Ðe Nèkpɔa Vovo Ðe Wò Ƒomea Ŋua?
“WOLƆ̃ Japan Vifofowo—Togbɔ Be Wonɔa Dɔwɔwɔ Dzi eye Womefena Kple Wo Viwo O Hã.” Tanya sia dze le nyadzɔdzɔgbalẽ si woyɔna be Mainichi Shimbun me ƒe aɖewoe nye si va yi. Nyatia ka nya ta be Japan-vi 87.8 le alafa me siwo le gome kpɔm le dziɖuɖua ƒe numekuku aɖe me gblɔ be yewodi be yeawoakpɔ yewo fofowo dzi le etsɔme. Gake nya ma ke dze le nyadzɔdzɔgbalẽa ƒe Eŋlisigbe me tataa me le tanya bubu te. Exlẽ be “Fofowo Kple Viŋutsuwo: Vovomakpɔmakpɔ ɖe Ame Ŋu.” Nyatia ƒo nu tso numekuku ma ke ƒe akpa bubu ŋu wòto vovo na Japangbe me tɔa: Aɖabaƒoƒo 36 pɛ koe Japan vifofowo zãna ɖe wo viwo ŋu le dɔwɔŋkekewo dzi. Gake aɖabaƒoƒo 44 ye vifofowo tsɔ nɔa wo viwo gbɔ le Ɣetoɖoƒe Germany le dɔwɔŋkeke dzi, eye enye aɖabaƒoƒo 56 le United States.
Menye vifofowo koe mekpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu o. Vidada geɖe wu dzona le aƒeme va wɔa dɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be vidada geɖe siwo si srɔ̃ mele o nawɔ ŋutilãmedɔ atsɔ akpɔ ƒomea dzii. Esia wɔe be ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si dzilawo—vifofowo kple vidadawo siaa—tsɔ nɔa wo viwo gbɔ dzi ɖe kpɔtɔ.
Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1997 me le Amerika-ƒewuivi siwo wu 12,000 dome ɖee fia be asesẽ be nu nate ɖe sɔhɛ siwo kple wo dzilawo dome le kplikplikpli dzi le seselelãme gome, woabu wo ɖokui wuwu ŋu, woawɔ adã, alo azã atike siwo zazã mãa ame. Eye amesiwo wɔ numekuku tsitotsito sia dometɔ ɖeka gblɔ be: “Kadodo kplikplikpli mate ŋu anɔ mia kple ɖeviwo dome ne mèkpɔa vovo ɖe wo ŋu o.” Vovokpɔkpɔ ɖe viwòwo ŋu kple dzeɖoɖo kpli wo le vevie.
Dzeɖoɖo ƒe Anyimanɔmanɔ
Ƒome siwo me dzeɖoɖo ƒe kadodo ate ŋu agblẽ le bɔbɔe woe nye esiwo me dzila aɖe dzo le aƒeme va le dɔ wɔm le didiƒe. Nyateƒee, menye ƒome siwo me dzila aɖe va le adzɔge ɖeɖeko mee dzeɖoɖo ƒe kadodo mate ŋu anɔ o. Togbɔ be dzila aɖewo le aƒeme hã, woyia dɔme hafi wo viwo fɔna eye ɖeviawo mlɔa anyi hafi wova ɖoa aƒeme. Nusi dzila aɖewo wɔna tsɔ kpɔa kadodo si mele wo dome o gbɔ enye be, wonɔa woƒe ƒomea gbɔ le kwasiɖanuwuwuwo kple ŋkekenyuiwo dzi. Woƒoa nu tsoa ɣeyiɣi “kpui si wozã nyuie” ɖe wo viwo ŋu la ŋuti.
Gake ɖe ɣeyiɣi kpui si wozã nyuie la kpɔa ɣeyiɣi geɖe si wòle be woatsɔ anɔ wo gbɔ hafi la ƒe hiahiã gbɔa? Numekula Laurence Steinberg ɖo eŋu be: “Zi geɖe la, ɖevi siwo nɔa wo dzilawo gbɔ edziedzi la ɖɔa ʋu wu esiwo menɔnɛ nenema o. Edze abe esesẽna ŋutɔ be woawɔ nane aɖo ɣeyiɣi si womekpɔ na wo va yi o la teƒe ene. Wode asixɔxɔ ɣeyiɣi kpui si wozã nyuie ŋu akpa.” Nenema tututue nyɔnu Burmatɔ aɖe se le eɖokui me. Srɔ̃ŋutsua—si nye Japantɔ akuakua—tsoa dɔme va ɖoa aƒeme le fɔŋli ga ɖeka alo ga eve me ŋdi sia ŋdi. Togbɔ be enɔa ƒomea gbɔ le kwasiɖanuwuwuwo hã, srɔ̃a gblɔ be: “Aƒemenɔnɔ le Memleɖagbe kple Kwasiɖagbewo dzaa mate ŋu axɔ ɖe vovomakpɔmakpɔ ɖe ƒomea ŋu le kwasiɖaa ƒe akpa susɔea me teƒe o. . . . Ðe nàte ŋu agbe nuɖuɖu kwasiɖaa ƒe ŋkekewo katã ava ɖu wo katã le Memleɖagbe kple Kwasiɖagbewoa?”
Kutrikuku Hiã Vevie
Nuƒoƒo tso kadodo nyui si anɔ ƒomea me ŋu le bɔbɔe wu ewɔwɔ. Nusi dɔwɔwɔ kple ƒomedzikpɔkpɔ bia na wòsesẽna na vifofo alo vidada si wɔa dɔ be wòakpɔ vovo ɖe ƒomea ŋu. Ame geɖe siwo ƒe nɔnɔmewo bia be woadzo le aƒeme ɖoa dze edziedzi to telefon dzi alo to lɛta ŋɔŋlɔ me. Gake ne ƒomea ɖale aƒeme ɖekae alo mele nenema o, ebia kutrikuku vevie be woalé ƒomekadodo nyui me ɖe asi.
Dzila siwo ŋea aɖaba ƒua dzeɖoɖo kple woƒe ƒomea dzi kpɔa emetsonua. Vifofo aɖe si mekpɔa vovo ɖe eƒe ƒomea ŋu o, eye meɖua nu kple wo gɔ̃ hã o la va dze ŋgɔ emetsonu sesẽ aɖe. Viaŋutsua va zu adãnuwɔla, eye wolé vianyɔnua wònɔ nu fim le fiase me. Esi vifofoa nɔ dzadzram ɖo be yeava ƒo gɔlf Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, viaŋutsua do ɣli sesĩe be: “Dada koe nye dzila le aƒe sia mea?” Ŋutsuvia fa konyi be: “Dadae wɔa nyametsotso ɖesiaɖe le ƒomea me. Wò Papa ya mèwɔa . . . .”
Nya mawo na fofoa bu tame. Mlɔeba etso nya me be gbã, ele be yeaɖu ŋdinu kple ƒomea. Eya kple srɔ̃a koe ɖunɛ le gɔmedzedzea me. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ɖeviawo hã va nɔa wo gbɔ, eye ŋdinuɖukplɔ̃a ŋu va zu afisi woɖoa dze le. Esia na ƒomea va nɔ fiẽnu ɖum ɖekae. Ŋutsua to mɔ sia dzi dze agbagba be yeaxe mɔ ɖe yeƒe ƒomea ƒe gbagbã keŋkeŋ nu.
Kpekpeɖeŋu si Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Biblia de dzi ƒo na dzilawo be, woadi ɣeyiɣi atsɔ aɖo dze kple wo viwo. Wogblɔ na Israel-viwo to nyagblɔɖila Mose dzi be: “Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe! Eyata tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la. Eye nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe tome na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:4-7) Ẽ, ne mí amesiwo nye dzilawo míate ŋu aku Mawu ƒe Nya ɖe ɖeviawo ƒe susu kple dzi me la, ke ehiã be míaxɔ ŋgɔ adi ɣeyiɣi anɔ míaƒe ƒomea gbɔ.
Enya se be wokpɔe le numekuku si míegblɔ va yi be wowɔ le ƒe 1997 le Amerika-sɔhɛ siwo wu 12,000 dome la me be “le amesiawo dometɔ 88 le alafa me kloe siwo gblɔ be yewole subɔsubɔha aɖe me dome la, . . . mawusubɔsubɔ kple gbedodoɖa ƒe vevienyenye si wokpɔ dzesii la zu ametakpɔkpɔ na wo.” Nyateƒe Kristotɔwo nyae be mawusubɔsubɔ me nufiame vavãtɔ nana le aƒeme kpɔa sɔhɛwo ta tso nu muamewo zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, seselelãme fukpekpe, ameɖokuiwuwu, adãwɔwɔ, kple bubuawo me.
Dzila aɖewo senɛ le wo ɖokui me be esesẽ be yewoakpɔ ɣeyiɣi ɖe yewoƒe ƒomea ŋu. Ele alea vevietɔ le vidada srɔ̃manɔsitɔwo gome, amesiwo wòadzɔ dzi na be woanɔ wo viwo gbɔ gake wòle be woawɔ ŋutilãmedɔ. Aleke woawɔ atsɔ ɣeyiɣi si mesuna na wo o la ƒe ɖe anɔ woƒe ƒomea gbɔe? Biblia xlɔ̃ nu be, “Lé nunya vavã kple tamebubu ɖe asi sesiẽ.” (Lododowo 3:21) Dzilawo ate ŋu azã ‘tamebubu ŋutete’ atsɔ adi ɣeyiɣi na ƒomea. Aleke woawɔe?
Ne vidada si wɔa ŋutilãmedɔe nènye eye ɖeɖi tea ŋuwò le ŋkekea ƒe dɔwɔwɔ vɔ megbe la, àte ŋu abia tso viwòwo si be woakpe ɖe ye ŋu miaɖa nua? Ɣeyiɣi si miazã ɖekae ana mɔnukpɔkpɔ mi be kadodo kplikplikpli nanɔ mia dome. Gbã la, adze abe nuwɔwɔ kple viwòwo agblẽ ɣeyiɣi wu ene. Gake eteƒe madidi o, àse vivi nɛ eye àkpɔe be megblẽa ɣeyiɣi kura o.
Dewohĩ vifofoe nènye eye nu geɖe le asiwò nèwɔna le kwasiɖanuwuwuwo. Nukatae màwɔ dɔ siawo dometɔ aɖewo kple viwòwo o? Àte ŋu aɖo dze kpli wo esi miele dɔa wɔm ɖekae eye le ɣeyiɣi ma ke me la, ànɔ hehe vevi aɖe nam wo. Biblia ƒe nuxlɔ̃ame be nàku Mawu ƒe nyawo ɖe tome na viwòwo de dzi ƒo na wò be nàƒo nu na wo ‘ne ènɔ anyi ɖe aƒewò me, ne èle mɔ dzi’—ne míagblɔe la, le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me. Enye “nunya vavã” ɖeɖefia be nàɖo dze kple viwòwo esi miele dɔ wɔm ɖekae.
Vovokpɔkpɔ ɖe wò ƒomea ŋu ƒe viɖewo nɔa anyi ɖaa. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nunya le amesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.” (Lododowo 13:10) Ne èdi ɣeyiɣi tsɔ ɖo dze kple wò ƒomea la, anɔ bɔbɔe na wò be nàna mɔfiame si me nunya le wo le gbesiagbegbenɔnɔ me kuxiwo nu nɔnɔ me. Ne èna mɔfiame sia fifia la, ate ŋu aɖe ɣeyiɣi gbegblẽ dzi akpɔtɔ eye wòaxe mɔ ɖe kuxi siwo ava le etsɔme nu. Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ geɖe wu vɛ na mia kple wo. Be nàte ŋu ana mɔfiame ma la, ehiã be nàzã nunya xɔasi siwo le Mawu ƒe Nya Biblia me. Zãe tsɔ fia nu viwòwo eye nàtsɔ afia afɔɖoƒe wò ƒomea.—Psalmo 119:105.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Asesẽ be nu nate ɖe sɔhɛ siwo kple wo dzilawo dome le kplikplikpli dzi le seselelãme gome
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Kadodo nyui ɖea vi geɖe le ƒomegbenɔnɔ me
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ne èle dɔ wɔm kple viwò la, àte ŋu aɖo dze kplii ahana hehe vevi aɖee