INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 3/1 axa 4-7
  • Atikɔmeƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Atikɔmeƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔnɔme Vevitɔ
  • Dzilaa Ŋutɔŋutɔ
  • Amehehe—Nusi Bia Ŋuɖɔɖɔɖo
  • Ehiã be Dzilawo Naɖo Dze
  • Ŋusẽdodo Ƒomea ƒe Ðekawɔwɔ
  • Atikɔmeƒomewo ƒe Kuxi Tɔxɛwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Na Ŋutifafa Nenɔ Wò Aƒeme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Mɔfiamewo Na Ƒome Siwo Me Atikɔmeviwo Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 3/1 axa 4-7

Atikɔmeƒomewo Ate Ŋu Akpɔ Dzidzedze

ANYA WƆ BE ATIKƆMEƑOMEWO NAKPƆ DZIDZEDZEA? Ẽ, VEVIETƆ NE ƑOMEA ME TƆWO KATÃ ɖo ŋku edzi be “Ŋɔŋlɔa sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me.” (Timoteo II, 3:16) Ne amesiame wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi la, anɔ bɔbɔe be woakpɔ dzidzedze.

Nɔnɔme Vevitɔ

Se ŋutɔŋutɔ ʋee aɖewo koe Biblia de le amewo dome ƒomedodowo ŋu. Ede dzi ƒo le teƒe akpa gãtɔ be míatu nɔnɔme kple nuwɔna nyui siwo ana míawɔ nu le nunya me ɖo. Nuwɔna kple nɔnɔme nyui siawoe nye nu vevi siwo ana dzidzɔ nanɔ ƒomegbenɔnɔ me.

Togbɔ be ɖewohĩ amesiame nya hã la, esɔ be míagblɔ be lɔlɔ̃e nye nɔnɔme vevi si hiã hafi eme nanyo na ƒomewo. Apostolo Paulo gblɔ be: “Lɔlɔ̃ la neganye alakpanu o! . . . Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃.” (Romatɔwo 12:9, 10) Wozãa nya “lɔlɔ̃” le mɔ gbegblẽ nu zi geɖe, gake nɔnɔme si Paulo wɔnɛ le afisia le etɔxɛ. Enye mawumelɔlɔ̃, eye “[enu] metsina gbeɖe o.” (Korintotɔwo I, 13:8) Biblia gblɔ be media eɖokui tɔ o eye elɔ̃na be yeasubɔ. Ekua kutri be yeawɔ nusi anyo na ame bubuwo. Egbɔa dzi ɖi henyoa dɔme, meʋãa ŋu, doa eɖokui ɖe dzi, alo kpɔa eɖokui gbeɖe o. Media ye ŋutɔ tɔ o. Elɔ̃na be yeaɖe mɔ le nu ŋu, be yeaka ɖe ame dzi, be yeakpɔ mɔ na nu, be yeado dzi atsɔ nusianu si ado mo ɖa.—Korintotɔwo I, 13:4-7.

Lɔlɔ̃ vavãtɔ wɔnɛ be woɖea asi le nya ŋu eye enaa amesiwo ƒe hehexɔxɔ kple nɔnɔmewo to vovo sã wɔa ɖeka. Eye ekpena ɖe ame ŋu wòte ŋu kpea akɔ kple dzigbãnya siwo srɔ̃gbegbe alo ame dzila ŋutɔŋutɔ ƒe ku hena vɛ. Ŋutsu aɖe si va zu fofo vixɔnyila la gblɔ nusi koŋ ɖea fu nɛ be: “Mebua nye ŋutɔ nye seselelãmewo ŋu ale gbegbe be nyemegadea ŋugble le vinye atikɔmeviwo alo srɔ̃nye gɔ̃ hã ƒe seselelãmewo ŋu o. Ehiã be masrɔ̃ alesi nu manɔ veyem kabakaba o. Vevietɔ wu la, eva hiã be masrɔ̃ ɖokuibɔbɔ.” Lɔlɔ̃ kpe ɖe eŋu wòwɔ tɔtrɔ siwo hiã.

Dzilaa Ŋutɔŋutɔ

Lɔlɔ̃ ate ŋu awɔe be woakpɔ ƒomedodo si le ɖeviawo kple wo dzila ŋutɔŋutɔ si le teƒe bubu azɔ dome ƒe nyawo gbɔ. Vifofo vixɔnyila aɖe gblɔ nusi nye eƒe dzimenya be: “Medi be vinye atikɔmeviawo nalɔ̃m wu. Ne woyi ɖasrã wo fofo si dzi wo kpɔ trɔ gbɔ la, esesẽna nam ŋutɔ be magbe vodada didi le wo fofoa ŋu. Ne woyi egbɔ ɖakpɔ dzidzɔ hetrɔ gbɔ la, nye dzi gbãna ŋutɔ. Ne woyi evɔ nu medze edzi na wo o la, edzɔa dzi nam. Le nyateƒe me la, menɔ vɔvɔ̃m be womagalɔ̃m o. Nye kuxi sesẽawo dometɔ ɖekae nye be mase egɔme be wɔƒe vevi aɖe le vinye atikɔmeviawo fofo ŋutɔŋutɔ si le woƒe agbenɔnɔ me.”

Lɔlɔ̃ vavãtɔ kpe ɖe vifofo vixɔnyila sia ŋu wònyae be mesɔ be yeakpɔ mɔ be woalɔ̃ ye “enumake” o. Esi ɖeviawo melɔ̃e enumake o la, mele be wòasusu be ɖe wogbe ye o. Eva kpɔe dze sii be ye viawo ƒe dzi mate ŋu ava ku ɖe ye ŋu abe alesi wòku ɖe wo fofo ŋutɔŋutɔ ŋu ene gbeɖe o. Ðeviawo nya wo fofoa tso woƒe ɖevime ke, evɔ vifofo vixɔnyila la ya nye ame yeye si wòle be wòadze agbagba ɖeviawo nalɔ̃e. Numekula Elizabeth Einstein ɖe nusi teƒe ame geɖe kpɔna fia esi wògblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu axɔ ɖe dzilaa ŋutɔŋutɔ teƒe gbeɖe o—manya wɔ o. Dzila si ku alo esi gblẽ ɖeviawo ɖi gɔ̃ hã gakpɔa ŋusẽ vevi aɖe ɖe ɖeviawo ƒe agbenɔnɔ dzi kokoko.”

Amehehe—Nusi Bia Ŋuɖɔɖɔɖo

Biblia ɖee fia be amehehe si me lɔlɔ̃ le hiã ɖeviwo, eye ehiã atikɔmeviwo hã. (Lododowo 8:33) Agbalẽnyala geɖe va le lɔlɔ̃m ɖe nya si Biblia gblɔ le nya sia ŋu dzi. Nufialagã Ceres Alves de Araújo gblɔ be: “Tso dzɔdzɔme la, ame aɖeke melɔ̃a nyagbename o, gake ehiã. ‘Ao’ nye ametakpɔnya.”

Gake le atikɔmeƒomewo me la, masɔmasɔ gãwo ate ŋu ado mo ɖa le alesi wobua amehehee ta. Ame tsitsi si megale atikɔmeviawo gbɔ azɔ o ye mlã wo le go aɖewo me. Ðewohĩ agbenɔnɔ alo nuwɔna aɖewo le wo si si ave dɔme na dzila vixɔnyila la. Eye ɖewohĩ woawo hã mekpɔ nusita wo dzila srɔ̃ ƒe nya me sẽ le nya aɖewo gome o. Aleke woakpɔ nɔnɔme sia gbɔe wòanyo? Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Dze . . . lɔlɔ̃, dzidodo, [kple] dɔmefafa yome.” (Timoteo I, 6:11) Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ akpe ɖe dzila vixɔnyila kple ɖeviwo siaa ŋu be woafa tu ahagbɔ dzi ɖi esi wole nugɔmesese na wo nɔewo srɔ̃m. Ne dzila vixɔnyila la megbɔa dzi ɖi o la, madidi hafi ‘dɔmedzoe, dziku, kple amedzudzu’ nava gblẽ ƒomedodo si va le wo dome la me o.—Efesotɔwo 4:31.

Nyagblɔɖila Mixa gblɔ nya si ana woanya nusi aɖe vi le nɔnɔme sia me. Egblɔ be: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” (Mixa 6:8) Ele be woawɔ nusi le eteƒe le amehehe gome. Ke dɔmenyowɔwɔ hã ɖe? Kristotɔ hamemegã aɖe gblɔ be esesẽna zi geɖe be yeanyɔ ye vi atikɔmeviwo le Kwasiɖagbe ŋdiwo bene woakpɔ gome le hamea ƒe subɔsubɔ me. Le esi teƒe be wòanɔ ŋkume kam na wo atraɖii la, ete dɔmenyowɔwɔ kpɔ. Efɔna ŋdikanya ɖaa ŋdinu, eye emegbe etsɔa nunono dzodzoe yina na wo dometɔ ɖesiaɖe. Ewɔe be wòva nɔa bɔbɔe na wo be woase eƒe gbe afɔ.

Nufialagã Ana Luisa Vieira de Mattos gblɔ nya nyui si gbɔna be: “Menye ƒome si tɔgbe wònyee le vevie o ke ƒomedodoa ƒe nyonyome boŋue le vevie. Mekpɔe le nye numekukuwo me be zi geɖe kloe la, ɖevi siwo ƒe agbenɔnɔ ɖea fu la tsoa ƒome siwo me dzilawo ƒe asi mesẽ ɖe wo dzi le boo o, eye sewo kple dzeɖoɖo meli o me.” Egblɔ hã be: “Míate ŋu ate gbe ɖe edzi wòade edeƒe tututu o be vinyinyi bia be woagbe nya na vi.” Gakpe ɖe eŋu la, Ðk. Emily kple John Visher gblɔ be: “Kpuie ko la, amehehe ɖea vi ne amesi wole hehea nam tsɔ ɖe le amesi le ehem ƒe seselelãmewo kple ƒomedodo si le wo kplii dome la me.”

Nyagbɔgblɔ siawo tɔ ati amesi wòle be wòana hehe le atikɔmeƒomewo me ƒe nya la. Amekae wòle be wòagbe nya na vi? Esi dzila aɖewo lé nyaa kpɔ vɔ la, wotso nya me be le gɔmedzedzea me la, ele be ɖeviawo dzila ŋutɔŋutɔ nanye amehela la ale be wo dzilaa srɔ̃ natsɔ ɣeyiɣia ana ƒomedodo kplikplikpli naɖo wo kple ɖeviawo dome. Hafi ɖeviawo dzila srɔ̃ nava dze hehe nana ɖeviawo la, ele be woana ɖeviawo naka ɖe edzi gbã be elɔ̃ yewo.

Ke ne vifofoae nye dzila vixɔnyila la ya ɖe? Ðe Biblia megblɔ be vifofoae nye ƒomea ƒe ta oa? Ẽ. (Efesotɔwo 5:22, 23; 6:1, 2) Gake vifofo vixɔnyila la ate ŋu aɖe asi le amehehe ŋu gbɔ, vevietɔ ne wòbia tohehe. Ate ŋu aɖe mɔ na ɖeviawo be ‘woaxɔ wo dada ƒe nufiame’ gbɔ ale be wòazã ɣeyiɣia atsɔ adzra mɔ dzi ɖo be woava ‘se wo fofo [yeyea] ƒe amehehe’ emegbe. (Lododowo 1:8; 6:20; 31:1) Kpeɖodziwo ɖee fia be mlɔeba la, nusia megblẽa tanyenye ƒe gɔmeɖosea me o. Gakpe ɖe eŋu la, vifofo vixɔnyila aɖe gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be amehehe bia nuxlɔ̃ame, ɖɔɖɔɖo, kple mokaname. Ne wowɔe le dzɔdzɔenyenye, lɔlɔ̃, kple dɔmetɔtrɔ me eye dzila ƒe kpɔɖeŋuɖoɖo kpe ɖe eŋu la, ewɔa dɔ zi geɖe.”

Ehiã be Dzilawo Naɖo Dze

Lododowo 15:22 gblɔ be: “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” Le atikɔmeƒome me la, ele vevie ŋutɔ be dzilaawo nade aɖaŋu le dzigbɔɖi kple dzimekɔkɔ me. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye O Estado de S. Paulo ƒe nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, ɖeviwo dina be yewoagbe se siwo yewo dzilawo de la dzi wɔwɔ kpɔ.” Nya sia ate ŋu anye nyateƒe matrɔmatrɔ le atikɔmeƒomewo koŋ me. Eyata ehiã be dzilaawo ƒe nu nasɔ le nya vovovo me ale be ɖeviawo nakpɔe be ɖekawɔwɔ le wo dome. Gake ne dzila vixɔnyila la wɔ nane si ɖeviawo dzila ŋutɔŋutɔ kpɔ be mewɔe nyuie o ɖe? Ke ele be wo ame evea nakpɔ nyaa gbɔ le woawo ɖeɖe dome, menye le ɖeviawo ŋkume o.

Vidada aɖe si gagbugbɔ ɖe srɔ̃ gblɔ be: “Nusi sesẽna na vidada wue nye be wòakpɔ vifofo vixɔnyila la wòanɔ to hem na ɖeviawo, vevietɔ ne vidadaa kpɔ be vifofoa le yɔyɔm akpa alo be ameŋkumekpɔnu koŋ wɔm wòle. Egbãa dzi nɛ, eye wòdina be yeaʋli ye viwo ta. Esesẽna ɣeaɖewoɣi be woagakpɔtɔ abɔbɔ ɖe ame srɔ̃ te akpe ɖe eŋu.

“Gbeɖeka vinyeŋutsu eveawo, amesiwo xɔ ƒe 12 kple 14, bia mɔ le wo fofo si xɔ wo le nyinyim gbɔ be yewoawɔ nane. Egbe enumake hedzo le xɔa me mɔ aɖeke maɖemaɖe na ɖeviawo be woagblɔ nusita nusi biam wole la le vevie na wo. Ŋutsuviawo di be yewoafa avi, eye gbɔgblɔ bu ɖem. Ŋutsuvi tsitsitɔ kpɔ ŋkunyeme gblɔ be: ‘Dada, èkpɔ nusi wòwɔa?’ Meɖo eŋu be: ‘Ẽ, mekpɔe. Gake eyae gakpɔtɔ nye ƒomea ƒe ta, eye Biblia gblɔ na mí be míade bubu eƒe tanyenye ŋu.’ Wonye ɖevi nyuiwo eyata woxɔ nya sia, eye woƒe dzi fa vie. Meɖe nu me na atsunyea fiẽ ma ke, eye wòkpɔe be yewɔ akpasesẽnu akpa. Eyi ŋutsuviawo ƒe xɔme tẽ va ɖe kuku na wo.

“Míesrɔ̃ nu geɖe tso nudzɔdzɔ ma me. Atsunye va srɔ̃e be ele be yease nya hafi atso nya me. Mesrɔ̃ alesi wòle be made bubu tanyenye ŋui ne wòate ɖe dzinye gɔ̃ hã. Ðeviawo srɔ̃ ɖokuibɔbɔ ɖe ame te ƒe vevienyenye. (Kolosetɔwo 3:18, 19) Eye atsunye ƒe kukuɖeɖe si tso dzime fia nu vevi aɖe mí katã le ɖokuibɔbɔ gome. (Lododowo 29:23) Vinyeŋutsu evea siaa nye Kristotɔ hamemegãwo egbea.”

Miawɔ vodadawo. Ðeviawo ate ŋu agblɔ nya alo awɔ nusi ave ame. Alesi nu ate ɖe dzila vixɔnyilaawo dzi le ɣeyiɣia me ate ŋu ana woawɔ nu gɔmesese manɔ eŋu o. Gake nya kpui siawo abe “Tɔnye medzɔ o, taflatse tsɔe kem” ene ate ŋu atsi vevesese nu geɖe ŋutɔ.

Ŋusẽdodo Ƒomea ƒe Ðekawɔwɔ

Exɔa ɣeyiɣi hafi ƒomedodo kplikplikpli va nɔa atikɔmeƒome me. Ne dzila vixɔnyilae nènye la, ele be nàse veve ɖe ame nu. Nye nugɔmesela, eye nànɔ klalo be yeakpɔ vovo ɖe ɖeviawo ŋu. Fe kple ɖevi suetɔwo. Nɔ klalo be yeaɖo dze kple tsitsitɔwo. Di mɔnukpɔkpɔwo ne miawɔ nu ɖekae—le kpɔɖeŋu me, kpe ɖeviawo be woakpe asi ɖe aƒemedɔwo abe fiẽnuɖaɖa alo ʋukɔklɔ ene ŋu. Yɔ wo ne èyina asiƒleƒe be woakplɔ ye ɖo akpe ɖe ye ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nuwɔna suesuewo ate ŋu aɖe alesi nèlɔ̃ woe afia. (Gake ele be vifofowo nanɔ ŋudzɔ anya afisi woawɔ nu ase ɖo le wo srɔ̃ vinyɔnuwo gome bene nyɔnuviawo nagaxaxa le wo ɖokui me o. Eye ele be vidada vixɔnyilawo hã naɖo ŋku edzi be seɖoƒewo li le ŋutsuviwo hã gome.)

Atikɔmeƒomewo ate ŋu akpɔ dzidzedze. Geɖe le dzidzedze kpɔm. Esiwo le dzidzedze kpɔm wue nye esiwo me ƒomea me tɔ ɖesiaɖe, vevietɔ dzilaawo, tua nɔnɔme nyuiwo ɖo eye wokpɔa mɔ na nusiwo gbɔ anya ɖo. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, mina míalɔ̃ mía nɔewo; elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me.” (Yohanes I, 4:7) Ẽ, lɔlɔ̃ si tso Dzimee nye nusi koŋ naa dzidzɔ nɔa atikɔmeƒome me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

ATIKƆMEƑOME KPƆDZIDZƆWO

srɔ̃a Mawu ƒe Nya la ɖekae . . .

ɖea modzaka ɖekae . . .

ɖoa dze kple wo nɔewo . . .

wɔa dɔ ɖekae . . .

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe