Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzi
AƲA nɔ Fia Pyrrhus si tso Epirus si le Hela ƒe dzieheɣetoɖoƒe kple Roma Fiaɖuƒea dome ɣeyiɣi didi aɖe. Esi wòtsi dzi vevie be yeanya aʋa la me tsonuwo ta la, eyi nukaƒe le Delphi yi ɖabia nu. Gake woate ŋu ase ŋuɖoɖo si wòxɔ la gɔme le mɔ eve siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe nu: (1) “Mebe wò Æacus ƒe vi àte ŋu aɖu Romatɔwo dzi. Àyi, àtrɔ agbɔ, màtsi aʋa gbeɖe o.” (2) “Mebe Romatɔwo ate ŋu aɖu wò Æacus ƒe vi dzi. Àyi, màtrɔ agbɔ gbeɖe o, àtsi aʋa.” Ese afa si woka nɛ la gɔme ɖe nya gbãtɔa nu eye le ema ta eho aʋa ɖe Romatɔwo ŋu. Woɖu Pyrrhus dzi keŋkeŋ.
Nya siawo tɔgbe na wova nya be blemafakalawo ƒe nyawo me mekɔna hetoa mɔ ɖeka o. Ke Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ya ɖe? Ðikela aɖewo gblɔ be nyagblɔɖi siwo le Biblia me sɔ kple afakalawo ƒe nyawo. Ðikela siawo bui be Biblia me nyagblɔɖiwo nye etsɔmenudzɔdzɔ siwo nunyala tagbɔɖaɖɛtɔ siwo ƒe akpa gãtɔ tso nunɔlawo ƒe haa me gblɔ ɖi ŋuɖɔɖotɔe dzro ko. Wotsɔe be amesiawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ alo kadodo kple ame bubuwo wɔe be wokpɔ nusiwo ate ŋu ado tso nɔnɔme aɖewo me godoo la do ŋgɔ. Ne míetsɔ nɔnɔme vovovo siwo dze le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu sɔ kple afakalawo ƒe nyawo la, míasu te nyuie aƒo nya ta wòasɔ.
Vovototo si Le Wo Dome
Nusi ɖe dzesi le afakalawo ƒe nyawo ŋue nye alesi woƒe nyawo me mekɔna o. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔa ŋuɖoɖo si wonana le Delphi le gbeɖiɖi siwo me mekɔ o me. Esia na wòva hiã be trɔ̃nuawo naɖe wo gɔme eye wote ŋu dea nya siwo ate ŋu afia nu bubu kura la eme. Eƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye ŋuɖoɖo si wona Lidia-fia Croesus. Esi wòyi ɖabia nu le nukaƒe la, wogblɔ nɛ be: “Ne Croesus tso Halys la, atsrɔ̃ fiaɖuƒe sẽŋu aɖe.” Le nyateƒe me la, “fiaɖuƒe sẽŋu” si wotsrɔ̃ la nye eya ŋutɔ tɔ! Esi Croesus tso Halys-tɔsisia be yeadze Kapadokia dzi la, Persiatɔ Kores ɖu edzi.
Le nusi to vovo sã tso afakalawo ƒe nyawo ŋue nye be, Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ya sɔna pɛpɛpɛ eye wo me kɔna. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye nyagblɔɖi si wogblɔ le Babilon ƒe anyidzedze ŋu, si woŋlɔ ɖe Biblia ƒe agbalẽ si nye Yesaya me. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi tsitotsito ƒe 200 do ŋgɔ hafi nya siawo va eme, be Medo-Persia amu Babilon ƒu anyi. Nyagblɔɖia gblɔ be woayɔ aʋadziɖulaa be Kores eye eɖe aʋawɔmɔnu si wòazã fia si nye alesi wòana tɔsisi si to ʋe gã globo si ƒo xlã dua la namiẽ kple alesi wòato agbo siwo le ʋuʋu ɖi me age ɖe dugã si ŋu takpɔnuwo le me. Esiawo katã va eme pɛpɛpɛ. (Yesaya 44:27–45:2) Wogblɔe ɖi eme kɔ nyuie hã be mlɔeba la Babilon azu aƒedo.—Yesaya 13:17-22.
De ŋugble le alesi nyagblɔɖila Yona gblɔ nuxlɔ̃menya sia eme kɔe la hã ŋu kpɔ: “Esusɔ ŋkeke [blaene], ne Niniwe natsrɔ̃!” (Yona 3:4) Nyaa me kɔ nyuie le afisia! Gbedasia wɔa dɔ ɖe ame dzi hele tẽ ale gbegbe be enumake Niniwetɔwo “xɔ Mawu dzi se; wodo kpo, be woatsi nu adɔ, eye woata akpanya.” Niniwetɔwo ƒe dzimetɔtrɔ wɔe be Yehowa mehe dzɔgbevɔ̃e va wo dzi ɣemaɣi o.—Yona 3:5-10.
Wozã afakalawo ƒe nyawo be woatsɔ akpɔ ŋusẽ le dunyahenyawo me. Zi geɖe la, dziɖulawo kple aʋakplɔlawo ƒoa nu tso nyagblɔɖinya si dea wo dzi ŋu tsɔ doa woawo ŋutɔ ƒe viɖe kple nuwɔnawo ɖe ŋgɔ, eye wotoa esia me na wòdze abe ɖe “Mawu gbɔe wòtso” ene. Gake womegblɔa Mawu ƒe nyagblɔɖigbedasiwo be wòade ame ɖeka aɖe dzi o.
Le kpɔɖeŋu me: Yehowa ƒe nyagblɔɖila Natan megbe mokaka na Fia Dawid si wɔ nuvɔ̃ la o. (Samuel II, 12:1-12) Esi Yerobeam II nɔ fia ɖum ɖe Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi la, nyagblɔɖila siwo nye Hosea kple Amos gblɔ fɔbunya sesẽwo na fia aglãdzela la kple edzidelawo le woƒe xɔsegbegbe kple nuwɔna siwo medea bubu Mawu ŋu o ta. (Hosea 5:1-7; Amos 2:6-8) Vevietɔ esi nu sẽ wue nye Yehowa ƒe nuxlɔ̃me si wògblɔ to nyagblɔɖila Amos dzi na fia la be: “Matsɔ yi atso ɖe Yerobeam ƒe aƒe la ŋu.” (Amos 7:9) Wotsrɔ̃ Yerobeam ƒe aƒe la gbidii.—Fiawo I, 15:25-30; Kronika II, 13:20.
Zi geɖe la, wokaa afa na ame xɔa fetu. Amesi xe ga geɖe ye wogblɔa nya si wòdi be yease na. Amesiwo dea nukaƒe le Delphi xea ga geɖe ɖe nya gbɔlowo ta, eye woto mɔ sia dzi tsɔ kesinɔnuwo yɔ Apollo ƒe mawuxɔ kple xɔgã bubu geɖewo me fũ. Gake womexea fe ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo kple nuxlɔ̃amewo ta o eye womekpɔa ame ŋkume le go aɖeke me o. Nenemae wònɔ eɖanye ɖoƒe alo kesinɔnu kawoe le amesi wonɔ egblɔm na si o, elabena womate ŋu ana zãnu nyagblɔɖila akuaku o. Eyatae nyagblɔɖila kple ʋɔnudrɔ̃la Samuel te ŋu bia tso dzi blibo me be: “Ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi?”—Samuel I, 12:3.
Esi wònye teƒe tɔxɛ aɖewo koe wosea afakalawo ƒe nyawo le ta la, ele be ame naku kutri geɖe azɔ mɔ ayi afima be wòate ŋu ava se wo. Le ame geɖe gome la, teƒe mawo ƒe akpa gãtɔ yiyi nye dɔ blibo elabena wonɔ teƒe siwo ƒe ɖewoe nye Dodona si le Tomarus Toa dzi le Epirus kple Delphi si le Hela ƒe titinanutowo me le towo tame. Zi geɖe la, kesinɔtɔwo kple ŋusẽtɔwo koe te ŋu yina ɖabiaa nu le mawuawo gbɔ le nukaƒe siawo. Gakpe ɖe eŋu la, ŋkeke ʋɛ aɖewo dzi koe woɖea “mawuawo ƒe lɔlɔ̃nu” gblɔna. Nusi to vovo na esia wòɖe dzesi enye be, Yehowa Mawu dɔa eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖona ɖe ameawo gbɔ tẽ be woaɖe gbeƒã nyagblɔɖi siwo wòhiã be woase la na wo. Le kpɔɖeŋu me, esi Yudatɔwo nɔ aboyo me le Babilon la, Mawu na nyagblɔɖila etɔ̃ nɔ subɔsubɔm le eƒe amewo dome—Yeremya nɔ Yerusalem, Xezekiel nɔ aboyomeawo dome, eye Daniel nɔ Babilon Fiaɖuƒea ƒe fiadu me.—Yeremya 1:1, 2; Xezekiel 1:1; Daniel 2:48.
Wona Afakalawo gblɔa woƒe nyawo le adzame zi geɖe ale be amesi wole egblɔm na nate ŋu aɖe egɔme wòade eya ŋutɔ dzi. Gake wogblɔa Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ya le dutoƒo enuenu ale be amesiame nate ŋu ase gbedasia eye wòase nusi wòfia la gɔme. Nyagblɔɖila Yeremya ƒo nu le dutoƒo zi geɖe le Yerusalem, togbɔ be enya be yeƒe gbedasia mesɔa tome na dugã la ƒe ŋgɔnɔlawo kple emenɔlawo o hã.—Yeremya 7:1, 2.
Egbea wobua afakalawo ƒe nyawo be wonye blemaŋutinya ƒe akpa aɖe. Viɖe aɖeke mele wo ŋu na amesiwo le agbe le míaƒe ɣeyiɣi siwo me nɔnɔ sesẽ la me o. Afakalawo ƒe nya siawo dometɔ aɖeke meku ɖe míaƒe ŋkekea alo míaƒe etsɔme ŋu o. Gake nusi ɖe dzesi le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋue nye be wonye “Mawu ƒe nya [si] le agbe, eye wòsẽa ŋu” la ƒe akpa aɖe. (Hebritɔwo 4:12) Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo va eme xoxo ɖe alesi Yehowa wɔa nu kple amewo fia mí eye wòɖe eƒe tameɖoɖo kple eƒe amenyenye veviwo fia mí. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe nyagblɔɖi veviwo ava eme le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ gbɔna kpuie me. Apostolo Petro ƒo nu tso nusiwo le ŋgɔ gbɔna ŋu be: “Míele dziƒo yeye [Mesia Fiaɖuƒe si le dziƒo] kple anyigba yeye [amegbetɔwo ƒe nuɖoanyi dzɔdzɔe], siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le [Mawu ƒe] ŋugbedodo la nu.”—Petro II, 3:13.
Ðewohĩ Biblia ƒe nyagblɔɖiwo tsɔtsɔ sɔ kple alakpasubɔsubɔ me nyagblɔɖiwo ana nàƒo nya ta wòasɔ kple nya si wogblɔ le agbalẽ si nye The Great Ideas me be: “Le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ do ŋgɔ gome la, edze abe nyagblɔɖila Hebritɔwo ɖe dzesi etɔxɛe ene. Esi womele abe trɔ̃subɔla bokɔnɔwo alo etsɔmegblɔɖilawo ene o ta la, . . . mehiã be woazã nu kpakpɛwo alo ayemɔwo hafi axɔ nya ɣaɣlawo atso Mawu gbɔ o. . . . Edze abe woƒe nyagblɔɖinyawo ƒe akpa gãtɔ metɔtɔa ame abe afakalawo tɔ ene o. Edze abe woƒe taɖodzinue nye be yeawoɖe Mawu ƒe ɖoɖowo ɖe go afia abe alesi Eya Ŋutɔ di be amegbetɔwo nase eƒe mɔfiame siwo wòna do ŋgɔ la gɔme ene ke menye be woaɣla wo o.”
Àka Ðe Biblia ƒe Nyagblɔɖiwo Dzia?
Àte ŋu aka ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo dzi. Le nyateƒe me la, àte ŋu atu wò agbenɔnɔ ɖe Yehowa kple eƒe nyagblɔɖinyawo me vava dzi. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo menye nya siwo meku ɖe mía ŋu o siwo va eme xoxo hafi woŋlɔ wo ɖi o. Nyagblɔɖi geɖe siwo le Ŋɔŋlɔawo me le eme vam fifia alo woava eme le etsɔme si gbɔna kpuie me. Ne míebu nusiwo dzɔ va yi ŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be woawo hã ava eme. Esi nyagblɔɖi siawo ku ɖe míaƒe ɣeyiɣiawo kple míaƒe etsɔme ŋu ta la, ele be míatsɔ wo ŋkubiãnyae.
Àte ŋu aka ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo dze le Yesaya 2:2, 3 dzi bliboe be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la akɔ ta agbɔ towo ŋu . . . Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.” Egbea ame miliɔn geɖewo le Yehowa ƒe tadedeagu vavãtɔ me vam nyateƒe eye wole nu srɔ̃m tso alesi woazɔ eƒe mɔwo dzi ŋu. Ðe nàwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ asrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe mɔwo ŋu ahaxɔ sidzedze vavãtɔ le eya kple eƒe tameɖoɖowo ŋu ale be nàte ŋu azɔ le eƒe mɔwo dzia?—Yohanes 17:3.
Biblia ƒe nyagblɔɖi bubu ƒe emevava bia nuwɔwɔ kpata le míaƒe akpa dzi. Hakpala la dzi ha nyagblɔɖitɔe le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie ŋu be: “Woatsrɔ̃ ame vlowo . . . Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o.” (Psalmo 37:9, 10) Nukae nèsusu be ehiã be ame nawɔ be wòate ŋu aƒo asa na tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ame vɔ̃ɖiwo kple amesiwo ɖea alɔ̃me le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu dzi kpuie? Ŋuɖoɖoa dze le psalmo ma ke me be: “Amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa la, woanyi anyigba la dome.” (Psalmo 37:9) Be woakpɔ mɔ na Yehowa fia be míaka ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi bliboe eye míanɔ agbe ɖe eƒe dzidzenuwo nu.—Lododowo 2:21, 22.
Aleke agbenɔnɔ anɔ ne amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa nyi anyigba la dome? Biblia ƒe nyagblɔɖiwo gaɖee fia ake be etsɔme wɔnuku aɖe li na ameƒomea me tɔ toɖolawo. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔe be: “Ekema ŋkuagbãtɔ ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye; elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.” (Yesaya 35:5, 6) Apostolo Yohanes ŋlɔ nya siawo siwo naa kakaɖedzi ame la be: “Eye [Yehowa] latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: . . . Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.
Yehowa Ðasefowo nya be Biblia nye nyagblɔɖigbalẽ si ŋu kakaɖedzi le. Eye wolɔ̃ ɖe apostolo Petro ƒe nuxlɔ̃ame si tso gbɔgbɔ me la dzi bliboe be: “Nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si, eye miewɔe nyuie bena, miekpɔa edzi, abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me.” (Petro II, 1:19) Míaƒe didi vevie enye be etsɔme wɔnuku ƒe mɔkpɔkpɔ siwo le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me nade dzi ƒo na wò!
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 6]
NUKAƑE SI LE DELPHI ye nye esi xɔ ŋkɔ wu le blema Hela.
Dzudzɔ muame na nyɔnu afakala la ƒoa trɔ̃
[Nɔnɔmetatawo]
Nyɔnu afakala nɔa ze dzi gblɔa eƒe afakanyawo
Woxɔe se be nya siwo ɖina tsoa enu nye ɖeɖefia tso mawu Apollo gbɔ
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Ze si zɔ etɔ̃ li na: Etso agbalẽ si nye Dictionary of Greek and Roman Antiquities; Apollo: The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck me
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Kakaɖedzi aɖeke menɔ nya siwo wogblɔna le afakaƒe si le Delphi ŋu koŋ o
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Delphi, Greece
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]
Àte ŋu aka ɖe Biblia ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe xexeme yeyea ŋu dzi bliboe