Kpekpe Ðe Amesiwo Katã Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
1 Míaƒe xɔse kple lɔlɔ̃ na ame bubuwo aʋã mí le ɣeyiɣi sia me be míakpe ɖe amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia ɖe Fiaɖuƒe gbedasia ŋu la ŋu ahakpe wo va Ŋkuɖodzia ɖuƒee. Ehiã be woafia ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ, esi nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsa la dzi ƒe mɔ amesiawo.—Heb. 9:28.
2 Susu nyuie aɖee nye be nàŋlɔ amesiwo nèdi be yeakpe ava Ŋkuɖodzia ɖuƒee la ƒe ŋkɔwo ɖi. Tsɔ amesiwo vaa kpekpewo me ɣeaɖewoɣi kpakple amesiwo srɔ̃ nu alo le mɔ bubu nu la, woɖe ɖetsɔleme fia la kpe ɖe eŋu. Mègaŋlɔ srɔ̃tɔ dzimaxɔsetɔwo kple ƒometɔ bubuwo be o. Ne èŋlɔ ŋkɔawo vɔ la, dze agbagba tɔxɛ be nàsrã wo katã kpɔ. Ðewohĩ àdi be hamemegãwo nàkpe ɖe ŋuwò le sasrãkpɔ aɖewo wɔwɔ me.
3 Nya kae nàte ŋu agblɔ le sasrãkpɔa me?
Le vividoɖeameŋu ƒe gbedoname vɔ megbe la, àte ŋu agblɔ nya sia tɔgbe:
◼ “Èɖe ɖetsɔleme fia ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu le ɣeyiɣi siwo va yi me, eye mesusu be àkpɔ ŋudzedze ɖe alesi míele kpewòm yi nuwɔna tɔxɛ aɖe wɔƒee la ŋu. [Tsɔ Ŋkuɖodzia ƒe amekpegbalẽvia na aƒemenɔla.] Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziae nye nudzɔdzɔ ɖeka kolia si dzi Aƒetɔ Yesu Kristo de se na eyomedzelawo be woaɖo ŋkui. Míele mɔ kpɔm na nusi Kristo wɔ na mí to eƒe kua dzi kple alesi míate ŋu kpɔ agbe mavɔ to edzi la me dzodzro. Le ƒe si va yi me la, amesiwo wu miliɔn 11 lae va kpekpe tɔxɛ sia me. Adzɔ dzi nam be nàwɔ ɖeka kplim be míayi le ƒe sia me.” Kpɔ egbɔ be yeŋlɔ ɣeyiɣia kple teƒe si miaƒe hamea aɖu Ŋkuɖodzia le la ɖe edzi. Azɔ hã wɔ ɖoɖo ɖe eƒe ʋuɖoɖo ŋu ne ehiã eye wòanya wɔ.
4 Ne ame yeyewo va Ŋkuɖodzia la, ele be woado dzidzɔ ɖe wo ŋu. Kpe ɖe wo ŋu be woanya gbeƒãɖela siwo le mia gbɔ eye nàɖe wo afia ɖetsɔlemetɔ ɖesiaɖe si te ɖe woƒe aƒeme ŋu. Ade dzi ƒo na wo be woanyae be amewo le woa ŋutɔwo ƒe aƒelikawo me siwo tsɔ ɖe le nyateƒea me. Na woanɔ anyi kple wò ƒomea le Ŋkuɖodzia ɖuɣi ne anya wɔ.
5 Enye nyateƒe be Ŋkuɖodzia yiyi ɖeɖe dzaa mana woakpɔ ɖeɖe o. Gake le amesiwo nèkpe dometɔ geɖewo gome la, ate ŋu anye afɔɖeɖe gbãtɔ si woawɔ le Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzixɔxɔse me. Ne míetso kpekpea me yina ɖe aƒeme la, bia vavala la ne adi be yeayi Dutoƒo kpekpe kple Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔƒe le kwasiɖaa ƒe nuwuwu. Ðe vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ fia. Na wòanya be yelɔ̃ faa be yeakpe ɖe eŋu le mɔ ɖesiaɖe si nàte ŋui nu. Ne edze hadede kpli mí edziedzi gɔme kaba la, nenema ke wòayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me kabae. Dzidzɔ kple dzidzeme ka gbegbee nye si míakpɔ be mía kple ame bubu geɖe siwo ŋu míate ŋu akpe ɖo la míatsi agbe le “xaxa gã” la me!—Nyaɖeɖefia 7:9, 14.