“Miɖee Fia Be Yewonye Akpedalawo”
1 Esi Yesu da dɔ na kpodɔléla ewo aɖewo vɔ la, wo dometɔ ɖeka koe trɔ va da akpe nɛ. Yesu biae be: “Menye wo ame ewo ŋutie kɔ oa? Ke ame asieke mamlɛawo ya ɖe?” (Luka 17:11-19) Aleke gbegbe wòle vevie be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ahada akpe ɖe nunana nyui kple nunana blibo ɖe sia ɖe si Yehowa Mawu, mía Fofo lɔ̃ame nyodɔme si le dziƒo la, naa mí la tae nye esi!—Kol. 3:15; Yak. 1:17.
2 Nu siwo ta wòle be míada ada akpe ɖo la dometɔ aɖewo ɖe? Míedaa akpe ɖe tafe si nye Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòna ameƒomea la ta. (Yoh. 3:16) Míedaa akpe na Yehowa le esi wòhe mí va eɖokui gbɔ la hã ta. (Yoh. 6:44) Míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa hã nye nu bubu aɖe si ta míedaa akpe ɖo. (Ps. 133:1-3) Ðikeke mele eme o be, àte ŋu ade ŋugble tso nu bubu geɖe siwo Yehowa na mí la ŋu. Megadzɔ gbeɖe be míava nɔ abe Israel vi akpemadala siwo ŋlɔ nu siwo Yehowa wɔ na wo la be ene o.—Ps. 106:12, 13.
3 Ðe Akpedada Fia: Togbɔ be kpodɔléla ewoawo katã anya kpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yesu wɔ na wo ŋu hã la, wo dometɔ ɖeka koe ɖe akpedada fia. (Luka 17:15) Nenema kee míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana to gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe dzi. Ne míedi be míaɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ afia ɖe nu siwo katã mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la wɔna na mí ŋu la, míaƒe dzi aʋã mí be míaɖe eƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo afia to eŋunya gbɔgblɔ na amewo me. (Luka 6:45) Ne míeƒoa nu tso Yehowa ƒe ‘nukunuwo kple eƒe tamesusu siwo wòɖe fia ɖe mía ŋu’ ŋu la, awɔe be lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le mía si na Yehowa la adzi ɖe edzi.—Ps. 40:6.
4 Kpe Ðe Amewo Ŋu Be Woaɖe Ŋudzedzekpɔkpɔ Afia: Ele be míadi mɔ siwo dzi míato akpe ɖe mía viwo kple míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woasrɔ̃ ale si wokpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu. Mɔnukpɔkpɔ geɖe le ʋuʋu ɖi na dzilawo be woatsɔ awɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu awɔ esia ne wole nu ƒom na wo viwo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. (Rom. 1:20) Ne míele Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple nusrɔ̃vi aɖe la, míate ŋu abiae be: “Nu kae nya sia fia mí tso ame si ƒomevi Yehowa nye ŋu?” Ne nusrɔ̃via ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ va le dzidzim ɖe edzi la, nenema kee eƒe lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe didi vevie be yeadze eŋu hã anɔ dzidzim ɖe edzii.
5 Le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame geɖe megaɖea ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada fiana o. (2 Tim. 3:1, 2) Aleke woadzɔ dzi na Yehowae nye esi be wòakpɔ esubɔla siwo tsɔ wo ɖokuiwo ke la woanɔ akpedada ɖem fia to gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe dzi!—Yak. 1:22-25.