INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 9/1 axa 19-24
  • Míaƒe Domenyinu Xɔasi La—Nukae Wòfia Na Wò?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Domenyinu Xɔasi La—Nukae Wòfia Na Wò?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Domenyinu si Wotsɔ To Abraham Dzi
  • Amesiwo Do Vlo Domenyinua
  • Dziƒo Domenyinu
  • Domenyinu Xɔasi aɖe na Ameha Gã Aɖe
  • Ame Kae Nye Abraham?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Yehowa Yɔ Abraham Be “Xɔ̃nye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Xɔse Ƒe Dodokpɔ Aɖe
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • “Mido Ŋusẽ Miaƒe Dziwo”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 9/1 axa 19-24

Míaƒe Domenyinu Xɔasi La—Nukae Wòfia Na Wò?

“Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!”—MATEO 25:34.

1. Nukawo ƒomevi domee amewo nyi?

AMEGBETƆ ɖesiaɖe nyi nane ƒe dome. Le ame aɖewo gome la, domenyinua ate ŋu anye be ŋutilãmenuwo de wo dzi le agbe me. Ame bubuwo tɔ ate ŋu anye koɖoɖo. Le ame aɖewo gome la, dzidzime siwo do ŋgɔ nɔa te ɖe nusi teƒe wokpɔ alo se dzi gblẽa domenyinu si nye fuléle gbebubudolawo kaɖikaɖi ɖi na woƒe megbeviwo. Gake nu ɖeka aɖe le mí katã si. Mí katã míenyi nuvɔ̃ dome tso ame gbãtɔ Adam gbɔ. Ku mee domenyinu ma kplɔa ame yinɛ mlɔeba.—Nyagblɔla 9:2, 10; Romatɔwo 5:12.

2, 3. Le gɔmedzedzea me la, domenyinu kae Yehowa tsɔ na be wòate ŋu aka Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo si, eye nukatae meka wo si o?

2 Esi Yehowa nye Dziƒofofo lɔ̃ame ta la, domenyinu si to vovoe wòna ameƒomea le gɔmedzedzea me—si nye agbe deblibo nɔnɔ le Paradiso me. Ena mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze agbe gɔme le blibodede me. Yehowa Mawu tsɔ Ɣletinyigbaa na ameƒomea wònye nunana. (Psalmo 115:16) Etsɔ Eden-bɔa na wo wònye kpɔɖeŋu na alesi anyigba bliboa ava zu eye wòtsɔ dɔ nyui si bia agbagbadzedze ɖo mía dzila gbãtɔawo ŋkume. Edi tso wo si be woadzi viwo, alé be na anyigba kple numiemie kpakple lã ƒomevi vovovo siwo le edzi, eye be woakeke Paradisoa ɖe enu wòaxɔ anyigba bliboa dzi. (Mose I, 1:28; 2:8, 9, 15) Wo viwo akpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Domenyinu nyui ka gbegbee nye si wòanye woatsɔ ana wo!

3 Gake hafi Adam kple Xawa kpakple wo viwo nase nusiawo katã ƒe vivi la, ahiã be ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Mawu dome. Wonyi lɔlɔ̃ kple toɖoɖo ƒe fe le Yehowa si, gake Adam kple Xawa do kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi Mawu tsɔ na wo ŋu eye wogbe eƒe se dzi wɔwɔ. Woƒe Paradiso-ƒea kple mɔkpɔkpɔ nyui siwo Mawu tsɔ ɖo wo ŋkume ge le wo si. Eyata womete ŋu gblẽ nusiawo ɖi na wo viwo wova nyi wo dome o.—Mose I, 2:16, 17; 3:1-24.

4. Aleke míawɔ be domenyinu si ge le Adam si nasu mía si?

4 Nublanuikpɔkpɔtɔe la, Yehowa wɔ ɖoɖo be mɔnukpɔkpɔ nate ŋu asu Adam kple Xawa viwo si bene domenyinu si ge le Adam si nate ŋu agaka wo si. Alekee? Le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi la, eya ŋutɔ Via, Yesu Kristo, tsɔ amegbetɔ ƒe agbe deblibo si wònɔ la na ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ta. Kristo to mɔ sia nu gbugbɔ ƒle wo katã. Gake domenyinua mesua wo si naneke mawɔmawɔ tso eŋui o. Ahiã be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye akpɔe ɖe wo ŋu ne woɖee fia be yewoxɔe se be Yesu ƒe vɔsaa te ŋu léa avu ɖe nuvɔ̃wo ta eye woɖe dzixɔse sia fia to toɖoɖo me. (Yohanes 3:16, 36; Timoteo I, 2:5, 6; Hebritɔwo 2:9; 5:9) Ðe alesi nènɔa agbee ɖenɛ fiana be èkpɔ ŋudzedze ɖe nunanaa ŋua?

Domenyinu si Wotsɔ To Abraham Dzi

5. Aleke Abraham ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe wo kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu fiae?

5 Esi Yehowa nɔ tame si wòɖo ɖe anyigbaa ŋu dzi wɔm la, ewɔ nu etɔxɛe kple Abraham. Egblɔ na nuteƒewɔla ma be wòaʋu le wo dedukɔ me ayi anyigba si Mawu ŋutɔ afiae dzi. Abraham lɔ̃ faa ɖo to. Esi Abraham ɖo afima vɔ la, Yehowa gblɔ be Abraham ƒe dzidzimeviwoe axɔ anyigbaa wòanye woƒe domenyinu ke menye eya Abraham ŋutɔ ye o. (Mose I, 12:1, 2, 7) Aleke Abraham wɔ nui? Elɔ̃ faa be yeasubɔ Yehowa le afisiafi si Mawu afia ye kple alesi wòafia ye bene yeƒe dzidzimeviwo nate ŋu axɔ domenyinua. Abraham subɔ Yehowa le anyigba si menye etɔ o dzi ƒe 100 sɔŋ, vaseɖe esime wòku. (Mose I, 12:4; 25:8-10) Anye nenemae nàwɔ nuia? Yehowa gblɔ be Abraham nye ye ‘xɔlɔ̃.’—Yesaya 41:8.

6. (a) Nuka ƒe kpɔɖeŋue Abraham wɔ esi wòlɔ̃ be yeatsɔ ye viŋutsua asa vɔe? (b) Domenyinu xɔasi kae Abraham ate ŋu agblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwo?

6 Abraham lala ƒe geɖe hafi dzi viaŋutsu, Isak, si gbɔ melɔ̃a nu le o. Esi wòdze ƒã be ŋutsuvia tsi ɖo ŋutsume la, Yehowa gblɔ na Abraham be wòakplɔ ŋutsuvia ayi aɖasa vɔe na ye. Abraham menya be nusi Mawu ŋutɔ ava wɔ atsɔ Via ana tafee ƒe kpɔɖeŋu enye ema wɔ ge yeyina o; ke hã eɖo to eye esusɔ be wòawu Isak atsɔe asa vɔe esime Yehowa ƒe dɔla va ɖo asi edzi. (Mose I, 22:9-14) Yehowa gblɔe xoxo be ŋugbe siwo yedo na Abraham ava eme to Isak dzi. Eyata edze ƒã be Abraham xɔe se be ne ahiã la, Mawu ate ŋu agbɔ agbe Isak tso ame kukuwo dome, togbɔ be womewɔ nu ma tɔgbe aɖeke do ŋgɔ kpɔ o hã. (Mose I, 17:15-18; Hebritɔwo 11:17-19) Le esi Abraham megbe via gɔ̃ hã tsɔtsɔ na o ta la, Yehowa gblɔ be: “To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Mose I, 22:15-18) Esia fia be Dzidzimevi si woyɔ le Mose I, 3:15, si nye xɔla, Mesia la, adzɔ tso Abraham ƒe dzidzimeviwo me. Domenyinu xɔasi ka gbegbee nye si wònye woagblẽ ɖi na megbeviwo!

7. Aleke Abraham, Isak, kple Yakob ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe woƒe domenyinua ŋui?

7 Abraham menya nusi wɔm Yehowa nɔ ɣemaɣi ƒe vevienyenye o; eye via Isak alo tɔgbuiayɔvi Yakob, amesiwo va zu ‘ŋugbedodo ma ke ƒe hadomenyilawo’ hã menyae o. Gake wo katã ka ɖe Yehowa dzi. Womewɔ ɖeka kple du siwo nye fiaɖuƒewo le anyigbaa dzi o elabena wonɔ nusi nyo wu dim—“du, si gɔmeɖoɖoanyi li na, esi ƒe aɖaŋuwɔla kple tula enye Mawu.” (Hebritɔwo 11:8-10, 13-16) Ke hã menye Abraham ƒe dzidzimeviwo katãe kpɔ ŋudzedze ɖe domenyinu si wona to Abraham dzi ƒe asixɔxɔ ŋu o.

Amesiwo Do Vlo Domenyinua

8. Aleke Esau ɖee fia be yemekpɔ ŋudzedze ɖe yeƒe domenyinu ƒe asixɔxɔ ŋu o?

8 Esau, amesi nye Isak viŋutsu tsitsitɔ, do kpo asixɔxɔ dede eƒe ŋgɔgbevinyenye ŋu. Mekpɔ ŋudzedze ɖe nu kɔkɔewo ŋu o. Eyata gbeɖeka esi dɔ nɔ Esau wum la, etsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenyea dzra na nɔvia Yakob. Nukae wòxɔ ɖe eta? Abolo kple bɔbɔ! (Mose I, 25:29-34; Hebritɔwo 12:14-17) Dukɔ si dzi ŋugbe siwo Mawu do na Abraham ato ava eme la va dzɔ tso Yakob, amesi ƒe ŋkɔ Mawu trɔ zu Israel, me. Mɔnukpɔkpɔ kawoe domenyinu ma ʋu ɖi na wo?

9. Le Yakob, alo Israel, ƒe dzidzimeviwo ƒe gbɔgbɔmedomenyinua ta la, aleke woɖe woe?

9 Le dɔŋɔli aɖe la, Yakob kple eƒe ƒomea ʋu yi Egipte. Wodzi ɖe edzi hesɔ gbɔ le afima, gake wova zu kluviwo hã. Gake Yehowa meŋlɔ nu si wòbla kple Abraham be o. Mawu ɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le eƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi eye wòna wonya be yele wo kplɔ ge ayi “anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi, si nye anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham.—Mose II, 3:7, 8; Mose I, 15:18-21.

10. Le Sinai Toa gbɔ la, nu tɔxɛ bubu kawoe gadzɔ ku ɖe Israel-viwo ƒe domenyinua ŋu?

10 Esi Israel-viwo nɔ mɔ dzi yina Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa ƒo wo nu ƒu ɖe Sinai Toa gbɔ. Egblɔ na wo le afima be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!” (Mose II, 19:5, 6) Esi dukɔa tso wo ɖokui me lɔ̃ ɖe nya sia dzi kple nusɔsɔe vɔ la, Yehowa tsɔ eƒe Se na wo—enye nusi mewɔ na dukɔ bubu aɖeke o.—Psalmo 147:19, 20.

11. Nu xɔasi siwo kpe ɖe Israel-viwo ƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

11 Gbɔgbɔmedomenyinu ka gbegbee nye si su dukɔ yeye ma si! Wosubɔa Mawu vavã ɖeka kolia la. Eɖe wo tso Egipte eye wokpɔ nudzɔdzɔ doŋɔdzinamewo teƒe esime wotsɔ Sea na le Sinai Toa gbɔ. Asixɔxɔ gaɖo woƒe domenyinua ŋu ɖe edzi esi wogaxɔ ‘Mawu ƒe numenya kɔkɔewo’ kpee to nyagblɔɖilawo dzi. (Romatɔwo 3:1, 2) Yehowa tia wo be woanye yeƒe ɖasefowo. (Yesaya 43:10-12) Dzidzimevi si nye Mesia ado tso woƒe dukɔa me. Sea fia asii, aɖee afia wo, eye ele be wòakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be yewo hiãe. (Galatiatɔwo 3:19, 24) Gakpe ɖe eŋu la, woana mɔnukpɔkpɔ wo be woasubɔ kple Dzidzimevi si nye Mesia la anye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe.—Romatɔwo 9:4, 5.

12. Togbɔ be Israel-viwo te ŋu ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi hã la, nuka mee womete ŋu se vivi le o? Nukatae?

12 Le Yehowa ƒe ŋugbedodoa dzi wɔwɔ me la, ekplɔ Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi. Gake abe alesi apostolo Paulo ɖe eme emegbe ene la, anyigba la meva nye ‘gbɔɖemeƒe’ ŋutɔŋutɔ o le woƒe dzimaxɔse ta. Dukɔ hahooa mege ɖe “Mawu ƒe dzudzɔ” me o le esi womete ŋu kpɔ tameɖoɖo si le Mawu ƒe dzudzɔgbe si dze egɔme le Adam kple Xawa wɔwɔ vɔ megbe ŋu dze sii hedze agbagba wɔ nusi wɔ ɖeka kplii o ta.—Hebritɔwo 4:3-10.

13. Le esi Israel-dukɔa do kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe woƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu ta la, nukae ge le wo si?

13 Anye ne dzɔdzɔme Israel ate ŋu akpɔ ame xexlẽme si katã aɖu fia kple Mesia la le eƒe dziƒo Fiaɖuƒea me azu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe hafi. Gake womekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe domenyinu xɔasia ŋu o. Dzɔdzɔme Israel-vi ʋɛ aɖewo koe xɔ Mesia la esime wòva. Ewɔe be woƒe xexlẽme sue aɖe koe wotsɔ kpe ɖe nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe si ŋugbe wodo ŋu. Woxɔ Fiaɖuƒea le dzɔdzɔme Israel si eye ‘wotsɔe na dukɔ si tsea eƒe ku.’ (Mateo 21:43) Dukɔ kae wònye?

Dziƒo Domenyinu

14, 15. (a) Le Yesu ƒe ku megbe la, aleke dukɔwo to Abraham ƒe ‘dzidzimevia’ dzi yra wo ɖokuii? (b) Domenyinu kae “Mawu ƒe Israel” me tɔwo axɔ?

14 Dukɔ si wotsɔ Fiaɖuƒea na enye “Mawu ƒe Israel,” si nye gbɔgbɔ me Israel, si me tɔwo nye Yesu Kristo yomedzela 144,000 siwo wotsɔ gbɔgbɔ dzii. (Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1-3) Ame 144,000 siawo dometɔ aɖewo nye dzɔdzɔme Yudatɔwo, gake wo dometɔ akpa gãtɔ nye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo. To mɔ sia nu la, ŋugbe si Yehowa do na Abraham be dukɔwo katã ayra wo ɖokui to eƒe ‘dzidzimevi’ dzi la te emevava. (Dɔwɔwɔwo 3:25, 26; Galatiatɔwo 3:8, 9) Le emevava gbãtɔ ma me la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na dukɔwo me tɔwo eye woxɔ wo wozu Yehowa Mawu ƒe gbɔgbɔmeviwo, Yesu Kristo nɔviwo. Ewɔe be woawo hã va zu ‘dzidzimevia’ ƒe akpa evelia.—Galatiatɔwo 3:28, 29.

15 Hafi Yesu naku la, etsɔ nubabla yeye, si dzi woatsɔ eya ŋutɔ ƒe ʋu aɖo kpee la ɖo Yudatɔ siwo gbɔna dukɔ yeyea me tɔwo nye ge la ŋkume. Woanɔ te ɖe amesiwo woxɔ va nubablaa me ƒe kpeɖodzi vɔsaa dzixɔxɔse dzi awɔ wo ‘ame deblibowoe tegbee.’ (Hebritɔwo 10:14-18) Woate ŋu ‘abu wo ame dzɔdzɔewoe’ eye woatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. (Korintotɔwo I, 6:11) Eyata le susu ma nu la, wole abe alesi Adam nɔ hafi wɔ nuvɔ̃ ene. Gake amesiawo manɔ paradisonyigba dzi o. Yesu gblɔ be yeyina nɔƒe dzra ge ɖo ɖi na wo le dziƒo. (Yohanes 14:2, 3) Woɖe asi le woƒe anyigba dzi mɔnukpɔkpɔwo ŋu kple susu be ‘domenyinu si wodzra ɖo ɖi na wo le dziƒo’ nasu wo si. (Petro I, 1:4) Nukae woawɔ le afima? Yesu ɖe eme be: “Mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi.”—Luka 22:29.

16. Subɔsubɔdɔ wɔnuku kae le ŋgɔ na Kristotɔ amesiaminawo?

16 Nusiwo amesiwo aɖu fia kple Kristo anɔ dziƒo awɔ dometɔ aɖewoe nye be woakpe asi ɖe eŋu woaɖe aglãdzedze ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu ƒomevi ɖesiaɖe ɖa. (Nyaɖeɖefia 2:26, 27) Esi wonye Abraham ƒe gbɔgbɔ me dzidzimevia ƒe akpa evelia ta la, woanɔ eme woatsɔ agbe deblibo nɔnɔ ayra dukɔwo katã me tɔwo. (Romatɔwo 8:17-21) Domenyinu xɔasi ka gbegbee nye si su wo si!—Efesotɔwo 1:16-18.

17. Kristotɔ amesiaminawo ƒe domenyinua ƒe akpa kawoe su wo si esi wokpɔtɔ le anyigba dzi?

17 Gake menye etsɔmee Yesu yomedzela amesiaminawo ƒe domenyinua katã ava le o. Yesu to mɔ aɖe si ame aɖeke mate ŋu ato o nu kpe ɖe wo ŋu xoxo be wodze si Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la. (Mateo 11:27; Yohanes 17:3, 26) Eto nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋuɖoɖo dzi fia wo nusi wòfia be ‘woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu’ kple nusi toɖoɖo Yehowa lɔ ɖe eme. (Hebritɔwo 2:13; 5:7-9) Yesu na wodze si nyateƒe si ku ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu eye wòka ɖe edzi na wo be gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe wo ŋu be woagase egɔme bliboe. (Yohanes 14:24-26) Ena Mawu Fiaɖuƒea ƒe vevienyenye tsi woƒe dzi kple susu me. (Mateo 6:10, 33) Azɔ hã Yesu de dɔ asi na wo be woaɖi ɖase awɔ amesiwo le Yerusalem, Yudea, Samaria, kple anyigbaa ƒe seƒe kekeake be woazu nusrɔ̃lawo.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.

Domenyinu Xɔasi aɖe na Ameha Gã Aɖe

18. Mɔ ka nue ŋugbe si Yehowa do be dukɔwo katã me tɔwo ayra wo ɖokui to Abraham ƒe ‘dzidzimevi’ dzi le eme vam le egbea?

18 Anɔ eme be wotia gbɔgbɔ me Israel, Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo ƒe “ha sue” ma ƒe xexlẽme bliboa. (Luka 12:32) Ƒe bla nanewoe nye sia si Yehowa trɔ susu ɖe ame bubuwo ƒe ha gã aɖe si tso dukɔwo katã me nu ƒoƒo ƒu ŋu. Ewɔe be ŋugbe si Yehowa do na Abraham be dukɔwo katã ayra wo ɖokui to eƒe ‘dzidzimevi’ dzi la le eme vam le mɔ gã aɖe nu. Yayrame siawo hã tsɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm na Yehowa eye wodze sii be yewoƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖe Mawu ƒe Alẽvi, Yesu Kristo dzixɔxɔse dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Ðe nèxɔ amekpekpe si Yehowa le amewo kpem amenuvevetɔe be nàva zu hatsotso kpɔdzidzɔ sia me tɔa?

19. Domenyinu kae dukɔwo me tɔ siwo yram wole fifia le mɔ kpɔm na?

19 Domenyinu xɔasi kae Yehowa le tsɔtsɔm na amesiwo mele alẽha sue la me o? Menye dziƒodomenyinue wònye kura o. Domenyinu si anye ne Adam atsɔ ana eƒe dzidzimeviwo hafi ye wònye—enye agbe deblibo nɔnɔ tegbee le paradiso si axɔ anyigba katã dzi vivivi ƒe mɔkpɔkpɔ. Anye xexe si me ‘ku maganɔ akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ o.’ (Nyaɖeɖefia 21:4) Ekema wòe Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me le gbɔgblɔm na be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyui! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware! Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò. Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:3, 4, 10, 11, 29.

20. Aleke ‘alẽ bubuawo’ sea vivi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmedomenyinua ƒe akpa geɖee?

20 Domenyinu le Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ si le dziƒo Fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒe le anyigba dzi. (Yohanes 10:16a) Togbɔ be womanɔ dziƒo o hã la, wotsɔ gbɔgbɔmedomenyinu si ƒe vivi sem amesiaminawo le ƒe akpa geɖe na wo. Amesiaminawo, “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe hatsotso bliboa, dzie woto be alẽ bubuawo se ŋugbedodo xɔasi siwo le Mawu ƒe Nyaa me gɔme. (Mateo 24:45-47; 25:34) Le ɖekawɔwɔ me la, amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa nya Mawu vavã, Yehowa, eye wole esubɔm. (Yohanes 17:20, 21) Wowɔ ɖeka daa akpe na Mawu ɖe Yesu ƒe vɔsa si léa avu ɖe nuvɔ̃wo ta la ta. Le ɖekawɔwɔ me wonye alẽha ɖeka le subɔsubɔm le Alẽkplɔla ɖeka, si nye Yesu Kristo, te. (Yohanes 10:16b) Wo katã wonye xexeame godoo nɔvihabɔbɔ si me lɔlɔ̃ le me tɔwo. Mɔnukpɔkpɔa su wo katã si be wonye Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea ƒe Ðasefowo. Ẽ, ne Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke esiawo katã kpe ɖe wò gbɔgbɔmedomenyinua ŋu.

21, 22. Aleke mí katã míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ míaƒe gbɔgbɔmedomenyinua ŋu?

21 Aleke gbegbee gbɔgbɔmedomenyinu sia xɔ asi na wòe? Ðe nèdea asixɔxɔ eŋu ale gbegbe be èna Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nye nu vevitɔ kekeake le wò agbe mea? Ðe ema ƒe kpeɖodzie nye be èwɔna ɖe eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi hedea Kristo-hamea ƒe kpekpewo katã edziedzia? (Hebritɔwo 10:24, 25) Ðe domenyinua xɔ asi na wò ale gbegbe be nèyia edzi subɔa Mawu togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽna hã? Ðe alesi nèkpɔa ŋudzedze ɖe eŋu sẽ ŋu ale gbegbe be edoa ŋusẽ wò be nète ŋu tsia tre ɖe tetekpɔ ɖesiaɖe si ate ŋu ana wòage le asiwò ŋua?

22 Neva eme be mí katã míade asixɔxɔ gbɔgbɔmedomenyinu si Mawu na mí ŋu. Esi míaƒe ŋku le Paradiso si gbɔna dzi vevie la, mina míakpɔ gome bliboe le gbɔgbɔmemɔnukpɔkpɔ siwo ƒe mɔ Yehowa ʋuna ɖi na mí fifia me. Ne míena míaƒe agbenɔnɔ nɔ te ɖe mía kple Yehowa dome ƒomedodo dzi nyateƒe la, ke míele kpe ɖom alesi gbegbe domenyinu si Mawu na mí xɔ asi na míi la dzi ɖikekemanɔŋui. Neva eme be míanɔ amesiwo agblɔ be, “Nye Mawu, mado wò ɖe dzi, wò fia, eye makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee” la dome.—Psalmo 145:1.

Aleke Nàɖe Wo Mee?

• Ne ɖe Adam wɔ nuteƒe na Mawu la, anye ne domenyinu kae wòatsɔ ana mí?

• Aleke Abraham ƒe dzidzimeviwo wɔ nu ɖe domenyinu si nɔ anyi na wo ŋui?

• Nukawoe Kristo yomedzela amesiaminawo ƒe domenyinua lɔ ɖe eme?

• Nukae nye ameha gã la ƒe domenyinu, eye aleke woate ŋu aɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu nyateƒe?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Abraham ƒe dzidzimeviwo xɔ domenyinu xɔasi si ƒe ŋugbe wodo na wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Èkpɔa ŋudzedze ɖe wò gbɔgbɔmedomenyinua ŋua?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe