INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 11/15 axa 28-31
  • Nukae Woate Ŋu Awɔ tso Dziɖeleameƒo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Woate Ŋu Awɔ tso Dziɖeleameƒo Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dziɖeleameƒo le Míaƒe Nyanyuigbɔgblɔdɔa Wɔwɔ Me
  • Nusi Míawɔ Dɔa Natse Ku Wu
  • Nukpɔsusu Nyui ƒe Amesinɔnɔ
  • Dziɖeleameƒo Kple Amewo Dome Ƒomedodowo
  • Ame Ŋutɔ ƒe Seselelãme Siwo Ðea Dzi le Ame Ƒo
  • Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kekeakewo Dometɔ Eve
  • Dziɖeleameƒo Dzi Ðuɖu Keŋkeŋ
  • Ale Si Nàwɔ Aɖu Dziɖeleameƒo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Gbɔgbɔ Kɔkɔea Doa Ŋusẽ Mí Be Míaɖu Tetekpɔwo Kple Dziɖeleameƒo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ðeɖi Tea Wo Ŋu Gake Womenaa Ta O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Woƒe Akaɖiwo Metsi O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 11/15 axa 28-31

Nukae Woate Ŋu Awɔ tso Dziɖeleameƒo Ŋu?

ALEKE woawɔ aɖu dziɖeleameƒo dzi? Nya siae wobia dzikpɔla mɔzɔla geɖe, amesiwo srãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔna edziedzi. Ŋuɖoɖo siwo wona ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro nusiwo gbɔ dziɖeleameƒo tsona me kple alesi woakpɔ nɔnɔme sia si ate ŋu ava Kristotɔ ɖesiaɖe dzi gbɔe.

Be woanɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu la, nu geɖe hiã wu nyawo léle kpɔ ko, gake gbedodoɖa alo ɖokuisinusɔsrɔ̃ si megadoa dzidzɔ na ame o, kpekpewo mademade edziedzi, dzo si meganɔa ame me o, kple vivimadomado ɖe zɔhɛ Kristotɔwo ŋu gɔ̃ hã ate ŋu anɔ dziɖeleameƒo ƒe dzesiawo dome. Gake dzesi siwo dzena wu dometɔ ɖekae nye nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ ƒe dzo si va nɔa tsitsim le ame me. Mina míalé ŋku ɖe dzesiawo ŋu eye míade ŋugble tso egbɔkpɔnuwo ŋu.

Dziɖeleameƒo le Míaƒe Nyanyuigbɔgblɔdɔa Wɔwɔ Me

Yesu Kristo nya nɔnɔme sesẽ siwo woado goe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. (Mateo 28:19, 20) Edɔ eyomedzelawo abe “alẽwo ene ɖe amegãxiwo dome,” eye enya be woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ana woati wo yome. (Mateo 10:16-23) Gake menye nusia tae wòle be dzi naɖe le wo ƒo o. Le nyateƒe me la, yometiti do ŋusẽ Mawu subɔla siwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gbedodoɖatɔe la zi geɖe.—Dɔwɔwɔwo 4:29-31; 5:41, 42.

Le ɣeyiɣi siwo me womenɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yome tim vevie o hã la, menye ɣesiaɣie woxɔa wo nyuie o. (Mateo 10:11-15) Nenema ke Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi egbea o.a Le ame geɖewo gome la, Mawu dzixɔse nye ame ŋutɔ ƒe nya si me womedina be yewoadzro kple ame bubu o. Ame bubuwo medi be nya aɖeke nanɔ yewo kple subɔsubɔha si ŋu wobua nazã ɖo la dome o. Ðikekemanɔmee la, ɖekematsɔleme, dɔa ƒe ku matsematse, alo kuxi bubu geɖe ate ŋu anye nu gã siwo gbɔ dziɖeleameƒo tsona. Aleke woawɔ aɖu kplamatsedonu siawo dzi?

Nusi Míawɔ Dɔa Natse Ku Wu

Dzidzɔ si míekpɔna le míaƒe subɔsubɔdɔa me ƒe akpa aɖe tso kutsetse siwo dona tsoa eme gbɔ. Ekema nukae míawɔ be míaƒe subɔsubɔdɔa natse ku geɖe? Míenye “ameɖelawo.” (Marko 1:16-18) Blema Israel tɔƒodelawo yia tɔƒo le zã me, si nye ɣeyiɣi si me woate ŋu aɖe lã geɖe. Ehiã be míawo hã míalé ŋku ɖe míaƒe anyigbamamawo ŋu ale be míayi “tɔƒo” le ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ le aƒeme eye gbedasia anya xɔ na wo wu. Esia ate ŋu anye le fiẽsiwo, kwasiɖanuwuwuwo, alo le ɣeyiɣi bubu aɖewo me. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be esia anya wɔ le teƒe siwo amewo wɔa dɔ ŋkeke bliboa katã le. Ede dzesii be zi geɖe la, kutsetse nyuiwo dona tsoa fiẽsiɖaseɖiɖi me. Telefondziɖaseɖiɖi alo vomeɖaseɖiɖi hã kpena ɖe mía ŋu míete ŋu ɖoa ame geɖe gbɔ.

Kutrikuku le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me tsea ku nyuiwo. Le Ɣedzeƒe Europa kple Afrika dukɔ aɖewo me la, Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa le afɔ tsɔm nyuie, eye ena dzidziɖedzi nyuiwo le vavam. Nenema ke woɖo hame geɖe le afisiwo wobu tsã be womele ku tsem o alo anyigbamama siwo me wowɔa dɔ le edziedzi gɔ̃ hã me. Gake ne tɔwò ya mele ku tsem alea o ɖe?

Nukpɔsusu Nyui ƒe Amesinɔnɔ

Ne taɖodzinu siwo gbɔ Yesu di be míaɖo le susu me na mí nyuie la, akpe ɖe mía ŋu be dzi maɖe le mía ƒo ne amewo metsɔ ɖeke le subɔsubɔdɔa me o. Kristo di tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woadi amesiwo dze, menye be woana amesiame natrɔ o. Egblɔe zi geɖe be ame akpa gãtɔ maxɔ nyanyuia o, abe alesi ko Israel-vi akpa gãtɔ meɖo to blema nyagblɔɖilawo o ene.—Xezekiel 9:4; Mateo 10:11-15; Marko 4:14-20.

Amesiwo ‘tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã mee’ xɔa “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la kple akpedada. (Mateo 5:3; 24:14) Wodi be yewoasubɔ Mawu le mɔ si wògblɔ nu. Eyata míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe kutsetse nɔ te ɖe ameawo ƒe dzi ƒe nɔnɔme dzi wu ŋutete si le mía si míetsɔ gblɔa gbedasia na wo. Ele eme baa be ele be míawɔ míatɔ sinua ana nyanyuia nadzro amewo ya. Gake emetsonua nɔ te ɖe Mawu dzi, elabena Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.”—Yohanes 6:44.

Nyanyuigbɔgblɔdɔ si míewɔna naa amewo nyaa Yehowa ƒe ŋkɔ. Amewo ɖasee alo womeɖasee o, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔa akpa aɖe le Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋutikɔkɔ me. Gakpe ɖe eŋu la, míetoa nyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ me ɖenɛ fiana be Kristo ƒe nusrɔ̃lawoe míenye, eye enye mɔnukpɔkpɔ na mí be míakpɔ gome le dɔ vevitɔ kekeake si wɔm wole le míaƒe ŋkekea me la me.—Mateo 6:9; Yohanes 15:8.

Dziɖeleameƒo Kple Amewo Dome Ƒomedodowo

Amewo dome ƒomedodo aɖewo ate ŋu ana dzi naɖe le ame ƒo, eɖanye le ƒomea me alo hamea me o. Le kpɔɖeŋu me, edzɔna be ame nase le eɖokui me be womesea yeƒe nɔnɔmewo gɔme o. Haxɔsetɔwo ƒe blibomademade hã ate ŋu ana dzi naɖe le mía ƒo. Ŋɔŋlɔawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe le afisia hã.

‘Nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo’ si le xexeame katã nye gbɔgbɔmeƒome gã ɖeka. (Petro I, 2:17) Gake ne masɔmasɔ ɖo amewo dome eye kuxiwo do mo ɖa la, sese le ame ɖokui me be yenye amesiwo dome ɖekawɔwɔ le la dometɔ ɖeka ate ŋu abu. Edze ƒã be kuxi siawo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã ŋu, elabena ehiã be apostolo Paulo naɖo ŋku edzi na wo edziedzi be woana ɖekawɔwɔ nanɔ wo dome. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃ nu Kristotɔ nyɔnu eve—Ewodia kple Sintixe—be woaɖɔ masɔmasɔ si nɔ wo dome la ɖo.—Korintotɔwo I, 1:10; Efesotɔwo 4:1-3; Filipitɔwo 4:2, 3.

Ne kuxi siae li la, ke nuka míawɔ ana lɔlɔ̃ vavãtɔ nagbugbɔ aɖo mía me na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo? Ele be míaɖo ŋku edzi be Kristo ku ɖe wo ta eye woawo hã xɔ eƒe tafevɔsa la dzi se abe míawo ke ene. Míate ŋu ana wòanɔ susu me na mí hã be mía nɔvi geɖe le klalo be yewoasrɔ̃ Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu atsɔ yewoƒe agbe aɖo anyi ɖe mía ta.

Ƒe aɖewoe nye si va yi le Paris, France la, ɖekakpui Ðasefo aɖe mehe ɖe megbe be yeatsɔ akplo aɖe si me wotsɔ bɔmb dee hetsɔ va da ɖe Fiaɖuƒe Akpata godo la ɖa le afima o. Etsɔe nɔ du dzi ɖiɖi atrakpui gbogbo aɖewo hafi tsɔe ƒu gbe ɖe ta aɖe me, afisi wòwó le. Esi wobiae be nukae ʋãe wòtsɔ eƒe agbe de afɔku me alea hã la, eɖo eŋu be: “Mekpɔe be míaƒe agbe nɔ afɔku me. Eyata mebui be enyo wu be nye ɖeka maku tsɔ wu be mí katã míaku.”b Yayra ka gbegbee nye si wònye be zɔhɛ siwo le klalo be yewoasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu pɛpɛpɛ la nanɔ ame si!

Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu ade ŋugble le ɖekawɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si nɔ Yehowa Ðasefo siwo nɔ fuwɔamegaxɔwo me le Xexemeʋa II wɔɣi dome la ŋu.c Nyitsɔ laa sia la, mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Malawi hã nɔ te sesĩe tsɔ ɖee fia be yewonye Kristotɔ vavãwo nenema ke. Ðe ŋkuɖoɖo edzi be mía nɔvi siwo mía kpli wo míele hame ɖeka me awɔ nu alea le nɔnɔme sesẽwo me maʋã mí be míaŋe aɖaba aƒu masɔmasɔ kple nya sesẽ siwo doa mo ɖa gbesiagbe la dzi alo aɖe wo dzi akpɔtɔ ya teti oa? Ne míena Kristo ƒe susu le mía si la, míaƒe gbesiagbe ƒomedodo kple hati tadeagulawo ana míaƒe dzi nadze eme ke manye esi aɖe dzi le mía ƒo o.

Ame Ŋutɔ ƒe Seselelãme Siwo Ðea Dzi le Ame Ƒo

“Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye.” (Lododowo 13:12) Le Yehowa subɔla aɖewo ƒe nukpɔsusu nu la, nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu mele vavam kaba alesi wosusui o. ‘Ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me nɔnɔ le sesẽm na Kristotɔwo abe alesi wo me nɔnɔ sesẽ na dzimaxɔsetɔwo hã ene.—Timoteo II, 3:1-5.

Gake to vovo na dzimaxɔsetɔwo la, ele be dzi nadzɔ Kristotɔwo ya ne woakpɔe be nɔnɔme sesẽ siawo nye Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe ‘dzesi,’ si ɖee fia be madidi o Mawu Fiaɖuƒea ahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwui. (Mateo 24:3-14) Ne nɔnɔmeawo va vloe ɖe edzi—abe alesi wòanɔ le “xaxa gã” la me kokoko ene gɔ̃ hã la—nudzɔdzɔ siawo ana míakpɔ dzidzɔ, elabena wole eɖem fia be Mawu ƒe xexeme yeyea gogo.—Mateo 24:21; Petro II, 3:13.

Ne Kristotɔ tsɔe be axɔ ɣeyiɣi didi hafi Fiaɖuƒea nava de nu egbegbe nyawo me la, ana wòava nɔ ɣeyiɣi geɖe zãm atsɔ anɔ ŋutilãmenuwo dimee. Ne wòaɖe mɔ nanewo abe ŋutilãmedɔ kple modzakaɖeɖe ene naxɔ eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã la, asesẽ nɛ be wòakpɔ agbanɔamedzi siwo Ŋɔŋlɔawo da ɖe edzi la gbɔ nyuie. (Mateo 6:24, 33, 34) Nɔnɔme sia naa mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame eye dzi ɖena le ame ƒo mlɔeba. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Mesɔ be woadi be nuwo nanɔ na ame abe nuɖoanyi yeyea mee míele ene le nuɖoanyi sia me o.”

Egbɔkpɔnu Nyuitɔ Kekeakewo Dometɔ Eve

Esi míekpɔ nusiwo gbɔ dziɖeleameƒo tsona la, aleke míawɔ akpɔ egbɔkpɔnu nyuitɔ? Mɔ nyuitɔ kekeake siwo li dometɔ ɖekae nye ɖokuisinusɔsrɔ̃. Nukatae? Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Enaa míeɖoa ŋku nusita wòle be míawɔ nusi wɔm míele la dzi.” Bubu hã gaɖe nu me be: “Ne míetsɔe ko be gbeƒãɖeɖedɔa nye agbanɔamedzi ta koe míele eɖem la, ava wu tsɔtsɔ na mí gbeɖeka.” Gake ɖokuisinusɔsrɔ̃ nyuie kpena ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si le míaƒe dɔdasiwo ŋu esi míele nuwuwua gogom. Le susu ma ke nu la, Ŋɔŋlɔawo ɖoa ŋku alesi wòhiã be míaɖu nu aɖi ƒo nyuie le gbɔgbɔ me ale be dzidzɔ vavãtɔ nanɔ mía me ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu dzi na mí zi geɖe.—Psalmo 1:1-3; 19:8-11; 119:1, 2.

Hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woaɖu dziɖeleameƒo dzi ne wosrã wo kpɔ hede dzi ƒo na wo. Ne hamemegãwo yi ɖasrã ameawo ɖeɖe kpɔ la, woate ŋu aɖee fia wo be wokpɔa ŋudzedze ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu eye mí katã míewɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe amewo dome. (Korintotɔwo I, 12:20-26) Esi hamemegã aɖe nɔ nu ƒom tso hati Kristotɔwo ŋu la, egblɔ be: “Be maɖee fia wo be wole vevie la, meɖoa ŋku dɔ nyui si wowɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me dzi na wo. Meɖenɛ fiaa wo be wole vevie le Yehowa ƒe ŋkume, eye be etsɔ Via ƒe ʋu na ɖe wo ta. Nya sia doa dzidzɔ na wo ɣesiaɣi. Ne menya tsɔ Biblia ƒe akpa siwo tututu ku ɖe nyaa ŋu ɖo kpe edzii ko la, amesiwo ƒo dzi ɖe le te ŋu gaɖoa taɖodzinu yeyewo abe ƒomea ƒe nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa kple Biblia xexlẽ ene na wo ɖokui.”—Hebritɔwo 6:10.

Ne hamemegãwo le sasrãkpɔwo wɔm la, ele be woakpɔ nyuie be woagana wòadze abe ɖe wòsesẽ be woadze Mawu ŋu ene o. Ke boŋ hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe hati subɔla siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu woakpɔe be agba si tsɔm Yesu yomedzelawo le la le wodzoe. Le esia ta dzidzɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si míewɔna la me.—Mateo 11:28-30.

Dziɖeleameƒo Dzi Ðuɖu Keŋkeŋ

Nuka ke gbɔe dziɖeleameƒo tsona o; enye kuxi si dzi wòle be woaɖu. Gake ɖo ŋku edzi be menye míawo ɖeɖee le aʋa sia wɔm o. Ne dzi ɖe le mía ƒo la, mina míaxɔ kpekpeɖeŋu si mía hati Kristotɔwo, vevietɔ hamemegãwo nana la. Ne míewɔe alea la, dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo dzi aɖe akpɔtɔ na mí.

Ƒo wo katã ta la, ele be míatrɔ ɖe Mawu ŋu wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu gbedodoɖatɔe la, akpe ɖe mía ŋu míaɖu dziɖeleameƒo dzi keŋkeŋ. (Psalmo 55:23; Filipitɔwo 4:6, 7) Aleke ke wòɖale o, esi míenye eƒe amewo ta la, míate ŋu ase le mía ɖokui me abe hakpala la ene, amesi dzi ha be: “Woayra dukɔ, si nya aseyetsotso! Yehowa, woazɔ le wò ŋku me kekeli me. Woatso aseye le wò ŋkɔ me gbawotsyogbe, eye woado wò ɖe dzi le wò dzɔdzɔenyenye me. Elabena woƒe ŋusẽ ƒe atsyɔ̃ nènye, eye míaƒe dzo kɔ ɖe dzi to wò amenuveve me.”—Psalmo 89:16-18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ nyati si nye “Tso Aƒeme Yi Aƒeme Dɔa ƒe Kuxi” si le May 15, 1981 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.

b Kpɔ February 22, 1985, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 12 kple 13.

c Kpɔ nyati siwo nye “Metsi Agbe le ‘Kuzɔli’ la Me” le August 15, 1980, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, kple “Nuteƒewɔwɔ me Léle Ðe Asi le Nazi Germany” le June 22, 1985, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Hamemegã lɔ̃amewo ƒe sasrãkpɔ tuameɖowo ate ŋu akpe ɖe Kristotɔwo ŋu woaɖu dziɖeleameƒo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe