Ekpe Asi Ðe Eŋu be Kekelia Naklẽ ‘Ade Anyigba ƒe Mlɔenu Ke’
WOZÃ apostolo Paulo wòna gbɔgbɔmekekelia klẽ ‘de anyigba ƒe mlɔenu ke.’ Esia na be ame geɖe ‘siwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ la va zu xɔsetɔwo.’—Dɔwɔwɔwo 13:47, 48; Yesaya 49:6.
Didi vevie be yeana gbɔgbɔmekekelia naklẽ ade afisiafi dze le alesi William Lloyd Barry, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ, tsɔ eɖokui sa vɔe wɔ Kristotɔwo ƒe dɔwo ɖeɖimateameŋutɔe me. Nɔviŋutsu Barry ku le July 2, 1999, dzi, esime wònɔ nuƒo ƒom le nutome gã takpekpe aɖe me le Hawaii.
Wodzi Lloyd Barry le New Zealand le December 20, 1916, dzi. Do ŋgɔ la, fofoa kple dadaa tsɔ ɖe le Biblia me nyateƒe siwo wota ɖe C. T. Russell ƒe agbalẽ siwo Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa mana la me vevie. Eyata Kristotɔwo ƒe aƒe wɔnuteƒe mee Nɔviŋutsu Barry nɔ tsi.
Togbɔ be Nɔviŋutsu Barry tsɔ ɖe le kamedefefewo kple sukudede me eye wòde yunivɛsiti wu enu xɔ ɖaseɖigbalẽ le dzɔdzɔmeŋutinunya sɔsrɔ̃ me hã la, eƒe susu nɔ gbɔgbɔmenuwo ŋu vevie. Eyata ege ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le January 1, 1939, dzi, va nye Betel ƒomea me tɔ le Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia. Esi dziɖuɖua xe mɔ ɖe Habɔbɔa nu le ƒe 1941 me la, Nɔviŋutsu Barry yi edzi do vevie nu le ɔfisdɔwo wɔwɔ me, eye ɣeaɖewoɣi la, wodea dɔ asi nɛ be wòaŋlɔ nu woatsɔ ade dzi ƒo na haxɔsetɔwoe. Eɖo kpɔɖeŋu nyui hã le ŋgɔxɔxɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
Le February 1942 me la, Nɔviŋutsu Barry ɖe amesi hã nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔla. Melba, si nye srɔ̃a lɔlɔ̃a wɔ dɔ kplii aduadu nuteƒewɔwɔtɔe le anyigba ƒe akpa vovovowo le ƒe siwo katã va yi me. Woɖe afɔ vevi aɖe ku ɖe subɔsubɔ le dutanyigbawo dzi me esime wode Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 11 lia le United States. Afisi woɖo wo ɖoe nye Japan—afisi ame geɖe ayɔ be ‘anyigba ƒe mlɔenu ke.’ Esi woɖo afima le November 1949 me la, wodze dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ gɔme le melidzeƒe-du si nye Kobe me. Ɣemaɣi la, ame 12 koe nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia le Japan. Nɔviŋutsu Barry srɔ̃ wo dedukɔ yeyea ƒe gbegbɔgblɔ kple nuwɔna eye wòlɔ̃ Japantɔwo, amesiwo wòwɔ dɔ kplii le ƒe 25 siwo kplɔe ɖo me la vevie. Lɔlɔ̃ si nɔ esi na ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ dze ƒã Kristotɔ nɔviwo ƒe habɔbɔ si nɔ dzidzim ɖe edzi le Japan la kpɔ dzesii, eye wokpe ɖe eŋu be wòkpɔ alɔdzea ƒe dɔwo dzi nyuie ƒe geɖe.
Le ƒe 1975 ƒe domedome esi Ðasefo siwo ade 30,000 nɔ Japan la, woɖe Barry kple srɔ̃a yi Brooklyn, New York. Esi Nɔviŋutsu Barry nye Kristotɔ amesiamina ta la, wokpee be wòanye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ. (Romatɔwo 8:16, 17) Nuteƒekpɔkpɔ si su esi xoxo le nuŋɔŋlɔ me kpe ɖe eŋu ŋutɔ le dɔ yeye si wonae le Agbalẽŋɔŋlɔ Dzikpɔƒea wɔwɔ me. Eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe si su esi le alɔdzedzikpɔkpɔ me kple nusiwo wòsrɔ̃ le dukɔ bubuwo me tui ɖo wòte ŋu wɔ akpa vevi aɖe le Dziɖuha la ƒe Agbalẽtata Kɔmitia me.
Le ƒe siawo katã me la, Nɔviŋutsu Barry yi edzi ɖe lɔlɔ̃ fia Ɣedzeƒetɔwo. Ne egbɔna nuƒo ƒo ge la, kakaɖedzi nɔa Gilead Sukuviwo kple Betel ƒomea me tɔwo si be eƒe nuƒowo kple nyaŋuɖoɖowo anye ŋutinya dodzidzɔnamewo tso ame geɖe siwo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu. Alesi fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa yi edzii le ‘anyigba ƒe mlɔenu ke’ la dze nyuie esi Nɔviŋutsu Barry tsɔ dzonɔameme nɔ eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm. Woƒo nu tso esiawo dometɔ aɖewo ŋu le eƒe ŋutinya si wota ɖe September 15, 1960 ƒe Gbetakpɔxɔ me.
Míeka ɖe edzi be ɖetsɔleme si nɔ Nɔviŋutsu Barry si ɖe ‘amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ’ ŋu la akpɔtɔ ayi edzi esi wòzu ‘Kristo ƒe hadomenyila.’ Le nyateƒe me la, amesiwo katã nyae eye wolɔ̃e le esi wònye gbɔgbɔmeme si tsɔ eɖokui katã na Yehowa eye wòtsɔa ɖe le eme na Mawu ƒe amewo vevie la asusui ŋutɔ. Ke ha edzɔ dzi na mí be Nɔviŋutsu Barry do dzi le nuteƒewɔwɔ me vaseɖe eƒe anyigbadzigbenɔnɔ ƒe nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 2:10.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Lloyd Barry kple John Barr esime woɖe “Insight on the Scriptures” ɖe go le ƒe 1988 me
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Gilead suku ƒe klass 11 lia nuwulawo va kpe le Japan le ƒe 40 megbe