Aleke Yesu Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbee?
YESU KRISTO nye Nufiala Gã aɖe si nɔ Palestina ƒe 2,000 kloe nye si va yi. Míenya nu geɖe tso eƒe ɖevimenɔɣi ŋu o. Gake kpeɖodzi blibo li be esi wòxɔ anɔ ƒe 30 la, edze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme be ‘yeaɖi ɖase na nyateƒe la.’ (Yohanes 18:37; Luka 3:21-23) Nusrɔ̃la ene siwo ŋlɔ nu tso eƒe agbe ŋu ƒo nu tso ƒe etɔ̃ kple afã siwo kplɔe ɖo la koŋ ŋu.
Le Yesu Kristo ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, ede se aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo si ate ŋu anye xexeame ƒe dɔléle geɖe ŋuti tike. Nukae wònye? Yesu gblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” (Yohanes 13:34) Ẽ, amegbetɔƒomea ƒe kuxi geɖe gbɔ kpɔnue nye lɔlɔ̃. Ɣebubuɣi esi wobia Yesu be seawo dometɔ kae nye vevitɔ hã la, eɖo eŋu be: “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia enye se gbãtɔ, si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’”—Mateo 22:37-40.
Yesu to nya kple nuwɔna me fia alesi míalɔ̃ Mawu kple mía havi amegbetɔwoe la mí. Mina míade ŋugble le kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu ne míakpɔ nusi míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ.
Eƒe Nufiafiawo
Le nuƒo siwo wonya wu le ŋutinya me dometɔ ɖeka me la, Yesu Kristo gblɔ na eyomedzelawo be: “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖe wòalé fu ame ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ame ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigba dzi nuwo o.” (Mateo 6:24) Esi ame geɖe ŋutɔ xɔe se be gae kpɔa kuxiwo katã gbɔ ta la, ɖe nusi Yesu fia be míaɖo Mawu nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me agawɔ dɔ egbea? Nyateƒee, míehiã ga atsɔ akpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔe. (Nyagblɔla 7:12) Gake ne míena “Kesinɔnuwo” va zu aƒetɔ na mí la, “galɔlɔ̃” akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi, aɖu míaƒe nusianu dzi le agbe me. (Timoteo I, 6:9, 10) Ame geɖe siwo mɔ̃ sia ɖe bu woƒe ƒomewo, woƒe ŋusẽ, kple woƒe agbe kura gɔ̃ hã.
Gake ne míekpɔ Mawu sinu eye míena wònye míaƒe Aƒetɔ la, ana gɔmesese nanɔ míaƒe agbe ŋu. Esi wònye Wɔla ta la, eyae nye Agbedzɔtsoƒe, eyata eya ɖeɖekoe dze be míade ta agu na. (Psalmo 36:10; Nyaɖeɖefia 4:11) Amesiwo srɔ̃ nu tso eƒe nɔnɔmewo ŋu eye wova lɔ̃e senɛ le wo ɖokui me be yewoawɔ eƒe sewo dzi. (Nyagblɔla 12:13; Yohanes I, 5:3) Ne míewɔe alea la, eɖea vi na mí.—Yesaya 48:17.
Azɔ hã, Yesu fia alesi eƒe nusrɔ̃lawo alɔ̃ wo havi amegbetɔwoe le Todzimawunya la me. Egblɔ be: “Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Nya “amewo” si Yesu zã le afisia lɔ ame ƒe futɔwo kura gɔ̃ hã ɖe eme. Egblɔ le mawunya ma ke me be: “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo; miyra amesiwo ƒoa fi dea mi.” (Mateo 5:43, 44) Ðe lɔlɔ̃ sia makpɔ kuxi siwo míedoa goe egbea la dometɔ geɖe gbɔ oa? Hindutɔwo ƒe kplɔla, Mohandas Gandhi bui nenema. Nya si wògblɔe nye esi: ‘Ne míawɔ ɖeka awɔ ɖe Kristo ƒe nufiafia siwo le Todzimawunya sia me dzi la, anye ne míakpɔ xexeame katã ƒe kuxiwo gbɔ.’ Ne míatsɔ Yesu ƒe nufiafia tso lɔlɔ̃ ŋuti awɔ dɔe la, ate ŋu aɖe ameƒomea ƒe dɔléle geɖe ɖa.
Eƒe Nuwɔnawo
Menye ɖeko Yesu fia nyateƒenya vavãwo tso alesi woaɖe lɔlɔ̃ afiae ŋu o, ke ewɔ nusiwo wòfia dzi hã. Le kpɔɖeŋu me, edi ame bubuwo ƒe nyonyo wu eya ŋutɔ tɔ. Gbeɖeka Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ kpekpeɖeŋu nam amewo ale gbegbe be womekpɔ vovo aɖu nu gɔ̃ hã o. Yesu kpɔe be ehiã be yeƒe nusrɔ̃lawo nagbɔ ɖe eme vie, ale wòkplɔ wo yi teƒe aɖe si ɖe ɖe aga. Gake esi woɖo afima la, wokpɔ ameha aɖe si nɔ wo lalam. Aleke nàse le ɖokuiwò me esi nèkpɔ ameha si di be nàwɔ dɔ esime nèse le ɖokuiwò me be ehiã be yeagbɔ ɖe eme vie? Yesu ƒe “dɔme trɔ ɖe wo ŋuti” eye “wòde asi nu geɖe fiafia me wo.” (Marko 6:34) Ðetsɔtsɔ le ame bubuwo me alea ʋã Yesu ɣesiaɣi wòkpe ɖe wo ŋu.
Yesu wɔ nu geɖe na amewo tsɔ wu nufiafia wo ko. Ena kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ wo hã. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka la ena nuɖuɖu amesiwo wu 5,000 siwo nɔ to ɖomee ʋuu vaseɖe ɣetrɔ. Ema megbe kpuie la, egana nuɖuɖu ameha gã bubu aɖe—fifia la wowu ame 4,000—siwo nɔ eŋu nɔ to ɖomee ŋkeke etɔ̃ eye naneke megasusɔ ɖe wo si woaɖu o. Zi gbãtɔ la, ezã abolo atɔ̃ kple tɔmelã eve, eye zi evelia la, abolo adre kple tɔmelã sue ʋɛ aɖewo. (Mateo 14:14-22; 15:32-38) Nukunuwoea? Ẽ, nukunuwɔla wònye.
Yesu yɔ dɔ dɔnɔ geɖe hã. Eʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eyɔ dɔ xɔdrɔ̃wo, anyidzelawo, kple tokunɔwo. Efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre! (Luka 7:22; Yohanes 11:30-45) Anyidzela aɖe ɖe kuku nɛ gbeɖeka be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.” Aleke Yesu ɖo eŋui? “Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la, edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: Melɔ̃, ŋutiwò nakɔ!” (Marko 1:40, 41) Yesu to nukunu siawo wɔwɔ me ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia amesiwo nɔ fu kpem.
Ðe wòsesẽna na wò be nàxɔ Yesu ƒe nukunuwo dzi asea? Ame aɖewo mexɔnɛ sena o. Gake ɖo ŋku edzi be Yesu wɔ eƒe nukunuawo le gaglãgbe. Eƒe tsitretsiɖeŋula siwo dze agbagba ɣesiaɣi be yewoakpɔ vodada le eŋu gɔ̃ hã megbe be menye nukunuwɔlae o. (Yohanes 9:1-34) Gakpe ɖe eŋu la, tameɖoɖo aɖe tae wòwɔ nukunuawo ɖo. Wokpe ɖe amewo ŋu wodze sii be Amesi Mawu dɔ ɖae wònye.—Yohanes 6:14.
Yesu menɔ susu hem va eɖokui dzi ne ele nukunuwo wɔm o. Ke boŋ ekafu Mawu, Amesi gbɔ wòxɔ eƒe ŋusẽa tsoe. Gbeɖeka enɔ aƒe aɖe si me amewo nɔ taŋ le Kapernaum me. Lãmetututɔ aɖe di be wòayɔ dɔ ye gake mate ŋu age ɖe eme o. Ale exɔlɔ̃wo kɔe mlɔ aba dzi heɖiɖii ɖe anyi to xɔta. Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, eyɔ dɔ lãmetututɔ la. Le esia ta la, ameawo ‘kafu Mawu’ eye wogblɔ bena: “Míekpɔ ale nusiawo tɔgbe kpɔ o.” (Marko 2:1-4, 11, 12) Yesu ƒe nukunuawo na wokafu Yehowa, eƒe Mawu la, eye wòkpe ɖe amesiwo nɔ hiahiã me la ŋu.
Gake menye nukudɔdadae nye Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu vevitɔa o. Ame aɖe si ŋlɔ nu tso Yesu ƒe agbe ŋu ɖe nu me be: “Woŋlɔ esiawo ɖi, bena miaxɔ ase bena, Yesu enye Kristo, Mawuvi la, eye bena ne miexɔe se la, miakpɔ agbe le eƒe ŋkɔ la me.” (Yohanes 20:31) Ẽ, Yesu va anyigba dzi bena amegbetɔ siwo axɔe ase la nakpɔ agbe.
Eƒe Vɔsa
Àbia be, ‘Yesu va anyigba dzia? ‘Afikae wòtso va?’ Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” (Yohanes 6:38) Enye Mawu ƒe Tenuvi, eye wònɔ anyi do ŋgɔ. Ekema nukae nye Amesi dɔe ɖe anyigba dzi la ƒe lɔlɔ̃nu? Yohanes, si nye Nyanyuiŋlɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Aleke esia nya wɔe?
Biblia ɖe alesi ku wɔ va zu nusi me toto ameƒomea mate ŋu aƒo asa na o me. Ame eve gbãtɔwo xɔ agbe tso Mawu gbɔ eye agbenɔnɔ tegbee ƒe mɔnukpɔkpɔ nɔ wo si. Gake wotiae be yewoadze aglã ɖe yewo Wɔla la ŋu. (Mose I, 3:1-19) Nuwɔna sia, si nye nuvɔ̃ gbãtɔ si amegbetɔ wɔ, na Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo nyi ku si menye woƒe didi o la dome. (Romatɔwo 5:12) Be woate ŋu ana ameƒomea nanɔ agbe vavãtɔ la, ele be woaɖe nuvɔ̃ kple ku ɖa.
Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖeke mate ŋu ato nugbagbe ƒe agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ ƒomevi aɖe me aɖe ku ɖa o. Gake ŋusẽ le ameƒomea Wɔla la si wòana amegbetɔ toɖolawo nade blibo ale be woate ŋu anɔ agbe tegbee. Woyɔ mɔnuɖoɖo sia le Biblia me be tafe. Ame eve gbãtɔawo dzra wo ɖokui kple woƒe dzidzimeviwo de kluvinyenye na nuvɔ̃ kple ku me. Wotsɔ agbenɔnɔ anye ameƒome deblibo siwo aɖo to Mawu ɖɔli ɖokuisigbenɔnɔ Mawu ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi manɔmee, eye wowɔa woawo ŋutɔ ƒe nyametsotso le nusi nyo kple nusi gblẽ ŋu. Be woagbugbɔ aƒle amegbetɔ ƒe agbe debliboa la, ele be woaxe fe si asɔ kple amegbetɔ ƒe agbe deblibo si mía dzila gbãtɔawo bu la tɔ. Esi amegbetɔwo nyi blibomademade ƒe dome ta la, womedze axe fe ma o.—Psalmo 49:7.
Eyata Yehowa Mawu ge ɖe nyaa me be yeana kpekpeɖeŋu. Etrɔ eƒe Tenuvi Yesu ƒe agbe deblibo tsɔ de ɖetugbi nɔaƒe aɖe ƒe dɔme wòdzi. Ðewohĩ le ƒe aɖewo siwo va yi me la, mànya xɔ ɖetugbi nɔaƒe ƒe vidzidzi sia dzi se o. Gake egbea la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ɖe lã bubuwo ƒe domenyiŋusẽ me nugbagbeviwo tsɔ de lã bubuwo me. Ekema amekae ate ŋu atɔ gbe Wɔla la ƒe ŋutete be wòwɔ nusi gbɔ vidzidzi mɔnu si míenya la ŋu?
Esi amegbetɔ ƒe agbe deblibo li ta la, woate ŋu axe fea ɖe ameƒomea ta aɖe wo tso nuvɔ̃ kple ku si me. Gake ele be ɖevi si wodzi ɖe anyigba dzi si nye Yesu la natsi ava nye “gbedala” la be wòate ŋu ana “atike” si ada ameƒomea ƒe dɔlélewo. Ewɔ esia esi wònɔ agbe deblibo nuvɔ̃mawɔmawɔe. Menye ameƒomea ƒe fukpekpe le nuvɔ̃ te ko teƒee Yesu kpɔ o, ke enya alesi amegbetɔ gbɔdzɔe hã. Esia na wònye gbedala si kpɔa nublanui ale gbegbe. (Hebritɔwo 4:15) Dɔ siwo wòda nukutɔe esi wònɔ agbe le anyigba dzi ɖo kpe edzi be elɔ̃ eye ŋusẽ le esi be wòayɔ dɔ dɔnɔwo.—Mateo 4:23.
Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe etɔ̃ kple afã megbe le anyigba dzi afisia la, eƒe tsitretsiɖeŋulawo wui. Eɖee fia be ame deblibo ate ŋu aɖo to Wɔla la ne eɖale dodokpɔ sesẽtɔwo kekeake me tom hã. (Petro I, 2:22) Eƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe va nye tafe si ate ŋu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me. Yesu Kristo gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13) Le ŋkeke etɔ̃agbe le Yesu ƒe kua megbe la, wofɔe ɖe tsitre ɖe gbɔgbɔ me, eye le kwasiɖa aɖewo megbe la, eyi dziƒo be yeava xe tafea na Yehowa Mawu. (Korintotɔwo I, 15:3, 4; Hebritɔwo 9:11-14) To ema wɔwɔ me la, Yesu te ŋu zã eƒe tafe vɔsaa wòɖe vi na amesiwo dze eyome la.
Àlɔ̃ be gbɔgbɔ me, seselelãme, kple ŋutilã me ƒe dɔlélewo dada ƒe mɔnu sia naɖe vi na yea? Ehiã Yesu Kristo dzixɔxɔse be nàte ŋu awɔ esia. Nukatae wò ŋutɔ mava Gbedala la gbɔ o? Àte ŋu awɔ ema ne èsrɔ̃ nu tso Yesu Kristo kple akpa si wɔm wòle tsɔ le ameƒome ɖianukwarewo xɔm ɖe agbe ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Yesu lɔ̃ eye ŋusẽ le esi be wòayɔ dɔ dɔnɔwo
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Aleke Yesu ƒe kua kpɔ ŋusẽ ɖe dziwòe?