Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Esi wogblɔ fifia be ne ame aɖe lɔ̃ la, woagate ŋu atrɔ asi le mɔxexe ɖe vidzidzi nu ƒe mɔnu si woyɔna be “sterilization” ŋu be amea nagate ŋu adzi vi ta la, ɖe Kristotɔwo abui be enye mɔnu si ŋudɔ yewoate ŋu awɔa?
Sterilization, si míagblɔ be enye nusi nana wodzia vi ƒe akpa aɖe lalã ɖa va zu ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ƒe mɔnu si va bɔ wu. Le ame geɖewo gome la, asidada ɖe eƒe nyonyo dzi nɔa te ɖe hadomegbenɔnɔ kple sukudede kpakple ame ƒe subɔsubɔdzixɔsewo dzi. Akpa si ku ɖe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋu la ka Yehowa Ðasefowo, amesiwo ƒe didi wɔ ɖeka kple hakpala la tɔ be: “Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to toƒe sɔsɔe!” (Psalmo 27:11) Nukae wowɔna le nusi na wodzia vi ƒe akpa aɖe lalã me?
Woyɔa nusi na ŋutsuwo dzia vi lalã ɖa le Eŋlisigbe me be vasectomy. Wolãa ka sue eve siwo me tsinyenyẽ tona le vokua me heblaa enu. Woate ŋu awɔ esia to atikewɔmɔnu vovovowo nu, gake wowɔnɛ kple susu be tsinyenyẽa nagate ŋu ado tso vokuawo me o. Woyɔa nusi na nyɔnuwo dzia vi lalã ɖa be tubal ligation. Alesi wowɔnɛ zi geɖe enye be wolãa ka si me azi siwo tso azigoloa me tona ɖoa vidzidɔa me heblanɛ (alo, trea enu).
Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si wobui be nusia wɔwɔ nɔa ame ŋu ɖaa—be ana ame magate ŋu adzi vi kura o. Gake esi nyametsotso si ame aɖewo wɔ ve wo alo woƒe nɔnɔmewo va trɔ ta la, wodi be woawɔ dɔ na yewo ale be yewoagate ŋu adzi vi. Mɔ̃ tɔxɛwo kple ŋutinu suewo koko ƒe mɔnu siwo woto vɛ na wole dzidzedze geɖe kpɔm le agbagba siwo wodzena be woawɔ dɔ na ame wòagate ŋu adzi vi la me. Míexlẽnɛ zi geɖe be le ame tiatia ʋɛ aɖewo gome la, ate ŋu adzɔ be ŋutsu 50 vaseɖe 70 le alafa me nagate ŋu adzi vi ne woko wo gbugbɔ ka suesue siwo wolã la tsia. Wogblɔ be nyɔnu 60 vaseɖe 80 le alafa mee agate ŋu adzi vi ne wogbugbɔ woƒe vidzidɔ si nu wobla la tu. Ame aɖewo siwo se nya siawo bui be mele be woagabu nusi na wodzia vi ƒe akpa aɖe lalã be enye nusi nɔa anyi ɖaa o. Ðewohĩ woxɔe se be woate ŋu abu vasectomy kple tubal ligation be wosɔ kple fufɔfɔnutsitike siwo womina, kɔndɔm, kple aŋekotoku si wotsɔ xea vidzidɔa nu—siwo nye mɔnu siwo woate ŋu adzudzɔ ne ame di be yeafɔ fu. Ke hã mele be míaŋe aɖaba aƒu eƒe akpa siwo nye ŋkubiãnya dzi o.
Ðekae nye be nanewo ate ŋu ana wòasesẽ ŋutɔ be woawɔ dɔ na ame wòagate ŋu adzi vi, si ƒe ɖewoe nye alesi gbegbe nu gblẽ le kaawo ŋui esi wonɔ amea kom, ka si gbegbe wolã ɖa alo wode abii, ƒe siwo va yi le ewɔwɔ megbe, eye ne ŋutsue wowɔe na la, ne dɔlékuiwo gblẽ eƒe tsinyenyẽ. Eye mele be míaŋe aɖaba aƒu edzi o be nusuekomɔ̃ manɔ nuto geɖe me o, alo ga si ewɔwɔ abia manya xe o. Esia ate ŋu awɔe be ame geɖe siwo adi vevie be woaɖɔ nusi wolã ɖo la mate ŋu awɔe o. Le wo gome la, anɔ wo ŋu ɖaa.a Eyata xexlẽme siwo woyɔ be woate ŋu aɖɔ ɖo la nye nususugblɔ ko, menye esi dzi woate ŋu aka ɖo o.
Nyateƒenya aɖewo ɖo kpe nusi dzɔna ŋutɔŋutɔ dzi. Nyati aɖe si wota le United States ku ɖe nusi me tsinyenyẽ tona lalã ŋu gblɔ be le amekoko si me wogblẽ ga $12,000 vɔ megbe la, “ame 63 le alafa me koe ate ŋu ado fu woƒe kpeɖeŋutɔwo.” Gakpe ɖe eŋu la, “ŋutsu siwo wolã nusi na wodzia vi ƒe akpa aɖe na la dometɔ ade le alafa me” koe “dina be woagaɖɔe ɖo na yewo.” Numekuku aɖe si wowɔ le Germany tso titina Europa ŋu ɖee fia be ŋutsu siwo tia be woalã yewoƒe nusi nana wodzia vi ƒe akpa aɖe la dometɔ 3 le alafa me bia emegbe be woaɖɔe ɖo na yewo ale be yewoate ŋu adzi vi. Ne wowɔ dɔ na ame mawo ƒe afã dzidzedzetɔe hã la, afia be nusi me tsinyenyẽ tona si wolã akpɔtɔ anɔ nenema ɖaa le ame 98.5 gome. Eye xexlẽmea adzi ɖe edzi le dukɔ siwo me nusuekolawo mesɔ gbɔ le alo womeli kura o me.
Eyata mesɔ be woabu nusi na ŋutsu kple nyɔnu dzia vi ƒe akpa aɖe lalã alo ebabla nu tsɛ abe ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe fufɔfɔnuxexe ene o. Eye le Kristotɔ ɖianukwarewo gome la, nu bubu aɖewo hã li siwo ŋu wòle be woade ŋugble le.
Nu vevi aɖee nye be míaƒe vidziŋutetewo nye nunana tso mía Wɔla gbɔ. Eƒe tameɖoɖo gbãtɔ ƒe akpa aɖee nye be amegbetɔ deblibowo nadzi ‘ayɔ anyigba la dzi, eye wonye agbo ɖe edzi.’ (Mose I, 1:28) Esi Tsiɖɔɖɔa ɖe amesiwo le anyigba dzi ƒe xexlẽme dzi kpɔtɔ va ɖo enyi la, Mawu gbugbɔ mɔfiame vevi mawo gblɔ ake. (Mose I, 9:1) Mawu megade se ma na Israel-dukɔa o, gake Israel-viwo kpɔ ŋudzedze ɖe vidzidzi ŋu ŋutɔ.—Samuel I, 1:1-11; Psalmo 128:3.
Mawu ƒe Se si wòna Isreal-viwo ɖee fia be edea bubu amegbetɔwo ƒe vidzidzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃ŋutsu aɖe ku eye medzi vi aɖeke si ana dzidzimevi nanɔ esi o la, nɔviaŋutsu aɖe srɔ̃a wòadzi vi nɛ. (Mose V, 25:5) Nusi gaɖo kpe nya sia dzi wue nye se si ku ɖe nyɔnu si dze agbagba be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu le avuwɔwɔ me. Ne elé ŋutsu si le avu wɔm kple srɔ̃a ƒe vidzinu la, ele be woalã eƒe asi ɖa; nusi ɖe dzesie nye be Mawu mebia be woalã nyɔnua alo srɔ̃a ƒe vidzinu ɖe eteƒe o. (Mose V, 25:11, 12) Edze ƒã be se sia ana be amewo nade bubu vidzinuwo ŋu; mele be woagblẽ wo dome madzemadzee o.b
Míenya be Kristotɔwo mele Se si wotsɔ na Israel-viwo te o, eyata ɖoɖo si le Mose V, 25:11, 12 mebla wo o. Yesu mede se alo gblɔ nya si fia be ele be eƒe nusrɔ̃lawo naɖe srɔ̃ adzi viwo alesi woate ŋui o, si nye nusi ŋu srɔ̃tɔ geɖewo bu esime wonɔ nya me tsom ne yewoawɔ fufɔfɔnuxexe ƒe mɔnu aɖe ŋudɔ. (Mateo 19:10-12) Apostolo Paulo de dzi ƒo na ‘ahosi siwo metsi haɖe o’ siwo me fieŋufieŋu le ‘be woaɖe srɔ̃ adzi viwo.’ (Timoteo I, 5:11-14) Meƒo nu tso Kristotɔwo ƒe wo ɖokui tata—be woatsɔ woƒe vidziŋutetewo asa vɔe faa ŋu o.
Enyo be Kristotɔwo nade dzesii be Mawu dea asixɔxɔ gã woƒe vidziŋutetewo ŋu. Srɔ̃tɔ ɖesiaɖe natso nya me ne woawɔ ɖoɖo ɖe vidzidzi ƒe mɔnu si sɔ ŋudɔ kple ɣeyiɣi si me yewoawɔe ŋu. Ele eme be nyametsotso wɔwɔ asesẽ ne ɖɔktawo ɖo kpe edzi be ne vidada va fɔ fu la, afɔku geɖe anɔ eme na eya alo ɖevia eye ku gɔ̃ hã ate ŋu ado tso eme. Ame aɖewo siwo kpɔ wo ɖokui le nɔnɔme ma me na wowɔ dɔ na wo lã woƒe nusi na wodzia vi ƒe akpa aɖe alo blae togbɔ be womedii hafi o ale be woakpɔ egbɔ be fufɔfɔ mava de vidada (si si ɖewohĩ vi bubuwo le xoxo) la alo ɖevi si woava dzi emegbe eye lãmesẽkuxi gã aɖe nanɔ eŋu la ƒe agbe afɔku me o.
Gake Kristotɔ siwo medze ŋgɔ afɔku siawo ƒomevi o adi godoo be ‘yewoaɖɔ ŋu ɖo’ ana yewoƒe nuŋububu kple nuwɔna nawɔ ɖeka kple alesi Mawu dea asixɔxɔ vidzidziŋutete ŋui. (Timoteo I, 3:2; Tito 1:8; 2:2, 5-8) Esia anye tsitsi ɖeɖefia le nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ gɔmesese me. Ke ne ame geɖe va see be Kristotɔ aɖe mede bubu Mawu ƒe nukpɔsusu ŋu le nya sia gome o ɖe? Ðe amewo make ɖi eƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo kple dzedze be wòawɔ nyametsotso siwo wɔ ɖeka kple Biblia oa? Le nyateƒe me la, ne nɔnɔme ɖefuname sia gblẽ ame ƒe ŋkɔ nyui la, ate ŋu ana madze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo xɔxɔ o, togbɔ be ɖewohĩ manɔ nenema le amesi na wowɔ esia nɛ le manyamanya me gome o hã.—Timoteo I, 3:7.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a “Agbagba si ɖɔktawo dzena be woatsiã [ka si me tsinyenyẽ tona] kpɔa dzidzedze le ame 40 le alafa me ya teti gome, eye kpeɖodzi aɖewo li be woate ŋu akpɔ dzidzedze geɖe ne wova kpɔ nusuekokomɔnu si nyo wu. Gake ele be woabu nusi me tsinyenyẽ tona lalã be enye nusi nɔa anyi ɖaa.” (Encyclopædia Britannica) “Ele be woabu nusi naa wodzia vi lalã alo ebabla be enye nusi nɔa anyi ɖaa. Nuka ke amesi wowɔe na ɖase tso eɖɔɖɔɖo ŋu o, ele be wòanya be exɔ asi, eye womate ŋu aka ɖe eƒe dzidzedzekpɔkpɔ dzi o. Ele bɔbɔe wu na nyɔnu siwo wowɔ dɔ na be woagate ŋu adzi vi la nafɔ fu ɖe vidzidɔa godo.”—Contemporary OB/GYN, June 1998.
b Se bubu si ate ŋu aku ɖe nya sia ŋu gblɔ be amesi nu gblẽ le eƒe vidzinu ŋu vevie mate ŋu anɔ Mawu ƒe ha la me o. (Mose V, 23:2) Gake Insight on the Scriptures gblɔ be edze ƒã be “esia ku ɖe eɖoɖo koŋ alã vidzinu ɖa ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe susuwo, abe ŋutsu kple ŋutsu ƒe gbɔdɔdɔ ene ta.” Eyata menye ametata alo nusi sɔ kple fufɔfɔnuxexe ŋue esia ku ɖo o. Insight gblɔ hã be: “Yehowa gblɔe ɖi akɔfafatɔe be ɣeyiɣi aɖe ava esime yealɔ̃ be ame tatawo nanye ye subɔlawo, eye ne woɖo toe la, ŋkɔ si nyo wu viŋutsuwo kple vinyɔnuwo asu wo si. Esi Yesu Kristo he Sea va nuwuwui la, amesiame si aɖe xɔse fia ate ŋu ava zu Mawu ƒe gbɔgbɔmevi, eɖanye nɔnɔme ka ke me wonɔ tsã o. Womede vovototo amewo me le ŋutilã me o.—Yes. 56:4, 5; Yoh. 1:12.”