Ðe Nèdaa Akpea?
Avu aɖe si wona ŋkɔe be Teddy nɔ duta-nyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me kpɔ le ɣetoɖoƒe Afrika. Ne ame aɖe da lãkɔe aɖe ɖo ɖe Teddy la, meʋẽnɛ sena kpɔna o, meɖoa aɖu edzi hã o, ɖeko wòminɛ ƒla. Etɔna ɖe anyigba xɔdzo ƒe ŋdɔ nu nɔa gbɔgbɔm fuxefuxe henɔa lalam be woagada lãkɔe bubu ɖo ɖe ye. Ne lãa vɔ la, etrɔna kɔ̃ heléa eƒe mɔ dzona.
Teddy meɖea ŋudzedzekpɔkpɔ suetɔ kekeake fiana ɖe nusi wòxɔ ta gbeɖe o. Ame aɖeke hã menɔa mɔ kpɔm na eƒe akpedada o. Le esi avu koe wònye tae.
ENUENU la, míekpɔa mɔ na akpedada tso mía havi amegbetɔwo gbɔ wu tso lãwo gbɔ. Gake zi geɖe la, menɔa nenema o. Ame geɖe doa asi ɖa xɔa nu gbogbo aɖe le agbe me eye woganɔa geɖe wu dim. Esia hã mewɔ nuku o. Biblia gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo anye akpemadalawo.—Timoteo II, 3:1, 2.
Gake Mawu-subɔlawo ya mele nenema o. Wowɔa apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃ame na haxɔsetɔwo la dzi, esi wògblɔ be: “Mizu ame dakpewo.”—Kolosetɔwo 3:15.
Yehowa Nye Akpedala
Yehowa Mawu ɖo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi. De ŋugble le alesi wòbua esubɔla nuteƒewɔlawoe ŋu kpɔ. Paulo si gbɔgbɔ ʋã ŋlɔ ɖo ɖe Hebri Kristotɔwo be: “Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm la be o.”—Hebritɔwo 6:10.
Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe esubɔla nuteƒewɔlawo ŋu ƒe kpɔɖeŋuwo li fũ. Eyra Abraham, eye wòna eƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi fũ ale gbegbe be wonɔ “abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene.” (Mose I, 22:17) Menye ɖeko Yehowa gbugbɔ ɖo Hiob ƒe kesinɔnu gbogboawo teƒe nɛ tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ te ŋu ko o, ke edzi eƒe nuwo ɖe edzi “zi gbɔ zi eve.” (Hiob 42:10) Yehowa ƒe nuwɔwɔ kple amegbetɔwo le ƒe akpe geɖe siawo me ɖo kpe nya sia dzi be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”—Kronika II, 16:9.
Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia kple eƒe didi be yeaɖo eteƒe na amesiwo wɔa yeƒe lɔlɔ̃nu la nye eƒe nɔnɔme veviwo. Esia nyanya hiã vevie be wòatu Kristotɔ ƒe xɔse ɖo. Paulo ŋlɔ be: ‘Ne xɔse mele mía si o la, míate ŋu adze Mawu ŋu o; elabena ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la naxɔ ase be enye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.’—Hebritɔwo 11:6.
Ne ɖe Yehowa mesea nu gɔme na mí o eye wòɖea ɖeklemi mí la, anye ne ame dzɔdzɔe aɖeke manɔ anyi o. Hakpala la de dzesi esia gbaɖegbe ke be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Yehowa menye ŋudzedzemakpɔla loo alo ɖeklemiɖela o. Melɔ̃a nu le amesiwo subɔnɛ la gbɔ o. Enye akpedala.
Yesu—Amesi Kpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu Vevie
Yesu Kristo kpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo amewo wɔ le xɔse me la ŋu tsɔ ɖe Fofoa si le dziƒo ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ. Bu nusi dzɔ gbeɖeka le Yerusalem gbedoxɔa me ŋu kpɔ: “Eye [Yesu fɔ] kɔ te kpɔ kesinɔtɔ, siwo tsɔ woƒe nunanawo le dadam ɖe nudzɔɖaka la me. Eye wòkpɔ ahosi dahea ɖe, si tsɔ lepta eve da ɖe eme le afima. Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.”—Luka 21:1-4.
Le ga gome la, nudzɔdzɔa le sue ŋutɔ, vevietɔ ne wotsɔe sɔ kple esi kesinɔtɔawo dzɔ. Asesẽ ŋutɔ hafi ame akpa gãtɔ siwo nɔ afima nade dzesi ahosi la. Gake Yesu ya kpɔe. Ekpɔ nɔnɔme siwo me wònɔ la dze sii. Yesu kpɔe eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu vevie.
Nudzɔdzɔ bubu ku ɖe Maria si nye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe la, ŋu. Esi Yesu nɔ nuɖuƒe aɖe la, nyɔnu sia kɔ ami si ʋẽna lilili si ƒe asi sẽ ŋutɔ ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋu kple ɖe eƒe ta me. Ame aɖewo ɖe ɖeklemi nyɔnua ƒe nuwɔna, hegblɔ be anye ne woate ŋu adzra ami sia atsɔ ga la akpe ɖe ame dahewo ŋui hafi. Aleke Yesu wɔ nui? Egblɔ be: “Mina mɔe; nuka ƒe fu ɖem miele nɛ mahã? Dɔ nyui wòwɔ nam. Vavã mele egblɔm na mi bena: Afisi ke woaɖe gbeƒã nyanyuie la afia le, le xexe blibo la katã la, woaƒo nu le nusi nyɔnu sia wɔ la hã ŋuti hena ŋkuɖoɖo edzi.”—Marko 14:3-6, 9; Yohanes 12:3.
Meve Yesu wòɖe ɖeklemi be ɖe wòle be woazã ami xɔasi la ɖe mɔ bubu aɖe nu hafi o. Ekpɔ ŋudzedze ɖe Maria ƒe lɔlɔ̃ kple xɔse ɖeɖefia dɔmenyotɔe ŋu. Woŋlɔ nudzɔdzɔa ɖe Biblia me hena ŋkuɖoɖo eƒe dɔnyuiwɔwɔ la dzi. Nudzɔdzɔ siawo kple bubuwo ɖee fia be Yesu nye amesi kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu vevie.
Ne Mawu-subɔlae nènye la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa Mawu kple Yesu Kristo siaa kpɔ ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzewo be yeado tadedeagu dzadzɛ ɖe ŋgɔ la ŋu vevie. Sidzedze sia tea mí ɖe wo ŋu eye wòʋãa mí be míasrɔ̃ wo anye akpedalawo.
Satana ƒe Ðeklemiɖegbɔgbɔ
Azɔ mina míade ŋugble tso ame aɖe si medaa akpe o—Satana Abosam—ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu. Satana ƒe akpemadamada hã le eme tae wòxɔ ŋgɔ le aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me kutɔkutɔe ɖo.
Esi Satana na ŋudzedzemakpɔmakpɔ ƒe ɖeklemiɖegbɔgbɔ tsi ɖe eyama me ta la, edze egɔme le eƒãm ɖe ame bubuwo me. Bu Eden-bɔa me nudzɔdzɔwo ŋu kpɔ. Yehowa wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ, eda wo ɖe paradisobɔ aɖe me, eye wògblɔ na wo bena: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa.” Se ɖeka koe wòde na wo. Mawu gblɔ be: “Ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetsea ɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.”—Mose I, 2:16, 17.
Gake eteƒe medidi o, Satana va tɔ gbe Yehowa ƒe nyateƒetɔnyenye. Le mɔ aɖe nu la, Satana di be yeana Xawa nagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ŋu o si ana be wòadze aglã ɖe eŋu, abe alesi eya ŋutɔ dze aglãe ene. Satana bia be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” (Mose I, 3:1) Nusi tututu gblɔm wònɔe nye be Mawu nɔ nu vevi aɖe tem Xawa, nusi ana eƒe ŋkuwo aʋu ana wòanɔ abe Mawu ene. Le esi teƒe be yayra gbogbo siwo Yehowa dudu ɖe Xawa dzi nadze eŋu la, nusi nu wode se ɖo va nɔ edzrom vevie.—Mose I, 3:5, 6.
Nu vɔ̃ɖi si do tso eme la le nyanya na mí nyuie. Togbɔ be wona ŋkɔe be Xawa “elabena eya ava nye ame gbagbewo katã dada” hã la, le gɔmesese bubu nu la eva zu ame siwo katã kuna dada. Amegbetɔwo katã nyi nuvɔ̃ si hea ku vɛ la ƒe dome tso Adam gbɔ.—Mose I, 3:20; Romatɔwo 5:12.
Srɔ̃ Mawu Kple Kristo
Bu vovototo si le Satana kple Yesu dome ŋu kpɔ. Woɖɔ Satana be enye “mía nɔviwo nutsola, . . . si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli.” (Nyaɖeɖefia 12:10) Yesu “ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.”—Hebritɔwo 7:25.
Satana tsoa Mawu-subɔlawo nu. Yesu kpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wòxɔa nya ɖe wo nu. Esi Kristotɔwo nye Kristo srɔ̃lawo ta la, ele be woadze agbagba alé ŋku ɖe wo nɔewo ƒe nu nyui si wowɔna ŋu, akpɔ ŋudzedze ɖe wo nɔewo ŋu eye woade asixɔxɔ wo ŋu. To esia wɔwɔ me la, woanɔ akpe dam na Yehowa Mawu, amesi ɖo akpedada ŋuti kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi.—Korintotɔwo I, 11:1.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe Maria ƒe dɔ nyui wɔwɔ ŋu