Míekpɔa Dzidzɔ Be Yehowa Fiaa Eƒe Mɔ Mí
“Mawu [vavã la] ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ.”—SAMUEL II, 22:31.
1, 2. (a) Nukae nye nu vevi aɖe si amegbetɔwo katã hiã? (b) Ameka ƒe kpɔɖeŋue wòanyo be míasrɔ̃?
MƆFIAME nye nu vevi aɖe si amegbetɔwo katã hiã. Le nyateƒe me la, ehiã be woakpe ɖe mía ŋu míanya alesi míazɔ le míaƒe agbemeŋkekewo katã me. Nyateƒee, Yehowa na nunya agbɔsɔsɔme aɖe kple dzitsinya mí be woakpe ɖe mía ŋu míadze si nyui kple vɔ̃. Gake be míaƒe dzitsinya nanye mɔfianu si dzi míaka ɖo la, ele be míana hehee. (Hebritɔwo 5:14) Eye míaƒe susu hiã nyatakaka nyuitɔ—kple hehe be wòate ŋu ada nyatakakaawo akpɔ—ne míedi be míawɔ nyametsotso nyuiwo. (Lododowo 2:1-5) Le esia me gɔ̃ hã la, esi wònye nuɖiɖeamewo le agbe me ta la, anɔ eme be míaƒe nyametsotsowo mava eme abe alesi míedii ene o. (Nyagblɔla 9:11) Mɔ gobi aɖeke meli si dzi míato anya etsɔme le mía ɖokui si o.
2 Le susu sia kple bubu geɖe ta la, nyagblɔɖila Yeremya ŋlɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremya 10:23) Yesu Kristo, si nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ, xɔ mɔfiame. Egblɔ be: “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ɖokui si o, ne menye Fofoae le ewɔm wòkpɔ o; elabena nusiwo ke wɔm eyama le la, esiawo Vi la hã wɔna nenema ke.” (Yohanes 5:19) Ekema aleke gbegbe nunya le emee nye si be míasrɔ̃ Yesu ale be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ afɔɖeɖewo! Fia Dawid dzi ha be: “Mawu [vavã la] ƒe mɔ de blibo, Yehowa ƒe nya me kɔ, akpoxɔnu wònye na amesiwo katã sii tso.” (Samuel II, 22:31) Ne míedi be míazɔ Yehowa ƒe mɔwo dzi tsɔ wu be míadze mía ŋutɔwo ƒe nunya yome la, míakpɔ mɔfiafia deblibo. Mawu ƒe mɔwo gbegblẽ ɖi kplɔa ame yia dzɔgbevɔ̃e me.
Yehowa Fiaa Mɔ
3. Aleke Yehowa fia mɔ Adam kple Xawae, eye mɔkpɔkpɔ kae wòtsɔ ɖo ŋku me na wo?
3 Ðe ŋugble tso Adam kple Xawa ƒe nyaa ŋu kpɔ. Togbɔ be nuvɔ̃ aɖeke menɔ wo ŋu o hã la, wohiã mɔfiafia. Yehowa megblẽ Adam ɖi be eya ŋutɔ nawɔ ɖoɖo ɖe nusianu ŋu le Eden-bɔ dzeania me o. Ke boŋ, Mawu na dɔe be wòawɔ. Gbã la, ele na Adam be wòana ŋkɔ lãawo. Emegbe Yehowa tsɔ taɖodzinu siwo axɔ ɣeyiɣi didi la na Adam kple Xawa. Woanye agbo ɖe anyigba la dzi, woana woƒe dzidzimeviwo nayɔ edzi, eye woakpɔ anyigbadzilãwo dzi. (Mose I, 1:28) Dɔ klitsu aɖee wòanye, gake mlɔeba la anye paradiso si axɔ xexeame katã si me amegbetɔƒome deblibo siwo anɔ anyi le ɖekawɔwɔ me kple lãwo ayɔ fũ. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne Adam kple Xawa zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, dzeɖoɖo ƒe kadodo anɔ woa kple eyama dome. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 3:8.) Mɔnukpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi—be ƒomedodo nayi edzi anɔ woa kple Wɔla la dome ɖaa!
4. Aleke Adam kple Xawa ɖe kakaɖedzimanɔamesi kple nuteƒemawɔmawɔ fiae, eye afɔku kae do tso eme?
4 Yehowa de se na ame eve gbãtɔawo be woagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati si nɔ Eden la o, eye esia na mɔnukpɔkpɔ su wo si enumake be woaɖe woƒe toɖoɖo—si nye didi be yewoazɔ Yehowa ƒe mɔ dzi—afia. (Mose I, 2:17) Gake eteƒe medidi o wodo woƒe toɖoɖo kpɔ. Esi Satana va kple eƒe amenublenyawo la, ehiã be Adam kple Xawa naɖe nuteƒewɔwɔ na Yehowa afia eye woaka ɖe Eƒe ŋugbedodowo dzi ne woanye toɖolawo. Nublanuitɔe la, nuteƒewɔwɔ kple kakaɖedzi menɔ wo si o. Esi Satana do ɖokuisinɔnɔ ƒe nya ɖe Xawa gbɔ eye wòtso Yehowa nu alakpatɔe be enye ameblela la, ena woblee eye wògbe toɖoɖo Mawu. Adam va wɔ ɖeka kplii wowɔ nuvɔ̃. (Mose I, 3:1-6; Timoteo I, 2:14) Wobu nu gã aɖe le nusia wɔwɔ ta. Anye ne esi wole Yehowa ƒe mɔ dzi zɔm hele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm vivivi la, dzi anɔ wo dzɔm ɖe edzi ɖaa hafi. Le ema teƒe la, mɔkpɔkpɔbuɖeame kple vevesese ye va yɔ woƒe agbenɔnɔ me vaseɖe esime woaku.—Mose I, 3:16-19; 5:1-5.
5. Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo si ava va eme emegbe, eye aleke wòle kpekpem ɖe amegbetɔ nuteƒewɔlawo ŋui be woakpɔ emevava?
5 Gake Yehowa metrɔ eƒe tameɖoɖo be gbeɖeka la, anyigba la ava nye paradisoƒe na amegbetɔ deblibo siwo ŋu nuvɔ̃ manɔ o la o. (Psalmo 37:11, 29) Eye medo kpo mɔfiame nyuiwo nana amesiwo zɔa eƒe mɔ dzi eye wole mɔ kpɔm be yewoakpɔe ŋugbedodo ma nava eme la gbeɖe o. Le mí amesiwo to senu li na gome la, Yehowa ƒe gbe le ɖiɖim le mía megbe bena: “Mɔ la enye si, mito edzi!”—Yesaya 30:21.
Ame Aɖewo Zɔ Yehowa ƒe Mɔ Dzi
6. Blematɔ eve kawoe zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi, eye nukawoe do tso eme?
6 Le Biblia ƒe nuŋlɔɖi nu la, Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi ʋee aɖewo koe zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi. Habel ye nye amesiawo dometɔ gbãtɔ. Togbɔ be eku kukpo hã la, Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu hafi wòku eyata mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le li nɛ be akpɔ gome le ‘ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsia’ me le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ava kpɔ alesi Yehowa ƒe tameɖoɖo gã na anyigba kple ameƒomea ava emee mlɔeba. (Hebritɔwo 11:4) Ame bubu si zɔ Yehowa ƒe mɔ dzie nye Henox, amesi ƒe nyagblɔɖi ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu mamlɛa ŋu si ta wokpɔ wòle Yuda ƒe agbalẽa me. (Yuda 14, 15) Henox hã mete ŋu nɔ agbe eƒe ŋkekewo de esi ɖewohĩ wòanɔ hafi la o. (Mose I, 5:21-24) Ke hã “woɖi ɖase nɛ bena, edze Mawu ŋu nyuie.” (Hebritɔwo 11:5) Esi wòku la, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le la nɔ esi abe Habel ene, eye anɔ amesiwo akpɔ eteƒe Yehowa ƒe tameɖoɖowo nava eme la dome.
7. Aleke Noa kple eƒe ƒomea ɖe nuteƒewɔwɔ kple kaka ɖe Yehowa dzi fiae?
7 Esi xexe si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa nyrɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye me vĩ ta la, toɖoɖo Yehowa zu nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ si nɔ sesẽm ɖe edzi. Esi xexeme ma yina nu wu ge la, ƒuƒoƒo sue ɖeka koe wokpɔ wònɔ Yehowa ƒe mɔ dzi zɔm. Noa kple eƒe ƒomea ɖo to Mawu eye woka ɖe nusi wògblɔ dzi. Wowu dɔ siwo wode asi na wo la nu nuteƒewɔwɔtɔe eye womeɖe mɔ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe mɔ̃ ɖe wo o. (Mose I, 6:5-7, 13-16; Hebritɔwo 11:7; Petro II, 2:5) Míate ŋu ada akpe ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo kakaɖedzitɔe la ta. Elabena eyae na wotsi agbe le Tɔɖɔɖɔa me eye wozu mía tɔgbuiwo.—Mose I, 6:22; Petro I, 3:20.
8. Le Israel-dukɔa gome la, nukae Mawu ƒe mɔ dzi zɔzɔ bia?
8 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa bla nu kple nuteƒewɔla Yakob ƒe dzidzimeviwo, eye wova zu dukɔ tɔxɛ nɛ. (Mose II, 19:5, 6) Yehowa na mɔfiafia eƒe dukɔ si wòbla nu kplii to Se si woŋlɔ, nunɔlawo, kple to nyagblɔɖinya siwo wotsɔ nɔ mɔ fiam wo edzidzi dzi. Gake ekpo ɖe Israel-viawo gbɔ be woawɔ ɖe mɔfiame mawo dzi. Yehowa na eƒe nyagblɔɖila gblɔ na Israel-viwo bena: “Kpɔ ɖa, metsɔ yayra kple fiƒode ɖo mia ŋku me egbea. Ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe se, siwo mede na mi egbe la, anye yayra na mi. Ke ne mieɖo to Yehowa, mia Mawu ƒe seawo o, eye miete ɖa le mɔ, si meɖo na mi egbe dzi hesubɔ mawu bubu, siwo mienya o la, anye fiƒode na mi.”—Mose V, 11:26-28.
Nusita Ame Aɖewo Gbe Yehowa ƒe Mɔ
9, 10. Nɔnɔme kawo tae wòhiã be Israel-viwo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woawɔ nuteƒe nɛ?
9 Abe alesi wònɔ le Adam kple Xawa gome ene la, ehiã be Israel-viwo naɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye woawɔ nuteƒe nɛ ne wodi be yewoanye toɖolawo. Israel nye dukɔ sue aɖe si dukɔ siwo nye nyahelawo ƒo xlãe. Egipte kple Etiopia nɔ woƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Siria (si nye Aram) kple Asiria (si nye Asur) nɔ woƒe dzieheɣedzeƒe gome. Filistitɔwo, Amon-viwo, Moabitɔwo, kple Edomtɔwo nɔ wo xa tututu. Ɣeaɖewoɣi la, dukɔ siawo katã nyea Israel-viwo ƒe futɔwo. Gakpe ɖe eŋu la, alakpasubɔsubɔ mee wo katã ƒo wo ɖokui ɖo, eye nusiwo wolɔ̃a wɔwɔe nye trɔ̃subɔsubɔ, ɣletivimefakaka, eye le wo dometɔ aɖewo gome la, wowɔa gbɔdɔdɔ kɔnu nyɔŋuwo eye wotsɔa ɖeviwo saa vɔe anyratɔe. Dukɔ siwo ƒo xlã Israel biaa nu woƒe mawuwo be woana yewoƒe ƒomewo nalolo, yewoƒe nukuwo naʋã, eye yewoakpɔ dziɖuɖu le aʋa me.
10 Israel ɖeɖekoe dea ta agu na Mawu ɖeka, si nye Yehowa. Edo ŋugbe na wo be woƒe ƒomewo alolo, woaŋe nu zã, eye woanɔ dedie tso woƒe futɔwo si me ne woaɖo to yeƒe sewo ko. (Mose V, 28:1-14) Nublanuitɔe la, Israel-vi geɖe gbe toɖoɖo. Eye amesiwo zɔ Yehowa ƒe mɔ dzi dometɔ geɖe kpe fu ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ ta. Wo nɔvi Israel-viwo wɔ fu wo dometɔ aɖewo, ɖu fewu le wo ŋu, ƒo wo, eye wowu wo gɔ̃ hã. (Dɔwɔwɔwo 7:51, 52; Hebritɔwo 11:35-38) Dodokpɔ ka gbegbee nye si wòanye na nuteƒewɔlaawo! Gake nukatae wo dometɔ geɖe tra tso Yehowa ƒe mɔ dzi? Israel-viwo ƒe ŋutinya me kpɔɖeŋu eve akpe ɖe mía ŋu míade dzesi woƒe nukpɔsusu gbegblẽa.
Axaz ƒe Kpɔɖeŋu Gbegblẽ
11, 12. (a) Esi Asiriatɔwo do ŋɔdzi na Axaz la, nukae wògbe wɔwɔ? (b) Teƒe eve kawoe Axaz di dedienɔnɔ le?
11 Axaz ɖu fia ɖe anyiehe fiaɖuƒe si nye Yuda dzi le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ me. Ŋutifafa menɔ eƒe dziɖuɖua me o. Ɣeaɖeɣi la, Siria kple dziehe fiaɖuƒe si nye Israel wɔ ɖeka ho aʋa ɖe eŋu, eye “eya kple eƒe dukɔ ƒe dzi ʋuʋu nyanyanya.” (Yesaya 7:1, 2) Gake esi Yehowa be yeakpe ɖe eŋu eye wòbia tso Axaz si be wòado ye akpɔ la, Axaz gbe dzimesesẽtɔe! (Yesaya 7:10-12) Esia na woɖu Yuda dzi le aʋa la me eye ame geɖe tsi aʋa.—Kronika II, 28:1-8.
12 Esi Axaz gbe Yehowa dodokpɔ la, mekpe ŋu nɛ be yeabia kpekpeɖeŋu tso Asiria-fia gbɔ o. Gake dukɔ siwo ƒo xlã wo yi edzi tu nu kple Yuda. Esi Asiria hã trɔ ɖe Axaz ŋu ‘hexaxae ɖo’ la, fia la “[sa] vɔ na Damaskotɔ, siwo sii la ƒe mawuwo gblɔ bena: Esi Aram-fiawo ƒe mawuwo kpe ɖe wo ŋu la, eyata nye hã masa vɔ na wo, ne woakpe ɖe nye hã ŋunye!”—Kronika II, 28:20, 23.
13. Nukae Axaz ɖe fia esi wòtrɔ ɖe Siriatɔwo ƒe mawuwo ŋu?
13 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa gblɔ na Israel bena: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.” (Yesaya 48:17, 18) Axaz ƒe tɔtrɔ ɖe Siriatɔwo ƒe mawuwo ŋu ɖe alesi gbegbe wòte ɖa tso ‘mɔ si dzi wòle be woato la dzi’ fia. Dukɔawo ƒe nukpɔsusu kplɔe tra wòva ɖo ŋu ɖe woƒe xɔname fluameawo ŋu tsɔ wu be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.
14. Nukatae taflatsedodo aɖeke menɔ Axaz si esi wòtrɔ ɖe alakpamawuwo ŋu o?
14 Woɖee fia tso gbaɖegbe ke be dukɔwo ƒe mawuwo, siwo dome Siriatɔwo tɔ hã le, nye ‘mawu dzodzrowo.’ (Yesaya 2:8) Do ŋgɔ le Fia Dawid ƒe dziɖuɣi la, alesi Yehowa kpe wu Siriatɔwo ƒe mawuwo la dze ƒã esime Siriatɔwo nye Dawid teviwo. (Kronika I, 18:5, 6) Yehowa, amesi nye “mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le” ɖeɖekoe ate ŋu ana dedienɔnɔ vavãtɔ. (Mose V, 10:17) Gake Axaz ya trɔ megbe de Yehowa eye wòdi dedienɔnɔ tso dukɔwo ƒe mawuwo gbɔ. Nusi do tso eme gblẽ nu le Yuda ŋu vevie.—Kronika II, 28:24, 25.
Israel-vi Siwo Nɔ Egipte Kple Yeremya
15. Mɔ ka nue Yudatɔ siwo nɔ Egipte le Yeremya ŋɔli wɔ nuvɔ̃ le?
15 Le alesi gbegbe Yehowa ƒe amewo ƒe nuteƒemawɔmawɔ gbɔ emee ta la, ena Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Wokplɔ dukɔa me tɔ akpa gãtɔ yi aboyo me le Babilon. Gake wogblẽ wo dometɔ aɖewo ɖi, nyagblɔɖila Yeremya hã nɔ amesiawo dome. Esi wowu Dudzikpɔla Gedalya la, ƒuƒoƒo sia si yi Egipte eye wokplɔ Yeremya kpe ɖe wo ɖokui ŋu. (Fiawo II, 25:22-26; Yeremya 43:5-7) Wova te vɔsasa na alakpamawuwo le afima. Yeremya xlɔ̃ nu Yudatɔ mawɔnuteƒeawo vevie, gake wosẽ dzi me. Wogbe tɔtrɔ ɖe Yehowa ŋu hete tɔ ɖe edzi be yewoayi edzi ado dzidzɔ na “dziƒo fianyɔnu.” Nukata? Elabena aleae woa kple wo fofowo wɔna ‘le Yuda-duwo kple Yerusalem-kpɔdomeewo, eye wokpɔa nu ɖuna ɖia ƒo, eme nyona na wo, eye womekpɔa dzɔgbevɔ̃e aɖeke kple ŋku o.’ (Yeremya 44:16, 17) Yudatɔwo he nya hã bena: “Esi míedzudzɔ dzudzɔdodo na ‘dziƒo fianyɔnu’ kple tsi ƒoƒoɖeanyi nɛ la, nusianu ƒe hiã tu mí, eye yi kple dɔwuame tsrɔ̃ mí.”—Yeremya 44:18.
16. Nukatae Yudatɔ siwo nɔ Egipte da ƒu kura le woƒe tamebubu me?
16 Aleke gbegbe dzodzrowo tsia susu me na amee nye si! Aleke tututue nyaawo nɔ? Nyateƒee, Yudatɔwo sa vɔ na alakpamawuwo le anyigba si Yehowa tsɔ na wo la dzi nyateƒe. Ɣeaɖewoɣi wokpea fu le megbedede alea ta abe le Axaz ŋɔli ene. Gake Yehowa ‘gbɔ dzi blewu’ na eƒe dukɔ si wòbla nu kplii la. (Mose II, 34:6; Psalmo 86:15) Edɔ eƒe nyagblɔɖilawo ɖe wo be woaxlɔ̃ nu wo woatrɔ dzi me. Le ɣeyiɣi siwo me fia la wɔ nuteƒe la, Yehowa yranɛ, eye dukɔa kpɔa viɖe tso yayra ma me, togbɔ be wo dometɔ geɖe mewɔ nuteƒe o hã. (Kronika II, 20:29-33; 27:1-6) Aleke gbegbe Yudatɔ siwo nɔ Egipte da ƒu enye si be woabu be nudzedziname ɖesiaɖe si yewokpɔ va yi le yewo denyigba dzi la tso yewoƒe alakpamawuwo gbɔ!
17. Nukatae Yuda bu eƒe anyigba kple gbedoxɔ?
17 Do ŋgɔ na ƒe 607 D.M.Ŋ. la, Yehowa xlɔ̃ nu Yudatɔwo bena: “Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.” (Yeremya 7:23) Nusi tututu na Yudatɔwo bu woƒe gbedoxɔ kple woƒe anyigbae nye esi wogbe zɔzɔ ‘ɖe Yehowa ƒe mɔ si woɖo na wo la dzi’ ta. Mina míakpɔ nyuie be míaƒo asa na vodada wuame ma.
Yehowa Yraa Amesiwo Zɔa Eƒe Mɔ Dzi
18. Nukae wòle be amesiwo zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi nawɔ?
18 Egbea la, Yehowa ƒe mɔwo dzi zɔzɔ bia nuteƒewɔwɔ—eɖoɖo kplikpaa be míasubɔ eyama ɖeɖeko—abe alesi wònɔ le blema ene. Ebia kakaɖedzi—xɔsenɔamesi blibo be woate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu eye be woava eme. Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ bia toɖoɖo—wɔwɔ ɖe eƒe sewo dzi, dzedze ɖe ɖusi alo mia me manɔmee, kple eƒe dzidzenu kɔkɔwo dzi wɔwɔ. “Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ.”—Psalmo 11:7.
19. Mawu kawoe ame geɖe subɔna egbea, eye nukae nye emetsonuwo?
19 Axaz trɔ ɖe Siriatɔwo ƒe mawuwo ŋu na dedienɔnɔ. Israel-vi siwo nɔ Egipte kpɔ mɔ be ‘dziƒo fianyɔnua,’ si nye mawunɔ aɖe si ame geɖe subɔna le blema Titina Ɣedzeƒe, ahe ŋutilãmedzidzedzekpɔkpɔ vɛ na yewo. Egbea la, menye legba ŋutɔŋutɔwoe mawu geɖe nye o. Yesu xlɔ̃ nu le ‘Kesinɔnuwo’ subɔsubɔ ɖe esi woasubɔ Yehowa teƒe ŋu. (Mateo 6:24) Apostolo Paulo ƒo nu tso “ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ” ŋu. (Kolosetɔwo 3:5) Egaƒo nu tso amesiwo ƒe “ƒodo nye mawu na wo” hã ŋu. (Filipitɔwo 3:19) Ẽ, ga kple ŋutilãmenuwo le mawu siwo koŋ wosubɔna egbea la dome. Le nyateƒe me la, ame geɖe—subɔsubɔha me nɔla geɖe hã le eme—‘tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo kesinɔnu siwo ŋu kakaɖedzi mele o dzi.’ (Timoteo I, 6:17) Ame geɖe kua kutri le mawu siawo subɔsubɔ me, eye wo dometɔ aɖewo kpɔa teƒeɖoɖowo—wole aƒe nyuitɔwo kekeake me, nu xɔasi geɖe su wo si, eye woɖua nu damiwo. Gake menye wo katãe eme nyo na nenema o. Eye amesiwo eme nyo na gɔ̃ hã va kpɔnɛ mlɔeba be nusiawo mehea dzidzeme vɛ le wo ɖokui si o. Kakaɖedzi mele wo ŋu o, womanɔ anyi ɖaa o, eye womenaa gbɔgbɔmenuhiahiãwo ame o.—Mateo 5:3.
20. Aleke wòhiã be míada asɔe?
20 Nyateƒee, ele be míalé fɔ ɖe nu ŋu esi míele nuɖoanyi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me tom. Ele be míawɔ afɔɖeɖe nyuiwo akpɔ míaƒe ƒomewo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ. Gake ne agbekɔkɔnɔnɔ, gadidi, alo nu mawo tɔgbe zu nu vevitɔ na mí wu Mawu subɔsubɔ la, ke míege ɖe trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi aɖe me eye míegale zɔzɔm le Yehowa ƒe mɔ dzi o. (Timoteo I, 6:9, 10) Ke ne lãmegbegblẽ, ganya, alo kuxi bubuwo ɖe kpe na mí ɖe? Migana míanɔ abe Yudatɔ mawo siwo nɔ Egipte, amesiwo gblɔ be Mawu subɔsubɔe na yewokpe fu la ene o. Ke boŋ mina míado Yehowa akpɔ, si nye nusi Axaz gbe wɔwɔ. Míatrɔ ɖe Yehowa Mawu ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hena mɔfiame. Míatsɔ ŋuɖoɖeŋu awɔ ɖe eƒe mɔfiame dzi, eye míado gbe ɖa abia ŋusẽdodo kple nunya bene míate ŋu akpe akɔ kple nɔnɔme ɖesiaɖe. Eye míatsɔ kakaɖedzi alala Yehowa ƒe yayra.
21. Yayra kawoe amesiwo zɔa Yehowa ƒe mɔ dzi kpɔna?
21 Le Israel-viwo ƒe ŋutinya me la, Yehowa dudu yayra kɔ ɖe amesiwo zɔ eƒe mɔ dzi la dzi. Fia Dawid dzi ha be: “Yehowa, kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu le nye ketɔwo ta.” (Psalmo 5:9) Yehowa na wòsi dukɔ siwo ƒo xlã wo la le aʋa me, evɔ dukɔ siawoe si Axaz emegbe. Le Salomo ŋɔli la, wotsɔ ŋutifafa kple nudzedziname si dzro Yudatɔ siwo nɔ Egipte vevie emegbe la yra Israel-viwo. Yehowa na Axaz-viŋutsu Xizkiya ɖu Asiriatɔ sẽŋuawo dzi gɔ̃ hã. (Yesaya 59:1) Ẽ, Yehowa ƒe asi meto ɖe eme ɖe eƒe ame wɔnuteƒe, siwo metsia tre “ɖe nuvɔ̃wɔlawo ƒe mɔ” dzi o, ke boŋ Mawu ƒe se dzɔa dzi na wo la ŋuti o. (Psalmo 1:1, 2) Egale nenema. Gake aleke mí amesiwo li egbea míawɔ aka ɖe edzi be míele zɔzɔm le Yehowa ƒe mɔ dzi? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo la me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Nɔnɔme kawoe le vevie le Yehowa ƒe mɔ dzi zɔzɔ me?
◻ Nukatae Axaz ƒe nukpɔsusu mesɔ o?
◻ Nukae gblẽ le Yudatɔ siwo nɔ Egipte la ƒe nukpɔsusu ŋu?
◻ Aleke míate ŋu ado ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míazɔ Yehowa ƒe mɔ dzii?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Axaz trɔ ɖe Siriatɔwo ƒe mawuwo ŋu le esi teƒe be wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu