INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/1 axa 3-4
  • Atikɔmeƒomewo ƒe Kuxi Tɔxɛwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Atikɔmeƒomewo ƒe Kuxi Tɔxɛwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vinyinyi ƒe Kuxiwo
  • Atikɔmeƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mɔfiamewo Na Ƒome Siwo Me Atikɔmeviwo Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Tɔmanɔsiƒomewo—Kuxia Nu Tsitsi Kuraa
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/1 axa 3-4

Atikɔmeƒomewo ƒe Kuxi Tɔxɛwo

DZIDZƆ ATE ŊU ANƆ ATIKƆMEƑOMEWO ME! ALEKEE?

Atikɔmeƒomewo nye esiwo me vi le dzila ɖeka si hafi wòkplɔ va srɔ̃ɖeɖe yeye mee; ƒome siawo ƒomevi bɔ ɖe xexeame ƒe akpa geɖe. Gake kuxi tɔxɛ aɖewo le atikɔmeƒomewo ŋu. Ðikeke mele eme o be ɖeviawo nyinyie sesẽ wu. Gake abe alesi míadze agbagba aɖe emee le nyati eve siwo kplɔe ɖo me ene la, anya wɔ be woanyi ɖeviwo wòadze edzi le atikɔmeƒomewo me.

TSO GBAÐEGBE KE LA, WOMEƑOA NU NYUI LE AME DADA SRƆ̃ KPLE AME FOFO SRƆ̃WO ŊU O. ESIME míenye ɖeviwo la, mía dometɔ geɖe se Cinderella, amesi kpe fu ŋutɔ le dadaa tsusi ŋutasẽla si xɔe nyi si me, ƒe gli ƒomevi aɖe kpɔ. Ðevi siwo hã le Europa srɔ̃a Snow White and the Seven Dwarfs (Snow White Kple Azizã Adreawo) ƒe gliwo. Snow White dadaa tsusi si xɔe nyi la nye adzetɔ!

Ðe wogblɔa alesi atikɔmeƒomewo le ŋutɔŋutɔ le gli siawo mea? Ðe dzila vixɔnyilawo katã vɔ̃ɖi nenema gbegbea? Ao. Nusi anyo na ɖevi siwo va zu wo viwo to srɔ̃ɖeɖe me koe wo dometɔ akpa gãtɔ dina hafi. Gake ahiã be woakpe akɔ kple kuxi sesẽ aɖewo siwo le atikɔmeƒomewo me.

Vinyinyi ƒe Kuxiwo

Zi geɖe la, srɔ̃tɔwo ƒe matsimatsi le nuwɔna me gbɔe wòtsona be woƒe srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me gblẽna. Ne wogava ɖe srɔ̃ zi evelia la, ɖeviawo dzi kpɔkpɔ ate ŋu anye nu sesẽ le srɔ̃ɖeɖe yeyea me. Akɔntabubu aɖewo ɖee fia be srɔ̃gbegbe gblẽa atikɔmeƒome 10 dometɔ 4 kple edzivɔ ɖesiaɖe me le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe atɔ̃ gbãtɔawo me.

Ðewohĩ srɔ̃ɖela yeyeawo menyaa seselelãme ƒe fuɖename, dzila si ƒe gbe woase, kple ŋuʋaʋã kpakple dziku si wo dada alo fofo srɔ̃ yeyea ƒe vava hona ɖe atikɔmeviawo me o. Awɔ na atikɔmeviawo be yewo dzila ŋutɔŋutɔa ava lɔ̃ srɔ̃a yeyea wu yewo. Gakpe ɖe eŋu la, amesi ƒe vi ɖeviawo nye evɔ srɔ̃a gbee la mase nusita ɖeviawo gale kukum ɖe srɔ̃a gbãtɔ ŋu nenema gbegbe la gɔme o. Ŋutsuvi aɖe dze agbagba be yeagblɔ nusita ƒomedodo nyui le wo kple fofoa si dzii dome hegblɔ be, “Dada, menya be Papa mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, gake ewɔa nu ɖe ŋunye nyuie!” Togbɔ be nyateƒee nya sia nye hã la, ate ŋu ana vidada nado dziku kaɖikaɖi ɖe ɖevia fofo ŋu.

Vifofo vixɔnyila aɖe ʋu nya me be: “Nyemedzra ɖo ŋutɔŋutɔ be makpe akɔ kple kuxi siwo le atikɔmevinyeawo nyinyi me o. Mede ta eme henɔ bubum be zi alesi meɖe wo dada ko la, nyee nye wo fofo. Nyemebui nu sesẽe kura o! Nyemekpɔ nusita ɖeviawo gakuna ɖe wo fofo si dzi wo ŋu nenema gbegbe o, ale be mewɔ vodada geɖe.”

Amehehe gome koŋue nɔnɔmeawo ate ŋu asesẽ le. Ðeviwo hiã amehehe si me lɔlɔ̃ le, gake wodzea aglã zi geɖe ne wo dzila si dzi woe le hehea nam wo gɔ̃ hã. Aleke gbegbe wòagasesẽ wue nye si ne dzila vixɔnyilaae le hehea nam! Nya siwo tɔgbe atikɔmeviwo lɔ̃a gbɔgblɔ ne wole wo hem aleae nye be, “Menye wòe dzim o!” Nyagbe siawo tɔgbe ate ŋu agbã dzi na dzila vixɔnyila si meɖo susu vɔ̃ aɖeke o la ale gbegbe!

Ðe woate ŋu anyi ɖeviwo le atikɔmeƒomewo me wòadze edzia? Ðe dzila vixɔnyilawo ate ŋu awɔ nusi aɖe vi bene atikɔmeƒomea me nanyoa? Ne amesiwo katã le ƒomea me awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Mawu ƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me dzi la, biabia evea siaa ƒe ŋuɖoɖo anye ẽ.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Menye wòe dzim o!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe