INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/99 axa 7
  • Ðe Nèɖo Agbɔsɔsɔ si Nàxɔ Ðia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nèɖo Agbɔsɔsɔ si Nàxɔ Ðia?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ɣeyiɣi Ði na Magazinedɔ Wɔwɔ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Magazinewo Ðea Gbeƒã Fiaɖuƒea
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 4/99 axa 7

Ðe Nèɖo Agbɔsɔsɔ si Nàxɔ Ðia?

1 Ðe nèyi kpekpe hena gbeadziyiyi kpɔ eye nède dzesii be magazine aɖeke mele yeƒe akplo me oa? Ðo ŋku September 1995 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvia dzi, esi ƒe tanya gblɔ be, “Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze.” Egblɔ na mí be ‘míaɖo magazine agbɔsɔsɔ si míaxɔ ɖi koŋ,’ eye wòyi edzi be: “Gblɔ ɖesiaɖe ƒe xexlẽme si sɔ nànɔ xɔxɔm ɣesiaɣi la na magazine dzi kpɔla. Ne èwɔe alea la, mia kple wò ƒomea mianɔ magazineawo xɔm pɛpɛpɛ ɣesiaɣi.” Ðe nèwɔ esiaa?

2 Nukata màɖo magazine agbɔsɔsɔ si nànɔ xɔxɔm ɖi o? Àse le ɖokuiwò me be agba gã aɖe le ye dzi be yeamã magazineawo kwasiɖa sia kwasiɖa, eye àkpɔ dzidzɔ geɖe wu le esia wɔwɔ me. Ne èɖo agbɔsɔsɔ si nàxɔ ɖi xoxo la, ke gbugbɔ lé ŋku ɖe eŋu kpɔ be yele agbɔsɔsɔ si yehiã dzinu sia dzinu le subɔsubɔdɔa me la xɔma. Le nyateƒe me la, míedi be míawɔ nuteƒe eye míabui agbanɔamedzi be míaxɔ xexlẽme si míeɖo ɖi ɣleti sia ɣleti. Ne àzɔ mɔ adzo le hamea gbɔ ɣeyiɣi didi aɖe la, ke na magazine dzi kpɔla la nanya ne èdi be wòatsɔ wò magazinewo ana ame bubu vaseɖe esime nètrɔ gbɔ.

3 Emedegbalẽvi ma si me míeyɔ nya tsoe va yi gblɔ hã be ele be ‘míawɔ magazine ŋkeke ƒe ɖoɖo edziedzi.’ Ðe nàte ŋu ado alɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Magazine Ŋkekea? Abe alesi wòdze le 1999 Calendar of Jehovah’s Witnesses dzi ene la, esia dze Memleɖagbe ɖesiaɖe dzi le ƒea me! Mègabu Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! mamã ƒe vevienyenye nu tsɛe o! Ne míedze agbagba be míakpɔ gome le magazinedɔa me bliboe la, ke míele ‘nusi nyo wu ŋuti nyanyui’ gblɔm na mía haviwo.—Yes. 52:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe