Kristmasɖuɖu—le Ɣedzeƒe
• ANƆ ƑE ALAFA EVE ENYE SIA LA, Koreatɔ agbalẽnyala aɖe si nye ame ŋkuta ɖi tsa yi Peking, China. Esi wònɔ nutata si le gbedoxɔgã aɖe ƒe xɔdzisasrã dzi kpɔm la, ekpɔ Maria wòlé Yesu si nye ɖevi la ɖe asi le nutataa me. Egblɔ le nutata wɔmoyaa sia ŋu be:
“Nyɔnu aɖe kɔ ƒe atɔ̃ alo ƒe ade vi aɖe si ɖi dɔnɔ la ɖe ata dzi. Nyɔnua de mo to abe ɖe via ƒe nu le nublanui wɔm nɛ ale gbegbe be megate ŋu le ɖevia ƒe ŋkume kpɔm o ene. Eye ŋɔliwo kple vidzĩ gbogbo aɖewo siwo to aʋala nɔ dzodzom nɔ xlã ƒom le wo megbe ɖaa. Esi menɔ wo kpɔm dũ la, ewɔ abe ɖe woage adze dzinye ɣesiaɣi faa ene. Wo kpɔkpɔ wɔ mo yaa nam ale be medo asi ɖa be maxe wo.”
NYA sia dzɔ ɣeyiɣi didi aɖe si Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoa dze egɔme le Europa megbe, si nye ɣeyiɣi didi aɖe le Titinaɣeyiɣi siwo me nuwo me mekɔ o la megbe. Gake Ɣedzeƒetɔ akpa gãtɔ menya Kristotɔnyenye ɣemaɣi o abe alesi womenya nu tso nutata la ŋutɔ ŋu o ene. Aleke gbegbe nɔnɔmea trɔe enye si! Le Kristmasɖuɣi ɖesiaɖe la, wotaa Yesu si nye vidzĩ ɖe nɔnɔme geɖe me. Ɣedzeƒetɔwo va nya nutata siawo ale gbegbe eye ablɔ siwo le afima la dometɔ geɖe ɖi esiwo le Europa.
Le November 25, 1998, ƒe fiẽ si nye ɣleti ɖeka do ŋgɔ na Kristmas la, wosia akaɖi siwo wu 100,000 ɖe ati 300 siwo le Champs Élysées ƒe ablɔ xɔŋkɔ si le Paris la dzi wonɔa keklẽm. Nenema ke le ablɔ aɖe si le Seoul, Korea, ƒe asitsaƒe dzi la, fiase gã aɖe si me wodzraa nu vovovowo le la dzi kpɔlawo tua Kristmasti gã aɖe eye wodzea akaɖi siwo anɔ anyi zã bliboa katã le fiadua me la sisi gɔme. Ema megbe kpuie la, wotsɔa Kristmasnuwo doa atsyãe na eƒe ablɔwo.
Gbesiagbe la, Kristmas ŋuti wɔnawo yia edzi le television kple radio dzi, eye woƒoa nu tso eŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Kristmasɖuɖu ƒe dzidzɔ xɔa dukɔ bliboa katã me eye amewo nɔa mɔ kpɔm na ƒea ƒe nuwuwu vevie. Woɖoa atsyɔ̃ na gbedoxɔ siwo le Seoul, siwo ƒe agbɔsɔsɔ wɔa mo yaa na tsaɖila geɖe, la kabakaba. Eyata Kristmasɖuɖu ƒe gbɔgbɔ xɔa Korea kple Ɣedzeƒedukɔ bubuwo me le ɣeyiɣi si me wonɔa Akpedaŋkeke ɖum le United States le November ƒe nuwuwu lɔƒo.
Womebua Ɣedzeƒedukɔ geɖe dea Kristodukɔa me o. Le kpɔɖeŋu me, Koreatɔ 26.3 le alafa me koe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye. Wonye ame 7.9 le alafa me le Hong Kong, ame 7.4 le alafa me le Taiwan, eye ame 1.2 ko wonye le Japan. Edze ƒã be Ɣedzeƒetɔ akpa gãtɔ mele Kristotɔnyenye me o, gake edze abe wote ŋu ɖua Kristmas faa ene. Le nyateƒe me la, edzena zi geɖe be wotsɔa dzo ɖe eɖuɖu ŋu wu Ɣetoɖoƒetɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ame geɖe nya be woɖua Kristmas le atsyɔ̃ɖoɖo gã me le Hong Kong, togbɔ be afimanɔlawo ƒe akpa gãtɔ nye Buddhatɔwo loo alo Taotɔwo hã. Le China, afisi ame 0.1 le alafa me koe gblɔ be yewonye Kristɔtɔwo le gɔ̃ hã la, amesiwo va le Kristmas ɖum ƒe agbɔsɔsɔ le dzidzim ɖe edzi kabakaba.
Nukata ame geɖe ɖua Kristmas nenema gbegbe le Ɣedzeƒedukɔwo me? Nukata amesiwo mexɔ Yesu be eyae nye Mesia la o va le gome kpɔm le Kristmas, si amesiwo gblɔ be Kristotɔwoe yewonye la buna be enye eƒe dzigbezãe la ɖuɖu me? Ðe wòle be Kristotɔ vavãwo nasrɔ̃ alesi wobua Kristmas laea? Míakpɔ ŋuɖoɖoawo ne míedzro alesi Kristmas wɔ va xɔ ŋkɔ le Korea, si nye Ɣedzeƒedukɔ si li tso blema ke la me.