INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 2/15 axa 3
  • Mawu si Ðewohĩ Míenya O la Dzixɔxɔse

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu si Ðewohĩ Míenya O la Dzixɔxɔse
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nèdze Si Mawu Nyuiea?
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nu Kawoe Nàwɔ Be Nànya Mawu Nyuie?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 1: Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Mawu Dzi Ase?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Yehowa—Mawu si Wòle Be Nàdze Sii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 2/15 axa 3

Mawu si Ðewohĩ Míenya O la Dzixɔxɔse

AMESIWO le Germany la dometɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me xɔ Mawu dzi se. Ke esi wobia ame akpe ɖeka kple edzivɔ be woaɖɔ Mawu si dzi woxɔ se la, amesiame kloe na ŋuɖoɖo bubu. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye FOCUS ka nya ta be: “Mawu ŋuti nukpɔsusu si le Germanytɔ ɖesiaɖe si la to vovo abe ameawo ŋutɔ ke ene.” Togbɔ be enyo be woaxɔ Mawu dzi ase hã la, ɖe mewɔ nublanui ŋutɔ be woaxɔ eyama dzi ase, evɔ womanya amesi ƒomevi wònye oa?

Menye Germany ɖeɖekoe amesi ƒomevi Mawu nye manyamanya la le o; ele Europa ƒe teƒe bubuwo hã. Numekuku aɖe si wowɔ le Austria, Britain, kple Netherlands ɖee fia be wolɔ̃ ɖe edzi le afisiafi be Mawu nye “amesi nye ŋusẽ kɔkɔ alo eŋutinya nye nya ɣaɣla aɖe si womate ŋu aɖɔ o.” Le sɔhɛwo koŋ, kple amesiwo xɔ eyama dzi se gɔ̃ hã, dome la, enye amesi gɔme womate ŋu ase o.

Ðe Nèdze Si Mawu Nyuiea?

Vovototo gã aɖe le nunyanya tso ame aɖe ŋu kple sidzedze eyama nyuie dome. Be woanya nu tso ame aɖe ŋu—le kpɔɖeŋu me, alesi woanya nu tso fiagã aɖe si le didiƒe, kamedefefewɔla xɔŋkɔ aɖe, alo sinima me fefewɔla aɖe ŋu—la nye enyanya ko be eli. Gake be woadze si ame aɖe nyuie de ŋgɔ wu ema. Elɔ amea ƒe nɔnɔme, agbenɔnɔ, seselelãmewo, nusiwo wòlɔ̃na kple nusiwo melɔ̃na o, kple eƒe tameɖoɖowo na etsɔme nyanya ɖe eme. Be woadze si ame aɖe nyuie ʋua mɔ be woanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii.

Ame akpe alafa geɖewo kpɔe dze sii be Mawu nyanya ɖe kple ɖe—alo enyanya be eli ko—mesɔ gbɔ o. Woyi edzi nya Mawu ɖe edzi nyuie wu. Ðe wokpɔe be viɖe le enyanya mea? Ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paul, si nɔ dziehe Germany eye wòxɔ Mawu dzi se gbadzaa ko tsã la, tso nya me be yedi be yeadze si Eyama nyuie wu. Paul ɖe nu me be: “Exɔa ɣeyiɣi hebiaa agbagbadzedze be woanya Mawu nyuie, gake viɖe le eŋu ŋutɔ. Ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Wɔla la naa gbesiagbegbenɔnɔ nyona ɖe edzi wu.”

Ðe ɣeyiɣi kple agbagbadzedze si hiã hafi woate ŋu adze si Mawu nyuie wu la ɖea via? Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Vovototo gã aɖe le nunyanya tso ame aɖe ŋu kple sidzedze eyama nyuie dome

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe