INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 5/1 axa 20-24
  • Minɔ Ŋudzɔ Eye Miku Kutri!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Minɔ Ŋudzɔ Eye Miku Kutri!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ, abe Alesi Ðetugbi Atɔ̃awo Nɔe Ene!
  • Ku Kutri esi Nuwuwua le Aƒe Tum
  • Ŋudzɔnɔnɔ Kple Kutrikuku le Eƒe Anyinɔɣia
  • Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðe Nèle Nuxlɔ̃ameawo Dzi Wɔma?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ŋudzɔnɔnɔ Ŋuti Nufiame—Ðetugbui Leaƒeawo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 5/1 axa 20-24

Minɔ Ŋudzɔ Eye Miku Kutri!

“Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ [ɖaa], elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.”—MATEO 25:13.

1. Nukae apostolo Yohanes nɔ mɔ kpɔm na?

YESU do ŋugbe le Biblia me dzeɖoɖo mamlɛtɔ me be: “Megbɔna kpuie!” Eƒe apostolo Yohanes ɖo eŋu be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!” Apostoloa ka ɖe edzi be Yesu ava. Yohanes hã nɔ apostoloawo dome wobia Yesu be: “Ɣekaɣie nusiawo ava, eye ka enye wò anyinɔnɔ [Helagbe, pa·rou·siʹa] kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu la ƒe dzesi?” Ẽ, Yohanes tsɔ kakaɖedzi nɔ mɔ kpɔm na Yesu ƒe anyinɔnɔ si nɔ ŋgɔ.—Nyaɖeɖefia 22:20; Mateo 24:3, NW.

2. Le Yesu ƒe anyinɔnɔ gome la, aleke nɔnɔmea le le sɔlemehawo me?

2 Kakaɖedzi ma tɔgbe mebɔ le egbeŋkekewo me o. Nufiafia si dzi woda asi ɖo le sɔlemeha geɖe si, ku ɖe Yesu ƒe “vava” ŋu, gake woƒe hameviwo dometɔ ʋee aɖewo koe le mɔ kpɔm nɛ ŋutɔŋutɔ. Edzena le woƒe agbenɔnɔ me hã. Agbalẽ si nye The Parousia in the New Testament gblɔ be: “Parousia mɔkpɔkpɔa mekpɔ ŋusẽ ɖe hameviwo ƒe agbenɔnɔ, tamebubu kple dɔwɔna dzi gobii ale o. . . . Nuwɔwɔ kpata ƒe seselelãme si wòle be hameviawo natsɔ awɔ dzimetɔtrɔdɔwo eye woayi mawunyadɔgbe ava gblɔ nyanyuia nu megasẽ o, ne menye ɖe wòbu keŋkeŋ o.” Gake mele nenema le amesiame gome o!

3. (a) Aleke Kristotɔ vavãwo sena le wo ɖokui me ku ɖe pa·rou·siʹa ŋu? (b) Nuka koŋ mee míadzro azɔ?

3 Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo tsɔ didi vevie le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu lalam. Esi míele lalam nuteƒewɔwɔtɔe la, ele be nusiwo ayi edzi le Yesu ƒe anyinɔɣia ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nakpɔtɔ anɔ mía si ale be míawɔ afɔɖeɖe siwo dze. Eyae akpe ɖe mía ŋu be ‘míado dzi vaseɖe nuwuwu bene woaɖe mí.’ (Mateo 24:13) Esi Yesu nɔ nya siwo míekpɔ le Mateo ta 24 kple 25 me nyawo gblɔm ɖi la, eɖo aɖaŋu nyui aɖewo siwo míate ŋu azã wòaɖe vi na mí tegbee. Lododo aɖewo le ta 25 lia me eye anɔ eme be ènya wo, wo dometɔ aɖee nye esi ku ɖe ɖetugbi ewo ŋu (ɖetugbi dzeaɖaŋu kple abunetɔwo) kpakple talentowo ŋuti lododoa. (Mateo 25:1-30) Viɖe kawoe míate ŋu akpɔ tso kpɔɖeŋu siawo me?

Nɔ Ŋudzɔ, abe Alesi Ðetugbi Atɔ̃awo Nɔe Ene!

4. Nya vevi kawoe dze le ɖetugbiawo ŋuti lododoa me?

4 Ðewohĩ anyo be nàgaxlẽ ɖetugbiawo ŋuti lododo si le Mateo 25:1-13. Nusi nɔ edzi yim enye Yudatɔwo ƒe srɔ̃kpekpe kpeɖi aɖe si me ŋugbetɔsrɔ̃a yi nyɔnua fofo ƒeme be yeakplɔe ava ŋutsua ƒeme (alo ŋutsua fofo ƒeme). Haƒolawo kple hadzilawo nɔa gbɔlɔla siawo dome, eye ɣeyiɣi si tututu woava ɖo menɔa nyanya o. Le lododoa me la, ɖetugbi ewo lala ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe vava ʋuu zã do. Wo dometɔ atɔ̃ wɔ bometsinu ale be wometsɔ akaɖimemi sɔ gbɔ ɖe asi o eye wòle be woadzo ava dze ɖe akpee. Atɔ̃ bubuawo ya dze aɖaŋu ale be woku ami ɖe goewo me ɖe asi be ne wòva hiã le esime yewole lalam la, yewoade ɖe yewoƒe akaɖiwo me. Wo dometɔ atɔ̃ siawo koe nɔ teƒea nɔ dzadzraɖoɖi esime ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo. Eyata woawo koe woɖe mɔ na woyi srɔ̃ɖeƒea. Esi ɖetugbi abunetɔ atɔ̃awo trɔ gbɔ la, etsi megbe akpa be woage ɖe eme.

5. Ŋɔŋlɔ kawoe kɔ ɖetugbiawo ŋuti lododoa ƒe kpɔɖeŋugɔmesese me?

5 Míate ŋu akpɔe be lododo sia me nya geɖe nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Yesu le Ŋɔŋlɔawo me be ŋugbetɔsrɔ̃. (Yohanes 3:28-30) Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple fiavi si woɖu srɔ̃ɖeŋkekenyui na. (Mateo 22:1-14) Eye Biblia tsɔ Kristo sɔ kple srɔ̃ŋutsu. (Efesotɔwo 5:23) Anyo be míanyae be togbɔ be woyɔ Kristotɔ amesiaminawo le teƒe bubuwo be wonye Kristo ƒe “ŋugbetɔ” hã la, womeyɔ ŋugbetɔ le lododoa me o. (Yohanes 3:29; Nyaɖeɖefia 19:7; 21:2, 9) Gake woƒo nu tso ɖetugbi ewo ya ŋu, eye le teƒe bubu la, wotsɔ amesiaminawo sɔ kple ɖetugbi si wodo ŋugbe na Kristo be wòaɖe.—Korintotɔwo II, 11:2.a

6. Nuxlɔ̃ame kae Yesu na le ɖetugbiawo ŋuti lododoa ƒe nuwuwu?

6 Le numeɖeɖe siawo kple nusiwo wofia le nyagblɔɖi gome megbe la, le nyateƒe me gɔmeɖose nyui aɖewo li míate ŋu asrɔ̃ tso lododo sia me. Le kpɔɖeŋu me, de dzesii be Yesu gblɔ nya siawo tsɔ wu enui be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ [ɖaa], elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” Eyata lododoa ɖee fia be ehiã be mía dometɔ ɖesiaɖe nanɔ ŋudzɔ, anɔ mo xexi na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu si gbɔna. Nuwuwua ava kokoko, togbɔ be míate ŋu atɔ asi ŋkeke aɖeke dzi o hã. Le go sia me la, de dzesi nɔnɔme si ɖetugbiawo ƒe hatsotso eveawo ɖe fia.

7. Gɔmesese ka nue ɖetugbi atɔ̃ ɖee fia le be yewonye abunetɔwo?

7 Yesu gblɔ be: “Wo dometɔ atɔ̃ nye abunetɔwo.” Esi womenya be ŋugbetɔ la gbɔna o taea? Ðe wodzo va le agbeɖuɖu yomea? Alo ɖe woflu woa? Menye nusiawo dometɔ aɖeke tae o. Yesu gblɔ be wo dometɔ atɔ̃ siawo hã ‘do go be yewoayi aɖakpe ŋugbetɔsrɔ̃a.’ Wonya be egbɔna, eye enye woƒe didi be yewoawɔ akpa aɖe, be yewoakpɔ gome le ‘srɔ̃ɖezã la ɖuɖu me’ gɔ̃ hã. Gake ɖe wodzra ɖo nyuiea? Wolalae ɣeyiɣi aɖe, vaseɖe “zãtitina,” gake womenɔ dzadzraɖoɖi be yewoakpee ɣeyiɣi ka kee wòanye—eɖanye ava kaba alo atsi megbe wu alesi wosusui gbã o.

8. Aleke ɖetugbi atɔ̃ le lododoa me ɖee fia be yewonye aɖaŋudzelawo?

8 Ðetugbi atɔ̃ kemɛawo—esiwo Yesu yɔ be aɖaŋudzelawo—hã si akaɖiwo do go yi henɔ mɔ kpɔm na ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe vava. Ele na woawo hã be woalala, gake wonye “aɖaŋudzelawo.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “aɖaŋudzelawo” la ate ŋu afia “ŋuɖɔɖɔɖo, nunyanya, ayedzedze.” Wo dometɔ atɔ̃ siawo ɖe woƒe aɖaŋudzedze fia le alesi wotsɔ goe bubu siwo me ami ganɔ ɖe asi be yewoagade yewoƒe akaɖiwo me ne wòhiã la ta. Le nyateƒe me la, woɖoe be yewoanɔ dzadzraɖoɖi na ŋugbetɔsrɔ̃a ale gbegbe be wogbe be yewomana ami ame aɖeke o. Womenɔ ŋudzɔ dzodzro o, elabena míekpɔe be wonɔ afima nɔ dzadzraɖoɖi bliboe esime ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo. Amesiawo siwo “dzra wo ɖokui ɖo la, wokpe ɖe eŋuti yi srɔ̃ɖeƒe la, eye wotu ʋɔtru la.”

9, 10. Nuka fiam ɖetugbiawo ŋuti lododoa le, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

9 Menye ɖe Yesu nɔ aɖaŋu ɖom tso nudzeame siwo wòle be woawɔ le srɔ̃ɖeƒe ŋu o, eye menye nunana amewo ƒe aɖaŋu hã ɖom wòle o. Nya si gblɔm wònɔe nye be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ [ɖaa], elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” Bia ɖokuiwò se be, ‘Ðe mele ŋudzɔ ɖe Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋu nyateƒea?’ Míexɔe se be Yesu le dzi ɖum fifia le dziƒo, gake aleke tututue míaƒe susu le nyateƒenya sia dzii be ‘madidi o Amegbetɔvi la anɔ dziƒolilikpowo dzi ava kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã aɖe’? (Mateo 24:30) Va ɖo “zãtitina” la, ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe vava tu aƒe ŋutɔŋutɔ wu esime ɖetugbiawo do go gbã be yewoava kpee. Nenema ke Amegbetɔvi la ƒe vava be wòava tsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia tu aƒe wu esime míedze egɔme nɔ mɔ kpɔm na eƒe vava. (Romatɔwo 13:11-14) Ðe míegakpɔtɔ le ŋudzɔ, gale ŋudzɔ geɖe wu gɔ̃ hã esi ɣeyiɣia le aƒe tum ɖe edzia?

10 Wɔwɔ ɖe se si wode na mí be ‘míanɔ ŋudzɔ ɖaa’ dzi bia be míanɔ mo xexi ɣesiaɣi. Ðetugbi atɔ̃ ɖe mɔ be woƒe ami vɔ eye wodzo yi be yewoagadze ɖe akpee. Nenema ke egbea Kristotɔ ate ŋu atrɔ susu ɖe nu bubu ŋu eye manɔ dzadzraɖoɖi bliboe na Yesu ƒe vava si gogo la o. Edzɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo dzi. Ate ŋu adzɔ ɖe ame aɖewo hã dzi egbea. Eyata mina míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe wòle dzɔdzɔm ɖe dzinyea?’—Tesalonikatɔwo I, 5:6-8; Hebritɔwo 2:1; 3:12; 12:3; Nyaɖeɖefia 16:15.

Ku Kutri esi Nuwuwua le Aƒe Tum

11. Lo bubu kae Yesu gado, eye ekae wòɖi?

11 Le lododo si kplɔe ɖo me la, menye ɖeko Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woanɔ ŋudzɔ ko o. Esi wòdo lo tso ɖetugbi dzeaɖaŋuawo kple abunetɔawo ŋu vɔ la, egblɔ talentowo ƒe kpɔɖeŋua hã. (Xlẽ Mateo 25:14-30.) Le go geɖe me la, esia ɖi minawo ƒe lo si Yesu do do ŋgɔ, si wòdo le esi ame geɖe “bu xa bena, mawufiaɖuƒe la le dodo ge enumake” ta.—Luka 19:11-27.

12. Nya vevi kawoe dze le talentowo ŋuti lododoa me?

12 Le talentowo ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso ŋutsu aɖe ŋu be hafi wòazɔ mɔ ayi nugbe la, eyɔ eƒe dɔlawo ƒo ƒu. Ena talento atɔ̃ ame ɖeka, ena eve ame bubu, eye wòtsɔ ɖeka ko na ame mamlɛtɔ—“wo dome amesiame le eƒe ŋutete nu.” Anye klosalo talento si nye ga home gobi aɖe si ade dɔwɔla ƒe ƒe 14 fetu ɣemaɣi—ga gbogbo ŋutɔ aɖee wònye! Esi ŋutsua trɔ gbɔ la, ena dɔlaawo va bu akɔnta le nusi wowɔ le “ŋkeke geɖe” siwo me wòyi nugbe la ŋuti. Dɔla eve gbãtɔwo kpɔ nusi wona wo la teƒe eve. Ekafu wo be ‘miewɔe nyuie,’ eye wòdo ŋugbe be yeagana dɔ geɖe wo, eye wògblɔ ƒu dzi be: ‘Miyi ɖe miaƒe aƒetɔ ƒe dzidzɔ la me!’ Le esi dɔla si wona talento ɖekae tsɔe be yeƒe aƒetɔ ƒe nya dzi sẽ akpa ta la, meɖe vi aɖeke ɖe talentoa dzi o. Etsɔ gaa ɣla eye metsɔe de gadzraɖoƒe be viɖe nava edzi hã o. Aƒetɔ la yɔe be enye “dɔla vɔ̃ɖi kple kuviatɔ” le esi wògbe aƒeatɔ ƒe dɔwo tsɔtsɔ ta. Eyata woxɔ talentoa le esi, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe xexe “afima [eƒe] avifafa kple aɖukliɖuɖu” anɔ.

13. Aleke Yesu ɖi aƒetɔ si le lododoa me?

13 Le go sia hã me la, míate ŋu ase numeɖeɖeawo me le kpɔɖeŋugɔmesese nu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu, amesi ŋutsu si yi nugbe la tsi tre ɖi na la, adzo le eƒe nusrɔ̃lawo gbɔ ayi dziƒo eye wòalala ɣeyiɣi didi aɖe vaseɖe esime woatsɔ fiaɖuŋusẽ anae.b (Psalmo 110:1-4; Dɔwɔwɔwo 2:34-36; Romatɔwo 8:34; Hebritɔwo 10:12, 13) Gake le afisia hã la, míate ŋu akpɔ nusɔsrɔ̃ si gayi ŋgɔ wu alo gɔmeɖose si ŋudɔ mí katã míate ŋu awɔ le míaƒe agbenɔnɔ me. Eyae nye ka?

14. Hiahiã vevi ka dzie talentowo ŋuti lododoa te gbe ɖo?

14 Eɖanye míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be míanɔ makumakugbe le dziƒo alo anɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi o, edze kɔte le Yesu ƒe lododoa me be ele be míadagba le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me. Le nyateƒe me la, míate ŋu azã nya ɖeka na nufiame si le lododoa me be enye: kutrikuku. Apostoloawo ɖo kpɔɖeŋua tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi yina. Míexlẽ be: “[Petro ɖi] ɖase kple nya bubu geɖewo hã, eye wòxlɔ̃ nu wo gblɔ bena: Mina woaɖe mi tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me.” (Dɔwɔwɔwo 2:40-42) Eye viɖe nyui geɖe do tso eƒe agbagbadzedzewo me! Esi ame bubuwo hã va wɔ ɖeka kple apostoloawo le Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la, woawo hã ku kutri, ale be nyanyuia ‘nɔ tsitsim ɖe edzi le xexe blibo la katã me.’—Kolosetɔwo 1:3-6, 23; Korintotɔwo I, 3:5-9.

15. Mɔ tɔxɛ ka nue wòle be míanɔ nufiame si le talentowo ŋuti lododoa me ŋudɔ wɔm le?

15 Ðo ŋku nya si gblɔm Yesu nɔ hafi do loa dzi—eƒe anyinɔnɔ ŋuti nya gblɔm ɖi wònɔ. Kpeɖodzi gbogbo le mía si be Yesu ƒe pa·rou·siʹa la le edzi yim eye aɖo yɔyrɔea nu kpuie. Ðo ŋku alesi Yesu tsɔ ‘nuwuwua’ do ƒome kple dɔ si wòle be Kristotɔwo nawɔ dzi, si nye be: “Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia na amewo le anyigba blibo la katã dzi, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14, NW) Esi nya sia le susu me na mí alea la, dɔlaawo dometɔ kae míeɖi? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe susu aɖe li si ta magblɔ be meɖi dɔla si tsɔ nusi wode esi la ɣla, eye ɖewohĩ wòva nɔ eya ŋutɔ ƒe nuwo gbɔ kpɔma? Alo ɖe wòdze kɔte be mele abe dɔla nyui wɔnuteƒeawo enea? Ðe meɖoe kplikpaa be madzi Aƒetɔ la ƒe nuwo ɖe edzi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe mea?’

Ŋudzɔnɔnɔ Kple Kutrikuku le Eƒe Anyinɔɣia

16. Nya kae le lododo eve siwo me míedzro la me na wò?

16 Ẽ, togbɔ be lododo eve siawo ƒe gɔmesese nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo eye wonye nyagblɔɖiwo hã la, dzideƒonya siwo me kɔ eye wotso Yesu ŋutɔ ƒe nume dze le wo me na mí. Nya si gblɔm wòle enye be: Minɔ ŋudzɔ; miku kutri, vevietɔ ne Kristo ƒe pa·rou·siʹa ƒe dzesia dze miekpɔ. Fifiae nye ɣeyiɣia. Eyata ɖe míele ŋudzɔ hele kutri kum nyateƒea?

17, 18. Aɖaŋu kae nusrɔ̃la Yakobo ɖo le Yesu ƒe anyinɔnɔ ŋuti?

17 Yesu dadavi Yakobo menɔ Amitoa dzi se Yesu ƒe nyagblɔɖia o; gake eva see emegbe, eye ese nusi wòfia gɔme nyuie. Eŋlɔ be: “Eyaŋuti migbɔ dzi blewu, nɔvinyewo, halase Aƒetɔ la ƒe vavagbe. Kpɔ ɖa, agbledela lalaa anyigba dzi nuʋaʋã xɔasiwo, eye wògbɔa dzi blewu, halase esime ada kple kele dzana nɛ. Miawo hã migbɔ dzi blewu, mido ŋusẽ miaƒe dziwo; elabena Aƒetɔ ƒe vavaɣi ɖo vɔ.”—Yakobo 5:7, 8, míawoe te gbe ɖe edzi.

18 Esi Yakobo gblɔe kakaɖedzitɔe be Mawu adrɔ̃ toheʋɔnu amesiwo zãa woƒe kesinɔnuwo yakayaka vɔ la, ede dzi ƒo na Kristotɔwo be woagatsi dzimaɖi esime wole Yehowa sinu kpɔm be wòaɖe afɔ o. Kristotɔ si megbɔa dzi ɖi o adi be yeabia hlɔ̃, abe ke ɖe ŋusẽ le eya ŋutɔ si be wòaɖɔ nusiwo wogblẽ ɖo ene. Gake mele be wòanɔ nenema o, elabena ʋɔnudrɔ̃ɣia ava godoo. Agbledela ƒe kpɔɖeŋua fia nenema, abe alesi Yakobo ɖe emee ene.

19. Dzigbɔɖi ka ƒomevie nɔa Israel-vi agbledela si?

19 Ele na Israel-vi agbledela si ƒã nukuwo be wòalala nukua nado nu ɖa gbã, emegbe be numiemiea natsi, eye mlɔeba wòalala be nuŋeɣi naɖo. (Luka 8:5-8; Yohanes 4:35) Ɣletiawo ƒe yiyi anye dzitsiɣi eye ɖewohĩ nanewo gbɔe wòatso. Ðe adametsiwo adza sɔ gbɔa? Ke kelemetsiwo hã ɖe? Ðe nudzodzoewo alo ahomya atsrɔ̃ numiemieawoa? (Tsɔe sɔ kple Yoel 1:4; 2:23-25.) Ke hã le esiawo katã megbe la, Israel-vi agbledela ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa kple dzɔdzɔmeɖoɖo siwo wòwɔ la ŋu. (Mose V, 11:14; Yeremya 5:24) Le nyateƒe me la, agbledela la ƒe dzigbɔɖi asɔ kple mɔkpɔkpɔ kakaɖedzitɔe. Le xɔse me enyae be nusi yele mɔ kpɔm na la ava. Ava nyateƒe!

20. Aleke míate ŋu agbɔ dzi ɖi le Yakobo ƒe aɖaŋuɖoɖoa nu?

20 Togbɔ be agbledela ate ŋu anya ɣeyiɣi si nye nuŋeɣi hã la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo mete ŋu bu akɔnta nya ɣeyiɣi si anye Yesu ƒe anyinɔɣi o. Gake ava kokoko. Yakobo ŋlɔ be: “Aƒetɔ ƒe vavaɣi [Helagbe, pa·rou·siʹa] ɖo vɔ.” Esime Yakobo ŋlɔ nya mawo la, Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesia medze le mɔ gãtɔ nu, alo le xexeame katã, haɖe o. Gake ele dzedzem fifia! Eyata aleke wòle be míase le mía ɖokui me le ɣeyiɣi sia me? Dzesia le dzedzem kɔte. Míele ekpɔm. Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be, ‘Mekpɔe be dzesia le eme vam.’ Míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be ‘Aƒetɔ la ƒe vavaɣi ɖo vɔ, eye etaƒoƒo tu aƒe.’

21. Nukae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

21 Esi nyaa le alea ta la, susu vevi sẽŋu le mía si si ta wòle be míade nufiame vevi siwo le Yesu ƒe lododo eve siwo me míedzro la dzime atsɔ wo ade dɔwɔwɔ me. Egblɔ be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ [ɖaa], elabena mienya ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.” (Mateo 25:13) Ðikeke mele eme o be fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míatsɔ dzo ɖe mí Kristotɔwo ƒe subɔsubɔ ŋu. Mina míaɖee afia gbesiagbe le míaƒe agbenɔnɔ me be míese nusi Yesu wɔnɛ la gɔme. Mina míanɔ ŋudzɔ! Mina míaku kutri!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi lododoa ƒe kpɔɖeŋu numeɖeɖewo la, kpɔ God’s Kingdom of a Thousand Years Has Approached, axa 169-211, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta.

b Kpɔ God’s Kingdom of a Thousand Years Has Approached, axa 212-56.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

◻ Nu vevi kae nèsrɔ̃ tso ɖetugbi dzeaɖaŋuawo kple abunetɔawo ŋuti lododoa me?

◻ Aɖaŋu vevi kae Yesu to talentoawo ŋuti lododoa dzi le ɖoɖom na wò?

◻ Gɔmesese ka nue wò dzigbɔgbɔɖi le pa·rou·siʹa la me ɖi Israel-vi agbledela tɔ le?

◻ Nukata ɣeyiɣi sia me nɔnɔ nye ɣeyiɣi ʋãme si bia nu geɖe ŋutɔ wɔwɔ?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Nukawoe nèsrɔ̃ le ɖetugbiawo kple talentoawo ŋuti lododoawo me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe