INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/11 axa 4-6
  • Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Àte Ŋu Atso Ƒu Ayi Makedonia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Àte Ŋu Asubɔ le Dutanyigba Dzia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Mɔ Siwo Dzi Nàto Akeke Wò Subɔsubɔdɔa Ðe Enu
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Ðe Wòle Be Mava Nɔ Dukɔ Bubu Mea?
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2011
km 8/11 axa 4-6

Àte Ŋu ‘Atso Ƒu Ayi Makedonia’?

1. Nu kae na Paulo kple eƒe zɔhɛwo yi Makedonia?

1 Le ƒe 49 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo dzo le Siriatɔwo ƒe Antioxia hedze eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ evelia gɔme. Eƒe taɖodzinue nye be yeayi Efeso kple Asia Sue ƒe du bubuwo me. Ke hã womia asii to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi be ‘wòatso ƒu ava Makedonia’ boŋ. Eya kple eƒe zɔhɛwo wɔ ɖe amekpekpea dzi dzidzɔtɔe, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si woɖo hame gbãtɔ ɖe nuto ma me. (Dɔw. 16:9, 10; 17:1, 2, 4) Egbea la, wohiã nuŋela geɖe wu le Ghana dukɔa ƒe akpa aɖewo ale gbegbe. (Mat. 9:37, 38) Ðe àte ŋu ana kpekpeɖeŋua?

2. Nu ka tae ame aɖewo mebua ʋuʋu ayi dukɔa ƒe akpa si hiahiã geɖe wu le ŋu o?

2 Ðewohĩ dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ Paulo me la le wò hã mewò, ke hã mèbu ʋuʋu ayi ɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le ŋu vevie o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anɔ eme be màte ŋu ade Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃sukua o le ƒe si nèxɔ ta. Ðewohĩ mèbu ʋuʋu ayi ɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le ŋu o, le esi mèka ɖe edzi be yeate ŋu anɔ nuto bubu, afi si ɖewohĩ dɔkpɔkpɔ sesẽna le me o, alo afi si wodoa gbe bubu le o ta. Ke hã ne èbu nya sia ŋu hedo gbe ɖa le eŋu la, àkpɔe be medze be nɔnɔme siawo naxe mɔ na wò be màgaʋu ayi dukɔa ƒe akpa si gbeƒãɖelawo hiã le wu o.

3. Nu ka tae mehiã kokoko be nàxɔ hehe tɔxɛ aɖe hafi ate ŋu aɖe gbeƒã le dukɔa ƒe akpa bubu aɖe dzidzedzetɔe o?

3 Ðe Wòhiã Kokoko Be Nàxɔ Hehe Tɔxɛ Aɖe Hafia? Nu kae kpe ɖe Paulo kple eƒe zɔhɛwo ŋu wokpɔ dzidzedze? Woɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu. (2 Kor. 3:1-5) Eya ta ne wò nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wò be nàxɔ hehe tɔxɛ aɖe o hã la, àte ŋu aɖe gbeƒã le dukɔa ƒe akpa si hiahiã geɖe wu le la dzidzedzetɔe kokoko. Ðo ŋku edzi hã be woyi edzi le hehe nam wò le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua kple Subɔsubɔ Kpekpea me. Eye ne enye wò taɖodzinu be yeade Nɔviŋutsu Trewo Ƒe Bibliasrɔ̃suku alo hehenasuku bubu aɖe la, ke wò ʋuʋu ayi dukɔa ƒe akpa bubu aɖe be nàɖɔ dɔa kpɔ le afi ma ana nuteƒekpɔkpɔ nyuiwo nasu asiwò, siwo nàte ŋu azã emegbe ne wova da asi ɖe dziwò be nàxɔ hehe bubuwo akpee.

4. Nu ka tae mele be ame tsitsiwo nasusui be yewomate ŋu aʋu aɖaɖe gbeƒã le dukɔa ƒe akpa bubuwo gbeɖe o?

4 Ame Tsitsiwo: Ame tsitsi siwo tsi le gbɔgbɔ me siwo le lãmesẽ me va se ɖe afi aɖe la ate ŋu anye kpekpeɖeŋu nyui aɖe le teƒe siwo hiahiã le. Ðe nèxɔ dzudzɔ le dɔ mea? Ame siwo woxea dzudzɔxɔxɔ le dɔ me ƒe fetu sue aɖe na gɔ̃ hã tea ŋu kpɔa dzidzedze ne woʋu yi dukɔa ƒe akpa si agbea bɔbɔ le wu dugã si me wole alo teƒe si wole subɔsubɔm le fifia.

5. Gblɔ nɔviŋutsu aɖe, si xɔ dzudzɔ le dɔ me, si ʋu yi dukɔ bubu aɖe me la ƒe nuteƒekpɔkpɔ.

5 Nɔviŋutsu aɖe si nye dukɔ aɖe si me wodoa Eŋlisigbe le me tɔ, si xɔ dzudzɔ le dɔ me eye wònye hamemetsitsi kple mɔɖela la, ʋu yi Anyieheɣedzeƒe Asia ƒe nuto xɔŋkɔ aɖe si me modzakaɖetsaɖila geɖe yina la me be yeakpe ɖe Eŋlisigbe ƒuƒoƒo aɖe, si me gbeƒãɖela asieke nɔ la ŋu. Ƒuƒoƒoa ɖe gbeƒã na dutatɔ 30,000 siwo le nutoa me. Le ƒe eve ko me la, ame 50 sɔŋ ye dea kpekpeawo. Nɔviŋutsua gblɔ be: “Yayra gãtɔ kekeake si nyemekpɔ kpɔ o lae su asinye esi meʋu va afi sia. Ɣeyiɣi maɖe mɔ nam be maƒo nu tso eƒe akpa sue aɖe gɔ̃ hã ŋu avɔ o!”

6. Gblɔ nɔvinyɔnu aɖe si ʋu yi teƒe aɖe si gbeƒãɖelawo hiã le wu la ƒe nuteƒekpɔkpɔ.

6 Nɔvinyɔnu Trewo: Yehowa zã nɔvinyɔnuwo le mɔ ɖedzesi aɖe nu tsɔ na wokaka nya nyuia le teƒe siwo gbeƒãɖelawo hiã le wu. (Ps. 68:12) Nɔvinyɔnu ɖetugbuivi aɖe si meɖe srɔ̃ haɖe o la ɖoe be yeawɔ geɖe wu le subɔsubɔdɔa me ayi aɖaɖe gbeƒã le dukɔ bubu aɖe me, gake abe ale si míakpɔ mɔe ene la, edzilawo tsi dzi ɖe eƒe dedienɔnɔ ŋu. Esia ta nɔvinyɔnua tiae be yeayi teƒe aɖe si dunyahehe me ʋunyaʋunyawɔwɔ mele o, si ganyawo mesesẽ le o la, eye wòŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea, eye wona nyatakaka siwo le tẽe, siwo akpe ɖe eŋu lae. Ekpɔ yayra geɖe le ƒe ade siwo wòtsɔ nɔ dukɔ ma me la me. Egblɔ be: “Ne mía dee mele la, anye ne Biblia nusrɔ̃vi ʋɛ aɖewo koe asu asinye. Gake subɔsubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu ʋu mɔ nam mete ŋu srɔ̃ nu kple ame geɖe ŋutɔ eye nye nufiafiaŋutete ganyo ɖe edzi wu tsã.”

7. Gblɔ ƒome aɖe si ʋu yi ɖasubɔ le teƒe bubu aɖe la ƒe nuteƒekpɔkpɔ.

7 Ƒomewo: Ne viwo le asiwò la, ɖe wòfia kokoko be màte ŋu aʋu ayi Ghana dukɔa ƒe akpa bubu aɖe aɖado nya nyuia ɖe ŋgɔ oa? Atsu kple asi aɖe si si vi eve, siwo xɔ ƒe enyi kple ƒe ewo, le la ɖoe be yewoatee kpɔ. Vidadaa ŋlɔ tso nuteƒekpɔkpɔ si su wo si ŋu be: “Enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míehe mía viawo le afi sia, elabena wode ha kple mɔɖela veviwo kple dutanyanyuigblɔlawo. Subɔsubɔ le afi si gbeƒãɖelawo hiã le wu na míeva le dzidzɔ geɖe wu kpɔm le agbe me.”

8. Ðe wòanya wɔ be míayi aɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le, evɔ mahiã be míasrɔ̃ gbe bubu oa? Ðe eme.

8 Dzitsitsi Le Gbe Bubu Sɔsrɔ̃ Ta: Ðe dzitsitsi le gbe bubu sɔsrɔ̃ ta le mɔ xem na wò be nàgaʋu ayi dukɔa ƒe akpa bubu oa? Anɔ eme be hiahiã le teƒe aɖewo le Ghana ƒe afi siwo mia degbe dolawo ƒe agbɔsɔsɔme aɖe le. Àkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe ŋutɔ ne àte ŋu aʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi Eŋlisigbedola aɖewo ʋu yi dukɔ aɖe si me wodoa Spaingbe le, afi si Eŋlisigbedola gbogbo aɖewo ʋu ɖatsi la me. Esi woxɔ nyatakakawo tso alɔdzedɔwɔƒea ku ɖe Eŋlisigbe hame vovovo siwo hiã kpekpeɖeŋu ŋu megbe la, wotia ɖeka eye woɖi tsa yi afi ma zi eve. Wotrɔ gbɔ va wo de, woɖe ga si wozãna ɣleti sia ɣleti la dzi kpɔtɔ, eye wodzra ga si woate ŋu azã ƒe ɖeka la ɖo na wo ɖokui. Esi wonɔ klalo na ʋuʋu la, nɔvi siwo le du ma me la kpe ɖe wo ŋu wokpɔ xɔ si mexɔ asi fũu o haya.

9, 10. Nu ka ŋue wòanyo be ame siwo ʋu tso wo denyigba dzi alo afi si wodzi wo le la nabu, eye nu ka tae?

9 Àte Ŋu Atrɔ Ayia? Ðe nèʋu tso mia denyigba dzi yi ɖatsi teƒe bubu aɖe, ɖewohĩ do ŋgɔ na nyateƒea sɔsrɔ̃a? Woanya hiã nuŋela geɖewo le mia de alo afi si wodzi wò le. Ðe nàte ŋu atrɔ ayi aƒe aɖana kpekpeɖeŋua? Ðewohĩ wò ƒometɔwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dɔ kple xɔ si me nànɔ la le mia de alo afi si wodzi wo le. Anɔ eme be èse gbe si wodona le nutoa me la xoxo; ne ele alea la, ade dziwò ŋutɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ amewo alɔ̃ faa aɖo to wò ne èle gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia tsɔ wu ame siwo wobu amedzrowoe la.

10 Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna nye esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe; ŋutsu aɖe si ʋu tso Albania yi Italy abe sitsoƒedila ene la kpɔ dɔ nyui aɖe, eye wònɔa ga ɖom ɖe eƒe ƒomea le Albania. Esi wòva srɔ̃ nyateƒea la, eva hiã be wòafia Albaniagbe mɔɖela vevi Italytɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe, siwo ʋu yina Albania be yewoaɖasubɔ le teƒe siwo hiahiã geɖe wu le. Nɔviŋutsua ŋlɔ bena: “Woyina anyigbamama si me medzo le la me. Womese gbe si wodona le afi ma o, gake wodi vevie be yewoayi. Albaniatɔe menye eye Albaniagbee medona. Nu ka wɔm mele le Italy?” Nɔviŋutsua tso nya me be yeatrɔ ayi Albania ne yeakpe asi ɖe nya nyui kaka dɔa ŋu. Egblɔ be: “Ðe wòvem be megblẽ nye dɔwɔɖui kple ga si mekpɔna le Italy la ɖi hedzoa? Kura o! Mekpɔ dɔ ŋutɔŋutɔ le Albania. Le nye susu nu la, dɔ si hiã vevie eye wònaa ame kpɔa dzidzɔ geɖe wue nye subɔsubɔdɔwɔwɔ na Yehowa kple dzi blibo!” Ðewohĩ nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbi su ame siwo nɔ dukɔa ƒe nuto vovovowo me hena ƒe geɖe eye wotrɔ yi dukɔa ƒe afi si wotso la dometɔ geɖe si.

11, 12. Nu kae wòle be ame siwo le ʋuʋu ayi aɖasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le ŋu bum la nawɔ?

11 Ale Si Nàwɔe: Hafi Paulo kple eƒe zɔhɛwo nazɔ mɔ ayi Makedonia la, ɖe woɖoe be yewoayi ɣetoɖoƒe gome, gake “gbɔgbɔ kɔkɔe la gbe na wo,” eya ta woɖo ta dziehe gome. (Dɔw. 16:6) Esi wogogo Bitinia la, Yesu meɖe mɔ na wo woyi o. (Dɔw. 16:7) Yehowa yi edzi le gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔm to Yesu dzi. (Mat. 28:20) Eya ta ne èle ʋuʋu ayi dukɔa ƒe nuto bubu me ŋu bum la, do gbe ɖa nàbia Yehowa ƒe mɔfiafia.—Luka 14:28-30; Yak. 1:5; kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye, “Ale Si Nàwɔ Anya Teƒe Siwo Hiahiã Le.”

12 Bia hamemetsitsiwo kple Kristotɔ tsitsi bubuwo ne woagblɔe na wò nenye be àte ŋu awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me le nuto bubu me. (Lod. 11:14; 15:22) Ne èdi be yeaʋu ayi teƒe aɖe si te ɖe afi si nèle ŋu la, ke bia miaƒe nutome sue dzikpɔla ne wòagblɔe na wò nenye be hiahiã aɖe le miaƒe nutome suea me. Xlẽ nyati siwo míeta ku ɖe subɔsubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le ŋu, eye wɔ numekuku tso dukɔa ƒe akpa si nàdi be yeayi ŋu. Ðe nàte ŋu ayi aɖanɔ nuto si me nèdi be yeaʋu ayi la me sẽe, ɖewohĩ hena ɣeyiɣi didime aɖea? Ne èdi vevie nyateƒe be yeaʋu ayi afi si hiahiã geɖe wu le la, àte ŋu aŋlɔ agbalẽ na alɔdzedɔwɔƒea ahaɖe nu si nèdi be yeawɔ la me eye nàbia nyatakaka siwo nèhiã. Gake le esi nàɖo wò lɛtaa ɖe alɔdzedɔwɔƒea tẽe teƒe la, tsɔe na hamemetsitsi siwo le miaƒe hamea me, elabena woaŋlɔ nya vi aɖe kpee hafi aɖoe ɖa.—Kpɔ Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ, axa 111-112.

13. Aleke alɔdzedɔwɔƒea akpe ɖe ŋuwòe, gake agba kawoe le wò ŋutɔ dziwò?

13 Alɔdzedɔwɔƒea ate ŋu aɖo nyatakaka vevi siwo akpe ɖe ŋuwò la ɖe wò. Gake womaɖo dɔwɔɖui ŋuti nyatakakawo ɖe wò alo adi xɔ na wò o. Nu siawo kpɔ wò ŋutɔ wò ŋkume, eye ehiã be nàwɔ numekuku le wo ŋu ahakpɔ wo gbɔ hafi aʋu. Ele be ame siwo aʋu ayi teƒe bubu aɖe la nasu te akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo katã gbɔ eye woawɔ ɖoɖo adi dɔ kple xɔ si me woanɔ.—Gal. 6:5.

14. Aleke ame siwo ƒe nɔnɔmewo maɖe mɔ na wo be woaʋu ayi dukɔ bubu me o la ate ŋu akeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le woƒe nutoa me?

14 Ne Màte Ŋu Aʋu O: Ne wò nɔnɔmea maɖe mɔ na wò be nàʋu ayi nuto bubu aɖe si me hiahiã geɖe wu le me o la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ðewohĩ “dɔwɔwɔ ƒe ʋɔtru gã” bubu aɖe le ʋuʋu ɖi na wò. (1 Kor. 16:8, 9) Anɔ eme be miaƒe nutome sue dzikpɔlaa nya teƒe siwo hiahiã geɖe wu le le miaƒe nutoa me, si medidi tso gbɔwò o, eye mahiã gɔ̃ hã be nàʋu le aƒe si me nèle la me o. Ðewohĩ àte ŋu ana kpekpeɖeŋu le dutagbe hame alo ƒuƒoƒo aɖe si te ɖe mia ŋu la me. Alo àte ŋu akeke wò subɔsubɔdɔa ɖe enu le hame si me nèle fifia la me. Nɔnɔme ka ke mee nèɖale o, nu vevitɔe nye be nàde ta agu na Yehowa tso luʋɔ blibo me.—Kol. 3:23.

15. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe ame siwo di be yewoaʋu ayi aɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le afi siwo hiahiã geɖe wu le la ŋu?

15 Ènya Kristotɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, si ƒe taɖodzinue nye be yeasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu lea? Alo ɖe nènya ame aɖe si ʋu tso dukɔ bubu me va Ghana be yeakpe asi ɖe dɔa ŋua? Eɖanye nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnue o, do alɔe eye nàde dzi ƒo nɛ! Esi Paulo dzo le Siriatɔwo ƒe Antioxia la, Antioxia ye nye du gã etɔ̃lia le Roma Fiaɖuƒea me ɣemaɣi (le Roma kple Alexandria megbe). Esi Antioxia ƒe anyigbamama lolo alea ta la, Antioxia hamea anya hiã na Paulo ƒe kpekpeɖeŋu, eye woasusui ŋutɔ ne edzo le wo gbɔ. Ke hã Biblia megblɔ nya aɖeke si ɖee fia be nɔvi siwo nɔ afi ma la ɖe dzi le Paulo ƒo be wòagadzo o. Edze abe womebu woƒe nutoa ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ woɖo ŋku edzi be, “agble lae nye xexea” me ene.—Mat. 13:38.

16. Susu kawo tae wòle be nàdi be ‘yeatso ƒu ayi Makedonia’?

16 Esi Paulo kple eƒe zɔhɛwo wɔ ɖe amekpekpe si nye be woatso ƒu ava Makedonia dzi la, woyra wo geɖe ŋutɔ. Esi wonɔ Makedoniatɔwo ƒe du si nye Filipi me la, woke ɖe Lidia ŋu, eye “Yehowa ʋu eƒe dzi gbadzaa be wòalé to ɖe nya siwo gblɔm Paulo nɔ la ŋu.” (Dɔw. 16:14) Kpɔ dzidzɔ si gbegbe Paulo kple ehati dutanyanyuigblɔlawo akpɔ esi Lidia kple eƒemetɔwo katã xɔ nyɔnyrɔ la le susu me ɖa! Le teƒe geɖewo la, dzianukwaretɔ siwo le abe Lidia ene la li siwo mekpɔ se Fiaɖuƒegbedeasia haɖe o. Ne ‘ètso ƒu yi Makedonia’ la, anye dzidzɔ na wò be nàke ɖe ame siawo ŋu eye nàkpe ɖe wo ŋu.

[Aɖaka si le axa 5]

Ale Si Nàwɔ Anya Teƒe Siwo Hiahiã Le

• Te ɖe miaƒe nutome sue dzikpɔla ŋu. Ðewohĩ enya teƒe siwo hiahiã le le miaƒe nutome suea me.

• Ŋlɔ agbalẽ ɖe alɔdzedɔwɔƒea nàɖe ale si nèdi be yeayi aɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le Ghana dukɔa ƒe nuto bubuwo la me.—Kpɔ memama 13 lia.

• Ðo dze kple gbeƒãɖela siwo le nutoa me be nànya nu geɖe tso teƒea ŋu.

• Ne èle gbeƒãɖeɖe le dukɔa ƒe akpa aɖe, si nàte ŋu aɖe gbeƒã le mia degbe me ŋu bum la, wɔ numekuku be nànya ame xexlẽme siwo doa mia degbea le afi ma kple teƒe siwo wosɔ gbɔ le wu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe