Nudomegbegblẽ—Nukatae?
“NYA aɖeke mele asinye magblɔ o.” Woŋlɔ nya siawo ɖe gli aɖe si wosi aŋɔ na eteƒe medidi o ŋu le São Paulo ƒe nuto nyui aɖe me. Ðewohĩ àbu be amewo ƒe nudomegbegblẽ ƒe nuwɔna aɖee nye ma. Eye nudomegbegblẽ ƒe nuwɔnawo dometɔ ɖeka koe nuŋɔŋlɔ ɖe gli ŋu nye.
Tsɔe be gbevuvi nudomegblẽlawo gblẽ wò ʋu yeye. Alo ɖewohĩ àkpɔe be nudomegblẽlawo gblẽ nane si nye dukɔa tɔ—nusi ame geɖe zãna—alo gbãe keŋkeŋ. Nukatae? Ẽ, nukatae? Èbu nusita nudomegbegblẽ bɔ alea gbegbe ŋu kpɔa? Le teƒe geɖe la, edze abe telefonɖakawo me gbegblẽ alo wo gbagbã doa dzidzɔ na nudomegblẽlawo ene. Zi geɖe dukɔa ƒe ʋuwo, abe ketekewo alo bɔswo ene koŋue wolɔ̃a gbegblẽ. Ewɔ abe nudomegblẽlawo metsɔ ɖeke le naneke me o ene. Gake nuka gbɔe nudomegbegblẽ si teƒe míekpɔna alo na míebua míaƒe nuwo la tso?
Dzi ɖe le Marcoa si nye sɔhɛ aɖe si tso Rio de Janeiro ƒo esi woɖu bɔlƒoha si wòlɔ̃na dzi le bɔlƒoƒo aɖe megbe—dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be ete kpe ƒuƒu bɔs si tsɔ bɔlƒoha si ɖu dzi dzidelawo. Alo bu Claus ŋu kpɔ. Esi mete ŋu wɔ dɔ nyuie le suku o la, dzi kui ale gbegbe be eda kpe gbã fesrewo. Gake “dzidzɔdonamenua” kɔ le mo nɛ esi wona fofoa xe nusiwo wògblẽ ƒe fe. Sɔhɛ bubu si ŋkɔe nye Erwin nɔ suku dem ganɔ dɔ hã wɔm. Wonya eya kple ehati sɔhɛwo be wobua ame. Gake nutoa me tɔwo ƒe nuwo dome gbegblẽ ye nye woƒe modzakaɖenu. Erwin dzilawo menya naneke le nu ma ŋu o. Valter nye tsyɔ̃evi si si teƒe aɖeke mele wòanɔ tsɔ wu São Paulo blɔwo dzi o. Exɔlɔ̃ veviwo nye nudomegblẽlawo ƒe ha aɖe, eye ewɔa nu kpli wo hesrɔ̃ avuwɔwɔ hã. Kpɔɖeŋu siawo fia be amewoe gblẽa nu dome, eye nusi gbɔ wòtso alo seselelãme siwo ʋãa wo le vovovo.
The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Nudomegbegblẽ ate ŋu anye wɔɖenui aɖe alo mɔ si dzi woato aɖe ame ƒe nukpɔsusu le dunyahenya aɖe ŋu afia. Ðeviwo kple tsitsiawo siaa wɔa nu vlo sia ɣeaɖewoɣi wòanyea ‘dzidzɔdonamenu’ ko.” Gake nudomegbegblẽ menyea sɔhɛwo ƒe dzidzɔdonamenu dzro ko o, ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu vevie eye wòahe ku gɔ̃ hã vɛ. Sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe di be “yewoado dzidzɔ na yewo ɖokui,” eye esi wokpɔ ŋutsu aɖe wòdɔ alɔ̃ la, wokɔ ami si léa dzo ɖe edzi hetɔ dzoe. Ŋutsua si nye Indiatɔ ku emegbe le kɔdzi. Le nyatakaka aɖe nu la, “wogblɔ be sɔhɛawo gblɔ be yewomesusui be ate ɖe ame aɖeke dzi o, elabena wotɔ dzo nubiala geɖe le ablɔawo dzi, gake womewɔ naneke ameawo o.” Nudomegbegblẽ ɖadze abe ɖe megblẽ nu le ame aɖeke ŋu o alo medze nenema o, nusi wògblẽna le ga kple seselelãme gome mele gbɔgblɔ o. Eyata nukae ate ŋu alé nudomegbegblẽ nu alo atsi enu?
Amekae Ate Ŋu Atsi Nudomegbegblẽ Nu?
Ðe kpovitɔwo kple sukuwo ate ŋu axe mɔ ɖe nudomegbegblẽ nua? Kuxi aɖee nye be ɖewohĩ setɔwo tsi dzi ɖe nuvlowɔwɔ gãwo, abe atike vɔ̃ɖiwo dzadzra alo amewunyawo ene ŋu wu agɔdzedze siwo “menye ame aɖeke ŋue wowɔe ɖo tẽ o.” Le kpovitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe nya nu la, ne sɔhɛ aɖe wɔ nu gbegblẽ la, edzilawo lɔ̃a “fɔbubua dada ɖe ɖevi siwo wòdea ha kplii, alo suku si wòdena, alo kpovitɔawo dzi ɖe eléle ta.” Numeɖeɖe na amewo kple se tsɔtsɔ kplɔ amewoe ate ŋu aɖe nudomegbegblẽ dzi akpɔtɔ ya; gake ne dzilawo ƒe nɔnɔme metrɔ o ɖe? Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe si kua ɖeviwo ƒe nyawo me gblɔ be: “Kuxia tso nutikɔname kple ablɔɖe nana ɖeviwo wòagbɔ eme gbɔ. [Ðeviawo] nɔa gbɔdome zã tsina, eye dɔ aɖeke meli woawɔ o. Eye ɖewohĩ womeléa ŋku ɖe wo ŋu o—anye ne womado go hafi o.”
Togbɔ be nudomegbegblẽ nye kuxi sesẽ le teƒe geɖe hã la, de ŋugble le alesi woate ŋu atrɔ nuwo bubui ŋu kpɔ. Sɔhɛ nugblẽla siwo míeyɔ le gɔmedzedzea me trɔ; fifia woɖe wo ɖokui ɖa tso nuwɔna siwo gblẽa nu le amewo ŋu wɔwɔ me keŋkeŋ. Nukae na ɖevi siawo siwo dze aglã tsã la trɔ woƒe agbenɔnɔ? Azɔ̃ hã, ɖe mawɔ nuku na wò ne manye be woaɖe nudomegbegblẽ dzi akpɔtɔ ko o, ke boŋ woaɖee ɖa keŋkeŋ oa? Míekpe wò be nàxlẽ nyati si kplɔe ɖo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.