INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w98 11/15 axa 3-4
  • Ðe Mawudɔla Aɖe Dzɔa Ŋuwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawudɔla Aɖe Dzɔa Ŋuwòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðetsɔtsɔ le Mawudɔlawo Me
  • Ðetsɔtsɔ Le Mawudɔlawo Me
    Nyɔ!—1999
  • Ðe Mawudɔla Aɖe Li Si Dzɔa Ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Alesi Mawudɔlawo Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
w98 11/15 axa 3-4

Ðe Mawudɔla Aɖe Dzɔa Ŋuwòa?

ÐE NÈXƆE se be mawudɔla aɖe dzɔa ye ŋua? Ame geɖe xɔe se be mawudɔla aɖe dzɔa yewo ŋu. Le esia ta wogblɔ tso nyɔnu aɖe si le Canada ƒe ɣetoɖoƒe ŋu be kadodo kple mawudɔlawo ƒe nunana tɔxɛ aɖe le esi. Egblɔ be yeate ŋu ana nàke ɖe mawudɔla si dzɔa ŋuwò ŋu, ne ètsɔ ga $200 kpe ɖe wò ŋkɔwo katã ŋu na ye. Gbã la, asi bosomikaɖi anɔ dzobibia kpɔm ahayi ŋugble me ʋĩ. Emegbe akpɔ ŋutega si me wò mawudɔla atsɔ gbedasi ato edzi na wò. Nyɔnua ata alesi wò mawudɔla ƒe dzedzeme le ɖe nu dzi atsɔ akpe ɖe eŋu na wò femaxee.

Le ame geɖe gome la, esia sɔ kple ŋutinya si wogblɔna tso Franseawo ƒe Fia Louis IX ŋuti. Wogblɔ tso fia sia ŋu be eƒle fu xɔasi aɖewo siwo wogblɔ be woge tso Mawudɔlagã Mixael ƒe aʋalawo ŋu. Togbɔ be àke ɖi ŋutinya ma hã la, ame gbogbo aɖewo li siwo make ɖi Canada-nyɔnua ƒe asiƒuakɔnyawo kura o.

Ðetsɔtsɔ le Mawudɔlawo Me

Le nyitsɔ laa ƒewo me la, amewo va le ɖe tsɔm le mawudɔlawo ƒe nya me ŋutɔ. Wogblɔna na mí le television dzi kple le sinimawo, agbalẽwo, magazinewo, kple agbalẽviwo me be mawudɔlawo na gbɔdzɔe amesiwo ƒe lãme gblẽ vevie, wofa akɔ na amesiwo ame ku na, wona nunya amewo, eye woɖe amewo ƒe agbe tso ku me. Le United States la, amesiwo ade miliɔn 20 kpɔa television dzi wɔna aɖe si dzi woyina kwasiɖa sia kwasiɖa si me woɖea alesi mawudɔlawo xɔna na amewo fiana le. Wogblɔ le agbalẽdzraƒe aɖe be agbalẽ 400 kple edzivɔ li siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu.

Agbalẽ aɖe si do nyitsɔ laa gblɔ nuteƒekpɔkpɔ le alesi mawudɔla siwo dzɔa ame ŋu xɔ asrafo aɖewo ɖe agbe le aʋa me. Woŋlɔ ɖe nusiwo woklãna ɖe ʋuwo ŋu be mawudɔla ameŋudzɔlawo le ʋukulawo ta kpɔm. Woɖo habɔbɔwo eye wowɔ takpekpe vovovo siwo na amewo srɔ̃ nu tso mawudɔlawo ŋu eye wogblɔ be wokpe ɖe amewo ŋu woƒo nu kpli wo.

Eileen Freeman nye amesi ŋlɔ agbalẽ etɔ̃ tso mawudɔlawo ŋu eye eganye amesi taa nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si ƒoa nu tsoa mawudɔlawo koŋ ŋu. Egblɔ kple kakaɖedzi be: “Meka ɖe edzi be mawudɔla ɖesiaɖe si le dziƒo ƒe mawudɔla bubu si nye ameŋudzɔla la le Anyigba dzi, amesi ƒe dɔ menye kafukafu tsɔtsɔ na Mawu le dziƒonutowo me ko o ke ekpɔa amegbetɔwo kple nugbagbe ƒomevi bubu siwo le Anyigba dzi la dzi ŋutɔŋutɔ. Wotsɔ mía dometɔ ɖesiaɖe de asi na mawudɔla aɖe be wòadzɔ mía ŋu tso esime wofɔ míaƒe fu eye be wòakpɔ míaƒe tsitsi ta le ƒodoa me, le mía dziɣi, le míaƒe agbenɔnɔ le xexe sia me la me, vaseɖe esime mawudɔla la nafia mɔ mí ado go le xexe sia ƒe nutowo me ayi ŋutikɔkɔe me le dziƒo.” Esia ɖɔ mawudɔla siwo dzɔa ame ŋu ƒe nukpɔsusu si bɔ la wòsɔ nyuie.

Le amemiamiã kple agbenɔnɔ ƒe sesẽ ƒe ɣeyiɣi sia me la, akɔfanya wòanye be woaxɔe ase be mawudɔla ameŋudzɔla le amesiame si, amesi ƒe dɔe nye be wòakpɔ mía ta. Nukae Mawu ƒe Nya, Biblia, gblɔ le nya sia ŋu? Ðe wòle be míadze agbagba ana kadodo nanɔ mía kple mawudɔlawo domea? Ðe wotsɔa ɖe le míaƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple míaƒe mawusubɔsubɔ dzixɔsewo mea? Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu akpɔ mɔ na tso wo gbɔ? Woaɖo biabia siawo ŋu le nyati si kplɔ esia ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe