INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 2/1 axa 3
  • Tenɔnɔ Ðe Afɔkuwo Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tenɔnɔ Ðe Afɔkuwo Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dedienɔnɔ le Xexe si me Afɔku Bɔ Ðo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Aɖaŋuɖoɖo Siwo Wɔa Dɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
    Nyɔ!—1992
  • Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Lãmesẽ Ta
    Nyɔ!—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 2/1 axa 3

Tenɔnɔ Ðe Afɔkuwo Nu

“Nu ɖeka pɛ hã meli nàwɔ le gbesiagbegbenɔnɔ me—anyimɔmlɔ hã le eme—si me afɔku mele le agbe me o.”—Discover magazine.

WOTSƆ agbenɔnɔ sɔ kple afisi woɖi tomebɔmbwo ɖo zɔzɔ, elabena nuvevi ate ŋu awɔ wò alo nàku le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, eye zi geɖe la, adzɔ le wò manyamanya me. Nusiwo hɛa afɔkuwo vɛ le vovovo le dukɔ ɖesiaɖe me. Wo dometɔ aɖewoe nye lɔrifɔkuwo, dukɔmeviʋa, dɔwuame, AIDS, kansa, dzidɔ, kple nu bubu geɖewo. Le kpɔɖeŋu me, le Afrika Sahara Dzogbe ƒe anyiehe nuto me la, AIDS va zu dɔléle si wua ame wu dɔ ɖesiaɖe, eye le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, U.S.News & World Report gblɔ be “ewu ame miliɔn 2.2, amesiwo sɔ gbɔ wu esiwo ku le dukɔmeviʋa siwo katã dzɔ le Afrika me teƒe 10.”

Le ɣeyiɣi sia ke me la, xexea zãa ga biliɔn geɖe ɖe amewo ƒe agbenɔƒe dzidzi ɖe edzi kple nusiwo hea dɔléle kple wɔametɔnyenye vɛ dzi ɖeɖe akpɔtɔ ŋu. Susu siwo wodo ɖa la dometɔ geɖe, abe nuɖuɖu kple nunono le nunya me kple kamedede ene, ate ŋu ahe viɖe aɖewo vɛ. Gake nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le tso agbenɔnɔ ƒe akpa vevi ɖesiaɖe ŋu tsoƒe aɖe li si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse vivi na agbe le

dedienɔnɔ me wu. Nyatakakatsoƒe mae nye Biblia. Nusiwo ŋu míetsia dzi ɖo, abe míaƒe lãmesẽ kple dedienɔnɔ ene, ŋu mɔfiame geɖe le eme. Gake Biblia meƒo nu tso kuxi ɖesiaɖe ŋu tsitotsito o. Ke hã gɔmeɖose nyui siwo afia mɔ mí le nuwo abe nuɖuɖu, lãmesẽ, tamesusu ƒe nɔnɔme, gbɔdɔdɔ, aha muame zazã, atama, kple atike siwo wobe wonye modzakaɖetikewo, kple nu bubu geɖewo ene ŋu la le eme.

Gakuxiwo hã le fu ɖem na ame geɖe le agbe me. Biblia kpe ɖe mía ŋu le akpa sia hã. Menye nukpɔsusu nyui ƒe amesinɔnɔ le ga ŋu kple gazazã nyuie ƒe dzi koe wòde ƒo o, ke efia alesi woanye dɔwɔvi alo dɔtɔ nyui hã. Kpuie ko la, Biblia nye mɔfiala nyui, menye le ga kple lãmesẽ nyawo ɖeɖeko me o, ke le agbe ŋutɔ ŋuti hã. Àdi be yeanya alesi Biblia ƒe mɔfiame ate ŋu awɔ dɔ egbea? Ke taflatse yi nuxexlẽa dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe