INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 8/1 axa 23-27
  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Ƒe Mawu Yehowa Nye

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Ƒe Mawu Yehowa Nye
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Keke Ðe Biblia me Nyateƒea Ŋu
  • Nye Subɔsubɔdɔ Dzidzi Ðe Edzi na Yehowa
  • Yehowa ƒe Amenuveve Gomekpɔla
  • Yehowa Na Wòtsi le Dziehe
  • Tɔtrɔyi Canada
  • “Wò Amenuveve Nyo Wu Agbe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nusɔsrɔ̃ Tso Yehowa Ŋu Kple Nufiafia Amewo Na Mekpɔ Dzidzɔ Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Tiatia Nyuiwo Wɔwɔ He Yayrawo Vɛ Nam Le Nye Agbemeŋkekewo Katã Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 8/1 axa 23-27

Agbemeŋutinya

Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Ƒe Mawu Yehowa Nye

ABE ALESI TOM DIDUR GBLƆE ENE

Wohaya ƒuƒoƒe si le nutoa me xoxo. Wonɔ mɔ kpɔm be ame 300 ava takpekpea le Porcupine Plains, Saskatchewan, Canada. Sno te dzadza le Kuɖagbe, eye kaka Fiɖagbe naɖo la, ahom sesẽ aɖe tu le gbadzaƒe eye naneke meganɔ dzedzem woakpɔ o. Yame fa ɖe edzi va ɖo dzidzenu Celsius -40 (-40°C). Ame 28, siwo dome ɖevi ʋɛ aɖewo hã nɔ la, nɔ kpekpea me. Esia nye takpekpe gbãtɔ si dzi mekpɔ esi mezu nutome sue dzikpɔla, eye menye ƒe 25 vi si tsia dzi ɖe nu ŋu. Hafi magblɔ nusi dzɔ la, mina magblɔ alesi subɔsubɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia wɔ va su asinye na mi.

MENYE vi adrelia le nɔvi enyi dome, mí katã míenye ŋutsuviwo. Tsitsitɔe nye Bill, eye amesiwo dzɔ ɖe eyomee nye Metro, John, Fred, Mike, kple Alex. Wodzim le ƒe 1925 me, eye Wally nye dɔmlɔea. Afisi míenɔ la te ɖe Ukraina, Manitoba ŋu, afisiae dzinyelawo, Michael kple Anna Didur, de agble sue aɖe ɖo. Papa wɔa ketekemɔ ƒe didime aɖe dzadzraɖodɔ. Esi xɔvi si nɔa ketekemɔ siwo sa ɖe aga gbɔ nye teƒe si mede ame dzi be ƒome gã nanɔ eme o ta la, míenɔ agblea dzi. Papa megbɔna vaa aƒeme zi geɖe o, eyata ele na Dada be woahe mí katã. Enuenu la, eyina ɖanɔa Papa gbɔ kwasiɖa ɖeka alo wu nenema, gake ekpɔ egbɔ be míenya nuɖaɖa, numeme, kple aƒemedɔwo wɔwɔ. Eye esi míenye Hela Katoliko Ha me tɔwo ta la, hehe si míexɔ tso Dada gbɔ le gɔmedzedzea me ƒe ɖewoe nye gbedodoɖawo sɔsrɔ̃ ɖe tame kple gomekpɔkpɔ le kɔnu bubuwo me.

Keke Ðe Biblia me Nyateƒea Ŋu

Nye sɔhɛmenɔɣie didia nyɔ ɖe menye be mase Biblia gɔme. Aƒelika aɖe si nye Yehowa Ðasefo va srãa míaƒe ƒomea kpɔna hexlẽa Biblia ƒe akpa siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea, Harmagedon, kple yayra siwo anɔ xexe yeyea me ŋu na mí. Dada metsɔa ɖeke le nya si wògblɔna me o, gake gbedasia do dzidzɔ na Mike kple Alex. Le nyateƒe me la, nusiwo wosrɔ̃ na be wogbe asrafodɔ wɔwɔ le xexemeʋa evelia ŋɔli abe amesiwo ƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo o ene. Esia na wolé Mike de gaxɔ me hena ɣeyiɣi kpui aɖe, eye woɖo Alex ɖe dɔsesẽwɔsaɖa me le Ontario. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Fred kple Wally hã xɔ nyateƒea. Ke hã nɔvinye tsitsitɔ etɔ̃awo mexɔe o. Dada gɔ̃ hã tsi tre ɖe nyateƒea ŋu ƒe geɖe, gake ena mí katã míaƒe nu va ku emegbe esi wòva Yehowa ƒe akpa dzi. Exɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ ƒe 83. Exɔ ƒe 96 hafi ku. Papa hã trɔ ɖe nyateƒea ŋu hafi wòku.

Esi mexɔ ƒe 17 la, mezɔ mɔ yi Winnipeg be mava di dɔ awɔ eye be made ha kple amesiwo ate ŋu akpe ɖe ŋunye masrɔ̃ Biblia. Woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu ɣemaɣi, gake wowɔa kpekpewo ɣesiaɣi. Aƒe aɖe mee mede nye kpekpe gbãtɔ le. Esi wònye ɖe wonyi mí abe Hela Katoliko tɔwo ene ta la, nya siwo mese le gɔmedzedzea na metsi yaa. Gake vivivi la, meva se nusita hakplɔlawo kple hamevi ƒe ɖoɖoa mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o, kple nusita Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu ne sɔlemehakplɔlawo yra ɖe aʋawɔlawo dzi o gɔme. (Yesaya 2:4; Mateo 23:8-10; Romatɔwo 12:17, 18) Agbenɔnɔ le Paradiso me sɔ hetrɔ nam wu agbe mavɔ nɔnɔ le teƒe didi aɖe.

Esi meka ɖe edzi be nyateƒea enye esia la, meɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1942 me le Winnipeg. Kaka ƒe 1943 naɖo la, woɖe mɔ si woxe ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Canada la ɖa, eye wode dzo gbeƒãɖeɖedɔa me. Biblia me nyateƒea nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe nye dzi dzi. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ abe subɔla ene le hamea me hekpɔ gome le dutoƒonuƒowo ƒoƒo me kple dɔwɔwɔ le anyigbamama si wometsɔ na ame aɖeke o me. Takpekpe gãwo dede le United States kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔwɔ me.

Nye Subɔsubɔdɔ Dzidzi Ðe Edzi na Yehowa

Meƒo ɖokuinye ɖe mɔɖeɖedɔa me le ƒe 1950 me, eye le ƒe ma ƒe December me la, woyɔm be mava wɔ nutome sue subɔla ƒe dɔ. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mexɔ dɔa ŋuti hehe ɖe ɖoɖoa nu tso nɔviŋutsu wɔnuteƒe bibi Charlie Hepworth gbɔ le teƒe si gogo Toronto. Dzi dzɔm hã be fonye Alex, si nɔ nutome sue ƒe subɔsubɔdɔa wɔm xoxo le Winnipeg, yee fia dɔam le nye hehexɔxɔa ƒe kwasiɖa mamlɛa me.

Nutome sue takpekpe gbãtɔ si dzi mekpɔ, abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea me ene la, tsi susu me nam. Edze ƒã be metsi dzi vevie ɖe alesi wòava yi ŋu. Míaƒe nutome gã dzikpɔla, Nɔviŋutsu Jack Nathan, na míebiã ŋku ɖe dɔ ŋu eye wòna dzi nɔ míadzɔm hã. Míeto nyawo ɖe eme na amesiwo te ŋu va. Míeva ɖe mía nɔewo yome va gblɔ nuteƒekpɔkpɔwo, wɔ tso aƒeme yi aƒeme ƒe wɔwɔfiawo, wɔ tɔtrɔyiwo, eye wowɔ alesi woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo ƒe wɔwɔfiawo. Míedzi Fiaɖuƒehawo. Nuɖuɖu sɔgbɔ nɔ mía si. Míenoa kɔfi heɖua akpɔnɔ gaƒoƒo eve ɖesiaɖe kloe. Ame aɖewo mlɔ bentsiwo dzi kple nuƒolanɔƒea, eye bubuwo mlɔ anyigba. Kaka Kwasiɖagbe naɖo la ahom la nu bɔbɔ vie ale be míekpɔ ame 96 wova se dutoƒonuƒoa. Nuteƒekpɔkpɔa kpe ɖe ŋunye medo dzi le nɔnɔme sesẽwo me.

Nye nutome sue dɔdasi si kplɔe ɖo kplɔm yi dziehe Alberta, British Columbia, kple Yukon Territory, anyigba siwo dzi ɣe klẽna le le zãtiƒe hã. Ðaseɖiɖi le Alaska Highway klitsa la dzi tso Dawson Creek, British Columbia, va ɖo Whitehorse, Yukon (si nye kilometa 1,477 ƒe mɔzɔzɔ), bia dzidodo kple ŋuɖɔɖɔɖo. Sno siwo nɔ mimlim, to siwo dzi nɔ ɖiɖim, kple yame si nɔ flukpe le sno si ya nɔ ƒoƒom la nye kuxi sesẽ siwo wòle be makpe akɔ kplii.

Alesi nyateƒea wɔ ɖo Far North wɔ nuku nam. Ɣeaɖeɣi la, mía kple Walter Lewkowicz míete ɖe xɔ sue aɖe si tsɔ ɖe Lower Post, British Columbia, le Alaska Highway dzi le Yukon Territory ƒe liƒoa ŋu gbɔ la ŋu. Míenya be ame aɖe nɔ xɔa me elabena míekpɔ akaɖi sue aɖe nɔ keklẽm to fesre sue aɖe nu. Anɔ ga asieke le fiẽ me, eye míeƒo ʋɔa. Ŋutsu ƒe gbe ɖi sesĩe gblɔ be míage ɖe eme, eye míege ɖe eme. Nukunu kae nye si be ame tsitsi aɖe dra ɖe eƒe aba dzi nɔ Gbetakpɔxɔ magazine la xlẽm! Le nyateƒe me la, tata si le yeye wu esi nam míenɔ ye nɔ esi. Eɖe eme be woɖoe ɖe ye to yameʋuposudɔwɔlawo dzi. Esi míedzo le hamea gbɔ ŋkeke enyi enye ema ta la, míete ŋu xɔ magazine yeyewo o. Ŋutsua yɔ eŋkɔ na mí be Fred Berg, eye togbɔ be exɔa nudɔdɔ ƒe geɖe enye ema hã la, emae nye zi gbãtɔ si Yehowa Ðesefowo va srãe kpɔ. Fred na míetsi afima dɔ. Míete ŋu dzro Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe geɖe me kplii hewɔ ɖoɖo be Ðasefo siwo toa nutoa me enuenu la nava srãe kpɔ.

Mesubɔ nutome sue etɔ̃ ƒe geɖe. Wonɔ Grande Prairie, Alberta, si le ɣedzeƒe va ɖo Kodiak, Alaska, si le ɣetoɖoƒe, siwo dome mɔzɔzɔ ade kilometa 3,500.

Edo dzidzɔ nam be mekpɔ be Yehowa ƒe amenuveve li na amesiwo le teƒe siwo sa ɖe aga abe amesiwo le teƒe bubu ɖesiaɖe ene eye be Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãa amesiwo dze hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la ƒe susu kple dzi. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Henry Lepine si tso Dawson City, Yukon, si woyɔna be Dawson fifia. Henry nɔ saɖeaganuto aɖe me. Le nyateƒe me la, hena ƒe 60 kple edzivɔ sɔŋ la metso le sikakuƒe la yi teƒe aɖeke kpɔ o. Ke hã Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã ŋutsu sia si xɔ ƒe 84 wòzɔ mɔ si wu kilometa 1,600 yi nutome sue takpekpe le Anchorage, togbɔ be mede hame kpekpe aɖeke kpɔ o hã. Wɔnawo vivivi enu eye hadedeawo do dzidzɔ nɛ. Esi Henry trɔ yi Dawson City emegbe la, eyi edzi wɔ nuteƒe vaseɖe esime wòku. Amesiwo nya Henry dometɔ geɖe wɔ yaa le susu me eye womenya nusi ʋã amegãɖeɖi sia wòzɔ mɔ didi sia o. Didi be woanya nusitae wòzɔ mɔa na ame tsitsi ʋɛ bubu aɖewo xɔ nyateƒea. Eyata le mɔ aɖe nu la, Henry te ŋu ɖi ɖase nyuie.

Yehowa ƒe Amenuveve Gomekpɔla

Le ƒe 1955 me la, edo dzidzɔ nam be wokpem be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 26 lia. Hehe sia do ŋusẽ nye xɔse eye wòkpe ɖe ŋunye be mete ɖe Yehowa ŋu wu. Esi mewu sukua nu la, wode dɔ asi nam be mayi nutome sue subɔsubɔdɔa dzi le Canada.

Anɔ ƒe ɖeka sɔŋ mesubɔ le Ontario nutoa me. Emegbe woɖom ɖe Dziehe dzeani la. Megaɖoa ŋku mɔ gã siwo dzi togbaka dzeaniwo, ta siwo daa dzo kple to ɖiabu siwo tame sno nɔna ɖaa la dzi. Le dzomeŋɔli la, baliwo kple sɔgbewo dzena abe anyigbakuntru wɔnuku aɖe si me seƒoƒowo le ene. Yaa faa dzi na ame eye tsiwo me kɔna nyuie. Sisiblisiwo, amegãxiwo, ƒeɖekadzoɖekɛwo, caribou, kple gbemelã bubuwo tsana le wo nɔƒe eye naneke meɖea fu na wo o.

Ke hã subɔsubɔ le Alaska nye kuxi—menye le yame si trɔna ɖeɖe ta ko o, ke boŋ le esi mɔa hã didi ta. Nye nutome suea keke kilometa 3,200 tso ɣedzeƒe yi ɣetoɖoƒe. Le ɣemaɣiwo me la, ʋu zazã ƒe ɖoɖo aɖeke meli na nutome sue dzikpɔlawo o. Nɔvi siwo le nutoa me ɖonɛ wo ɖokui dzi kuam yia hame si me meyina la me. Gake ɣeaɖewoɣi la, ele be madi ʋu aɖo.

Nuteƒekpɔkpɔ sia dometɔ ɖeka dzɔ le Alaska Highway, le Tok Junction, Alaska, kple Mile 1202, alo Scotty Creek dome. Adzɔxɔƒe siwo le teƒe eve siawo dome didi kilometa 160 tso wo nɔewo gbɔ. Meto United States adzɔxɔƒea ŋu le Tok heɖo ʋu aɖe si tsɔm zɔ mɔa kilometa 50. Emegbe ʋu aɖeke megava to mɔa dzi o eye metsɔ gaƒoƒo ewo zɔ afɔ kilometa 40 kple edzivɔwo. Emegbe kuraa hafi meva nya be, esi meto adzɔxɔƒea ŋu teti la ʋuwo katã tɔ le mɔ gã ƒe akpa sia elabena tso adzɔxɔƒea gbɔ yi vie la sno tsa tso to dzi va tso mɔa me. Le zãtiƒe la yame fa ɖe edzi va ɖo dzidzenu Celsius -23 (-23°C), eye kilometa 80 ganɔ ŋgɔnye mazɔ hafi akpɔ teƒe aɖe abe ɖo. Ehiã vevie be madi bebeƒe aɖe adzudzɔ le.

Esi menɔ tɔtɔm ɖe afɔ dzi yina la, mekpɔ ʋu gbegblẽ aɖe si wogblẽ ɖe mɔ to eye sno tsyɔ eƒe akpa aɖewo. Mebu le nye tame be ne mete ŋu ge ɖe eme hemlɔ eƒe zikpui bɔbɔeawo dzi la mate ŋu ato zã fafɛ la me dedie. Medze agbagba fo sno aɖe ɖa le ʋɔtrua ŋuti ʋui, kaka makpɔ la zikpui bɔbɔeawo vuvu keŋkeŋ wòsusɔ gawo ɖeɖe. Dzidzɔtɔe la mekpɔ xɔ sue aɖe si me naneke mele o, si gbɔ medidi tso mɔa to fũ o. Le fukpekpe ɖe eme yiyi kple dzododo ɖe eme ŋu megbe la, mete ŋu dzudzɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo. Le ŋufɔke la, medze agbagba ɖo ʋu yi dzeƒe bubu, afisi mekpɔ nuɖuɖu si hiãm vevie la le eye mekpɔ nye asibidɛ siwo xɔ abi la gbɔ.

Yehowa Na Wòtsi le Dziehe

Nye mɔzɔzɔ gbãtɔ yi Fairbanks de dzi ƒo ŋutɔ. Míekpɔ dzidzedze geɖe le subɔsubɔdɔa me, eye amesiwo anɔ 50 va se dutoƒonuƒoa le Kwasiɖagbe. Míekpe le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe sue aɖe me afisi Vernor kple Lorraine Davis nɔ. Amewo nɔ mo dom ɖa to dzodoƒea, xɔdɔmea, kple xɔdomemɔa me be yewoase nuƒoa. Míenɔ te ɖe alesi amewo vae dzi nya be ne míekpɔ Fiaɖuƒe Akpata la ana fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nali ke le Fairbanks. Eyata to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míeƒle aƒe gã aɖe, si nye ɣeɖuƒe tsã, eye míetrɔ asi le eŋu wòzu teƒe nyui aɖe. Woɖe vudo, hedzra tsileƒewo ɖo eye wode tsiɖodzuinu eme. Kaka ƒe ɖeka nade la, míekpɔ Fiaɖuƒe Akpata le zazãm le Fairbanks. Esi wotu dzodoƒe kpee vɔ la, wowɔ nutome gã takpekpe le xɔa me le ƒe 1958 me, eye vavalawo nye 330.

Le ƒe 1960 ƒe dzomeŋɔli me la, mezɔ mɔ didi aɖe yi Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã la le New York hena hehexɔxɔ ƒe ɖoɖo yeye si wowɔ na dzikpɔla mɔzɔlawo le United States kple Canada. Le nye afima nɔnɔ me la, Nɔviŋutsu Nathan Knorr kple nɔviŋutsu bubu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo bia gbem nenye be anyo be woaʋu alɔdzedɔwɔƒe ɖe Alaska. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, dzi dzɔ mí esi míese be tso September 1, 1961, dzi la Alaska akpɔ eya ŋutɔ ƒe alɔdzedɔwɔƒe. Wode dɔ asi na Nɔviŋutsu Andrew K. Wagner be wòakpɔ dɔa dzi le alɔdzedɔwɔƒea. Woa kple srɔ̃a, Vera, subɔ le Brooklyn ƒe 20 sɔŋ, wowɔ mɔzɔzɔdɔa hã. Alaska ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖoɖo nye dzidzɔ gã aɖe, elabena eɖe nutome sue dzikpɔla ƒe mɔzɔzɔ dzi kpɔtɔ, eye wòkpena ɖe eŋu be wòaɖo susu hameawo kple anyigbamama ƒe nuhiahiãwo koŋ ŋu.

Dzidzɔɣie 1962 ƒe dzomeŋɔli nye le Dziehe. Wokɔ Alaska ƒe alɔdzedɔwɔƒea ŋu, eye wowɔ nutome gã takpekpe le Juneau, Alaska. Wotu Fiaɖuƒe Akpata yeyewo ɖe Juneau kple Whitehorse, Yukon, eye woɖo ƒuƒoƒe saɖeaga geɖewo.

Tɔtrɔyi Canada

Mía kple Margareta Petras, si nɔ Canada, nɔa lɛta ŋlɔm na mía nɔewo ƒe geɖe. Reta, si nye alesi woyɔnɛ ɣesiaɣi la, dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1947 me, eye wòwu Gilead Suku nu le ƒe 1955 me, eye wònɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le ɣedzeƒe Canada. Medo srɔ̃ɖenya ɖe egbɔ, eye wòlɔ ɖe edzi. Míeɖe srɔ̃ le Whitehorse le February 1963 me. Kaka keleme naɖo le ƒe ma me la, wode nutome sue subɔsubɔdɔ asi nam le ɣetoɖoƒe Canada, eye dzi dzɔ mí le subɔsubɔ le afima me le ƒe 25 siwo kplɔe ɖo me.

Le lãmegbegblẽ ƒe nyawo ta la, wode mɔɖela vevi ƒe dɔ asi na mí le Winnipeg, Manitoba le ƒe 1988 me. Le esia wɔwɔ me la, míekpɔa Takpexɔ dzi anɔ ƒe atɔ̃. Míegakpɔa gome le nusrɔ̃lawowɔwɔdɔ dodzidzɔnamea me kokoko alesi míate ŋui. Le míaƒe nutome subɔsubɔdɔa me la, míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme hena ame bubuwo va yi edzi. Fifia, le Yehowa ƒe amenuveve me la, míedzea egɔme eye míekpɔa dzidzɔ si le nusrɔ̃viawo kpɔkpɔ be woawɔ ŋgɔyiyi aɖo adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gbɔ me.

Meka ɖe edzi be Yehowa subɔsubɔe nye mɔ nyuitɔ si nu woanɔ agbe ɖo. Eɖea vi henaa ame ƒe dzi dzea eme, eye wònana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa dea to ɖe edzi gbesiagbe. Nusiae hea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ. Teokrasi dɔdasi ka kee míeɖaxɔ o, afika kee míeɖale le anyigba dzi o, míewɔ ɖeka kple hakpala si gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo ƒe Mawu Yehowa nye!’—Psalmo 144:15.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Le nutome sue ƒe dɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Esi meyi ɖasrã Henry Lepine kpɔ le Dawson City. Nyee le miãme

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Fiaɖuƒe Akpata gbãtɔ le Anchorage

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mía kple Reta, ƒe 1998

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe