Nudomegbegblẽ Woate Ŋu Aɖee Ða
JANE NORMAN kple Myron W. Harris siwo nye agbalẽŋlɔlawo ɖe nu me be: “Wobua ƒewuiviwo ƒe nudomegbegblẽ ɣesiaɣi be enye bubumademade ame tsitsiwo ŋu kple aglãdzedze ɖe wo kple woƒe dzidzenuwo ŋu.” Nuŋlɔlaawo gblɔ be togbɔ be sɔhɛ geɖe bu be womate ŋu awɔ naneke atsɔ atrɔ nɔnɔmea o hã la, “ame ɖeka le 3 ɖesiaɖe me susui be woate ŋu atsi sɔhɛwo ƒe nudomegbegblẽ nu ne dzilawo kpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe wo viwo ŋu eye ne nu meti kɔ na ƒewuiviwo fũ akpa o.” Togbɔ be woate ŋu aɖe nudomegbegblẽ dzi akpɔtɔ ne dzilawo na dɔ ɖeviwo eye ne woƒe asi kpe wo dzi nyuie wu hã la, ɖe ema ɖeɖe akpɔ nusiwo gbɔ wòtsona la gbɔa?
Le sɔhɛ geɖe gome la, womewɔa nu gbegblẽ ne woawo ɖeɖee li o, gake ne wole ƒuƒoƒo me alo le zɔzɔm eveve la, wodzea agbagba be yewoahe susu ava yewo ɖokui dzi anɔ movinu kple nu manyomanyowo wɔm. Nenemae wònɔ le Nelson gome, amesi gblẽa amewo ƒe nuwo dome zi geɖe tsɔ ɖea eƒe dziku kple ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu ŋu fiana ne eno atike vɔ̃ɖi alo aha. Esi Katoliko-ha la ƒe nuƒoƒo tso se siwo wowɔ ɖe agbledenyigba mamã kple dziɖuɖudɔwɔlawo ƒe gomenɔamesiwo ŋu na dzi ku José la, ebui be ele be yeanɔ eme yewoadze aglã agbe dɔmeyiyi eye yewoawɔ ɖoɖo agblẽ nuwo dome atsɔ atsi tre ɖe nya mawo ŋu. Gake Nelson kple José siaa kpɔ nane si nyo sã wu aglãdzedze alo nudomegbegblẽ.
Nudomegbegblẽ Tsoƒe Vevi Aɖewo
Mina míalé ŋku ɖe nusita sɔhɛ aɖewo gblẽa nuwo dome ŋu geɖe wu. Ƒewuivi geɖe tɔtɔ eye “woɖɔ xexeame be enye teƒe si nuwo tɔtɔ le, teƒe tɔŋku, afisi tsukunɔwo bɔ ɖo fũ.” Gake nyatakaka aɖe gblɔe wòto vovo na nusi ame aɖewo xɔ se be: “Ƒewuiviwo tsia dzi ɖe afisi woƒe agbe ɖo tae ŋu. Wotsia dzi wu alesi ame tsitsiwo susui.” Sɔhɛ si gblẽ amewo ƒe nuwo dome ɖanya alo meɖanya o, ele mɔ sia dzi tom be yeaɖe alesi wòtɔtɔe le ememe, kuxi siwo gbɔ womekpɔ o, alo nuhiahiã siwo mekpɔ o afia. Le numekuku si ŋu nya míegblɔ va yi nu la “amesiwo wobia gbee dometɔ aɖeke meʋli nudomegbegblẽ ta alo gblɔ be esɔ o, eye amesiwo gblẽ nuwo dome kpɔ gɔ̃ hã mede nuwɔnaa dzi o.”
Ðewohĩ ƒã hafi sɔhɛ aɖe nase ŋudzedzekpɔɖeameŋu alo dzideƒoname nya aɖe. Esi dzidzim ɖe edzi ko sukudede ƒe vevienyenye le eye dɔ geɖe biaa sukudede ƒe dzesi kɔkɔ xɔxɔ le nusɔsrɔ̃ aɖe alo mɔ̃ɖaŋununya me ta la, dzi ate ŋu aɖe le eƒo. Gakpe ɖe eŋu la, dzilawo, nufialawo, alo hatiwo ate ŋu aɖe ɖeklemi ɖevia vevie eye woanɔ nu geɖe biam tso egbɔ anɔ gbe tem ɖe nusi wòte ŋu wɔ ɖeɖeko dzi ke menye amesi wònye dzi o. Ame geɖewo dzea aglã alo gblẽa nuwo dome le dzi si ɖe le wo ƒo dzaa ko ta. Ðe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si dzilawo aɖe afia maɖe nɔnɔmevedziname ma dzi akpɔtɔ ŋutɔ oa?
Ðewohĩ míakpɔe be togbɔ be ele dzedzem abe setɔ aɖewo dzudzɔ agbagbadzedze be woalé nuŋɔŋlɔ ɖe gli ŋu kple aglãdzenuwɔna bubu ƒomeviwo nu hã la, dukɔmevi siwo tsɔ ɖe le nyaa me ya gakpɔa nufialawo kple sukumegãwo sinu kokoko be woalé nudomegbegblẽ nu. The World Book Encyclopedia gblɔ le se ŋudɔwɔwɔ ŋu be: “Fe babla na ame alo ame dede game nye tohehe si dze na nudomegbegblẽ. Nutome dziɖuɖu aɖewo wɔ se siwo tsɔa nya ɖe dzila siwo viwo gblẽ amewo ƒe nuwo dome ŋu. Gake womehea to na amewo ɖe nudomegbegblẽ akpa gãtɔ ta o. Esesẽna be woatsɔ se akplɔ amewo le go sia me, eye nusi ame akpa gãtɔ gblẽna la melolo o si wɔe be meɖea vi be woatsɔ se akplɔ woe o.” Nyatakaka aɖe ɖee fia be agɔdzelaawo dome alafa memama 3 pɛ koe woléna.
Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe edzi be mɔ nyuitɔ kekeake si dzi woato aɖe aglãdzedze dzi akpɔtɔe nye be dzilawo ƒe asi nakpe wo viwo dzi nyuie. Gake ne ƒomegbenɔnɔ yi to la, egblẽa nu le nutowo ŋu. Nufialagã Ana Luisa Vieira de Mattos si le São Paulo Yunivɛsiti, Brazil, de dzesii be nusi gbɔ ɖeviwo ƒe kuxiwo tsona dometɔ aɖewoe nye “dzilawo ƒe asi masẽmasẽ ɖe wo viwo dzi, sewo ƒe anyimanɔmanɔ, dzemaɖomaɖo, bemalémalé, ɖekematsɔleme alo vivimadoɖewoŋu.”
Nyateƒee, míekpɔ Yesu ƒe nyawo me vava le míaƒe ŋkekeawo me be: “Le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃nu latsi.” (Mateo 24:12) Eye amekae agbe be nya siwo woŋlɔ ɖe Timoteo II, 3:1-4 mele eme vam o? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nya esia bena, le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” Nya lae nye be, amesiwo si nɔnɔme siawo tɔgbe le dome nɔnɔ ɖeɖe ate ŋu ahe aglãdzedze vɛ. Gake mele be míana ta o. Nutowo me tɔwo do kpo nudomegbegblẽ ɖeɖeɖa, gake míate ŋu akpɔ amesiwo te ŋu trɔ woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ hedzudzɔ gbevu alo nusiwo hea afɔku vɛ wɔwɔ. Wote ŋu tsi nudomegbegblẽ nu le wo gome.
Mɔfiame Nyui na Sɔhɛwo
Nukae kpe ɖe nugblẽlawo kple ame bubuwo ŋu wotrɔ woƒe agbenɔnɔ? Togbɔ be adze abe nusi dzi nufiala kple dzila aɖewo maxɔ ase o hã la, Biblia naa mɔfiame nyuitɔ kekeake si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu. Esi amesiwo nye nugblẽlawo tsã zɔ ɖe edzi la, eʋã wo be woaɖo to Mawu ƒe se vevi sia be: “Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.” (Mose II, 23:2) Mawu ƒe Nya la me nyateƒenya siwo ku ɖe dzixɔse kple nufiafia siwo gɔme ame geɖe mese tsã o me va kɔ na wo, eye nusiwo wosrɔ̃ va kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi wotrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu wònyo ɖe edzi. Bu José, si nye sɔhɛ aɖe si tso São Paulo ƒe nya ŋu kpɔ. Nɔnɔmewɔwɔwo zazã le subɔsubɔ me ƒe dzixɔsee wotsɔ nyii. Esi José va srɔ̃e be ŋkɔ le Mawu si, si nye Yehowa, eye be Meda asi ɖe nɔnɔmewɔwɔwo zazã le subɔsubɔ me dzi o la, ewɔ asitɔtrɔ ale be wòwɔ nusi dzea Mawu ŋu.—Mose II, 20:4, 5; Psalmo 83:19; Yohanes I, 5:21; Nyaɖeɖefia 4:11.
Le esi teƒe be Nelson nayi edzi anɔ gbevuviwo yome anɔ nu manyomanyo kple aglãdzenuwo wɔm akpɔ emetsonu vɔ̃wo edziedzi la, eva ke ɖe etsɔme mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ŋu boŋ, eye ema na wòkpɔ dzidzeme ale gbegbe. Egblɔ be: “Le esi ƒonyemetɔwo nagbem esi medea ha vɔ̃ɖi eye atike vɔ̃ɖi zazã mãm ta teƒe la, nyee va nye amesi ŋu wodea bubui le aƒea me wu amesiame fifia. Zi geɖe la, fofonye biana tsoa asinye be magbe nya na fonyewo. Esi mete Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo la, meva nya nusi nye dzidzɔ elabena taɖodzinu le asinye fifia le agbe me.” Eye enye nya dodzidzɔname nyateƒe na Marco si nye sɔhɛ si le dugã me—amesi nuto si me ŋutasẽnuwɔwɔ yia edzi le nɔnɔ mã—esi wòva nyae be Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ anyigbaa wòazu paradiso.—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Bu ame aɖe si nɔ adzoha me kpɔ, amesi wɔa dzre le mɔdodo dzi, eye wònye nudomegblẽla hã ŋu kpɔ. Esi Valter nye tsyɔ̃evi si mekpɔ dzidzɔ aɖeke le eƒe ɖevime o ta la, ewɔ dɔ ɖe edzi be le nuɖoanyi gbegblẽ vɔ̃ɖi sia me la, amewo le Mawu si. Wodzea agbagba anukwareɖiɖitɔe be yewoatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe le yewoƒe agbe me, aɖe nublanuikpɔkpɔ, ameŋububu, kple dɔmenyo afia. Valter ɖe eme be: “Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, ƒome gã aɖe le asinye fifia, ‘nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, dadawo kple papawo.’ Ku ɖe etsɔme ŋu la, mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me amewo anɔ ŋutifafa me ahawɔ ɖeka le Mawu ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe la te.”—Marko 10:29, 30; Psalmo 37:10, 11, 29.
Nusi Nyo Wu Tsitretsiɖeŋu Nuwɔna
Tsɔ kpe ɖe ameŋububu kple lɔlɔ̃ si tsã nudomegblẽla siawo ɖena fiana ŋu la, wosrɔ̃ ‘fuléle vɔ̃’ hã. (Psalmo 97:10; Mateo 7:12) Wò hã ɖe? Ne ènye amesi ƒe nu wogblẽna kura gɔ̃ hã la, Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ ana nàbu Yehowa be enye ame ŋutɔŋutɔ, Dziƒofofo lɔ̃ame si di be yealé be na wò. (Petro I, 5:6, 7) Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtsi le gbɔgbɔ me, èɖagbɔdzɔ alo èɖo ko o. Ema ɖeɖe kura nye nu dodzidzɔname aɖe!
Le nyateƒe me la, Yehowa kple Via Yesu Kristo, di be mɔnukpɔkpɔ nasu ameƒomevi ɖesiaɖe si woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea. Mawu ƒe Nya la ate ŋu awɔ nu geɖe wu kpekpeɖeŋu nana amewo be woadzudzɔ nudomegbegblẽ fifi laa. Ate ŋu aʋã wo be woayi edzi ayi ŋgɔ le Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ me. Esia ana woava zu dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ si wonya kɔkɔenyenye kple agbenyuinɔnɔ na, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe hame la me tɔwo. Le ɖekawɔwɔ me kple Efesotɔwo 4:24 la, Kristotɔ nyateƒetɔ siawo “[do] ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.” Madidi o anyigbaa ayɔ kple amesiawo elabena amesiawo ɖeɖekoe atsi agbe anɔ anyi tegbee.—Tsɔe sɔ kple Luka 23:43.
Xexe Yeye si me Nudomegbegblẽ Manɔ O Ate Ŋu Ava
Èxɔe se be woate ŋu aɖe nudomegbegblẽ ɖa ŋutɔŋutɔa? Ne nenemae la, ke aleke tɔtrɔ vevi ma awɔ ava? Madidi o Mawufiaɖuƒea aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa. Woabu fɔ amesiwo le anyigbaa dzi ne woɖoe da le Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo dzi. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 24:5, 6.) Esime “woatsrɔ̃ dzidalawo katã” la, woaɖe amesiwo lɔ̃ dzɔdzɔenyenye ya. ‘Yehowa ade wo dzi eye wòaɖe wo tso ame vɔ̃ɖiwo si me, eye axɔ na wo, elabena wosinɛ tsona.’—Psalmo 37:38-40.
Nyateƒee, woaɖe nudomegbegblẽ tsoƒe ɖa keŋkeŋ le afisiafi. Eye nenema ke woaɖe nuvlowɔwɔ, ameteteɖeanyi, fukpekpe, kple vɔ̃ɖinyenye katã hã ɖae. Ðe emawo teƒe la, ŋutifafa, dzɔdzɔenyenye vavãtɔ, tomefafa, kple dedienɔnɔ axɔ agbenɔnɔ me le xexe yeyea me. Yesaya 32:18 ɖɔ nusi ava eme ŋutɔŋutɔ ale: “Nye dukɔ anɔ ŋutifafa teƒe kple dziɖeɖi teƒewo kpakple ablɔɖe gbɔɖemeƒewo.” Ẽ, amesiwo ɖea lɔlɔ̃ kple ameŋububu fiaa ame bubuwo anɔ xexeame katã ƒe paradiso nyui la me.
Amesiwo nye nudomegblẽlawo tsã kple ame miliɔn bubuwo le vivi sem le ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa Mawu xoxo. Womegakpɔa gome aɖeke le nudomegbegblẽ ƒe nuwɔna aɖeke me o. Wò hã àɖe mɔ Mawu ƒe Nya nafia mɔ wò ayi agbe me le eƒe xexe yeyea mea? Nukatae màsrɔ̃ blema hakpala la o, amesi ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo ɖi be: “Mafia nu wò, eye mafia mɔ, si nato la wò; maɖo aɖaŋu na wò, eye nye ŋku anɔ ŋuwò.”—Psalmo 32:8.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Dzilawo ƒe ŋkuléle ɖe ɖeviwo ŋu kple lɔlɔ̃ ɖeɖefia wo akpɔ wo ta