INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 2/15 axa 24-25
  • Wole Teƒe “Kɔkɔe” Aɖe Ʋlim

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wole Teƒe “Kɔkɔe” Aɖe Ʋlim
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanɔ Kɔkɔe?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Atitsogaʋawo—‘Amefuflu Wɔnublanui’ Aɖe
    Nyɔ!—1997
  • Xɔsegbegbe la—Exe Mawu Didi ƒe Mɔ La
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Ðe Kristodukɔa Nye Kpɔɖeŋu Na Yerusalem Dua?
    Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa—Wogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba!
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 2/15 axa 24-25

Wole Teƒe “Kɔkɔe” Aɖe Ʋlim

LE July 15, 1099 dzi la, Atitsogaʋa Gbãtɔ si ŋu Roma papa ɖe mɔ le be woawɔ la na wote ŋu xɔ Yerusalem abe alesi woɖoe ene. Alesi wowu amewoe la dzi ŋɔ ŋutɔ! Mɔ̃mefia kple eŋudzɔla koe tsi agbe le esi wona zãnu gbogbo aɖe ta. Osɔfo Antony Bridge gblɔ nusi dzɔ ɖe Moslemtɔ kple Yudatɔ siwo susɔ ɖe dua me dzi ɖe eƒe agbalẽ si nye The Crusades me be: “Esi woɖe nusianu ƒe mɔ na Atitsogaʋawɔlaawo le dua me ko la, woƒo wo ɖokuiwo ɖe ʋukɔkɔɖi si gbɔ eme hedzi ŋɔ la me. . . . Wowu ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi ɖesiaɖe si ŋu woke ɖo le dua me . . . Esi ame aɖeke megali woawu o la, aʋadziɖulaawo lɔ hoo to dua ƒe ablɔwo dzi . . . yi ɖe Ameɖiƒe Kɔkɔea ƒe Gbedoxɔ me be yewoada akpe na Mawu.”

Tso esime atitsogaʋawɔlawo ɖu aʋaa dzi eye Kristodukɔa va le Yerusalem la, masɔmasɔ sɔŋ koe le Roma Katoliko, Ɣedzeƒe Orthodɔks, kple yeaɖi Kristo-ha bubuwo dome. Le ƒe 1850 me la, teƒe kɔkɔe siwo le Yerusalem kple nuto siwo ƒo xlãe me ŋuti nyaʋiʋli si nɔ sɔlemeha vovovo kplɔlawo dome koŋ gbɔe wòtso be wowɔ Crimea-ʋa la. England, France, kple Ottoman Nutoa ho aʋa ɖe Russia ŋu eye ame miliɔn afã tsi eme.

Aʋaa mena masɔmasɔ siwo nɔ Kristodukɔa me ɖe Yerusalem kple eƒe teƒe kɔkɔewo ta nu tso o. Ottomantɔ siwo nɔ dukɔa kplɔm ɣemaɣi la dze agbagba be yewoahe ŋutifafa vɛ to teƒe kɔkɔeawo mamã ɖe xɔse vovovoawo nu me. Ðk. Menashe Har-el gblɔ le eƒe agbalẽ si nye This Is Jerusalem me be: “Dukɔ ƒoƒuawo nɔ te ɖe Numamã Ŋuti Nyametsotso si wowɔ le November 1947 me la dzi . . . lɔ̃ ɖe gɔmeɖose sia dzi. Eyata eva zu dukɔwo dome se ƒe akpa aɖe.” Ewɔe be wova mã Ameɖiƒe Kɔkɔea ƒe Gbedoxɔa ale be wònye Roma Katolikotɔwo, Greece ƒe Orthodɔkstɔwo, Armeniatɔwo, Syriatɔwo, kple Kopttɔwo katã tɔ. Mlɔeba la, Ethiopiatɔwo na woƒe ame aɖewo va le agbadɔwo me le sɔlemexɔa tame tsɔ le tɔ tem ɖe edzi be yewotɔe. Ame geɖe bua Ameɖiƒe Kɔkɔea ƒe Gbedoxɔ la be enye Kristodukɔa ƒe teƒe si le kɔkɔe wu. Vɔsaxɔwo, kpememewo, kple nɔnɔmetatawoe yɔe kpaŋkpaŋ. Teƒe bubu aɖe si wobe ele kɔkɔe si wona ŋkɔe be Gordon ƒe Ametakoliƒe, afisi wosusu be eyae wowu Yesu heɖii ɖo, hã nye teƒe si ŋu Protestanttɔ aɖewo dea bubui.

Gbaɖegbe ke la, Yesu gblɔ na nyɔnu aɖe si xɔ teƒe kɔkɔewo dzi se be: “Gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o. . . . Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:21-24) Eyata Kristotɔ vavãwo medea bubu teƒe kɔkɔewo ŋu o. Roma-srafowo ƒe Yerusalem mawɔnuteƒe la tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me nye nuxlɔ̃ame na Kristodukɔa. Eƒe trɔ̃subɔsubɔ, ɖekamawɔmawɔ, kple ʋufɔɖiɖi mesɔ ɖe Kristotɔ si wòle asi ƒum akɔ be yenye la nu o. Eyata, nusi Mawu gblɔ ɖi be adzɔ ɖe subɔsubɔha siwo katã le Babilon Gã la me dzie adzɔ ɖe eyama hã dzi.—Nyaɖeɖefia 18:2-8.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe