INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/15 axa 2-4
  • Wole Nyagblɔɖi Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le Dim

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wole Nyagblɔɖi Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le Dim
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Enye Amegbetɔ ƒe Dzɔdzɔmedidi
  • Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Amekae Aɖu Xexeame Dzi?
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Prophecy—A Perfect Record
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nu Si Yehowa Gblɔ Ði La Vana Eme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/15 axa 2-4

Wole Nyagblɔɖi Siwo Ŋu Kakaɖedzi Le Dim

ESI Makedonia fia si wova yɔ emegbe be Alexander Gãtɔ va nɔ fiazikpui dzi le ƒe 336 D.M.Ŋ. me teti ko la, eyi ɖabia nu le Delphi-nukaƒe, le Hela ƒe titinanutome. Taɖodzinu kɔkɔ siwo wòɖo koŋue nye be yeaɖu xexeme si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe akpa gãtɔ dzi. Gake edi be Mawu naka ɖe edzi na ye be dɔ gã si dze ŋgɔ ye la akpɔ dzidzedze. Wotu xo gblɔ be se meɖe mɔ be woayi nukaƒea le gbesigbe wòyi Delphi la hafi o. Esi Alexander medi be yeadzo ŋuɖoɖo aɖeke maxɔmaxɔe o ta la, eƒoe ɖe nyɔnu afakala la nu be wòagblɔ nusi ava dzɔ na ye. Nu glo nyɔnua wòdo ɣli sesĩe be: “O, vinye, womate ŋu aɖu dziwò o!” Fia ɖekakpui la tsɔ esia be enye nya nyui aɖe si wogblɔ ɖi—si fia be aɖu aʋa geɖe dzi.

Gake ne ɖe Alexander dzro nyagblɔɖi siwo le Biblia ƒe agbalẽ si nye Daniel me la, anye ne akpɔ nyatakaka nyui geɖe le nusi ado tso eƒe aʋawɔwɔwo me ŋu. Nyagblɔɖi siawo gblɔ eƒe aʋadziɖuɖu alɔtsɔtsɔe ɖi pɛpɛpɛ wòɖe dzesi. Wogblɔ be mɔnukpɔkpɔ su Alexander si mlɔeba wòkpɔ nusi Daniel ŋlɔ ɖi tso eŋu. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be esi Makedonia-fia la ge ɖe Yerusalem la, wotsɔ Daniel ƒe nyagblɔɖia fiae—anye agbalẽa ƒe ta 8 lia ye. (Daniel 8:5-8, 20, 21) Wogblɔ be esia tae Alexander ƒe asrafo siwo gblẽa nu la metsrɔ̃ dua o.

Enye Amegbetɔ ƒe Dzɔdzɔmedidi

Eɖanye fia alo ame tsɛwo, le blema alo egbegbe o—amegbetɔ di etsɔme ŋuti nyagblɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi blibo le. Esi mí amegbetɔwo míenye nuwɔwɔ siwo si nunya le ta la, míeléa ŋku ɖe nusiwo dzɔ va yi ŋu, míenya nusiwo le edzi yim fifia, eye míetsɔ ɖe le nusiwo ava dzɔ le etsɔme la me vevie. Chinatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔe wòsɔ nyuie be: “Amesi ate ŋu akpɔ alesi nuwo ayii ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ la azu hotsuitɔ ƒe akpe geɖe.”

Le ƒeawo me la, ame miliɔn geɖewo te kpɔ be yeawonya nusiwo adzɔ le etsɔme to mɔ siwo wobu be enye Mawu ƒe ɖeɖefia dzi. Na míatsɔ blema Helatɔwo awɔ kpɔɖeŋui. Afakaƒe kɔkɔe geɖewo nɔ wo si, si ƒe ɖewo le Delphi, Delos, kple Dodona, afisi woyina ɖabiaa nu ta sena le woƒe mawuwo gbɔ le dunyahenyawo alo aʋawɔnyawo kpakple ame ŋutɔ ƒe nyawo abe mɔzɔzɔ, srɔ̃ɖeɖe, kple vidzidzi ŋu le. Menye fiawo kple aʋakplɔlawo koe bia nu ta sena le afisiawo o, ke to blibowo kple du siwo dzi fia ɖuna hã dia mɔfiame tsoa gbɔgbɔmenutome to afakaƒe siawo dzi.

Nufialagã aɖe gblɔ be fifia “habɔbɔ gbogbo aɖewo siwo srɔ̃a nu tso etsɔme ŋu va do zi ɖeka.” Gake ame geɖewo tia be yewoaŋe aɖaba aƒu nyagblɔɖitsoƒe vavãtɔ dzi—eyae nye Biblia. Wogblɔnɛ kaŋ be manya wɔ be yewoakpɔ nyatakaka si tututu dim yewole la le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me o. Agbalẽnyala aɖewo wɔ nusi yi ŋgɔ wu ema hetsɔ Biblia ƒe nyagblɔɖiwo sɔ kple nya siwo blemafakalawo gblɔ ɖi. Eye nukpɔsusu totrowo nɔa egbeŋkekea me ɖikelawo si ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu zi geɖe.

Míekpe wò be wò ŋutɔ nàlé ŋku ɖe nuŋlɔɖia ŋu akpɔ. Nukae Biblia ƒe nyagblɔɖiwo tsɔtsɔ sɔ kple amegbetɔwo ƒe nyagblɔɖiwo ɖe fia? Ðe nàte ŋu aka ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzi wu blemafakalawo tɔa? Eye ɖe nàte ŋu atu wò agbe ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzia?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Biblia gblɔ Alexander ƒe aʋadziɖuɖu alɔtsɔtsɔe la ɖi

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Cortesía del Museo del Prado, Madrid, Spain

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Alexander Gãtɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musei Capitolini, Roma

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER: General Titus and Alexander the Great: Musei Capitolini,

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe