Àte Ŋu Asubɔ le Dutanyigba Dzia?
“EDZROAM ɣesiaɣi be mawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ. Esime nyemeɖe srɔ̃ o la, mesubɔ le Texas, U.S.A., afisi gbeƒãɖelawo hiã le vevie. Emegbe esi meva ɖe srɔ̃ la, srɔ̃nye wɔ ɖeka kplim le afima. Esi míedzi vi la, mesusu be ‘via dzidzi gblẽ nye ɖoɖowo me.’ Gake Yehowa naa tameɖoɖowo vaa eme, vevietɔ ne wowɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu.”—Jesse, amesi wo kple srɔ̃a kpakple wo vi etɔ̃ le subɔsubɔm le Ecuador fifia.
“Nyemebui kpɔ gbeɖe be mate ŋu awɔ dɔ ma ne nyemexɔ hehe le Gilead dutanyanyuigblɔlawo ƒe suku o. Ne mekpɔ nye Biblia-nusrɔ̃vi aɖe wòle nuƒo ƒom alo le gbeƒã ɖem la, edzɔa dzi nam ale gbegbe, eye medaa akpe na Yehowa be wòna mɔnukpɔkpɔ siam.”—Karen, nyɔnu tre si wɔ mɔɖeɖedɔa le Anyiehe Amerika ƒe enyi.
“Le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ le United States ƒe 13 megbe la, mía kple srɔ̃nye míesee le mía ɖokui me be ehiã be míade ta agbanɔamedzi yeye aɖe te. Dzi dzɔa mí fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe; dɔ wɔnuku aɖee wònye le agbe me vavã.”—Tom, amesi wo kple srɔ̃a Linda le mɔɖeɖedɔa wɔm le Amazon-nutoa me.
Ŋudzedzekpɔkpɔnya siawo tso amesiwo nɔnɔmewo meɖe mɔ na wo be woaxɔ dutanyanyuigblɔgblɔdɔa wɔwɔ ŋu hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku me o gbɔ. Gake wokpɔ dzidzɔ eye wonya gbetɔame si le subɔsubɔdɔa wɔwɔ le duta me. Aleke esia anya wɔe? Wò hã ate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ sia?
Ehiã Nukpɔsusu Nyuitɔ
Subɔsubɔ le duta dzidzedzetɔe bia nu geɖe wu didi vevie be yeazɔ mɔ aɖe ko. Nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ ye kpe ɖe amesiwo te ŋu wɔe ŋu. Abe apostolo Paulo ene la, wobu wo ɖokui be yewonye fenyilawo, menye le Mawu ko ŋu o, ke le amewo hã ŋu. (Romatɔwo 1:14) Woate ŋu awɔ ɖe Mawu ƒe sedede si nye be woaɖe gbeƒã la dzi ne wonɔ wo denyigba dzi wɔ subɔsubɔdɔa. (Mateo 24:14) Gake wose le wo ɖokui me be yewonyi fe eye wokpɔe be ele be yewoawɔ nusianu si yewoate ŋui akpe ɖe amesiwo si mɔnukpɔkpɔa mesuna ɣesiaɣi be woase nyanyuia o ŋu.
Zi geɖe la, didi be woawɔ dɔ le anyigbamama si tsea ku wu me hã nyea ameʋãnu bubu—eye esɔ nenema. Mía dometɔ kae ne ekpɔ ɖɔkplɔla si le lã geɖe ɖem la, eya hã mate ɖe tɔa ƒe akpa ma vie aɖe lã o? Nenema ke nyatakaka dedziƒoname siwo ku ɖe dzidziɖedzi wɔnuku si le vavam le anyigba bubuwo dzi la de dzi ƒo na ame geɖe be woayi afisi “lã geɖe” le.—Luka 5:4-10.
Bu Nusi Wòbia Ŋu
Dukɔ geɖe meɖea mɔ be subɔsubɔhawo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nawɔ ŋutilãmedɔ o. Eyata zi geɖe la, ele be amesiwo di be yewoasubɔ le dutadukɔ aɖe me nasu te le ganya gome. Aleke wokpɔ ganyawo ƒe gbetɔame sia gbɔe? Ame geɖe dzra woƒe aƒe alo hayae be woakpɔ ga si hiã. Bubuwo dzra woƒe dɔwɔƒewo. Ame aɖewo dzra ga ɖo ɖe woƒe taɖodzinua ŋu. Ame aɖewo hã tsɔa ƒe ɖeka alo eve subɔna le dutanyigba dzi eye wogbugbɔ yia wo dedukɔ me ɖawɔa dɔ heƒoa ga home aɖe nu ƒu eye woyina ɖasubɔna le dutanyigba dzi ake.
Viɖe si le dukɔ madeŋgɔ me nɔnɔ ŋue nye be nuwo ƒe asi bɔbɔna sã wu alesi wòle le dukɔ si de ŋgɔ wu me. Esia kpe ɖe ame aɖewo ŋu be ga sue si li suna na woƒe zazã. Ele eme be agbe si ƒomevi ame tia koŋ dzie eƒe gazazã nɔ te ɖo ya. Le dukɔ madeŋgɔwo gɔ̃ hã me la, xɔ nyuiwo li gake woƒe asi kɔ boo wu.
Edze ƒã be ele be woabu gazazãwo ŋu hafi aɖe afɔ. Gake nu geɖe hiã wu ganyawo ko ŋu bubu. Ðewohĩ ame aɖewo siwo subɔ le Anyiehe Amerika ƒe numeɖeɖewo ana nuwo me nakɔ na mí.
Gbetɔame Sesẽtɔ Kekeake
Markku si tso Finland gblɔ be: “Spaingbe sɔsrɔ̃ nye avu kple kɔ nam. Mebui be esi nyemese gbea o ta la, axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi mate ŋu azu subɔsubɔdɔwɔla. Aleke gbegbe wòwɔ mo yaa nam enye si esi wobia tso asinye be makpɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃ dzi le ɣleti eve ko megbe! Le nyateƒe me la, metɔtɔna ɣeaɖewoɣi. Amewo ƒe ŋkɔ yɔyɔ koŋue ɖe fu nam. Gbeɖeka meyɔ Nɔviŋutsu Sancho be ‘Nɔviŋutsu Chancho (ha),’ eye Nɔvinyɔnu Salamea si meyɔ be ‘Malasea (ame vɔ̃ɖi) la mabu le nye ŋku dzi akpɔ o.’ Ede dzinye be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo gbɔ dzi ɖi nam ale gbegbe.” Mlɔeba la, Markku va nye nutome sue dzikpɔla le dukɔ ma me, eye wo kple srɔ̃a Celine subɔ ƒe enyi sɔŋ.
Chris, si nye Jesse si míeyɔ va yi srɔ̃nyɔnu la gblɔ be: “Meɖo ŋku esi nutome sue dzikpɔla va srã mí kpɔ zi gbãtɔ le míaƒe afisia vava ɣleti etɔ̃ ko megbe la dzi. Mekpɔe be nɔviŋutsua nɔ kpɔɖeŋu nyui aɖewo zãm be yeana nyaa naɖo dzi gbɔ na mí, gake nyemenɔ eme sem o. Le akpataa me afima ko la, aɖatsi te gege le mo nam. Menye aɖatsi koe nɔ gegem le mo nam dzaa o; menɔ avi fam hehehe. Le kpekpea megbe la, medze agbagba be maɖe nusi dzɔ ɖe dzinye me na nutome sue dzikpɔla la. Etsɔ gbe fafɛ ƒo nu nam gblɔ nya si ko amesiame nɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Ten paciencia, hermana’ (‘nɔvinyɔnu, megatsi dzi o’). Ƒe eve alo etɔ̃ megbe la, míegava do go ake eye míeɖo dze aɖabaƒoƒo 45 sɔŋ, eye dzi dzɔ mí ŋutɔ be míete ŋu ɖo dze kple mía nɔewo.”
Nɔviŋutsu bubu gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃ le vevie ŋutɔ. Zi alesi míedo vevie gbea sɔsrɔ̃ la, zi nenemae míeyia ŋgɔ le etsɔtsɔ ɖo dze kple amewoe me.”
Esiawo katã ɖo kpe edzi be agbagbadzedze alea ɖea vi geɖe. Nɔnɔme siwo nye ɖokuibɔbɔ, dzigbɔɖi, kple veviedodo va sua ame si ne ele agbagba dzem be yeasrɔ̃ gbe yeye. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ʋuna be woaɖe gbeƒã nyanyuia na ame bubuwo. Le kpɔɖeŋu me, Spaingbe si ame asrɔ̃ la akpe ɖe eŋu wòate ŋu aƒo nu kple amesiwo wu miliɔn 400 siwo doa gbea le xexeame godoo. Ame geɖe siwo wòva hiã emegbe be woatrɔ ayi wo dedukɔ me gate ŋu doa gbe si wosrɔ̃ tsɔ kpena ɖe amesiwo doa Spaingbe la ŋu.
Ke Aƒedzroame Ya Ðe?
Deborah, si kpe ɖe srɔ̃a Gary ŋu wosubɔ le Amazon-nutoa me gblɔ be: “Esi míeva Ecuador teti le ƒe 1989 me la, aƒe dzroam vevie ŋutɔ. Mesrɔ̃ alesi mate ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu wu le hamea me. Wova le nam ko abe nye ƒometɔwo ene.”
Karen, si míeyɔ le gɔmedzedzea me gblɔ be: “Mekpɔa gome le subɔsubɔdɔa me gbesiagbe tsɔ tsia aƒedzroame nui. Ne mewɔe alea la, nyemegasusua aƒe o. Menaa wònɔa susu me nam hã be dzinyelawo le aƒe kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wɔm mele le dutanyigba dzi la ŋu. Dada gblɔ nya siawo tsɔ de dzi ƒo nam zi geɖe be: ‘Yehowa ate ŋu alé be na wò wu esi mate ŋu awɔ.’”
Makiko, si tso Japan gblɔ kpee nukokoedoametɔe be: “Ne menɔ gbeadzi ŋkeke bliboa katã la, ɖeɖi tea ŋunye ŋutɔ. Eyata ne megbɔ va aƒeme eye aƒe dze dzroyem ko la, alɔ̃ koe metsɔnɛ na. Ne edzɔ alea la, seselelãmea menɔa anyi eteƒe didina akpa o.”
Ke Ðeviwo Ðe?
Ne ɖeviwo le eme la, ke ele be woade ŋugble le woƒe nuhiahiãwo, abe sukudede ene ŋu. Le go sia me la, ame aɖewo tiae be woafia nu ɖeviawo le aƒeme, eye ame bubu de wo viwo suku le dua me.
Al kple srɔ̃a, wo vi eve, kple dadaa ʋu yi South America. Egblɔ be: “Míekpɔe be esi míede ɖeviawo suku la, ekpe ɖe wo ŋu wosrɔ̃ gbea kabakaba. Kaka dzinu etɔ̃ nava yi la, wote bibi ɖe eme xoxo.” Gake Mike kple Carrie ya wona wo vi ŋutsuvi ƒewuivi eveawo nɔ aƒeme woɖo sukunusɔsrɔ̃a ɖe wo tso duta wosrɔ̃. Wo dzilawo gblɔ be: “Míekpɔe be míate ŋu agblẽ nusɔsrɔ̃ siawo ɖe ɖeviawo ɖeɖeko si me wòanyo o. Ehiã be míakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me akpɔ egbɔ be ɖeviawo zɔ ɖe sukunusɔsrɔ̃ɖoɖoa dzi pɛpɛpɛ.”
David kple Janita, siwo tso Australia la gblɔ woƒe seselelãme tso wo vi ŋutsuvi eve ŋu be: “Míedi be mía vi ŋutsuviawo ŋutɔ nanya alesi ame bubuwo wɔa nui. Ele bɔbɔe be ame nasusu be alesi yenɔa agbee la, nenemae amesiame wɔa nui, gake le nyateƒe me la, alesi míewɔa nui to vovo na ame akpa gãtɔ tɔ sã. Wokpɔ alesi teokrasi ɖoɖowo hã wɔa dɔe le xexeame katã, metsɔ le eme dukɔ alo gbegbɔgblɔ si wònye o.”
Ken ɖo ŋku edzi be: “Ƒe ene koe mexɔ esi míaƒe ƒomea ʋu tso England le ƒe 1969 me. Togbɔ be ete ɖe dzinye be míenɔ bexɔ me abe alesi mesusui ene o hã la, mese le ɖokuinye me be alesi dzinyelawo nyimee nye vinyinyimɔnu nyuitɔ kekeake si ɖevi ate ŋu axɔ. Mesea veve ɖe ɖevi siwo si mɔnukpɔkpɔ mesu alea o la nu ɣesiaɣi! Le hadede nyui si nɔ mía kple dutanyanyuigblɔlawo kple mɔɖela veviwo dome ta la, mete kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ esi mexɔ ƒe asieke.” Ken nye dzikpɔla mɔzɔla fifia.
Gabriella, si nye Jesse vinyɔnu, lɔ̃ ɖe edzi be: “Ecuador zu mía de ŋutɔŋutɔ fifia. Dzi dzɔam ŋutɔ be dzinyelawo wɔ nyametsotso heva afisia.”
Gake le susu aɖewo ta la, edzɔ be ɖevi aɖewo mete ŋu trɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu o, eye eva hiã be woƒe ƒomea nagbugbɔ atrɔ ayi wo dedukɔwo me. Esia tae nunya le eme be woaɖi tsa ayi dutanyigbaa dzi gbã hafi aʋu ayi keŋkeŋ. Le mɔ sia nu la, ame ate ŋu anɔ te ɖe nusi teƒe eya ŋutɔ kpɔ dzi hafi atso nya me.
Yayra Siwo Ʋuʋu Yi Dutanyigba Dzi Hena Vɛ
Enye nyateƒe be ʋuʋu ayi dutanyigba dzi bia akɔkpekpe kple gbetɔame geɖe kple nu geɖe tsɔtsɔ sa vɔe. Ðe viɖe aɖe do tso eme na amesiwo ʋu yia? Mina woagblɔe na mí.
Jesse: “Le ƒe ewo siwo me míenɔ dugã si nye Ambato me la, míekpɔ hamewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 2 va ɖo 11. Mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe asi ɖe hame siawo dometɔ atɔ̃ ɖoɖo ŋu, eye míekpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata eve tutu ŋu. Enye dzidzɔ na mí hã be le mama dedie nu la, míekpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi eve ŋu ƒe sia ƒe woxɔ nyɔnyrɔ. Nu ɖeka koe te ɖe dzinye—eyae nye be nyemeva le ƒe ewo siwo do ŋgɔ me o.”
Linda: “Alesi ameawo kpɔ ŋudzedze ɖe nyanyuia kple míaƒe agbagbadzedzewo ŋui dea dzi ƒo nam ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, le kɔƒedu sue aɖe me la, Biblia nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Alfonso kpɔ vi si wòaɖe ne woƒo dutoƒonuƒowo le nuto si me wòle me la dze sii. Ðeko wòʋu yi atixɔ yeye si wòtu, si nye atixɔ ʋɛ siwo le kɔƒea me la dometɔ ɖeka me koe nye ma. Esi wòtso nya me be yeƒe xɔa ɖeɖekoe dze le dua me si ŋu woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ɖo ta la, egbugbɔ ʋu yi eƒe bexɔ me eye wòɖe asi le aƒea ŋu na nɔviwo be woatsɔ awɔ Fiaɖuƒe Akpatae.”
Jim: “Le nyateƒe me la, ɣeyiɣi si míezãna tsɔ ƒoa nu na amewo le gbeadzi sɔ gbɔ wu esi míezã le United States zi gbɔ zi ewo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dziɖeɖi le agbenɔnɔ me le afisia wu. Ðikekemanɔmee la, àkpɔ ɣeyiɣi geɖe na nusɔsrɔ̃ kple gbeadzisubɔsubɔdɔa.”
Sandra: “Ne mekpɔ alesi Biblia me nyateƒea te ŋu naa amewo ƒe agbenɔnɔ trɔnae la, mekpɔa dzidzɔ ale gbegbe. Mesrɔ̃ Biblia kple Amada, si nye fiase sue aɖe tɔ si xɔ ƒe 69. Ɣesiaɣi la etɔa tsi nyinotsi si wòdzrana la gbloloo. Ema megbe la, egatsɔa dzidzenu si mede o dzidzia nyinotsi si wòtɔ tsii la hafi dzrana na eƒe asisiwo tsɔ nɔ wo bamee. Gake esi Amada srɔ̃ nyati si le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, le ta 13 lia ƒe tanya sue si nye ‘Anukwareɖiɖi Na Wokpɔa Dzidzɔ’ te vɔ la, edzudzɔ nuwɔna gbegblẽ siawo wɔwɔ. Aleke gbegbee dzi dzɔm enye si esi mekpɔe wòxɔ nyɔnyrɔ le ema megbe!”
Karen: “Nyemeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe alo wòzãm bliboe abe alesi wòle le afisia ene kpɔ o. Mía kple Yehowa ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ yi edzi le sesẽm ɖe edzi.”
Wò Hã Ðe?
Le ƒe siwo katã va yi me la, Ðasefo akpe geɖe ʋu yi ɖasubɔ le duta. Wo dometɔ aɖewo nɔa anyi ƒe ɖeka alo eve, bubuwo nɔa anyi ɖaa. Wova kple woƒe nuteƒekpɔkpɔ, gbɔgbɔmetsitsi, kple ga, be yewoatsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔe le dutanyigba dzi. Wote ŋu subɔ le nuto siwo me nɔnɔ ahasubɔ sesẽ na Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le dua me le dɔwɔɖui manɔanyi ta la me. Wo dometɔ geɖe ƒle ʋu siwo ŋu ŋusẽ le be woate ŋu akpe anyigbamama siwo anye ne womate ŋu ayi o la ɖo. Wo dometɔ siwo di be yewoanɔ dugã me la va zu kpekpeɖeŋu gã ŋutɔ le hame gã siwo me hamemegãwo mede ha le o me. Gake wo katã lɔ̃ ɖe edzi be yewokpɔ yayra geɖe le gbɔgbɔ me wògbɔ nusiwo yewotsɔ na ŋu sasasã.
Àte ŋu akpɔ gome le subɔsubɔ le dutanyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔa mea? Ne wò nɔnɔmewo ɖe mɔ na wò la, nukatae màku nu me akpɔ be yeate ŋu ayi o hã? Afɔ gbãtɔ si le vevie si wòle be nàɖee nye be nàŋlɔ lɛta aɖo ɖe Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔ si ŋu nèle tame bum le be yeayi la me. Nyatakaka siwo sɔ siwo nàxɔ akpe ɖe ŋuwò nàda nuwo akpɔ anya ne àkpɔ dzidzedze hã. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le nyati si nye “Ʋu le Wò Anyigba dzi Kple Ƒowòmeawo Gbɔ,” si dze le August 15, 1988, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me la me. Le ɖoɖo nyui wɔwɔ kple to Yehowa ƒe yayra me la, ɖewohĩ dzidzɔ si le subɔsubɔ le dutanyigba dzi me asu wò hã asiwò.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
TOM KPLE LINDA LE MƆ DZI ÐO TA SHUAR INDIATƆWO ƑE NUTO ME
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
AME GEÐE LE SUBƆSUBƆM LE ECUADOR ƑE FIADU, SI NYE QUITO ME
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
MAKIKO LE GBEƑÃ ÐEM LE ANDES TOWO DZI
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
HILBIG ƑE ƑOMEA LE SUBƆSUBƆM LE ECUADOR ƑE ATƆ̃E NYE SI VA YI