Yehowa Nye Amenuveve Mawu Nam
ABE ALESI JOHN ANDRONIKOS GBLƆE ENE
Ƒe 1956 mee. Ŋkeke asieke koe nye ma tso nye srɔ̃kpegbe, gake nyee nye esi le tsitre ɖe nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnu ŋkume le Komotiní le Greece ƒe dziehe. Menɔ mɔ kpɔm be woate fli ɖe dzinu 12 ƒe afia si wotso be woadem gaxɔ me le gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta la me. Nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnua ƒe nyametsotso—be mayi xɔ ɣleti ade—la gblẽ nye mɔkpɔkpɔa me eye wònye ʋɔnudɔdrɔ̃ gbogbo siwo kplɔe ɖo la ƒe gɔmedzedze ko. Gake Yehowa nye amenuveve Mawu nam le wo katã me.
ESIME wodzim le October 1, 1931 dzi la, míaƒe ƒomea nɔ Kaválla-dugã, si nye Macedonia-du Neapoli si apostolo Paulo de kpɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia me la me. Dada va zu Yehowa Ðasefo esime mexɔ ƒe atɔ̃, eye togbɔ be menya agbalẽ tututu o hã la, ewɔ etɔ sinua be wòƒã lɔlɔ̃ na Mawu kple evɔvɔ̃ ɖe menye. Fofonye nye kɔnuxoxoléɖeasila sesẽ aɖe si tsɔ dzimesesẽ ku ɖe Greece Orthodɔks kɔnuwo ŋu. Metsɔ ɖeke le Biblia ƒe nyateƒea me o eye etsia tre ɖe danye ŋu, eye ewɔa adã zi geɖe.
Eyata ƒome si mã mee metsi le, ale be Papa ƒoa Dada hewɔa ŋlɔmi le eŋu eye eva gblẽ mí ɖi gɔ̃ hã. Tso nye ɖevime la, Dada kplɔa mía kple ƒenye yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Gake esi mexɔ ƒe 15 la, sɔhɛmenɔnɔ ƒe dzodzrowo kpakple ɖokuisinɔnɔ ƒe gbɔgbɔ na megbe nu le Yehowa Ðasefowo gbɔ. Ke hã danye nuteƒewɔla la dze agbagba vevie, eye efaa avi zi geɖe le agbagbadzedze me be yeakpe ɖe ŋunye.
Le koɖoɖo kple agbe baɖa si nɔm menɔ ta la, meva dze dɔ sesẽ aɖe eye wòhiã be matsi aba dzi dzinu etɔ̃ kple edzivɔ. Ɣemaɣie nɔviŋutsu fatu aɖe si kpe ɖe danye ŋu wòsrɔ̃ nyateƒea kpɔ Mawu lɔlɔ̃ vavã aɖe le menye. Esee le eɖokui me be woate ŋu akpe ɖe ŋunye magasẽ le gbɔgbɔ me. Ame bubuwo gblɔna nɛ be: “Ɣeyiɣi ko gblẽm nèle be yele kpekpem ɖe John ŋu; maganyɔ le eɖokui me gbeɖe o.” Gake nɔviŋutsu sia ƒe dzigbɔɖi kpakple kutrikuku be yeakpe ɖe ŋunye tse ku. Le August 15, 1952 dzi, esi mexɔ ƒe 21 la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔɖetsime ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi.
Meɖe Srɔ̃ Yeyee Heva Le Gaxɔ Me
Ƒe etɔ̃ megbe la, meva dze si Martha si nye nɔvinyɔnu aɖe si tsɔa dzo ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu, amesi si nɔnɔme nyuiwo le, eye medidi o míedo ŋugbe na mía nɔewo. Edzem kpo gbeɖeka esi Martha gblɔ nam be: “Meɖoe be maɖe gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme egbea. Àyi kplima?” Va ɖo ɣemaɣi la, nyemekpɔ gome le dɔa ƒe akpa sia me kpɔ o, vomeɖase ye meɖina zi geɖe. Woxe mɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Greece ɣemaɣi, eye míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa le adzame. Ewɔe be woléa nɔviwo zi geɖe, drɔ̃a ʋɔnu wo, hedea wo gaxɔ me wova kpea fu. Ke hã nyemate ŋu agbe yiyi kple nye ŋugbetɔ o!
Martha va zu srɔ̃nye le ƒe 1956 me. Ɣemaɣi si nye ŋkeke asieke lia le míaƒe srɔ̃kpegbe megbe ye Komotiní nyagbugbɔgadrɔ̃ʋɔnua tso nya me be woadem game ɣleti ade. Esia na meɖo ŋku nya aɖe si mebia nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si nye danye xɔlɔ̃ la do ŋgɔ dzi, be: “Aleke koŋ maɖee afia be menye Yehowa Ðasefo adodoea? Mɔnukpɔkpɔ mesu asinye be maɖo kpe nye xɔse dzi kpɔ o.” Esi nɔvinyɔnu sia va srãm kpɔ le gaxɔ me la, eɖo ŋku biabia sia dzi nam hegblɔ be: “Àte ŋu aɖe alesi gbegbe nèlɔ̃ Yehowae afiae azɔ. Wò dɔdasie nye ema.”
Esi mese be nye senyala nɔ ga dim be yeada megbe nam woaɖem le game la, megblɔ nɛ be madi be manɔ game ɣeyiɣia nade. Aleke gbegbe wòdzɔ dzi nam enye esi be le ɣleti adea ƒe nuwuwu la, nye hati gamenɔla eve va xɔ nyateƒea! Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wohem yi ʋɔnui zi geɖe le nyanyuia ta.
Tiatia si Meve Mí Kpɔ O
Le ƒe 1959 me, si nye ƒe ʋɛ aɖewo le esi medo le game vɔ megbe la, meva zu hame subɔla, alo dzikpɔla zimenɔla, eye wokpem be mava de Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ Suku, si nye suku si me wonaa hehe hamemegãwo le. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, wona ɖoƒe like aɖem le dziɖuɖua ƒe kɔdzi, si nye dɔ si akpɔ mía kple nye ƒomea ƒe ganyawo gbɔ le agbe me. Kae matia? Menɔ ɣeyiɣi aɖe ko ƒe dɔ wɔm le kɔadzi dzinu etɔ̃ xoxo, eye dɔdzikpɔla la kpɔ ŋudzedze ɖe nye dɔ ŋu ŋutɔ, gake esi sukua ƒe amekpekpea va la, melɔ̃ be madzo le dɔa me ayi agagbɔ fetu maxɔmaxɔe gɔ̃ hã o. Esi medo gbe ɖa hebu nya sesẽ sia ŋu vɔ la, metso nya me be matsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ale be megbe dɔa.—Mateo 6:33.
Anɔ ɣeyiɣi ma ke me la, nutome gã kple suea dzikpɔlawo va subɔ míaƒe hamea. Ele na mí be míawɔ míaƒe kpekpewo le bebeme le amewo ƒe aƒewo me le Greece Orthodɔks subɔsubɔhakplɔlawo kple dumegãwo ƒe tsitretsiɖeŋu sesẽ ta. Esi míekpã kpekpeawo dometɔ ɖeka la, nutome gã dzikpɔla la te ɖe ŋunye biam nenye be mebu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu kpɔ hã. Eƒe nyaa ʋã dzi nam elabena esiae nye nye didi tso esime mexɔ nyɔnyrɔ. Meɖo eŋu be: “Medi vevie ŋutɔ.” Gake vinyɔnu dzi kpɔkpɔ hã le dzinye xoxo. Nɔviŋutsua gblɔ nam be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye akpe ɖe ŋuwò nàɖo wò taɖodzinuwo gbɔ.” Eyata togbɔ be mía kple srɔ̃nye míegblẽ míaƒe ƒomegbanɔamedziwo ɖi o hã la, míete ŋu trɔ asi le míaƒe nɔnɔmewo ŋu, ale be le December 1960 me la, mete mɔɖela vevi ƒe dɔ wɔwɔ le ɣedzeƒe Macedonia—menye mɔɖela vevi atɔ̃ pɛ siwo nɔ dukɔa me dometɔ ɖeka.
Esi mewɔ mɔɖela vevi ƒe dɔa ƒe ɖeka megbe la, alɔdzedɔwɔƒe si le Athens kpem be mava nye dzikpɔla mɔzɔla. Esi meva xɔ subɔsubɔdɔ sia ƒe hehe ɣleti ɖeka hegbɔ va aƒeme, eye mekpɔtɔ nɔ nye nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm na Martha la, manganese (tomekpe aɖe) kuƒe gã aɖe ƒe dɔdzikpɔla va srãm kpɔ eye wòkpem be mava nye tomenua klɔƒe ƒe amegã, eye wògblɔ be anye ƒe atɔ̃ ƒe dɔ si me ga anɔ, aƒe nyui aɖe, kple ʋu kpe ɖe eŋu. Enam ŋkeke eve be maɖo eŋu. Nyemehe ɖe megbe kura o, megado gbe ɖa na Yehowa ake be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Srɔ̃nye wɔ ɖeka kplim bliboe. Míeɖo ŋu ɖe Mawu ŋu hedze mɔzɔzɔdɔa gɔme, eye Yehowa megblẽ mí ɖi kpɔ o le eƒe amenuveve ta.
Subɔsubɔ le Nɔnɔme Sesẽ Vovovo Me
Togbɔ be ganyawo nɔ fu ɖem hã la, míeyi dɔa dzi eye Yehowa naa nusiwo hiã la mí. Le gɔmedzedzea me la, dzokeke sue aɖee medona ɖasrãa hameawo kpɔna, eye medonɛ wòdea kilometa 500. Medoa go kuxiwo zi geɖe, eye medze afɔku ʋɛ aɖewo hã. Esi metrɔ gbɔna tso hame aɖe srãƒe le vuvɔŋɔli aɖe la, menɔ tɔsisi aɖe si ɖɔ tsom esime dzo tsi le dzokekea me, eye meɖo tɔa me va ɖo klo nu. Emegbe ya vɔ le kekea ƒe afɔti me. Pɔmp nɔ ame aɖe si tso eme va yina la si eye wòkpe ɖe ŋunye, ale be mete ŋu ɖo kɔƒe si te ɖe afima ŋu, afisi medzra afɔtia ɖo le. Mlɔeba meva ɖo aƒeme fɔfɔme ga etɔ̃, vuvɔ nɔ wɔyem eye ɖeɖi te ŋunye.
Ɣebubuɣi esi metso hame aɖe yina bubu me la, dzokekea gli eye wòva dze klo dzi nam. Ewɔe be nye atalegbea vuvu eye wòƒo ʋu. Atalegbe bubu menɔ asinye o, eyata fiẽ ma la, nɔviŋutsu bubu ƒe atalegbe siwo lolo wum kurae medo hafi ƒo nuƒoa. Ke hã nɔnɔme sesẽ aɖeke mena nye lãme fa ɖe Yehowa kple nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo subɔsubɔ ŋu o.
Le afɔku bubu me la, mexɔ abi vevie, ale be nye abɔ kple ŋgɔgbeɖuwo ŋe. Ɣemaɣie ƒenye si menye Ðasefo o, si le United States, va srãm kpɔ. Gbɔdzɔe ka gbegbee nye si wònye be wòkpe ɖe ŋunye meƒle ʋu! Esi nɔvi siwo le Athens alɔdzedɔwɔƒea se nu tso nye afɔkua ŋu la, woɖo dzideƒonamegbalẽ aɖe ɖem, eye nya siwo wogblɔ dometɔ aɖee nye esiwo le Romatɔwo 8:28, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: ‘Mawu nana nuwo katã tim hea nyui vɛ na amesiwo lɔ̃a Mawu.’ Enuenu la, kakaɖedzinya sia vaa eme le nye agbe me!
Nukunya Nyui Aɖe
Le ƒe 1963 me la, mía kple mɔɖela vevi aɖe míenɔ gbeƒã ɖem le kɔƒe aɖe si me amewo meɖoa to nyaa le o. Míeɖoe be míama hafi awɔ dɔa, ale be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ mɔdodoa ƒe akpa ɖeka. Le aƒe ɖeka me, esi meƒo ʋɔa teti ko la, kasia nyɔnu aɖe hem yi xɔa me eye wòdo ʋɔa ɖe nunye. Nye mo wɔ yaa, eye nyemenya nusi nɔ dzɔdzɔm o. Ema megbe kpuie la, ewɔ kaba yɔ mɔɖela vevia va aƒea mee. Emegbe nyɔnua gblɔ na mí be: “Mizi ɖoɖoe! Migaʋã gɔ̃ hã o!” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míese ame aɖewo siwo nɔ ɣli dom dzikutɔe ƒe gbe le gota. Amewo nɔ mía dim. Esi nɔnɔmewo dze akɔ anyi vɔ la, nyɔnua gblɔ na mí be: “Mia ŋutɔwo ƒe dedienɔnɔ tae mewɔ nusia ɖo. Medea bubu mia ŋu elabena menya be Kristotɔ vavãwoe mienye.” Míeda akpe nɛ tso dzime hedzo, eye míegblẽ agbalẽ geɖe ɖe egbɔ.
Ƒe 14 megbe esi meyi nutome gã takpekpe aɖe le Greece la, nyɔnu aɖe te ɖe ŋunye gblɔ be: “Nɔvi, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsɔ mi ɣla tso tsitretsiɖeŋulawo gbɔ esi mieva míaƒe kɔƒe me ɖase ɖi ge.” Eva ʋu yi Germany hesrɔ̃ Biblia la, eye wòdea ha kple Yehowa ƒe amewo. Eya kple eƒe ƒome bliboa le nyateƒea me azɔ.
Le nyateƒe me le ƒe siawo katã me la, wotsɔ “kafukafugbalẽ” geɖe yra mí. (Korintotɔwo II, 3:1) Amesiwo mɔnukpɔkpɔ su mía si míekpe ɖe wo ŋu eye Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze su wo si dometɔ geɖe va zu hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, kple mɔɖelawo fifia. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye be gbeƒãɖela ʋɛ siwo nɔ nutome sue siwo mesubɔ le ƒe 1960-awo ƒe gɔmedzedze la dzi ɖe dzi hesɔ gbɔ wu Yehowa subɔla 10,000! Kafukafua katã yi na míaƒe amenuveve Mawu si zãa mí le mɔ si dze eŋu la nu.
“Le Dɔba Dzi”
Le ƒe siwo míetsɔ wɔ mɔzɔzɔdɔae me la, Martha nye kpeɖeŋutɔ ɖedzesi aɖe si me dzidzɔ nɔna ɣesiaɣi. Gake le October 1976 me la, eva dze dɔ sesẽ aɖe eye wowɔ dɔ si me vevesese le aɖe nɛ. Eva zu atatututɔ hetsi bunɔkeke me. Aleke míawɔ akpɔ fenyinyiawo kple nuxaxaawo gbɔe? Esi míegaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ake ta la, ede asi eme na mí geɖe lɔlɔ̃tɔe. Ne medzo yi Macedonia be masubɔ la, Martha nɔa nɔviŋutsu aɖe ƒe aƒe me le Athens hena atikewɔwɔ. Eƒoa ka nam gblɔa dzideƒonya siawo nam be: “Meli nyuie. Wò ya yi dɔa dzi ko, ne mete zɔzɔ la, manɔ nye bunɔkeke me adze yowòme.” Eye nu ma tututue wòwɔ. Mía nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo le Betel ɖoa dzideƒonamegbalẽ geɖe ɖe mí. Woɖoa ŋku Psalmo 41:4 me nyawo dzi na Martha edziedzi, si gblɔ be: “Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aba dzi nɔnɔ bubui.”
Le dɔlénya sesẽ siawo ta la, le ƒe 1986 me la, míetso nya me be ade dzinye wu be manye mɔɖela vevi le Kaválla, afisi mele si te ɖe mía vinyɔnu lɔlɔ̃a ƒe ƒome ŋu. Le March si va yi me la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a Martha ku, ewɔ nuteƒe vaseɖe ku me. Hafi wòaku ne nɔviwo va míaƒe aƒea me eye wobiae be: “Alekee nèfɔe?” hã la, eɖoa eŋu zi geɖe be: “Esi mele Yehowa ŋu kplikplikpli ta la, meli nyuie!” Ne míedzra ɖo ɖe kpekpewo ŋu vɔ alo míexɔ amekpekpe dzroamewo be míava subɔ le afisi nuŋeŋea sɔ gbɔ le la, Martha gblɔna be: “John, na míayi aɖasubɔ le afisi hiahiãa lolo wu le.” Dzo si nɔ eme metsi kpɔ gbeɖe o.
Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, eva hiã be nye hã makpe akɔ kple lãmegbegblẽ aɖe. Le March 1994 me la, wodom kpɔ hekpɔ be dzidɔ vɔ̃ɖi aɖe le ŋunye, eye ɖeko wòle be woawɔ dɔ nam. Megakpɔe ake be Yehowa ƒe asi nɔ eme lɔlɔ̃tɔe nɔ kpekpem ɖe ŋunye le ɣeyiɣi sesẽ sia me. Nyemaŋlɔ gbe si nutome sue dzikpɔla aɖe do ɖa le nye aba ŋu esi menɔ dzodzom le kɔdzi afisi wona beléle tɔxɛm le be o, nenema ke nyemaŋlɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã si dzi mekpɔ le kɔdzixɔ ma ke me, si me mía kple dɔnɔ ene siwo tsɔ ɖe le nyateƒea me kpɔ gome le la be o.
Yehowae Nye Míaƒe Kpeɖeŋutɔ
Ɣeyiɣi va yina kabakaba, eye míaƒe ŋutilã gbɔdzɔna, gake míaƒe gbɔgbɔ gazua yeye to nusɔsrɔ̃ kple subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Korintotɔwo II, 4:16) Ƒe 39 enye sia si megblɔ be, “Nyee nye esi, dɔm!” Dzidzɔgbenɔnɔ tseku bliboe wònye nam. Ẽ, ewɔna nam ɣeaɖewoɣi be “hiã tum, eye meɖo ko,” gake mate ŋu agblɔ ŋuɖoɖeŋutɔe na Yehowa be: “Nye kpeɖeŋutɔ kple xɔnametɔ nènye.” (Psalmo 40:18) Enye amenuveve Mawu nam vavã.
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Mía kple Martha le ƒe 1956 me
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Melidzeƒe si le Kaválla
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Mía kple Martha le ƒe 1997 me