me yeƒe nuwo le lae nye ma yetsɔ o. Le vɔvɔ̃ si ɖoe ta, akplo si me Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine siwo katã nu meʋu o le lae wòtsɔ. Gake esi asrafoa kpɔ magazineawo eye wòkpɔ eƒe ŋkɔ le wo dzi la, egblɔ be: “O, Yehowa Ðasefoe nènye. Menye miawo dim míele o, míenya be miekaa aʋatso o.” Asrafoa tsɔ magazine ʋee aɖewo eye wògblɔ na James be wòadzo.
Nu ma ke koe dzɔ le agbamekaƒe asieke sɔŋ, le esi asrafomegãawo katã bu be Yehowa Ðasefoe James nye ta woɖe mɔ nɛ wòdzo naneke mawɔmawɔe. Fifia dzi va le James dzɔm be yemetsɔ yeƒe nunɔamesiwo o elabena le nusi wòkpɔ me la, anye ne woate ŋu awui bɔbɔe ɖe eƒe kesinɔnuawo ta.
Mlɔeba esi wòva ɖo agbamekaƒe mamlɛtɔ si ŋu vɔvɔ̃ le wu bubuawo katã la, ŋɔdzi lée le esi wòkpɔ ame kuku gbogbo aɖe le teƒea keŋ. Evɔ̃ eye wòdo gbe ɖa yɔ Yehowa ŋkɔ. Edo gbe ɖa be ne Mawu akpe ɖe ye ŋu yeato amewuƒe sia la, yeatsɔ yeƒe agbemeŋkeke mamlɛawo asubɔe.
James ʋu eƒe kotokua nu fia asrafoawo, eye wogagblɔ nɛ ake be: “Menye amesiawo dim míele o.” Wotrɔ ɖe eŋu gblɔ kpee be: “Mia nɔvi ɖeka le to sia godo. Yi nàva nɔ egbɔ.” Azɔ susu si le James si ɖe Ðasefowo ŋu trɔ kura. Ege ɖe nɔvia dzi enumake, eye wowɔ ɖoɖo ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu le agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi me.a
Le ŋkeke aɖewo megbe la, wova dze wo dzi si zii ɖe edzi be wòasi le nuto ma me. Fifia ya la, agbalẽ si nye Agbe Tegbee si nɔ James si koe wòtsɔ ɖe asi tsɔ ɖo gbee! Le ɣleti 11 siwo me wòɖe ɖe aga le Ðasefowo ŋu la, esrɔ̃ eƒe agbalẽa wu enu zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ. Mlɔeba esi wòtrɔ va dua me la, egadze Biblia sɔsrɔ̃ kple Ðasefowo gɔme eye wòwɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Exɔ nyɔnyrɔ, eye fifia ele subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe kple eƒe gbɔgbɔmenɔviwo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.