INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 9/15 axa 16-21
  • Ðe Yehowa Di Nu Sɔgbɔ Akpa Tso Mía Sia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yehowa Di Nu Sɔgbɔ Akpa Tso Mía Sia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Yehowa Di tso Amewo Si le Blema
  • Se si Yehowa De na Israel-viwo
  • Ðe Se Siwo Yehowa De Sesẽa?
  • Nusi Tututu Dim Yehowa Le
  • Mesɔ Gbɔ Akpa O
  • Aʋakalẽtɔ Aɖe Kple Nyɔnuvi Sue La
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Esẽ Dzi Me Gbã, Gake Eva Ðo To
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Edi Be Yeana Kpekpeɖeŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyɔnuvi Sue aɖe si Ƒo Nu Dzideƒotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 9/15 axa 16-21

Ðe Yehowa Di Nu Sɔgbɔ Akpa Tso Mía Sia?

“Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”—MIXA 6:8.

1. Anye susu ka tae ame aɖewo mesubɔa Yehowa o?

YEHOWA di nane tso eƒe amewo si. Gake le nya siwo míeyɔ ɖe etame tso Mixa ƒe nyagblɔɖia me xexlẽ vɔ megbe la, ɖewohĩ àƒo nya ta wòasɔ nyuie be Mawu ƒe nudidiwo mesesẽ akpa o. Ke hã ame geɖe mesubɔa mía Wɔla Gã la o, eye ame aɖewo siwo subɔe kpɔ hã dzudzɔ esubɔsubɔ. Nukatae? Elabena wosusu be Mawu di nu sɔgbɔ akpa tso mía si. Nenemaea? Alo ɖe kuxi aɖe anɔ nɔnɔme si le ame si ku ɖe Yehowa ƒe nudidiwo ŋu la ŋua? Ŋutinya aɖe na nya sia me kɔ.

2. Amekae nye Naeman, eye nukae Yehowa ƒe nyagblɔɖila gblɔ nɛ be wòawɔ?

2 Siria-ʋafia Naeman dze anyidɔ, gake wogblɔ nɛ be Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le Israel si ate ŋu ayɔ dɔe. Eyata Naeman kple eŋumewo zɔ mɔ yi Israel eye mlɔeba la, wova ɖo Mawu ƒe nyagblɔɖila Elisa ƒe aƒeme. Le esi teƒe be Elisa nado le eƒeme ava do gbe na amedzro tɔxɛ si wòxɔ la, edɔ subɔvi be wòagblɔ na Naeman bena: “Yi ɖale tsi zi adre le Yordan me, ekema wò ŋutigbalẽ aɖɔ ɖo, eye wò ŋuti akɔ.”—Fiawo II, 5:10.

3. Nukatae Naeman medi gbã be yeawɔ nusi Yehowa di o?

3 Ne Naeman wɔ ɖe nusi Mawu ƒe nyagblɔɖila di tso esi dzi la, woada dɔléle nyɔŋu la nɛ. Eyata ɖe Yehowa nɔ nu sɔgbɔ akpa dim tso esia? Ao. Gake Naeman medi be yeawɔ nusi Yehowa di tso esi la o. Egblɔ be: “Ðe Damasko-tɔsisiwo, Amana kple Farfar, menyo wu Israel-tɔsisiwo katã oa? Ðe nyemale tsi le wo me, eye ŋunye nakɔ oa?” Ale Naeman trɔ dzo kple dziku.—Fiawo II, 5:12.

4, 5. (a) Teƒeɖoɖo kae Naeman kpɔ le eƒe toɖoɖoa ta, eye aleke wòwɔ nui le exɔxɔ vɔ megbe? (b) Nuka mee míadzro fifia?

4 Nuka tututue nye Naeman ƒe kuxia? Menye ɖe nudidia sesẽ akpa si dzi mate ŋu awɔ o. Naeman ƒe dɔla gblɔ aɖaŋutɔe be: “Ne nyagblɔɖila gblɔ nu sesẽ aɖe na wò la, màwɔe oa? Kakaka wògblɔ na wò be: Ðale tsi, ne ŋuwò nakɔ!” (Fiawo II, 5:13) Nɔnɔme si nɔ Naeman sie nye eƒe kuxia. Ebu be wometsɔ bubu si wòle be woade ye ŋu la na ye o, eye be wodi tso ye si be yeawɔ nane si wòsusu be edze abe mawɔ dɔ o ene si bɔbɔ ye ɖe anyi. Gake Naeman se aɖaŋu si eƒe subɔviwo tsɔ ayedzedze ɖo nɛ eye wòdo ɖi ɖe Yordan Tɔsisia me zi adre. Kpɔ alesi dzi adzɔe ɖa esi “eƒe ŋutigbalẽ zu abe ŋutsuvi dza aɖe ƒe ŋutigbalẽ ene, eye eŋuti kɔ.” Dzi dzɔe ale gbegbe. Gawu la, Naeman gblɔ be yemagasubɔ mawu bubu aɖeke azɔ o, negbe Yehowa ko.—Fiawo II, 5:14-17.

5 Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, Yehowa di tso amewo si be woawɔ ɖe ɖoɖo vovovowo dzi. Míekpe wò be nàdzro esiawo dometɔ aɖewo me akpɔ. Esi nèle wo me dzrom la, bia ɖokuiwò be ne ye sie Yehowa di nusiawo tsoe ɖe, aleke yeawɔ nui. Emegbe míadzro nusi Yehowa di tso mía si egbea me.

Nusi Yehowa Di tso Amewo Si le Blema

6. Nukae wodi tso ame eve gbãtɔawo si be woawɔ, eye nenye wòe wode se sia na ɖe aleke nàwɔ nui?

6 Yehowa de se na ame eve gbãtɔwo, Adam kple Xawa, be woadzi vi, woaɖu anyigba la dzi, eye woaɖu lãwo dzi. Azɔ hã wotso aƒe si le abe abɔ ene, si me keke la na ŋutsua kple srɔ̃a. (Mose I, 1:27, 28; 2:9-15) Gake woxe mɔ ɖe nane nu na wo. Mele be woaɖu ati aɖe, si nye ati tseku geɖe siwo le Eden bɔa me dometɔ ɖeka ƒe kutsetse o. (Mose I, 2:16, 17) Menye nu sɔgbɔ akpae ema nye wodi tso wo si o ɖe? Ðe dɔdasi ma wɔwɔ kple mɔkpɔkpɔ be yeanɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me mavivi nuwò oa? Togbɔ be tela va abɔa me hã la, ɖe màgbe nya si wòtsɔ vɛ la oa? Eye ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be gome le Yehowa si be wòade se bɔbɔe ɖeka ma na ye oa?—Mose I, 3:1-5.

7. (a) Dɔ kae wode Noa si, eye tsitretsiɖeŋu kae wòdo goe? (b) Nukae nèsusu le nusi Yehowa di tso Noa si la ŋu?

7 Ɣebubuɣi la, Yehowa bia tso Noa si be wòakpa aɖakaʋu si axɔ wo ɖe agbe le xexeame katã ƒe tsiɖɔɖɔ aɖe me. Le alesi aɖakaʋua loloe ta la, ekpakpa menɔ bɔbɔe o, eye anɔ eme be esi wònɔ dɔa wɔm la, woɖu fewu le eŋu helé fui ale gbegbe. Gake mɔnukpɔkpɔ ka gbegbe enye si wònye na Noa be wòaɖe eƒemetɔwo kple lã gbogbowo ƒe agbe! (Mose I, 6:1-8, 14-16; Hebritɔwo 11:7; Petro II, 2:5) Ne asiwòe wode dɔ siae ɖe, anye ne àtsɔ moveviɖoɖo awɔe awu enua? Alo ɖe nàƒo nya ta be Yehowa le nu sɔgbɔ akpa dim tso ye sia?

8. Nukae wodi tso Abraham si be wòawɔ, eye nukae eƒe wɔwɔ ɖe edzi ɖe fia?

8 Mawu di nane si wɔwɔ sesẽ ŋutɔ tso Abraham si, esi wògblɔ nɛ be: “Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye natsɔe amè nui le afima.” (Mose I, 22:2) Esi Yehowa do ŋugbe be dzidzimeviwo anɔ Isak si medzi vi aɖeke ɣemaɣi o si ta la, wodo xɔse si nɔ Abraham si be ŋutete le Mawu si be wòagbɔ agbe Isak la kpɔ. Esi Abraham be yeawu Isak atsɔ asa vɔae la, Mawu xɔ ɖekakpuivi la ɖe agbe. Nudzɔdzɔ sia ɖee fia be Mawu atsɔ eya ŋutɔ Via ana ɖe ameƒomea ta eye wòafɔe ɖe tsitre emegbe.—Mose I, 17:19; 22:9-18; Yohanes 3:16; Dɔwɔwɔwo 2:23, 24, 29-32; Hebritɔwo 11:17-19.

9. Nukatae nusi Yehowa di tso Abraham si la mesɔ gbɔ akpa o?

9 Ame aɖewo asusui be Yehowa Mawu nɔ nu sɔgbɔ akpa dim tso Abraham si. Gake nenemaea? Ðe wònye nusi me lɔlɔ̃ mele o vavã be mía Wɔla, si ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre, nadi tso mía si be míaɖo to ye, ne toɖoɖoe ana míadɔ alɔ̃ ɣeyiɣi kpui aɖe le ku me gɔ̃ hã? Yesu Kristo kple eyomedzela gbãtɔawo mebui nenema o. Wolɔ̃ faa be woaƒo yewo, be yewoaku gɔ̃ hã, ale be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Yohanes 10:11, 17, 18; Dɔwɔwɔwo 5:40-42; 21:13) Ne nɔnɔmewo bia be nàwɔ nusia tɔgbe la, àlɔ̃ awɔea? De ŋugble le nusiwo Yehowa di tso amesiwo lɔ̃ be yewoanye eƒe amewo si dometɔ aɖewo ŋuti kpɔ.

Se si Yehowa De na Israel-viwo

10. Amekawoe do ŋugbe be yewoawɔ nusiwo katã Yehowa gblɔ na yewo la, eye nukae wòna wo?

10 Abraham ƒe dzidzimeviwo tso via Isak kple eƒe tɔgbuiyɔvi Yakob, alo Israel, me va zu Israel-dukɔ. Yehowa ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte. (Mose I, 32:28; 46:1-3; Samuel II, 7:23, 24) Ema megbe kpuie la, wodo ŋugbe be yewoawɔ nusianu si Mawu adi tso yewo si. Wogblɔ be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” (Mose II, 19:8) Le Israel-viwo ƒe didi be Yehowa naɖu yewo dzi me léle ɖe asi ta la, ewɔ se siwo wu 600, siwo me Se Ewoawo hã nɔ na dukɔ la. Emegbe wova yɔ Mawu ƒe se siawo, siwo wòna to Mose dzi kpuie ko be Se la.—Ezra 7:6; Luka 10:25-27; Yohanes 1:17.

11. Nukae nye Sea ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖeka, eye ɖoɖo siwo na wòte ŋu wɔ dɔ dometɔ aɖewo ɖe?

11 Sea ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be wòana ɖoɖo ɖɔʋu si akpɔ Israel-viwo ta le nya siawo abe gbɔdɔdɔ ƒe agbenyuinɔnɔ, asitsatsa, kple vihehe ene me. (Mose II, 20:14; Mose III, 18:6-18, 22-24; 19:35, 36; Mose V, 6:6-9) Wona alesi woawɔ nu kple ame havi kpakple lãwo sia ŋuti sewo. (Mose III, 19:18; Mose V, 22:4, 10) Nudidi siwo ku ɖe azã siwo woaɖu ƒe sia ƒe kple ƒuƒoƒo ɖekae asubɔ ŋu kpɔ dukɔa ta le gbɔgbɔ me.—Mose III, 23:1-43; Mose V, 31:10-13.

12. Nukae nye Sea ƒe taɖodzinu vevitɔ?

12 Apostolo Paulo ɖe taɖodzinu vevitɔ si nɔ Sea ŋu fia, esi wòŋlɔ be: “Vodadawo ŋuti wotsɔe kpe ɖe eŋuti, vaseɖe ɣeyiɣi, si dzi ƒome, [Kristo] si ŋugbe wodo ɖi la ava.” (Galatiatɔwo 3:19) Sea ɖo ŋku edzi na Israel-viawo be womede blibo o. Eyata eme kɔ be wohiã vɔsa deblibo si ate ŋu aɖe woƒe nuvɔ̃wo ɖa keŋkeŋ. (Hebritɔwo 10:1-4) Eyata Sea ƒe taɖodzinue nye be wòadzra ameawo ɖo be woaxɔ Yesu, amesi nye Mesia, alo Kristo la. Paulo ŋlɔ be: “Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe, bene woatso afia na mí to xɔse me.”—Galatiatɔwo 3:24.

Ðe Se Siwo Yehowa De Sesẽa?

13. (a) Aleke amegbetɔ madeblibowo bu Se lae, eye nukatae? (b) Ðe Sea sesẽ nyateƒea?

13 Togbɔ be Sea nɔ ‘kɔkɔe, nɔ dzɔdzɔe, eye wònyo’ hã la, ame geɖe bui be esesẽ. (Romatɔwo 7:12) Esi Sea de blibo ta la, Israel-viawo mete ŋu zɔ ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔawo dzi o. (Psalmo 19:8) Ema tae apostolo Petro yɔe be “kɔkuti, si mía fofowo kple mía ŋutɔwo hã míete ŋu tsɔ o.” (Dɔwɔwɔwo 15:10) Le nyateƒe me la, Sea ŋutɔ mesesẽ o, eye edziwɔwɔ ɖe vi na wo.

14. Kpɔɖeŋu siwo fia be Sea ɖe vi gã aɖe na Israel-viwo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye kawo?

14 Le kpɔɖeŋu me le Sea me la, womedea fiafitɔ mɔ o, ke ɖe wòwɔa dɔ sesẽ boŋ tsɔ ɖoa nusi wòfi la teƒe zi gbɔ zi eve alo wu nenema. Le ema ta la, amesi ƒe nu wofi la mabu naneke, alo manye agba woado na dɔsesẽwɔlawo be woakpe asi ɖe gaxɔmenɔnɔ ƒe ɖoɖoa ŋu o. (Mose II, 22:1, 3, 4, 7) Wode se ɖe nuɖuɖu siwo ŋu afɔku le ɖuɖu ŋu. Ne womeɖa halã wòbi nyuie o la, ate ŋu ana ŋɔvi nage ɖe dɔme na ame, eye dɔléle ate ŋu anɔ fɔmizilã me. (Mose III, 11:4-12) Nenema ke Sea nye ametakpɔnui esi wòtsri asikaka nu kukuwo ŋu. Ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋu la, wodi tso esi be wòale tsi anya eƒe awuwo hã. (Mose III, 11:31-36; Mose IV, 19:11-22) Ele be woaɖi afɔdzi ɖe do me axe ke ɖe edzi, be wòakpɔ ameawo ta be dɔlékuiwo makaka ɖe wo dome o, eye nyitsɔ laa ko hafi dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va nya nyateƒenya sia.—Mose V, 23:14.

15. Nuka wɔwɔe va nye agba na Israel-viwo?

15 Sea medi nu sɔgbɔ akpa tso ameawo si o. Gake míate ŋu agblɔe nenema le amesiwo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewonye Sea gɔmeɖelawo la ŋu o. A Dictionary of the Bible, si me James Hastings to gblɔ ku ɖe se siwo wozi ɖe amewo dzi ŋu be: “Ðoɖo kukluiwo ƒo xlã Biblia me se ɖesiaɖe. . . . Eyata wodze agbagba be woatsɔ Sea akplɔ nya sia nya si ava susu me na wo, wònyea se sesẽ si wowɔ wòɖu amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi nublanuimakpɔmakpɔe. . . . Mɔ meganɔ anyi ame nazã eƒe dzitsinya o; wona Mawu ƒe nya ƒe ŋusẽ si le agbe nu fa eye wòbu ɖe se gbogbo siwo wotsɔ kpe ɖe eŋu la dome vĩ.”

16. Nukae Yesu gblɔ le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe se sesẽ kple kɔnyinyiwo ŋu?

16 Yesu Kristo bu fɔ subɔsubɔhakplɔla siwo zi se gbogbo aɖewo ɖe ameawo dzi gblɔ be: “Wodoa agba kpekpe, siwo wu tsɔtsɔ la, hetsɔna ɖoa amewo ƒe abɔta; gake woawo ŋutɔ melɔ̃na be, woƒe asibide ɖeka naka wo ŋu o.” (Mateo 23:2, 4) Eɖee fia be se sesẽ siwo wowɔ kple kɔnyinyiwo kpakple ŋutikɔklɔ vivivoawo na be “Mawu ƒe nya la tsi mabumabu.” (Marko 7:1-13; Mateo 23:13, 24-26) Hafi Yesu nava anyigba dzi kura gɔ̃ hã la, subɔsubɔhawo ƒe nufiala siwo nɔ Israel la trɔa gbo nusiwo tututu Yehowa di tso ameawo si.

Nusi Tututu Dim Yehowa Le

17. Nukatae Israel-vi xɔsemanɔsitɔwo ƒe numevɔsawo medze Yehowa ŋu o?

17 Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Agbowo ƒe numevɔsa kple nyivi damiwo ƒe ami ti kɔ nam, eye nyiwo, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu medzea ŋunye o.” (Yesaya 1:10, 11) Nukatae vɔsa siwo Mawu ŋutɔ bia le Sea me meganɔ eŋu dzem o? (Mose III, 1:1–4:35) Elabena ameawo mede bubu eŋu o. Eyata woxlɔ̃ nu wo be: “Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ! Misrɔ̃ nu nyui wɔwɔ, miti nya dzɔdzɔe yome, mixɔ na amesi wote ɖe anyi, midrɔ̃ ʋɔnu na tsyɔ̃eviwo, eye mihe nya na ahosiwo!” (Yesaya 1:16, 17) Ðe esia mekpe ɖe mía ŋu míekpɔ nusi Yehowa di tso esubɔlawo si oa?

18. Nuka tututu dimee Yehowa nɔ tso Israel-viwo si?

18 Yesu ɖe nusi tututu dim Mawu nɔ la fia. Eɖee fia esime wobiae be: “Se ka nye vevitɔ le sea me mahã?” Yesu ɖo eŋu be: “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia enye se gbãtɔ si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.” (Mateo 22:36-40; Mose III, 19:18; Mose V, 6:4-6) Nya ma tututu dzie nyagblɔɖila Mose te gbe ɖo esi wògblɔ be: “Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, navɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me; eye nawɔ Yehowa ƒe se kple [ɖoɖowo] dzi.”—Mose V, 10:12, 13; 15:7, 8.

19. Aleke Israel-viwo te kpɔ be yewoadze ame kɔkɔewoe, gake nya kae Yehowa gblɔ na wo?

19 Togbɔ be Israel-viwo nɔ nuvɔ̃ wɔm hã la, wodi be yewoadze ame kɔkɔewoe. Togbɔ be Avuléŋkekea dzi koe Sea bia be woatsi nu adɔ le ƒea me hã la, wova nɔ nu tsim dɔ edziedzi. (Mose III, 16:30, 31) Gake Yehowa ka ŋkume na wo be: “Ðe menye esia nye nutsitsidɔ, si melɔ̃na la oa be, woaɖe ga madzɔmadzɔwo, woatu kɔkuti ƒe kawo, woana ablɔɖe amesiwo wote ɖe anyi, eye miaŋe kɔkutiwo katã, naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ ame aɖe amama la, nata avɔ nɛ, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.”—Yesaya 58:3-7.

20. Nukatae Yesu ka ŋkume na subɔsubɔ me alakpanuwɔlawo ɖo?

20 Kuxi nɔ Israel-vi ɖokuiŋudzela mawo ŋu abe alesi wònɔ mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔlawo ŋui ene, amesiwo Yesu gblɔ na be: “Miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.” (Mateo 23:23; Mose III, 27:30) Ðe Yesu ƒe nyaawo mekpe ɖe mía ŋu míenya nusi tututu dim Yehowa le tso mía si oa?

21. Aleke nyagblɔɖila Mixa gblɔ nusi Yehowa di tso mía si kple nusi medi tso mía si o la kpuie?

21 Be Mawu ƒe nyagblɔɖila Mixa nana nusi Yehowa di tso mía si, kple nusi medi tso mía si o me nakɔ na mí la, ebia be: “Nukae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋku me, eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋku me? Ðe matsɔ numevɔsa kple nyivi, siwo xɔ ƒe ɖeka la, ɖe asi ado ɖe eŋku mea? Ðe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ðe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa? Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”—Mixa 6:6-8.

22. Nuka koŋ dimee Yehowa nɔ tso amesiwo nɔ Sea te la si?

22 Ke azɔ, nuka koŋue Yehowa di tso amesiwo nɔ Sea te la si? Enye nyateƒe be ele be woalɔ̃ Yehowa Mawu ya. Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Paulo gblɔ be: “Wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’” (Galatiatɔwo 5:14) Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la nenema ke be: “Amesi ke le ame bubu lɔ̃m la, ewu se la nu. . . . Lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.”—Romatɔwo 13:8-10.

Mesɔ Gbɔ Akpa O

23, 24. (a) Nukatae mele be wòasesẽ na mí akpa gbeɖe be míawɔ nusi Yehowa di la o? (b) Nuka mee míadzro emegbe?

23 Ðe alesi Yehowa nye Mawu lɔ̃ame, ameŋubula, nublanuikpɔla la mewɔ dɔ ɖe mía dzi oa? Eƒe Tenuvi, Yesu Kristo, va anyigbaa dzi va ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fia—be wòana amewo nanya alesi wole vevie na Yehowae. Esi Yesu nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu wɔm la, egblɔ le atsutsurɔe tsɛwo ŋu be: “Ne menye mia Fofo ƒe lɔlɔ̃nu o la, wo dometɔ aɖeke mele dzedze ge ɖe anyigba o.” Eyata eƒo nya ta be: “Migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29-31) Nyateƒee, mele be nusianu si Mawu lɔ̃ame sia adi tso mía si la wɔwɔ nasesẽ akpa na mí gbeɖe o!

24 Gake nukae Yehowa di tso mía si egbea? Eye nukatae wòwɔna na ame aɖewo abe ɖe Mawu dia nu sɔgbɔ akpa tsoa ame si ene? Ne míedzro biabia siawo me la, ele be wòanɔ bɔbɔe na mí be míakpɔ nusita wònye mɔnukpɔkpɔ si ƒo ɖesiaɖe ta be míawɔ nusianu si ko Yehowa di tso mía si la adze sii.

Àte Ŋu Aɖo Wo Ŋua?

◻ Nukatae ame aɖewo ate ŋu adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

◻ Aleke Yehowa ƒe nudidiwo nɔ vovovo le ƒe siwo katã va yi la mee?

◻ Taɖodzinu kawoe nɔ Sea ŋu?

◻ Nukatae nusi Yehowa dina tsoa mía si mesesẽ akpa o?

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Amegbetɔ ƒe sededewo, abe ŋutikɔklɔ vivivo ene, na tadedeagu na Mawu sesẽ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe