Ðetsɔtsɔ Le Mawudɔlawo Me
“Mawudɔla si fiaa mɔ mí hedzɔa mía ŋu le mía dometɔ ‘ɖesiaɖe’ si . . . Ne míeɖe fu na wo o, míebɔbɔ mía ɖokui na wo abe ɖeviwo ene, eye míeɖe kakaɖedzi blibo kple lɔlɔ̃ kpakple akpedada ɖokuibɔbɔtɔe fia la, ekema woadudu yayra ɖe mía dzi wòagbɔ eme. Wofena kpli mí. Wokpɔa mía ta. Wodaa gbe le mía ŋu, wokaa asi mía ŋu, wofaa akɔ na mí kple woƒe asi makpɔmakpɔwo lɔlɔ̃tɔe, eye wodzea agbagba ɣesiaɣi be yewoakpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí.”—Woɖee tso agbalẽ si nye “Angel Letters” me.
ÀLƆ̃ ɖe edzi be mawudɔlawo ŋuti nukpɔsusu sia si bɔ nya se ŋutɔ. Wogblɔ tso nukpɔsusu si ame aɖewo yɔna be “gbɔgbɔmemenyenye yeye” ŋu be ne mede ɖeke o la, wode mía dometɔ ɖesiaɖe asi na mawudɔla ɖeka ya teti, mawudɔla siawo ƒe dɔe nye be woafa akɔ na mí eye woakpɔ mía ta tso afɔkuwo me. Wogblɔna be ŋusẽ triakɔ kple lɔlɔ̃ le wò mawudɔla si. Mebiaa toɖoɖo alo tadedeagu tso ame si o, eye madrɔ̃ ʋɔnu wò alo aka mo na wò gbeɖe o. Enɔa gbɔwò ɣesiaɣi, hetsɔa eɖokui ɖoa anyi ɖe wò nyonyo ta, eye wòlɔ̃na faa be yeawɔ ɖe wò didi ɖesiaɖe dzi. Ame geɖe siwo li egbea xɔ nya siawo dzi se vevie.
Gake menye nu yeyee mawudɔlawo dzixɔse nye o. Wowɔ akpa vevi aɖe le amewo ƒe subɔsubɔ dzixɔsewo me tso blema ke. Esia dzena le nutatawo me. Wotsɔ mawudɔla siwo nye kerubiwo ƒe nɔnɔmetatawo ɖo atsyɔ̃ na blema Yudatɔwo ƒe avɔgbadɔ kple gbedoxɔa me. Wotsɔ mawudɔlawo ɖo atsyɔ̃ na Kristodukɔa ƒe sɔlemexɔwo kple gbedoxɔ gãwo. Mawudɔlawo ƒe nɔnɔmetata kple kpetatawo yɔ blemanudzraɖoƒewo fũ.
Mawudɔlawo ƒe Ŋkɔxɔxɔ
Le ŋkeke siawo me la, mawudɔlawo va xɔ ŋkɔ le dukɔ aɖewo me ŋutɔ. Woɖenɛ fiana le sinimawo me be mawudɔlawo nye amegbetɔ siwo ku gatrɔ gbɔ va anyigba dzi be woawɔ dɔmenyo na amewo. Le sinima aɖe me la, mawudɔlawo kpe ɖe baseball-ƒoha aɖe si dzi ɖum wonɔ la ŋu. Le sinima bubu me la, mawudɔla aɖe si dzɔa ame ŋu kpe ɖe ŋutsuvi ƒewuivi aɖe ŋu wòbia hlɔ̃ amesiwo wu eƒe ahiãvi. Mawudɔlawo ƒe kpekpeɖeŋunana va do agbogbo ɖe United States television wɔna xɔŋkɔ aɖe hã me.
Hadzidzi siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu bɔ. Le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me le United States la, hadzidzi xɔŋkɔ ɖeka le ewo ɖesiaɖe si wodzi me ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu. Kaka ƒe 1990 ƒe ƒeawo naɖo eƒe domedome la, woʋu “fiase siwo dzraa nusiwo ku ɖe mawudɔlawo ŋu” siwo wu 120 le Amerika. Fiase siawo dzraa mawudɔlawo ƒe numemewo, mawudɔlawo ƒe nɔnɔmetata siwo wotsɔ kua nu ŋu, kple agbalẽ siwo me wota mawudɔlawo ɖo—wotsɔ mawudɔlawo ƒe nɔnɔmetatawo ɖo atsyɔ̃ na ɖeviwo ƒe fefenu siwo xlɔ̃na gɔ̃ hã. Wobe woto numedzrokpekpewo kple agbalẽvi siwo dzi woŋlɔ mɔfiame ɖo dzi fiaa alesi amewo awɔ ado ka kple dziƒonuwɔwɔ siawo. Magazinewo, nyadzɔdzɔgbalẽwo, kple numedzodzro siwo wowɔna le radio alo television dzi ƒoa nu tso ŋutinya siwo gblɔ alesi ame aɖewo do go mawudɔlawoe ŋu.
Agbalẽ Alafa Geɖewo
Wo ŋuti gbalẽwo hã li. Wogblɔ be woakpɔ agbalẽ vovovo 500 kple edzivɔ siwo ƒo nu tso mawudɔlawo ŋu, vevietɔ esiwo ƒo nu tso mawudɔla siwo dzɔa ame ŋu, le agbalẽdzraƒe gã aɖe si le New York City me. Wobe agbalẽ mawo ate ŋu afia exlẽlawo alesi woawɔ ado ka kple mawudɔlawo, anya woƒe ŋkɔwo, aƒo nu kple wo, kple alesi woabia woƒe kpekpeɖeŋui. Agbalẽ siawo me yɔ fũ kple ŋutinya geɖewo le alesi mawudɔlawo ɖe wo ɖokui fia le hiãtuameɣiwo, eye wohe amesiwo ʋu yina ƒoƒo ge le ʋu la ŋgɔ, woda gbe le amesiwo nɔ dɔ vɔ̃ɖiwo lém ŋu, wona gbɔdzɔe amesiwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom, eye wokpɔ asrafowo ta le aʋagbedzi. Mawudɔla siawo nana kpekpeɖeŋu siawo “eye womebiana tsoa amewo si be woatrɔ dzime, axɔ yewo dzi ase, alo awɔ nuteƒe na yewo o.” Gake ƒã hafi egbegbe “nudzɔdzɔ” siawo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me. Zi geɖe la, amesiwo gblɔna be nuteƒekpɔkpɔ siawo ƒomevi su yewo si mekpɔa viɖe gobii aɖeke tsoa wo me tsɔ wu alesi wòvivia wo nue ko o.
Le ɣeyiɣi sia si me xaxa kple fuɖenamewo bɔ ɖo fũ me la, ŋutinya siawo ate ŋu adze na amewo abe nyanyui wɔnukuwo ene. Gake ɖe woate ŋu aka ɖe wo dzia? Ðe wòle veviea?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]
Ame geɖe susui be yewokpɔ mawudɔlawo ŋkume kple ŋkume kpɔ