INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 3/15 axa 3
  • Ŋkeke si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋkeke si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Kristo​—Ale Si Eƒe Gbedeasia Ka Wòe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nusi Mawu Wɔ Be Yeatsɔ Aɖe Ameƒomeae
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Aleke Yesu Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Yesu—Nu Si Ta Wòku Ðo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 3/15 axa 3

Ŋkeke si Dzi Wòle Be Woaɖo Ŋkui

ENYE ŋkeke si trɔ amegbetɔƒomea ƒe etsɔme keŋkeŋ hena eƒe nyonyo mavɔ. Ŋkeke bubu aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea ƒe etsɔme dzi alea gbegbe le ŋutinya me o. Enye ŋkeke si dzi Yesu wu nusiwo katã wòva wɔ le anyigba dzi la nu. Esi wohee ɖe fuwɔameti ŋuti la, egbɔ eƒe gbɔgbɔ mamlɛa hedo ɣli be: “Wowu nu vɔ!” (Yohanes 19:30) Nukatae Yesu va ɖo?

Biblia gblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Yesu tsɔ eƒe luʋɔ, alo agbe, na be woate ŋu aɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome wonyi la me. Ẽ, ‘Mawu lɔ̃ xexeame ale gbegbe bena, wòtsɔ eƒe Tenuvi na, bena amesiame si xɔa edzi sena la, nagatsrɔ̃ o ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’ (Yohanes 3:16) Nunana xɔasi ka gbegbee nye si Yesu ƒe vɔsaa nye!

Ŋkeke si dzi Yesu ku la nye ŋkeke si dzi wòle be woaɖo ŋkui le susu bubu hã ta. Gbemagbe la, Mawu ƒe Vi la fia nu vevi aɖewo eƒe apostolowo siwo akpe ɖe wo ŋu woalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Aleke gbegbee eƒe nya mamlɛawo anya wɔ dɔ ɖe nusrɔ̃la mawo ƒe dzi dzii enye si! Nukawoe wòfia? Alekee míate ŋu akpɔ viɖe tso nusi Yesu fia wo me? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe