INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 7/15 axa 29-31
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Hamea Ƒe Ŋutifafa Kple Dzadzɛnyenye Me Léle Ðe Asi
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • ‘Mide Bubu Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe Le Mia Dome La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Hamemetsitsiwo, Miyi Edzi Miasrɔ̃ Apostolo Paulo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 7/15 axa 29-31

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe ‘dzesidede ame’ si ŋu woƒo nu tsoe le Tesalonikatɔwo II, 3:14 nye nusi hamea ɖona wɔna loo alo enye nusi Kristotɔ ɖesiaɖe wɔna tsɔ ƒoa asa na aglãdzelawoea?

Nya si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo ɖee fia be wɔƒe aɖe si dze ƒã le hamemegãwo si le ‘dzesidede ame’ alea me. Gake Kristotɔ ɖesiaɖe wɔa mɔfiame si woana dzi, eye gbɔgbɔmetaɖodzinuwoe nɔa susu me na wo le ewɔwɔ me. Míate ŋu ase esia gɔme nyuie wu ne míedzro nusita Paulo ɖo aɖaŋu ma me.

Paulo ƒe asi nɔ eme woɖo Tesalonika-hamea, eye ekpe ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo ŋu wova zu xɔsetɔwo. (Dɔwɔwɔwo 17:1-4) Emegbe enɔ Korinto ŋlɔ agbalẽ tsɔ kafu wo hede dzi ƒo na wo. Paulo ɖo aɖaŋu si hiã hã na wo. Ede dzi ƒo na wo be ‘woanɔ anyi kpoo, woakpɔ woa ŋutɔ ƒe dɔ gbɔ awɔ, eye woawɔ dɔ kple woƒe asiwo.’ Ame aɖewo menɔ nu wɔm nenema o, eyata Paulo gblɔ kpee be: “Míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.” Edze ƒã be “nu baɖa wɔlawo”a nɔ wo dome siwo wòle be wòaɖo aɖaŋu na.—Tesalonikatɔwo I, 1:2-10; 4:11; 5:14.

Le ɣleti aɖewo megbe la, Paulo ŋlɔ eƒe lɛta evelia na Tesalonikatɔwo eye wògaƒo nu tso Yesu ƒe anyinɔnɔ le etsɔme ŋu. Paulo gana mɔfiame bubuwo hã le alesi woawɔ nu kple nu baɖa wɔla siwo ‘mewɔa dɔ o gake nɔa gaglãsu dom ɖe nya siwo metsɔ wo gbɔ o me’ ŋu. Woƒe nuwɔna to vovo na dɔsesẽwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si Paulo ɖo kple mɔfiame si wòna le dɔwɔwɔ atsɔ akpɔ ame ɖokui dzii ŋu. (Tesalonikatɔwo II, 3:7-12) Paulo na mɔfiame be woaɖe afɔ aɖewo. Esi hamemegãwo xlɔ̃ nu nu baɖa wɔlawo alo ɖo aɖaŋu na wo xoxo megbe hafi wogblɔ afɔɖeɖe siawo ƒe nya na wo. Paulo ŋlɔ bena:

“Míele se dem na mi, nɔviwo, . . . bena, miahe mia ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi, si zɔna sakasaka, eye menye le nuɖoanyi, si wòxɔ le mía si la nu o la gbɔ. Ke miawo la, nɔviwo, migana ɖeɖi nate mia ŋu le dɔ nyui wɔwɔ me o. Ke ne ame aɖe meɖo to miaƒe nya, si le agbalẽ sia me o la, mide dzesi eyama, eye migade ha kplii o, bene ŋu nakpee. Ke migabui abe futɔ ene o, ke mixlɔ̃ nui abe nɔvi ene boŋ.”—Tesalonikatɔwo II, 3:6, 13-15.

Eyata afɔ bubu si woagaɖe ye nye be woahe wo ɖokui ɖa tso amesiwo zɔna sakasaka ŋu, woade dzesi wo, woadzudzɔ hadede kpli wo, gake woaxlɔ̃ nu wo abe nɔviwo ene. Nukae ana hamea me tɔwo naɖe afɔ mawo? Be wòakpe ɖe mía ŋu esia me nakɔ na mí la, mina míalé ŋku ɖe nɔnɔme etɔ̃ siwo ŋu Paulo menɔ nu ƒom tsoe le afisia o ŋu.

1. Míenya be Kristotɔwo mede blibo o eye gbɔdzɔgbɔdzɔwo le wo ŋu. Ke hã lɔlɔ̃e wotsɔ dea dzesi Kristotɔnyenye vavãtɔ, eye ebia tso mía si be míase nu gɔme na ame bubuwo ahatsɔ woƒe vodadawo ake wo. Le kpɔɖeŋu me, dzi ate ŋu aku Kristotɔ vevie ɣeaɖewoɣi wòaƒo nu madzemadzee, abe alesi wòdzɔ ɖe Barnaba kple Paulo dome ene. (Dɔwɔwɔwo 15:36-40) Alo ɖeɖiteameŋu ate ŋu ana ame nada gbe ɖe ame gbɔ alo aƒo nu wòatɔ ame. Ne edzɔ alea la, lɔlɔ̃ ɖeɖefia kple Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ ana míate ŋu atsyɔ nu vodadaa dzi, míayi edzi anɔ anyi kple mía nɔvi Kristotɔ la, míade ha kplii, eye míawɔ dɔ kplii. (Mateo 5:23-25; 6:14; 7:1-5; Petro I, 4:8) Edze ƒã be menye gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo tɔgbe ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe le Tesalonikatɔwo II me o.

2. Menye nɔnɔme si me Kristotɔ aɖe ŋutɔ atiae be yeaɖe yeƒe hadede kple ame bubu si ƒe mɔwo alo nɔnɔmewo menyo o dzi akpɔtɔ—le kpɔɖeŋu me, amesi ŋu wòdzena le be eƒe susu nɔa modzakaɖeɖe alo ŋutilãmenuwo ŋu akpa—ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe o. Alo dzila aɖe madi be ye vi nagade ha kple ɖevi siwo mebua wo dzilawo o, woƒe fefe nyea gbevuwɔwɔ alo afɔku nɔa eme, alo womebua Kristotɔnyenye nu vevii o la o. Esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso siwo wɔ ɖeka kple nya si míexlẽna le Lododowo 13:20 be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 15:33.

3. Paulo ŋlɔ agbalẽ na Korintotɔwo le nɔnɔme si nye ŋkubiãnya wu si ku ɖe ame aɖe si wɔa nuvɔ̃ gã dzimematrɔmatrɔe ŋu. Ele be woaɖe nuvɔ̃wɔla matrɔdzime siawo ɖa le hamea me. Ele be woatsɔ “ame vɔ̃ɖi” la ade asi na Satana, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me. Emegbe mele be Kristotɔ nuteƒewɔlawo nade ha kple ame vɔ̃ɖi siawo o; apostolo Yohanes ƒoe ɖe Kristotɔwo nu be womegado gbe gɔ̃ hã nɛ o. (Korintotɔwo I, 5:1-13; Yohanes II, 9-11) Gake esia hã mewɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo si le Tesalonikatɔwo II, 3:14 la o.

‘Amesiwo zɔna sakasaka’ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Tesalonikatɔwo II la ƒe nya to vovo na nɔnɔme etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe. Paulo ŋlɔ be ‘nɔviwoe’ amesiawo ganye, eye ele be woaxlɔ̃ nu wo ahabu wo nenema. Eyata kuxi si ku ɖe nɔvi siwo “zɔna sakasaka” ŋu la menye ame ŋutɔ ƒe nya si anɔ Kristotɔwo dome alo esi nye ŋkubiãnya si gbɔ wòle be hamemegãwo nakpɔ aɖe ame le hame, abe alesi Paulo wɔ le agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nyaa ŋu le Korinto ene o. Amesiwo “zɔna sakasaka” la mewɔ nuvɔ̃ gã abe ŋutsu si woɖe le hame le Korinto la ene o.

Amesiwo ‘zɔ sakasaka’ le Tesalonika la ɖi fɔ si nye be wotra tso Kristotɔnyenye gbɔ wòɖe dzesi. Womewɔa dɔ o, eɖanye le esi wobu be Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ ɖo loo alo le esi wonye kuviatɔwo ta o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wohe kuxi geɖe vɛ le esi ‘wodoa gaglãsu ɖe nya si metsɔ wo gbɔ o me’ ta. Anɔ eme be hamemegãwo ɖo aɖaŋu na wo zi geɖe, si sɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na wo le eƒe lɛta gbãtɔ me kple aɖaŋuɖoɖo bubu si tso Mawu gbɔ nu. (Lododowo 6:6-11; 10:4, 5; 12:11, 24; 24:30-34) Ke hã woyi edzi wɔ nusi do vlo hamea eye enye nusi Kristotɔ bubuwo hã ate ŋu ava srɔ̃. Eyata Paulo si nye Kristotɔ hamemegã la he susu yi woƒe nu baɖa wɔwɔa dzi amesiame se eye wòɖe woƒe nuwɔna si nye vodada la fia togbɔ be meyɔ ameawo ƒe ŋkɔwo o hã.

Ena hamea nya be asɔ be wo amesiwo nye Kristotɔwo la dometɔ ɖesiaɖe ‘nade dzesi’ amesiwo zɔna sakasaka. Esia fia be ele be amesiame nalé ŋku ɖe amesiwo ƒe nuwɔnawo sɔ kple nɔnɔme si ŋu woƒo nu le tsɔ ɖo afɔ afɔta na hamea la ŋu. Paulo xlɔ̃ nu be ‘woahe wo ɖokui ɖa tso nɔvi sia nɔvi si zɔna sakasaka ŋu.’ Edze ƒã be nya ma mate ŋu afia be woaƒo asa na ame ma tɔgbe keŋkeŋ o, elabena wogblɔ be ‘woaxlɔ̃ nui abe nɔvi ene.’ Woayi edzi ade ha kplii le Kristotɔwo ƒe dɔwo me le kpekpewo kple ɖewohĩ subɔsubɔdɔa me. Woate ŋu akpɔ mɔ be wo nɔvia awɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi eye wòaɖe asi le eƒe nuwɔna manyomanyoawo ŋu.

Gɔmesese ka nue ‘woahe wo ɖokui ɖa’ tso eŋu le? Edze ƒã be xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe hadede ŋue nya sia ku ɖo. (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 2:12.) Ne wodzudzɔ hadede kple modzakaɖeɖe kplii la, ana wòakpɔe be gɔmeɖosedziwɔlawo mekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe nuwɔnawo ŋu o. Ne ŋu mekpee wòtrɔ o gɔ̃ hã la, ana wòasesẽ be ame bubuwo nasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo ava nɔ abe eya ene. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be Kristotɔ siawo ƒe susu nanɔ nu tuameɖowo ŋu. Paulo xlɔ̃ nu wo be: “Miawo la, nɔviwo, migana ɖeɖi nate mia ŋu le dɔ nyui wɔwɔ me o.”—Tesalonikatɔwo II, 3:13.

Edze ƒã be apostoloa ƒe aɖaŋuɖoɖo sia menye nusi dzi míanɔ te ɖo ada mía nɔvi siwo tra vie alo da vo ɖe anyi alo adrɔ̃ ʋɔnu wo o. Eƒe taɖodzinu boŋue nye be wòakpe ɖe amesi ɖe afɔ manyomanyo si tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu wòɖe dzesi la ŋu.

Paulo mede sewo kpaŋkpaŋ abe ɖe wòdi be yeatɔtɔ afɔ si wòle be woaɖe la ene o. Gake eme kɔ ƒã be ele be hamemegãwo naɖo aɖaŋu na amesi zɔna sakasaka la gbã eye woadze agbagba akpe ɖe eŋu. Ne medze edzi o eye amea yia edzi wɔa nu manyomanyo si ame bubuwo ate ŋu asrɔ̃ la, woate ŋu atso nya me be ele be yewoaɖo afɔ afɔta na hamea. Woate ŋu awɔ ɖoɖo aƒo nuƒo si ku ɖe nusita wòle be woaƒo asa na nɔnɔme manyomanyo ma ŋu. Womayɔ ame aɖeke ƒe ŋkɔ ya o, gake woƒe nuxlɔ̃amenuƒoa akpɔ hamea ta elabena amesiwo asee la aɖɔ ŋu ɖo geɖe wu be womagade ha kple amesiame si nɔa agbe manyomanyo ma tɔgbe la fũ o.

Woate ŋu akpɔ mɔ be ŋu akpe amesi zɔna sakasaka la le ɣeyiɣi aɖe megbe eye aʋãe wòatrɔ. Ne hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo kpɔ tɔtrɔ si wòwɔ la, wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu atso nya me be yewoaɖe asi le yewo ŋutɔ ƒe hamademade kplii ŋu.

Eyata míagblɔe kpuie be: Ne ame aɖe le zɔzɔm sakasaka la, hamemegãwo xɔa ŋgɔ naa kpekpeɖeŋui heɖoa aɖaŋu nɛ. Ne mekpɔ vodada aɖeke le eƒe nɔnɔmea ŋu o eye wòyi edzi nye ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ la, hamemegãwo ate ŋu aƒo nuƒo si akɔ nusi Biblia gblɔ le nɔnɔme ma ŋu me atsɔ axlɔ̃ nu hamea—ne eɖanye gbeɖoɖoɖi kple dzimaxɔsetɔwo loo alo nɔnɔme gbegblẽ ka ke o. (Korintotɔwo I, 7:39; Korintotɔwo II, 6:14) Esia ana Kristotɔ siwo le hamea me siwo woɖo afɔ afɔta na alea naɖoe be yewomagade ha kple amesiwo edze ƒã be wole zɔzɔm sakasaka evɔ wokpɔtɔ nye nɔviwo la fũ le go aɖeke me o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wozã Helagbe me nya la na asrafo siwo mewɔ nu ɖe ɖoɖo nu alo wɔ mɔfiame dzi o, kple sukuvi dzeaglã siwo sina le suku nusrɔ̃ɣiwo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Kristotɔ hamemegãwo xlɔ̃a nu amesiwo zɔna sakasaka gake wobua wo be wonye haxɔsetɔwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe