INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 5/1 axa 8
  • Alesi Viŋutsuvi aɖe Kpe Ðe Fofoa Ŋui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Viŋutsuvi aɖe Kpe Ðe Fofoa Ŋui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Srɔ̃ Nu Tso Yesu Nɔvi Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nu Si Míaƒe Kpekpeawo Dede Ðena Fiana Le Mía Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Kpekpe Ðe Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu be Tafea Naɖe Vi na Wo Míaɖu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 5/1 axa 8

Alesi Viŋutsuvi aɖe Kpe Ðe Fofoa Ŋui

TAGBƆDƆ sesẽ aɖe le James, si tso England, si le eƒe ƒe 30-awo ƒe gɔmedzedze me la ŋu, si gblẽ nu le eƒe nuƒoƒo ŋu vie. Gake ekplɔa dadaa kple nɔvianyɔnu ɖo yina Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo ƒe geɖee nye esia. Gake fofoa meɖe ɖetsɔleme gobii aɖeke fia ɖe woƒe dzixɔsea ŋu kpɔ o. Gbeɖeka fiẽ esi wotso kpekpe aɖe si me woƒo nu tso alesi woawɔ akpe amenyanyɛ aɖe va Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒee gbɔ va aƒeme la, James wɔ kaba ge ɖe eƒe xɔ me. Dadaa si di vevie be yeakpɔ nusi James yi wɔwɔ ge la dze eyome eye wòkpɔ be enɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazine ƒe tata xoxo aɖewo me tsam ŋkubiãtɔe. Ekpɔ magazinea ɖeka si godo wota Ŋkuɖodzia ŋuti amekpegbalẽvi aɖe ɖo eye wòƒu du tsɔe yi fofoa gbɔe. Efia asi nɔnɔmetataa gbã, eye emegbe wòfia asi fofoa hegblɔ be “Wò!” Nua wɔ nuku na dadaa kple fofoa eye wokpɔ wo nɔewo ŋkume esi wokpɔe dze sii be James le fofoa kpem be wòava Ŋkuɖodzia. Fofoa gblɔ be ɖewohĩ yeava.

Le fiẽ si me woaɖu Ŋkuɖodzia la, James yi fofoa ƒe awudzraɖoƒe, tia atalegbe ɖeka, tsɔe yi na fofoa hewɔ dzesi nɛ be wòadoe. Fofoa ɖo eŋu be yemele kpekpea yi ge o. Eyata James kple dadaa ɖeɖe dze mɔ yi Fiaɖuƒe Akpataa me.

Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, James megalɔ̃na ne dadaa be yeadzra ɖo nɛ hena hamea ƒe kpekpewo yiyi o, eye wòdina be yeatsi aƒeme le fofoa gbɔ boŋ. Gbeɖeka Kwasiɖagbe ŋdi aɖe la, James ganɔ gbegbem esi dadaa nɔ agbagba dzem be yeadzra ɖo nɛ ne yewoayi kpekpea. Ewɔ nuku na James dadaa ale gbegbe esi fofoa trɔ ɖe James ŋu gblɔ be, “James, ne meyi kpekpea egbea ɖe, wò hã àyia?” James gli kple dzidzɔ. Eke eƒe abɔwo hedzo kpla na fofoa hegblɔ be “Ẽ!” eye wo ame etɔ̃a yi Fiaɖuƒe Akpataa me ɖekae.

Tso gbemagbe la, James fofo dea Kwasiɖagbe kpekpeawo katã eye eteƒe medidi o wògblɔ be hafi yeate ŋu awɔ ŋgɔyiyi la, ele be yeade kpekpe bubuawo hã. (Hebritɔwo 10:24, 25) Ewɔe nenema, eye le ɣleti eve megbe la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme edziedzi. Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba, eye wòwɔ tɔtrɔ siwo hiã le eƒe agbeme hã kabakaba, eye eteƒe medidi o ete gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Ƒe ɖeka le eƒe Biblia sɔsrɔ̃a gɔmedzedze megbe la, etsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa eye wòtsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe esia dzi. Fifia enye subɔsubɔdɔwɔla le eƒe hamea me. Fifia, ƒomea me tɔwo katã le Yehowa subɔm le ɖekawɔwɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe